Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

Naneke Maɖia Ame Dzɔdzɔe Nu O

Naneke Maɖia Ame Dzɔdzɔe Nu O

“Ame siwo lɔ̃a wò se la kpɔa ŋutifafa geɖe; naneke mana woakli nu [alo aɖia wo nu] o.”—PS. 119:165.

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

NYA VEVIAWO *

1-2. Nya kae agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

EGBEA, ame miliɔn geɖe gblɔna be yewoxɔ Yesu dzi se, gake womewɔna ɖe nu siwo wòfia dzi o. (2 Tim. 4:3, 4) Le nyateƒe mea, agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ne Yesu bubu anɔ anyi le míaƒe ŋkekea me, eye wòagblɔ nya siwo Yesu si nɔ anyi ƒe akpe eve aɖewoe nye esi va yi la gblɔ la, ɖe míagbee abe ale si wogbee ɣemaɣi enea? Ŋuɖoɖoae nye: Ɛ̃, míagbee.”

2 Ame geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la, se Yesu ƒe nufiafiawo, wokpɔe wòwɔ nukunuwo gake womexɔ edzi se o. Nu ka tae? Le nyati si do ŋgɔ me la, míekpɔ susu ene siwo tae nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ la, ɖia amewo nu. Na míadzro susu ene bubu aɖewo me. Ne míele wo me dzroma, míakpɔ susu si tae amewo gbea Yesu yomedzelawo egbea kple nu siwo míawɔ be nu mawo nagaɖia mía nu o.

(1) YESU MEKPƆ AME ŊKUME O

Ame siwo Yesu de ha kplii ɖia ame geɖe nu. Aleke nu ma ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 3 lia) *

3. Nu kae Yesu wɔ si ɖia ame aɖewo nu?

3 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, edea ha kple ame sia ame. Eɖu nu kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo, gake ekpɔ vovo ɖe ame dahewo kple ame siwo wote ɖe anyi la hã ŋu. Azɔ hã, ekpɔ nublanui na ame siwo wobuna “nu vɔ̃ wɔlawo.” Nu siwo Yesu wɔ la ɖia ame aɖewo siwo bua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo la nu. Wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae mieɖua nu, eye mienoa nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, negbe ame siwo le dɔ lém ko. Menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo yɔ gee meva be woatrɔ dzi me.”—Luka 5:29-32.

4. Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya nua, nu kae wòle be Yudatɔwo nanɔ mɔ kpɔm na?

4 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Do ŋgɔ hafi Mesia nava la, nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be amewo agbee. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Amewo do vloe, eye wogbee, . . . Ele ko abe ɖe woɣla eƒe ŋkume ɖe mí ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.” (Yes. 53:3) Nyagblɔɖia gblɔ be “amewo” agbe Mesia la, eya ta mele be wòawɔ nuku na Yudatɔwo be amewo gbe Yesu hafi o.

5. Aleke ame geɖe bua Yesu yomedzelawo egbea?

5 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Edzɔa dzi na subɔsubɔhakplɔla geɖe, ne ameŋkutawo, gatɔwo, kple ame siwo xexea buna be wonye nunyalawo va nye woƒe hametɔwo. Woxɔa ame siawo ɖe woƒe hawo me faa, togbɔ be zi geɖea womenɔa agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu o hã. Gake subɔsubɔhakplɔla siawo mebua Yehowa subɔla dovevienu siwo nɔa agbe ɖe eƒe nudidiwo nu ya ɖe ɖeke me o, elabe womenye ameŋkutawo le xexe sia me o. Paulo gblɔ be, Mawu tia ame siwo “wodoa vloe.” (1 Kor. 1:26-29) Ke hã, Yehowa dea asixɔxɔ esubɔla wɔnuteƒewo katã ŋu.

6. Nya kae Yesu gblɔ le Mateo 11:25, 26, eye aleke esia akpe ɖe mía ŋu?

6 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? (Xlẽ Mateo 11:25, 26.) Mègana ale si xexea bua Mawu ƒe amewo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Lɔ̃ ɖe edzi be, ame siwo nye ɖokuibɔbɔlawo koe Yehowa zãna. (Ps. 138:6) Eye de ŋugble tso nu siwo Yehowa te ŋu to ame siwo xexea buna be womenye nunyalawo kple agbalẽnyalawo o dzi wɔ ŋu kpɔ.

