Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 18

Ðe Nàtrɔ Ða Le Yesu Yomea?

Ðe Nàtrɔ Ða Le Yesu Yomea?

“Dzidzɔtɔe nye ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.”—MAT. 11:6.

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

NYA VEVIAWO *

1. Esi nèdze agbagba zi gbãtɔ be yeagblɔ Biblia me gbedeasia na amewo la, aleke wowɔ nui si wɔ nuku na wò?

ÐE NÈÐO ŋku zi gbãtɔ si nèva kpɔe be yeke ɖe nyateƒea ŋu la dzia? Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m nènɔ la me kɔ na wò ŋutɔ! Èse le ɖokuiwò me be ame sia ame adi be yease nyateƒe siwo nèva nya. Èxɔe se be Biblia me gbedeasia ana agbea nade wo dzi fifia kple le etsɔme. (Ps. 119:105) Eya ta ètsɔ dzidzɔ nɔ nu ƒom tso nyateƒe siwo ŋu nèke ɖo la ŋu na xɔ̃wòwo kple ƒometɔwo. Gake aleke wowɔ nui? Wo dometɔ geɖe mekpɔ dzidzɔ ɖe nyaa ŋu o, eye esia wɔ nuku na wò.

2-3. Aleke ame akpa gãtɔ wɔ nu ɖe Yesu ŋu le eƒe ŋkekea me?

2 Ne amewo gbe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la, mele be esia nawɔ nuku na mí o. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, ame geɖe gbee togbɔ be ewɔ nukunuwo tsɔ ɖee fia be Mawue dɔ ye hã. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre, eye esia nye nukunu si tsitretsiɖeŋulawo mate ŋu ake ɖii o. Ke hã, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo melɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mesia la o. Wodi be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa!—Yoh. 11:47, 48, 53; 12:9-11.

3 Yesu nyae be ame geɖe maxɔe ase be yee nye Mesia la o. (Yoh. 5:39-44) Egblɔ na Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ƒe nusrɔ̃la aɖewo be: “Dzidzɔtɔe nye ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.” (Mat. 11:2, 3, 6) Nu ka tae ame geɖe gbe Yesu?

4. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo mea, míadzro susu siwo tae ame geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea mexɔ Yesu dzi se o la me. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo tae ame geɖe medina be yewoase míaƒe gbedeasia egbea o. Vevietɔ wua, míasrɔ̃ nu si tae míate ŋu axɔ Yesu dzi se bliboe ale be míagatrɔ ɖa le eyome o.

(1) YESU ƑE ŊUTINYA

Nu si ɖia ame geɖe nu wogbe Yesue nye, Yesu ƒe ŋutinya. Aleke nu sia ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Nu ka tae ame aɖewo susu be Yesu mate ŋu anye Mesia si ŋu nya wogblɔ ɖi la o?

5 Ame geɖe gbe Yesu le afi si wòtsi le la ta. Wolɔ̃ ɖe edzi be Yesu nye nufiala bibi, eye wòwɔa nukunuwo. Gake le woawo gomea, atikpala dzro aɖe ƒe vi koe wònye. Eye etso Nazaret; du aɖe si womebuna ɖe ɖeke me o la me. Nataniel, si va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la gɔ̃ hã gblɔ kpɔ be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” (Yoh. 1:46) Du si me Yesu tso la medzɔ dzi na Nataniel kura o. Alo nyagblɔɖi si dze le Mika 5:2, si gblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem, ke menye le Nazaret o lae anya nɔ susu me nɛ.

6. Nu kae wòle be wòakpe ɖe ame siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me ŋu woakpɔe be eyae nye Mesia la hafi?

6 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi tso Yesu ƒe futɔwo ŋu be womatsi dzi “ɖe [Mesia la] ƒe dzidzimeŋunyawo ŋu” o. (Yes. 53:8) Wogblɔ eƒe dzidzimeŋunya mawo dometɔ geɖe ɖi. Ne ɖe ame mawo gbɔ dzi ɖi ku nyagblɔɖinya mawo me nyuie la, anye ne woava dze sii be wodzi Yesu le Betlehem, eye wònye Fia David ƒe dzidzimevi. (Luka 2:4-7) Eya ta, afi si wodzi Yesu le la wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi si dze le Mika 5:2. Ke nu kae nye woƒe kuxi? Woƒo nya ta kaba akpa. Womenya nyateƒea katã o. Le esia ta, eɖia wo nu eye wogbe Yesu.

