Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tufafa—Aleke Wòɖea Vi Na Mí?

Tufafa—Aleke Wòɖea Vi Na Mí?

Sara * gblɔ be: “Menye ame aɖe si ŋu kpena vevie, eye nyemetea ŋu kana ɖe ɖokuinye dzi o. Eye ne mele ame siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi akpa kple ame siwo wɔa nu akpasesẽtɔe dome la, nyemevona le ɖokuinye me o. Gake meɖea dzi ɖi ne mele ame siwo fatu hebɔbɔa wo ɖokuiwo la dome. Metea ŋu ɖoa dze tso nye seselelãmewo ŋu na ame aɖe si fatu eye metea ŋu ƒoa nu tso nye kuxiwo hã ŋu nɛ. Xɔ̃nye veviwo nye ame siwo fatu.”

Sara ƒe nyawo ɖee fia be ne míefa tu la, amewo dina be yewoanye mía xɔlɔ̃wo. Azɔ hã, tufafa nye nɔnɔme nyui aɖe si dzea Yehowa ŋu. Eƒe Nya Biblia de dzi ƒo na mí be: ‘Míado tufafa.’ (Kol. 3:12) Nu kae nye tufafa? Aleke Yesu ɖe nɔnɔme nyui si nye tufafa fia? Eye aleke nɔnɔme nyui sia ate ŋu awɔe be míagakpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me?

NU KAE NYE TUFAFA?

Ne ènye ame aɖe si dzea agbagba be yeawɔ ŋutifafa kple amewo la, ekema àva nye ame fatu. Ame si nye ame fatu la wɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie eye wònyoa dɔme, eye eléa eɖokui kpoo ne wowɔ nane wòvee.

Ne ame aɖe fa tu la, mefia be egbɔdzɔ o, ke boŋ, efia be ŋusẽ le eŋu le ememe. Helagbe me nya si Biblia zã na “tufafa” nye nya si wotsɔ ɖɔ sɔ wɔadã si womla. Ŋusẽ gakpɔtɔ le sɔa ŋu, gake womlae be wòagawɔ adã o. Nenema kee ne míefa tu la, míeɖua nɔnɔme manyomanyo siwo le mía si la dzi eye míedzea agbagba nɔa ŋutifafa me kple amewo.

Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nye ya menye ame fatue menye o.’ Esi míele xexe si me ame geɖe wɔa nu akpa sesẽtɔe eye womegbɔa dzi ɖi o me ta la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu le tufafa me. (Rom. 7:19) Eme kɔ ƒãa be, ebiaa kutrikuku geɖe be míanye ame fatuwo, ke hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu be míatu nɔnɔme nyui sia ɖo ne míeyi edzi le agbagba dzem le eŋu. (Gal. 5:22, 23) Nu ka tae wòle be míadze agbagba atu nɔnɔme nyui si nye tufafa ɖo?

Tufafa nye nɔnɔme nyui aɖe si nana amewo dina be yewoate ɖe mía ŋu. Abe ale si Sara si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔe ene la, míaƒe dzi dzea eme ne míele ame siwo nye ame fatuwo dome. Yesu ɖo tufafa kple dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi na mí. (2 Kor. 10:1) Ðevi siwo menya Yesu o gɔ̃ hã dina be yewoanɔ egbɔ.—Marko 10:13-16.

Tufafa nye nɔnɔme nyui si ɖea vi na mía ŋutɔwo kple míaƒe ame veviwo. Ne míefa tu la, esia wɔnɛ be míedoa dziku kabakaba o, eye míetea ŋu ɖua mía ɖokui dzi bɔbɔe ne wowɔ nu wòve mí. (Lod. 16:32) Esia wɔnɛ be míewɔa nu wòvea amewo eye wòva vea mí emegbe o, vevietɔ míaƒe ame veviwo. Eye esia ɖea vi na wo, elabena míedzea agbagba ɖua mía ɖokui dzi le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me eye míewɔa nu wòvea wo o.

AME SI ÐO TUFAFA ƑE KPƆÐEŊU DEBLIBO ÐI NA MÍ

Togbɔ be vovo menɔ Yesu ŋu kura o, nu gbogbo aɖewo ŋutɔ li wòle be wòawɔ eye ele nɛ hã be wòawɔ dɔ vevi si Mawu de esi hã la, ewɔ nu kple amewo katã le tufafa me. Wote ame geɖewo ɖe anyi le eƒe ŋkekea me wonɔ fu kpem, eye wohiã na akɔfafa. Kpɔ ale si woƒe dzi anya dze emee esi Yesu gblɔ na wo be, “Miva gbɔnye, . . . elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me” la ɖa!—Mat. 11:28, 29.