(2) YESU KLO NU LE ALAKPANUFIAFIAWO DZI

7. Nu ka tae Yesu gblɔ be Farisitɔwo nye alakpanuwɔlawo, eye aleke wowɔ nui?

7 Dzi nɔ Yesu ƒo wòklo nu le subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me ƒe nuwɔnawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, eklo nu le Farisitɔwo ŋu be wonye alakpanuwɔlawo elabe wotsia dzi ɖe asikɔklɔ ŋu wu ale si woalé be na wo dzilawo. (Mat. 15:1-11) Esia anya wɔ nuku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. Eya ta wobiae be: “Ènya be esi Farisitɔwo se nya si nègblɔ la, eɖia wo nua?” Yesu ɖo eŋu be: “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo medo o la, woahoe. Miɖe asi le wo ŋu. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye. Ke ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo ame eve la siaa woage dze do me.” (Mat. 15:12-14) Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo do dziku le nya si wògblɔ na wo ta hãa, esia mewɔe be wòdzudzɔ nyateƒe gbɔgblɔ o.

8. Aleke Yesu ɖee fia be menye subɔsubɔdzixɔsewo katãe dzea Mawu ŋu o?

8 Yesu klo nu le alakpanufiafiawo hã dzi. Yesu megblɔ be subɔsubɔdzixɔsewo katã dzea Mawu ŋu o. Ke boŋ egblɔ be ame akpa gãtɔ anɔ mɔ gbadzaa si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la dzi, eye ame ʋɛ aɖewo koe anɔ mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me la dzi. (Mat. 7:13, 14) Ena eme kɔ be adze le ame aɖewo ŋu be wole Mawu subɔm, gake le nyateƒe me la, womele esubɔm o. Exlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie le aʋatsonyagblɔɖila siwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽ me, evɔ le ememe la, wonye amegãxi nyanyrawo la ŋuti. Woƒe kutsetsewoe miatsɔ adze si woe.”—Mat. 7:15-20.

Ale si Yesu ƒo nu tsi tre ɖe alakpadzixɔsewo kple nuwɔnawo ŋu ɖia ame geɖe nu. Aleke nu ma ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 9 lia) *

9. Alakpanufiafia kawo dzie Yesu klo nu le?

9 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Biblia gblɔe ɖi be ŋuʋaʋã ɖe Yehowa ƒe aƒea ŋu anɔ bibim abe dzo ene le Mesia la me. (Ps. 69:9; Yoh. 2:14-17) Dzo ma si nɔ Yesu me ʋãe wòklo nu le alakpadzixɔsewo kple nuwɔnawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Farisitɔwo xɔe se be luʋɔ la mekuna o; gake Yesu fia nu be ame kukuwo le alɔ̃ dɔm. (Yoh. 11:11) Zadukitɔwo mexɔ tsitretsitsia dzi se o; gake Yesu fɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre. (Yoh. 11:43, 44; Dɔw. 23:8) Farisitɔwo gblɔna be dzɔgbese alo Mawu gbɔe nu sia nu si míewɔna kple nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi la tso; gake Yesu fia nu be amegbetɔwo ate ŋu atiae nenye be yewoasubɔ Mawu alo yewomasubɔe o.—Mat. 11:28.

10. Nu ka tae ame geɖe gbea míaƒe nufiafiawo egbea?

10 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Ame geɖe melɔ̃a míaƒe nya o, elabe nu siwo míefiana le Biblia me la, kloa nu le alakpanufiafiawo dzi. Subɔsubɔhakplɔlawo fiaa woƒe hameviwo be Mawu hea to na amewo le dzomavɔ me. Wowɔa esia be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi. Gake mí Yehowa subɔlawo, siwo subɔa Mawu lɔ̃ame la fiaa nu amewo be nya mawo menye nyateƒe o. Subɔsubɔhakplɔlawo fiaa nu hã be luʋɔ la mekuna o. Gake míefiaa nu tso Biblia me be nya ma menye nyateƒe o. Ne nya ma nye nyateƒe la, ke efia be mahiã be woafɔ ame aɖeke ɖe tsitre o. Togbɔ be subɔsubɔha geɖe fiaa nu be Mawue ɖo nu sia nu si dzɔna kple nu sia nu si míewɔna da ɖi hãa, míefiaa nu tso Biblia me be tiatia wɔwɔ ƒe ablɔɖe le ame sia ame si, eye ate ŋu atiae be yeasubɔ Mawu. Aleke subɔsubɔhakplɔlawo wɔa nu ne míeklo nu le woƒe alakpanufiafiawo dzi? Zi geɖea, wodoa dziku!

