Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Mesrɔ̃ Nu Geɖe Tso Amewo Gbɔ!”

“Mesrɔ̃ Nu Geɖe Tso Amewo Gbɔ!”

MÍAƑE Franse-srafowo ƒu asaɖa anyi ɖe to aɖe dzi le Algeria le zã aɖe me. Ɣemaɣia, aʋa mawo menɔa bɔbɔe o. Melé tu ɖe asi tɔ ɖe kekotokuawo megbe le afi si wodam ɖo. Ðoɖoe zi toŋtoŋ. Kasia, mese afɔzi aɖe gbɔna. Mevɔ̃ ŋutɔ. Ƒe 20 koe mexɔ ɣemaɣi. Nyemedi be maku o, eye nyemedi be mawu ame aɖeke hã o. Megblɔ be: “Oo Mawu! Kpe ɖe ŋunye!”

Nudzɔdzɔ dovɔvɔ̃name mae na meva di vevie be manya nu tso Mawu ŋu. Gake hafi magaƒo nu tso nu siwo dzɔ le zã ma me ŋua, na maƒo nu tso nu siwo dzɔ le nye ɖevime si kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye, si na medi be mava nya Mawu la ŋu na wò.

NU SIWO MESRƆ̃ TSO TƆNYE GBƆ

Wodzim le ƒe 1937 me, le Guesnain si le France ƒe dziehe, afi si wokua tomenuwo le. Mesrɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ tso tɔnye si nye tomenukula gbɔ. Tɔnye kpɔe be zi geɖea womewɔa nu ɖe tomenukulawo ŋu nyuie o, eye wonana wowɔa dɔ le nɔnɔme madeamedziwo me, eye wòdina be yeakpe ɖe wo ŋu. Ta mesrɔ̃ nɔnɔme ma tso tɔnye gbɔ. Esi tɔnye di be yeakpe ɖe wo ŋu taa, evae wɔ ɖeka kple habɔbɔ siwo ʋlia tomenukulawo ta. Azɔ hã, subɔsubɔhakplɔlawo ƒe alakpanuwɔwɔwo vea dɔme nɛ ale gbegbe. Togbɔ be nu de subɔsubɔhakplɔla siawo dometɔ geɖe dzi hãa, wogabiana tso tomenukula siawo, siwo le tsi-me-kple-agba-me-dzem hafi tea ŋu kpɔa woƒe hiahiãwo gbɔ, la si be woatsɔ nuɖuɖu kple ga vɛ na yewo. Subɔsubɔhakplɔla siawo ƒe nu vea dɔme na tɔnye ale gbegbe be mefia nanekem tso subɔsubɔnyawo ŋu o. Le nyateƒe mea, mímeƒoa nu tso Mawu ŋu o.

Esi menɔ tsitsima, nye hã meva lé fu nu madzɔmadzɔ wɔwɔ. Nu madzɔmadzɔ ma ƒe ɖee nye ale si wowɔa nu ɖe amedzro siwo le France la ŋu. Mefena kple amedzro siwo vaa dukɔa me la ƒe viwo, eye wo gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi nam. Azɔ hã, menye Franseawoe nɔnye nye o; enye Polandtɔ. Medi vevie be ame siwo tso dukɔ vovovowo mea nanɔ anyi le ŋutifafa me, eye woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu sɔsɔe.

MEVA DZE TAMEBUBU TSO AGBEA ŊU VEVIE

Esime menɔ asrafohaa me

Dziɖuɖua na meɖo asrafoha me le ƒe 1957 me. Aleae wòdzɔe be meva do ɖe Algeria towo dzi le zã si ŋu meƒo nu tsoe va yia me. Esi mese afɔzi aɖe eye megblɔ be, “Oo Mawu! Kpe ɖe ŋunye!” la, menye míaƒe futɔ ƒe afɔzie mese o, ke boŋ gbetedzi aɖee! Ðeko megbɔ fũu! Nudzɔdzɔ ma na meva nɔ tame bum le agbea ŋu vevie. Mebia ɖokuinye be: Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Ðe Mawu tsɔa ɖe le eme na mía? Ðe míakpɔ ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa?