7. Nu ka tae ame geɖe melɔ̃ Ðasefowo ƒe nya egbea o?

7 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Yehowa subɔla akpa gãtɔ menye ame xɔŋkɔ alo ame ŋkutawo o. Amewo bua wo be “womenya agbalẽ o, eye wonye ame tsɛwo.” (Dɔw. 4:13) Ame aɖewo susui be Mawu ƒe amewo mate ŋu afia Biblia amewo o, elabe womede Biblia-srɔ̃suku gãgãwo o. Ame aɖewo gblɔna be Amerikae Yehowa Ðasefowo ƒe haa dzɔ tso. Gake nyateƒeae nye be Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ menye Amerikatɔwo o. Wogblɔ na ame aɖewo hã be Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o. Ame aɖewo bua Ðasefowo be wonye “Kɔmiunisttɔwo,” “Amerika ƒe ŋkutsalawo,” kple “ame siwo dzea aglã ɖe dziɖuɖuwo ŋu.” Eya ta ame geɖe medina be yewoava zu Yehowa Ðasefowo o, elabena wose nya siawo, eye womenya nyateƒe si ku ɖe Ðasefowo ŋu o.

8. Le Dɔwɔwɔwo 17:11 ƒe nya nu la, ne amewo di be yewoanya ame siwo nye Mawu ƒe amewo egbea la, nu kae wòle be woawɔ?

8 Nu kae nàwɔ be nu siawo nagaɖia nuwò o? Ele be amewo nadze agbagba anya nyateƒe si le nya siawo me. Nu ma tututue Nyanyuigbalẽŋlɔla Luka dze agbagba wɔ. Eku “nuwo katã me tsitotsito tso gɔmedzedzea me.” Edi be ame siwo axlẽ yeƒe agbalẽa ‘nakpɔ kpeɖodzi be nyateƒee nu siwo wose’ tso Yesu ŋua nye. (Luka 1:1-4) Yudatɔ siwo nɔ Beroia la, wɔ nu abe Luka ene. Esi wose nya nyuia tso Yesu ŋu zi gbãtɔ la, wovae ku nu me le Hebri Ŋɔŋlɔawo me be yewoakpɔ ɖa be nya mawo le eme hã. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:11.) Nenema kee egbea, ele be amewo naku nu me anya nyateƒea. Ele be woatsɔ nu siwo Mawu ƒe amewo fiana la asɔ kple nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ. Azɔ hã, ele be woasrɔ̃ nu tso nu siwo wɔm Yehowa ƒe amewo le le míaƒe ŋkekea me la ŋu. Ne woku nu me nyuie la, womaɖe mɔ nazãbubu alo wobewobe mawo naflu wo o.

(2) YESU MEWƆ NUKUNUWO KPLE SUSU BE AMEWO NAKPƆE BE YEE NYE MESIA LA O

Nu si ɖia ame geɖe nu wogbe Yesue nye, Yesu mewɔ nukunuwo kple susu be amewo nakpɔe be yee nye Mesia la o. Aleke nu sia ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 9-10 lia) *

9. Nu kae amewo wɔ esime Yesu gbe be yemawɔ dzesi tso dziƒo o?

9 Yesu ƒe nufiafia wɔdɔɖeamedzi mawo ɖeɖe mesu na ame aɖewo le eƒe ŋkekea me o. Woganɔ mɔ kpɔm na nu bubuwo. Wobia be wòawɔ ‘dzesi aɖe tso dziƒo’ atsɔ aɖee afia be yee nye Mesia la. (Mat. 16:1) Ðewohĩ wobia dzesi mawo le esi womese Daniel 7:13, 14 me nyawo gɔme o ta. Ke hã, Yehowa ƒe ɣeyiɣi mede be nyagblɔɖi ma nava eme o. Ele be nu siwo fiam Yesu le wo la nana woaxɔe ase be eyae nye Mesia la hafi. Gake esi Yesu gbe be yemawɔ dzesi si wodi be yewoakpɔ la o la, esia ɖia wo nu eye wogbee.—Mat. 16:4.