11. Le Yesu ƒe nya siwo dze le Yohanes 8:45-47 nua, nu kae Mawu di tso eƒe amewo si?

11 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? Ne míelɔ̃ nyateƒea la, ele be míaxɔ Mawu ƒe nyawo dzi ase, eye míawɔ ɖe wo dzi. (Xlẽ Yohanes 8:45-47.) Míawo ya míagbe nyateƒea abe Satana Abosam ene o. Míewɔa naneke si tsi tre ɖe nu siwo dzi míexɔ se ŋu o. (Yoh. 8:44) Mawu di be yeƒe amewo ‘nanyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi’ eye ‘woalé ɖe nu si nyo la ŋu,’ abe ale si Yesu wɔe ene.—Rom. 12:9; Heb. 1:9.

(3) WOTI YESU YOME

Ale si Yesu ku le fuwɔameti ŋu ɖia ame geɖe nu. Aleke nu ma ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Nu ka tae mɔ si nu wowu Yesu le la ɖia Yudatɔ geɖe nu?

12 Nu bubu kae na Yudatɔwo gbe Yesu? Paulo gblɔ be: “Míeɖea gbeƒã Kristo si wohe ɖe ati ŋu la, si nye nuɖiaɖia na Yudatɔwo.” (1 Kor. 1:23) Nu ka tae ale si wowu Yesu la ɖia Yudatɔ geɖe nu? Ale si Yesu ku ɖe ati ŋu na wobui be enye nu vlo wɔla kple nu vɔ̃ wɔla, ke menye Mesia la o.—5 Mose 21:22, 23.

13. Nu kae ame siwo gbe Yesu la mete ŋu de dzesii o?

13 Yudatɔ geɖe siwo nu Yesu ƒe kua ɖia la, mete ŋu de dzesii be meɖi fɔ o, ɖe wotso enu alakpatɔe, eye wowɔ nu ɖe eŋu madzemadzee o. Ame siwo nɔ nyaa drɔ̃m na Yesu la, metsi dzi ɖe nya dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ŋu o. Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea kpe ta kpatakpata, be yewoadrɔ̃ ʋɔnu Yesu, eye womewɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖoawo dzi o. (Luka 22:54; Yoh. 18:24) Esi ʋɔnudrɔ̃lawo se nya siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu la, womeku eme be yewoakpɔ be wole eme hã o, ke boŋ wodi ‘ame siwo aɖi aʋatsoɖase le Yesu ŋu, ne woawui.’ Esi ema medze edzi o la, nunɔlagãa dze agbagba be yeana Yesu ŋutɔ nagblɔ nya aɖe si dzi yewoanɔ te ɖo abu fɔe. Esia tsi tsitre ɖe woƒe ʋɔnudrɔ̃sewo ŋu kura. (Mat. 26:59; Marko 14:55-64) Eye esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ʋɔnudrɔ̃la vɔ̃ɖi mawo, xe klosalogaku gbogbo aɖe na Roma-srafo siwo nɔ yɔdoa ŋu dzɔm ne woada alakpa tso nu si ta yɔdoa tsi ƒuƒlu ŋu.—Mat. 28:11-15.

14. Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi tso Mesia ƒe ku ŋu?

14 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Togbɔ be Yudatɔ geɖe siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me menɔ mɔ kpɔm be Mesia naku o hãa, de dzesi nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi. Egblɔ be: “Etsɔ eƒe agbe de ku me, eye wobui kpe ɖe vodalawo ŋu; ede ta ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ te, eye wòxɔ nya ɖe vodalawo nu.” (Yes. 53:12) Eya ta esi wotso Yesu nu be enye nu vɔ̃ wɔla, eye wowui la, mele be esia naɖia Yudatɔwo nu o.