Emegbe esi meyi mɔkeke le dzinyelawo gbɔa, medo go Yehowa Ðasefo aɖe. Etsɔ Fransegbe me Biblia (La Sainte Bible) aɖe nam, eye esi metrɔ va Algeria, mete exexlẽ. Ŋɔŋlɔ aɖe si wɔ dɔ ɖe dzinye ye nye Nyaɖeɖefia 21:3, 4. Afi ma gblɔ be: “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ . . . Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.” * Nya mawo wɔ nuku nam. Mebia ɖokuinye be, ‘Ðe nya mawo nye nyateƒea?’ Ɣemaɣia, nyemenya naneke kura tso Mawu kple Biblia ŋu o.

Esi medo le asrafodɔa me le ƒe 1959 mea, medo go Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye François, eye efia Biblia me nyateƒe geɖewom. Le kpɔɖeŋu me, efiam le Biblia me be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Ps. 83:18) François kpe ɖe ŋunye mese egɔme hã be Mawu ana woawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi, anyigba nazu Paradiso, eye nya siwo le Nyaɖeɖefia 21:3, 4 la nava eme.

Nufiafia mawo me kɔ eye wowɔ dɔ ɖe dzinye. Gake nu siwo gɔme meva sea na medo dziku ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu, eye medi be maklo nu le woƒe nufiafiawo dzi be wometso Biblia me o! Edze abe megabua nu madzɔmadzɔ abe ale si tɔnye bunɛ ene, eye medi be mawɔ nane tso eŋu. Medi be nuwo natrɔ enumake!

François kple Ðasefo bubuawo kpe ɖe ŋunye eye wolé avum. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔe be, menye mí Kristotɔwo ƒe dɔe wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo o, ke boŋ míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ kuxiwo gbɔ. Dɔ mae Yesu wɔ, eye dɔ mae wòde asi na eyomedzelawo hã be woawɔ. (Mat. 24:14; Luka 4:43) Azɔ hã, ele be masrɔ̃ ale si maƒo nu na ame siwo ƒe dzixɔsewo to vovo na tɔnye la bubutɔe kple aɖaŋu. Biblia gblɔ be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã.”—2 Tim. 2:24.

Mewɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye le ƒe 1959 Yehowa Ðasefowo ƒe nutome sue takpekpe aɖe mea, mexɔ nyɔnyrɔ. Le takpekpe ma mea, medo go nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Angèle, eye eƒe nu lé dzi nam. Mevae srãna nɔvinyɔnua kpɔ le woƒe hamea me, eye le ƒe 1960 mea, míeɖe srɔ̃. Le nyateƒe mea, enye srɔ̃nyɔnu nyui dzeaɖaŋu kple nunana tso Yehowa gbɔ.—Lod. 19:14.

Míaƒe srɔ̃ɖegbe

MESRƆ̃ NU TSO NƆVI SIWO DZE AÐAŊU EYE WOKPƆ NUTEƑE LA GBƆ

Mesrɔ̃ nu vevi geɖe tso nɔviŋutsu dzeaɖaŋu siwo kpɔ nuteƒe la gbɔ. Nu vevi mawo dometɔ ɖekae nye esi: Hafi míate ŋu akpɔ dzidzedze le dɔdeasi ɖe sia ɖe mea, ele be míabɔbɔ mía ɖokui eye míawɔ ɖe nya siwo dze le Lododowo 15:22 la dzi. Afi ma gblɔ be: “Afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.”

Míewɔ nutome sue dzikpɔla dɔa le ƒe 1965 me, le France

Le ƒe 1964 mea, meva kpɔ ale si nya mawo nye nyateƒeea dze sii. Le ƒe ma mea, medze nutome sue dzikpɔla dɔa gɔme; mesrãa hamewo kpɔna eye medea dzi ƒo na nɔviawo eye metua wo ɖo le xɔse me. Ke hã, ƒe 27 koe mexɔ ɣemaɣi eye nuteƒekpɔkpɔ boo mesu asinye o. Eya ta, medaa vo ɣeaɖewoɣi. Gake medzea agbagba srɔ̃a nu tso vodada mawo me. Vevietɔ wua, mesrɔ̃ nu vevi aɖewo tso nɔviŋutsu kpɔnuteƒe siwo ɖo aɖaŋu nam la gbɔ.

Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Esi mevae subɔ hame aɖe le Paris vɔ megbea, nɔviŋutsu aɖe si tsi le xɔse mea bia be yeate ŋu akpɔm vie hã. Meɖo eŋu be, “Faa.”

Ebiam be, “Louis, ame ka ŋue ɖɔkta kpena ɖo, dɔnɔwo loo alo ame siwo le lãmesẽ me?”

Meɖo eŋu be, “Dɔnɔwo.”

Egblɔ be: “Ye ma. Gake mekpɔe be, zi geɖea, èzãa ɣeyiɣia ƒe akpa gãtɔ ɖe ame siwo li ke le hamea me, abe ɖe hamesubɔlaa ene ŋu. Dzi ɖe le nɔvi geɖe siwo le hamea me la ƒo, ɖewo nye ame yeyewo, eye ŋu kpea bubuawo. Ade dzi ƒo na wo ŋutɔ ne èkpɔa vovo ɖe wo ŋu, alo yia wo gbɔ le aƒe me wò kple wo mieɖua nu.”

Mekpɔ dzidzɔ ɖe nɔviŋutsua ƒe aɖaŋuɖoɖo ma ŋu ŋutɔ. Ale si wòlɔ̃ Yehowa ƒe alẽawo la wɔ dɔ ɖe dzinye. Eya ta, mewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi enumake ɖokuibɔbɔtɔe. Meda akpe na Yehowa ɖe nɔvi siawo tɔgbi ta.

Le ƒe 1969 kple ƒe 1973 mea, wobia tso asinye be makpɔ Nuɖuɖudzikpɔdɔwɔƒea dzi le dukɔwo dome takpekpe eve siwo wowɔ le Colombes, Paris la me. Le ƒe 1973 takpekpea mea, ahiã be míana nuɖuɖu ame siwo ade 60,000 sɔŋ ŋkeke atɔ̃ sɔŋ! Nyemenya ale si míawɔ dɔ sia ya o. Gake fifia hãa, nye susu gadze Lododowo 15:22 dzi; be mate ɖe ame bubuwo ŋu abia aɖaŋuɖoɖo. Mete ɖe nɔvi kpɔnuteƒe aɖewo ŋu xɔ aɖaŋuɖoɖo tso wo gbɔ. Nɔvi siawo dometɔ aɖewoe nye lãwulawo, agbledelawo, nuɖalawo, kple nɔvi siwo ɖia asi. Míaƒe ta-lili-ta-ŋu alea wɔe be míete ŋu wɔ dɔ gã nyadri sia.

Le ƒe 1973 mea, wokpe nye kple srɔ̃nye be míava wɔ dɔ le Betel le France. Dɔ si wode asi nam le afi ma hã menɔ bɔbɔe kura o. Nye dɔe nye be madi mɔ aɖe si dzi míato anɔ agbalẽwo ɖom ɖe mía nɔvi siwo le Cameroon le Afrika, afi si woɖo asi míaƒe dɔa dzi le tso ƒe 1970 va se ɖe ƒe 1993 me. Le afi sia hãa, mebui be dɔa kpe wum. Esi nɔviŋutsu si nɔ dɔa dzi kpɔm le France de dzesii be menɔ sesem le ɖokuinye me alea la, ede dzi ƒo nam be: “Mía nɔvi siwo le Cameroon la hiã na agbalẽawo be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. Na míaɖo agbalẽawo ɖe wo!” Eya ta míeɖoe ɖe wo.

Míele kpekpe tɔxɛ aɖe wɔm le Nigeria kple nɔvi siwo tso Cameroon, le ƒe 1973 me

Mezɔ mɔ yi dukɔ siwo te ɖe Cameroon ŋu la me zi geɖe be makpe kple hamemetsitsiawo. Nɔviŋutsu dzeaɖaŋu mawo siwo ƒo dzi le la kpe ɖe ŋunye míewɔ ɖoɖowo ale be míate ŋu anɔ agbalẽawo ɖom ɖe Cameroon edziedzi. Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Le nyateƒe mea, hena ƒe 20 sɔŋ la, Gbetakpɔxɔ ɖeka pɛ kple agbalẽ aɖe si dona ɣleti sia ɣleti, si míeyɔna tsã be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ ɖeka pɛ hã meto nɔvi siwo le dukɔ ma me ŋu o.