10. Aleke Yesu na nyagblɔɖi si Yesaya ŋlɔ tso Mesia la ŋu la va eme?

10 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ tso Mesia la ŋu be: “Mado ɣli alo ado aƒa o, eye mana woase eƒe gbe le kpɔdomee o.” (Yes. 42:1, 2) Yesu mehe susu va eɖokui dzi esime wònɔ subɔsubɔdɔa wɔm o. Yesu metu gbedoxɔ gãwo o, medo subɔsubɔhakplɔlawo ƒe awu glodzowo o, eye mebia tso amewo si be woayɔ bubu ŋkɔwo na ye o. Esime Fia Herodes nɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, Yesu mewɔ nukunu aɖeke be wòawɔ dɔ ɖe edzi o, togbɔ be Yesu ƒe agbe ɖo afɔku me hã. (Luka 23:8-11) Yesu wɔ nukunu aɖewo ya, gake gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ nɛ. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia [gbeƒãɖeɖedɔa] tae meva ɖo.”—Marko 1:38.

11. Susu siwo mesɔ o kae le amewo si egbea?

11 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Egbea, ne amewo kpɔ sɔlemexɔ gãgã siwo woɖo atsyɔ na la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi, wodea bubu subɔsubɔhakplɔla siwo si bubu ŋkɔwo le la ŋu, eye azãɖuɖu si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la dzɔa dzi na wo. Gake nu kae ame siwo le subɔsubɔha mawo mea srɔ̃na tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu? Ame siwo dea míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ya srɔ̃a nu tso nu si Yehowa di tso mía si, kple ale si míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. Míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le kpokploe hele dzadzɛ, eye míeɖo atsyɔ na wo kpeɖii o. Ame siwo xɔa ŋgɔ la medoa awu tɔxɛwo o, eye mímeyɔa bubu ŋkɔ gãgãwo na wo o. Mawu ƒe Nyaa dzie míetua míaƒe nufiafiawo kple dzixɔsewo ɖo. Ke hã, ame geɖe medina be yewoase míaƒe gbedeasia o, elabe wosusuna be ale si míesubɔa Mawu la le ɖeƒomevii, eye nu siwo míefiana tso Biblia me la mesɔ kple nya siwo wodina be yewoase o.

12. Abe ale si Hebritɔwo 11:1, 6 gblɔe enea, nu ka dzie wòle be míatu míaƒe xɔse ɖo?

12 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Nu si wose la mee xɔse tsona. Eye wosenɛ ne wogblɔ Kristo ŋu nya na wo.” (Rom. 10:17) Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃e doa ŋusẽ míaƒe xɔse, ke menye azãɖuɖu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o, aleke kee azãɖuɖu mawo vivii alo nu siwo yia edzi nya kpɔe o. Ele be sidzedze vavãtɔ nasu mía si ale be xɔse sẽŋu nanɔ mía si, elabena “ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.” (Xlẽ Hebritɔwo 11:1, 6.) Eya ta, mehiã be míakpɔ dzesi gã aɖe tso dziƒo hafi axɔe ase be míeke ɖe nyateƒea ŋu o. Ne míegbɔ dzi ɖi ku nu me le Biblia ƒe nufiafia siwo ado ŋusẽ míaƒe xɔse ŋua, ana míaka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia, eye míaɖe ɖikekewo ɖa.