Aleke míate ŋu awɔ asrɔ̃ tufafa si Yesu ɖe fia? Eyae nye be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya, Biblia, be míakpɔ ale si Yesu wɔ nu kple amewo kpakple ale si wòwɔ nu le nɔnɔme sesẽwo me. Eyome, ne míedo go nɔnɔme sesẽ aɖe si ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mí be míawɔ nu le tufafa me la, míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. (1 Pet. 2:21) Bu nu vevi etɔ̃ siwo kpe ɖe Yesu ŋu wòfa tu la ŋu kpɔ.

Yesu bɔbɔ eɖokui. Yesu gblɔ be ‘yefa tu, eye yebɔbɔ ye ɖokui ɖe anyi le dzi me.’ (Mat. 11:29) Biblia ƒo nu tso nɔnɔme nyui siwo nye tufafa kple ɖokuibɔbɔ ŋu ɖekae, elabena nya eve mawo de nu wo nɔewo me. (Ef. 4:1-3) Le mɔ ka nu?

Ðokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu míebua mía ɖokui ŋu fũu akpa alo doa dziku kabakaba o. Aleke Yesu ɖo nya ŋu na ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu madzemadze be enye “nu tsu ɖula” kple “wain tsu nola”? Yesu to eƒe agbenɔnɔ dzi na wokpɔe be nya si wotsɔ ɖe ye ŋu la mele eme o. Esi wònye ɖokuibɔbɔla ta la, egblɔ na wo tufafatɔe be “nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”—Mat. 11:19.

Ne ame aɖe ƒo nu na wò ameŋumabumabutɔe le esi wò ŋutigbalẽ to vovo alo esi nènye ŋutsu alo nyɔnu, alo le dukɔ si me tɔ nènye ta la, anyo be nàwɔ nu ɖe eŋu tufafatɔe. Peter si nye hamemetsitsi le South Africa, la gblɔ be: “Ne ame aɖe gblɔ nya aɖe wòvem la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ne Yesu ŋue wowɔ nu ma ɖo ɖe, aleke wòawɔ nui?’” Egblɔ kpee be: “Meva kpɔe be mele be manɔ ɖokuinye ŋu bum fũu akpa o.”

Yesu nyae be amegbetɔwo mede blibo o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dina be yewoawɔ nu nyui, gake esi womede blibo o ta la, wometea ŋu wɔa nu si wodina be yewoawɔ la ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, Petro, Yakobo, kple Yohanes mete ŋu nɔ ŋudzɔ kplii abe ale si wòbia tso wo si ene o. Yesu ɖee fia be yese nu si tae womete ŋu nɔ ŋudzɔ o la gɔme, esi wògblɔ na wo be, “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.” (Mat. 26:40, 41) Esi wònɔ susu me na Yesu be yeƒe nusrɔ̃lawo mede blibo o ta la, medo dziku ɖe wo ŋu o.

Tsã la, nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mandy la hea nya ɖe ame bubuwo ŋu ŋutɔ, gake fifia, edzea agbagba vevie be yeafa tu abe Yesu ene. Egblɔ gbe: “Medzea agbagba be wòanɔ susu me nam ɣesiaɣi be amegbetɔ aɖeke mede blibo o, eye medzea agbagba hã be nye susu nanɔ ame bubuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, abe ale si Yehowa wɔnɛ ene.” Eya ta, na ale si Yesu se veve amewo nu le esi womede blibo o ta naʋã wò nàwɔ nu ɖe amewo ŋu tufafatɔe.

Yesu ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, amewo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu gake edo dzi. Le kpɔɖeŋu me, amewo mese nu gɔme nɛ o, wodo vloe, eye wowɔ fui vevie. Togbɔ be edzɔ alea hã, Yesu yi edzi wɔ nu tufafatɔe, elabe “etsɔ eɖokui de asi na Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” (1 Pet. 2:23) Yesu nyae be ye Fofo akpe ɖe ye ŋu yeado dzi eye ahe to na ame siwo sẽ ŋuta le ye ŋu la le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu eye míewɔ nu dzikutɔe la, míate ŋu awɔ nu wòagbɔ eme, eye ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi kura. Esia tae Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be, “Ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.” (Yak. 1:20) Ne míatɔ dzɔ be míedo dziku hã la, míaƒe blibomademade ate ŋu awɔe be míava wɔ nu si mesɔ o.