Le ƒe 1977 mea, nye, Angèle, kple nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃ siwo tso Cameroon la míekpɔ dzidzɔ le Nigeria

MESRƆ̃ NU TSO SRƆ̃NYE LƆLƆ̃A GBƆ

Esi míenɔ srɔ̃ɖeŋugbedodo mea, mede dzesii be Angèle kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Esi míeɖe srɔ̃ vɔ megbea, nɔnɔme ma gadze wu. Le gbe si gbe míeɖe srɔ̃ ƒe zã mea, ebia tso asinye be mado gbe ɖa na Yehowa agblɔ ale si míedi be míasubɔe bliboe abe srɔ̃tɔwo enea nɛ. Yehowa ɖo gbedodoɖa ma ŋu.

Angèle kpe ɖe ŋunye hã be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Le kpɔɖeŋu me: Esi wokpe mí le ƒe 1973 me be míava Betel la, nyemedi be mayi o, elabe melɔ̃ nutome sue dzikpɔla dɔa. Gake Angèle ɖo ŋku edzi nam be míeɖe adzɔgbe na Yehowa. Ðe mele be míawɔ dɔ sia dɔ si eƒe habɔbɔa ade asi na mí oa? (Heb. 13:17) Mese egɔme enumake! Eya ta, míeyi Betel. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖea katã mea, ale si srɔ̃nye dze aɖaŋu, ale si wòbua nuwo ŋu nyuie, kple ale si wòlɔ̃ Yehowa la, kpe ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso nyuiwo.

Nye kple Angèle míele Betel, le France

Togbɔ be míetsi fifia hãa, Angèle gakpɔtɔ nye srɔ̃nyɔnu nyui si kpena ɖe ŋunye. Le kpɔɖeŋu me, be míate ŋu ade teokrasi suku si wowɔna le Eŋlisigbe mea, nye kple Angèle míedze agbagba be míagabi ɖe gbea me wu. Be míate ŋu awɔ esia la, míeyi Eŋlisigbe hame aɖe me, togbɔ be míele míaƒe ƒe 70 kple edzivɔwo me hã. Esi menye France Alɔdzekɔmitia me tɔ eye dɔwo sɔ gbɔ ɖe dzinye taa, nyemekpɔ vovo ɖe gbea sɔsrɔ̃ ŋu o. Gake míekpe ɖe mía nɔewo ŋu. Eye togbɔ be míele míaƒe ƒe 80-awo me fifia hãa, míedzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu le Eŋlisigbe kple Fransegbe me. Eye míedzea agbagba dea kpekpeawo kple gbeadzi le hame si me míele. Yehowa yra ɖe agbagba siwo míedze be míasrɔ̃ Eŋlisigbea dzi.

Míekpɔ yayra aɖe le ƒe 2017 me. Wokpe nye kple Angèle be míava de Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku si wowɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York.

Nyateƒee, Yehowae nye Nufiala Gãtɔ. (Yes. 30:20) Eya ta mewɔ nuku o be, eƒe amewo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa xɔa nufiame nyuitɔ kekeake! (5 Mose 4:5-8) Meva de dzesii be sɔhɛ siwo ɖoa to Yehowa kple nɔvi kpɔnuteƒewo la yia ŋgɔ va tsina le xɔse me eye wova nyea Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ne wotsi. Lododowo 9:9 gblɔ be, “Fia nu nunyala, eye aganya nu ɖe edzi. Fia nu ame dzɔdzɔe, eye agasrɔ̃ nu geɖe akpe esi wònya.”

Ɣeaɖewoɣia, megaɖoa ŋku nu si dzɔ le Algeria towo dzi le zã ma me ƒe 60 aɖewoe nye esi va yia dzi. Ɣemaɣia, nyemenya nu nyui siwo gbegbe nɔ ŋgɔ nam o. Mesrɔ̃ nu geɖe tso amewo gbɔ! Nyateƒee, Yehowa na agbe si me dzidzeme vavã lea nye kple Angèle. Eya ta míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso mía Fofo si le dziƒo, kple nɔvi dzeaɖaŋu kpɔnuteƒe siwo lɔ̃e la gbɔ.

^ mm. 11 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.