(3) YESU MEWƆ ÐE YUDATƆWO ƑE KƆNYINYI GEÐEWO DZI O

Nu si ɖia ame geɖe nu wogbe Yesue nye, Yesu mewɔ ɖe woƒe kɔnyinyi aɖewo dzi o. Aleke nu sia ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 13 lia) *

13. Nu kae na ame geɖe gbe Yesu?

13 Le Yesu ƒe ŋkekea mea, ewɔ nuku na Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃lawo be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o. Yesu ɖe eme be susu aɖeke meli si ta woatsi nu adɔ esime yekpɔtɔ le agbe o. (Mat. 9:14-17) Togbɔ be Yesu ɖe eme hã la, Farisitɔwo kple ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la bu fɔe, elabe wogblɔ be mewɔna ɖe yewoƒe kɔnyinyiwo dzi o. Wodo dziku le esi wòdaa dɔ na amewo le Sabat dzi ta. (Marko 3:1-6; Yoh. 9:16) Wogblɔna dadatɔe be yewowɔa Sabat la dzi; gake wotsaa asi le gbedoxɔa me. Dzi ku wo ŋutɔ esi Yesu gblɔ na wo be wonye alakpanuwɔlawo. (Mat. 21:12, 13, 15) Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea le Nazaret nɔ Yesu ƒe nyawo sem la, do dziku le esi wòwɔ kpɔɖeŋu aɖe le Israel-viwo ƒe ŋutinyaa me tsɔ ɖee fia wo be wonye ɖokuitɔdilawo eye xɔse mele wo si o ta. (Luka 4:16, 25-30) Esiawo te ɖe ame geɖe dzi eye wogbe Yesu.—Mat. 11:16-19.

14. Nu ka tae Yesu ƒo nu tsi tre ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ŋu?

14 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Dukɔ sia vaa gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo dea bubu ŋunye, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye; eye amegbetɔwo ƒe sedede siwo wofia wo la dzie wonɔa te ɖo vɔ̃am.” (Yes. 29:13) Eya ta, esɔ be Yesu gblɔ be woƒe kɔnyinyi mawo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o. Ame siwo fiaa nu be amegbetɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo le vevie wu nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ la gbe Yehowa kple Mesia si wòdɔ ɖa la.

15. Nu ka tae ame geɖe melɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe nya egbea o?

15 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Ame geɖe doa dziku ne Yehowa Ðasefowo mewɔ ɖeka kpli wo woɖu azã siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, abe dzigbezãwo kple Kristmas ene. Bubuwo hã doa dziku ne Yehowa Ðasefowo meƒo wo ɖokuiwo ɖe dukɔa ƒe azãwo alo kukɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia o la me o. Ame siwo kpɔa nuɖiaɖia le ale si Ðasefowo wɔa nui ŋu la ate ŋu asusui be ale si yewo ya yewosubɔa Mawu la dzea eŋu. Gake womate ŋu adze Mawu ŋu ne wogbe Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ la eye wova kplɔ amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ɖo o.—Marko 7:7-9.

16. Le Psalmo 119:97, 113, 163-165 ƒe nya nu la, nu kae wòle be míawɔ, eye nu kae mele be míawɔ o?

16 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? Ele be míalɔ̃ Yehowa ƒe sewo kple mɔfiamewo tso dzi me ke. (Xlẽ Psalmo 119:97, 113, 163-165.) Ne míelɔ̃ Yehowa la, míagbe kɔnu ɖe sia ɖe si medzea eŋu o. Ele be míalɔ̃ Yehowa wu nu bubu ɖe sia ɖe.

(4) YESU MEVA ÐO DUNYAHEHA AÐE ANYI O

Nu si ɖia ame geɖe nu wogbe Yesue nye, Yesu meva ɖo dunyaheha aɖe anyi o. Aleke nu sia ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 17 lia) *

17. Nu kawoe ame geɖe di be Yesu nawɔ alo nagawɔ o si na wogbee?

17 Le Yesu ƒe ŋkekea mea, ame aɖewo di be woaɖɔ li dziɖuɖua. Wonɔ mɔ kpɔm be Mesia la nava ɖe yewo tso Romatɔwo ƒe ameteteɖeanyi me. Gake esi wotee kpɔ be yewoalé Yesu aɖoe fia la, Yesu gbe. (Yoh. 6:14, 15) Nunɔlawo kple ame bubuwo nɔ vɔvɔ̃m be Yesu aɖɔ li dziɖuɖua, eye esia awɔe be Romatɔwo nado dziku eye woaxɔ dɔ le nunɔlawo si. Le esia ta, Yudatɔ geɖe gbe Yesu.

18. Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu kawo dzie ame geɖe ŋe aɖaba ƒu?

18 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Togbɔ be nyagblɔɖi geɖe gblɔe ɖi be Mesia la ava nye Aʋadziɖula hã la, nyagblɔɖi bubuwo ɖee fia be ele be wòaku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta gbã. (Yes. 53:9, 12) Eya ta, nu ka tae susu si mesɔ o nɔ amewo si ku ɖe Mesia la ŋu? Elabe ame geɖe siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea mea ŋe aɖaba ƒu nyagblɔɖi siwo meƒo nu tso ale si woawɔ avo tso kuxiwo me ŋu o la dzi.—Yoh. 6:26, 27.

19. Nu kawoe ame geɖe nɔa mɔ kpɔm be míawɔ siwo míewɔna o, si ɖiaa wo nu?

19 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Esi míedea nu dunyahehe me o ta la, eɖiaa ame geɖe nu. Wokpɔa mɔ be míada akɔ le akɔdaɣiwo. Ke hã, míenya be le Yehowa gbɔa, ne míetia amegbetɔ aɖe be wòanye míaƒe kplɔla alo dziɖulaa, ke míegbe Yehowa ye nye ema. (1 Sam. 8:4-7) Azɔ hã, ame aɖewo susuna be ele be míaɖo sukuwo kple kɔdziwo, eye míawɔ kpekpeɖeŋunadɔ bubuwo. Eɖiaa wo nu be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu koe míetsia dzi ɖo, ke menye ɖe xexea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o.

20. Le Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 7:21-23 nua, nu kae wòle be wòanye nu vevitɔ na mí?

20 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? (Xlẽ Mateo 7:21-23.) Míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míawɔ dɔ si Yesu de asi na mí la. (Mat. 28:19, 20) Mele be míaɖe mɔ xexe sia me dunyahenyawo naɖe míaƒe susu ɖa le dɔa dzi o, eye mele be míavu ɖe xexe sia me kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o. Míelɔ̃ amewo eye míesea veve ɖe wo nu le kuxi siwo me tom wole la ta, gake míenyae be mɔ nyuitɔ si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋue nye be míafia nu wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eye míakpe ɖe wo ŋu wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli.

21. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

21 Le nyati sia mea, míedzro nu ene siwo ɖia ame geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la nu, si na wogbe Yesu, siwo ate ŋu awɔe be ame aɖewo nagbe Yesu yomedzelawo egbea la me. Gake nu siawo koe wòle be míaƒo asa na? Ao. Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míadzro nu ene bubu siwo ɖia amewo nu si na wogbe Yesu la me. Mina míaɖoe kplikpaa be míagana naneke naɖia mía nu míagbe Yesu o, eye míayi edzi ado ŋusẽ míaƒe xɔse!

HADZIDZI 56 Wɔ Nyateƒea Tɔwòe

^ mm. 5 Togbɔ be Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ hãa, ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea mea gbee, elabe nanewo ɖia wo nu. Nu ka tae? Le nyati sia mea, míadzro nu ene siwo ɖia amewo nu le Yesu ŋu la me. Azɔ hã, míadzro nu siwo tae nya siwo Yesu yomedzela vavãwo gblɔna kple nu siwo wowɔna ɖiaa ame geɖe nu egbea la me. Vevietɔ wua, míasrɔ̃ nu si tae míate ŋu axɔ Yesu dzi se bliboe ale be míagatrɔ ɖa le eyome o.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Filipo le dzi dem ƒo na Nataniel be wòava do go Yesu.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesu le gbeƒã ɖem nya nyuia.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesu le dɔ dam na ŋutsu aɖe si titi lé asi na eye tsitretsiɖeŋulawo le ekpɔm.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesu ɖeka yina ɖe to aɖe dzi.