Nɔvinyɔnu aɖe si le Germany, si ŋkɔe nye Cathy, la gblɔ be, tsã la, yegblɔna na yeɖokui be, ‘Ne wò ŋutɔ mèʋli ɖokuiwò ta o la, ame aɖeke maʋli tawò o.’ Gake esi wòva srɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu la, eƒe nuŋububu trɔ. Egblɔ be, “Fifia mekpɔe be megahiã be maʋli ɖokuinye ta kokoko o. Meɖea dzi ɖi faa hewɔa nu tufafatɔe, elabe menyae be nu sia nu le Yehowa si me.” Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò la, nu si hã akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nu tufafatɔe ye nye be, nàɖo ŋu ɖe Mawu ŋu abe ale si Yesu wɔe ene.

“DZIDZƆTƆWOE NYE AME FAFAWO”

Aleke tufafa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me?

Yesu gblɔe eme kɔ ƒãa be, ne míedi be míakpɔ dzidzɔ la, ele be míafa tu. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo.” (Mat. 5:5) Kpɔ ale si tufafa ɖea vi le nɔnɔme siwo gbɔna me ɖa.

Ne nane wɔe be srɔ̃tɔwo tsi dzimaɖi la, tufafa tea ŋu kpena ɖe wo ŋu wonɔa anyi le ŋutifafa me. Nɔviŋutsu aɖe si le Australia, si ŋkɔe nye Robert, gblɔ be: “Etea ŋu dzɔna be megblɔa nya veamewo na srɔ̃nye evɔ nyemeɖoe hafi o. Gake ne nya manyomanyo aɖe nya do le nu na wò ko la, màgate ŋu atrɔe o. Etena ɖe dzinye vevie ne mekpɔ ale si gbegbe nye nyawo do nu xaxa nɛ.”

“Mí katã míedaa vo [le nuƒoƒo me] zi geɖe,” eye míaƒe nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ate ŋu awɔe be ŋutifafa manɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me o. (Yak. 3:2) Ne edzɔ alea la, tufafa kpena ɖe mía ŋu míegbɔa dzi ɖi eye míebua nyawo ŋu nyuie hafi ƒoa nu.—Lod. 17:27.

Robert ku kutri vevie srɔ̃ ale si wòawɔ nu le tufafa me ahaɖu eɖokui dzi. Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Fifia, ne masɔmasɔ aɖe ɖo nye kple srɔ̃nye dome la, medzea agbagba ɖoa toe nyuie, medzea agbagba hã be maƒo nu le tufafa me, eye meléa ɖokuinye be nyemagado dziku o. Fifia, nye kple srɔ̃nye dome le vivim ŋutɔ.”

Tufafa wɔnɛ be ƒomedodo nyui nɔa mía kple amewo dome. Ne ame aɖe doa dziku kabakaba la, esia wɔnɛ be eya kple exɔlɔ̃wo dome gblẽna. Gake tufafa kpena ɖe mía ŋu be ‘míalé ɖekawɔwɔ me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Ef. 4:2, 3) Cathy, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Tufafa kpena ɖe ŋunye be metea ŋu wɔa nu ɖe ame sia ame si medo goe la ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, togbɔ be ame aɖewo ƒe amenyenye wɔnɛ be esia wɔwɔ sesẽna nam gɔ̃ hã.”

Tufafa nana míaƒe dzi dzea eme. Biblia ɖee fia be kadodo le “nunya si tso dziƒo” kple tufafa kpakple ŋutifafa dome. (Yak. 3:13, 17) Ame si nye ame fatu la ƒe ‘dzi faa tu.’ (Lod. 14:30) Martin, si ku kutri vevie srɔ̃ nɔnɔme nyui si nye tufafa la gblɔ be, “Fifia nyemegatea tɔ ɖe edzi be woawɔ nuwo kokoko abe ale si medii ene o, esia wɔe be mekpɔ ŋutifafa eye mele dzidzɔ kpɔm fifia wu tsã.”

Enye nyateƒe be, ele be míaku kutri vevie hafi míazu ame fatuwo. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Ne mato nyateƒe la, fifia gɔ̃ hã, megadoa dziku vevie le nanewo ta ɣeaɖewoɣi.” Ne edzɔna alea le mía gome hã la, Yehowa Mawu si de dzi ƒo na mí be míati tufafa yome la akpe ɖe mía ŋu míava zu ame fatuwo. (Yes. 41:10; 1 Tim. 6:11) Ate ŋu ‘ana míawu míaƒe hehexɔxɔa nu’; ate ŋu ‘ana míali ke.’ (1 Pet. 5:10) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míawo hã míate ŋu ava ɖe “tufafa kple dɔmenyo si Kristo ɖe fia la” afia abe ale si apostolo Paulo wɔe ene.—2 Kor. 10:1.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.