15. Nya kawoe wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu si na ame aɖewo melɔ̃ míaƒe nya o?

15 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃! Wotso Yesu nu, eye wobu fɔe madzemadzee, eye wowɔa nu ma ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu egbea. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa. Le ƒe 1930 kple 1940-awo me le Amerika la, wotsɔ nya ɖe ablɔɖe si le mía si be míasubɔ Mawu la ŋu enuenu le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Edze ƒãa be ʋɔnudrɔ̃la aɖewo melɔ̃ míaƒe nya o. Le Quebec, le Canada la, subɔsubɔhakplɔlawo kple dziɖuɖua wɔ ɖeka tsi tre ɖe míaƒe dɔa ŋu. Wolé nɔvi geɖe de gaxɔ me le esi woƒoa nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na woƒe aƒelikawo ta. Le Germany la, Nazi dziɖuɖua wu mía nɔviŋutsu wɔnuteƒe geɖe. Le míaƒe ŋkeke mea, wotso mía nɔviŋutsu geɖe nu eye wolé wo de gaxɔ me le Russia le esi wofiaa Biblia amewo ta, elabe wobua Biblia fiafia amewo be enye “aglãdzedze ɖe dziɖuɖu ŋu.” Woɖo asi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si le Russiagbe me gɔ̃ hã dzi, eye wobui be ele “aglãdzedze dom ɖe ŋgɔ,” le esi wozã ŋkɔ Yehowa le eme ta.

16. Abe ale si 1 Yohanes 4:1 gblɔe ene la, nu ka tae mele be míana alakpanya siwo wogblɔna tso Yehowa ƒe amewo ŋu la, naflu mí o?

16 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? Di nyateƒe si le nya siawo me. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, egblɔ na ame siwo nɔ to ɖomee la be amewo ‘aka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo ŋu.’ (Mat. 5:11) Satana gbɔe alakpanya mawo tso. Eflua tsitretsiɖeŋula siawo be woakaka alakpanya vɔ̃ɖiwo tso ame siwo lɔ̃ nyateƒea ŋu. (Nyaɖ. 12:9, 10) Mele be míaɖo to alakpanya siwo tsitretsiɖeŋulawo gblɔna o. Mele be míaɖe mɔ alakpanya mawo nana vɔvɔ̃ naɖo mí alo agbɔdzɔ míaƒe xɔse gbeɖe o.—Xlẽ 1 Yohanes 4:1.

(4) WODE YESU ASI EYE WOGBLẼE ÐI

Ale si Yuda dee asi la ɖia ame geɖe nu. Aleke nu ma ke ate ŋu aɖia ame aɖewo nu egbea? (Kpɔ memama 17-18 lia) *

17. Aleke nu siwo dzɔ do ŋgɔ hafi Yesu ku la, ate ŋu awɔe be ame aɖewo nagbe Yesu?

17 Do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la, eƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka dee asi. Apostolo bubu gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃, eye eƒe apostolo susɔeawo katã gblẽe ɖi le zã si me wolée la. (Mat. 26:14-16, 47, 56, 75) Esia mewɔ nuku na Yesu o. Egblɔe ɖi do ŋgɔ gɔ̃ hã be nu siawo adzɔ. (Yoh. 6:64; 13:21, 26, 38; 16:32) Ate ŋu aɖia ame siwo kpɔ nu siawo teƒe la nu eye woanɔ susum be, ‘Ne aleae Yesu ƒe apostolowo wɔ nui la, yemate ŋu ava dze Yesu yome o!’

18. Nyagblɔɖi kawoe va eme do ŋgɔ hafi Yesu naku?

18 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ? Yehowa gblɔe ɖi ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ le eƒe Nyaa me be woade Mesia la asi axɔ klosalo 30. (Zak. 11:12, 13) Ame si ade Yesu asi la anye exɔlɔ̃ kplikplikpli. (Ps. 41:9) Nyagblɔɖila Zakariya hã gblɔ be: “Da nu alẽkplɔla la, ne lãhaa naka hlẽ.” (Zak. 13:7) Togbɔ be nu siawo nɔ dzɔdzɔm hãa, ame siwo si dzi nyui le la magbe Yesu o, ke ɖe wòado ŋusẽ woƒe xɔse be nyagblɔɖi siawo le eme vam.

19. Nu kae ame siwo si dzi nyui le la nya?

19 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Le míaƒe ŋkekea me la, Ðasefo ʋɛ aɖewo do le nyateƒea me va zu xɔsegbelawo, eye wodzea agbagba be yewoahe ame bubuwo ɖe yewo ɖokuiwo ŋu. Wotoa nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple Internet dzi ƒoa nu gbegblẽ tso Yehowa Ðasefowo ŋu eye wokakaa alakpanyawo tso wo ŋu. Gake nya mawo meflua ame siwo si dzi nyui le la o, elabe wonyae be Biblia gblɔe ɖi be nu mawo adzɔ.—Mat. 24:24; 2 Pet. 2:18-22.

20. Nu kawoe míawɔ be ame siwo gbe nyateƒea ƒe nuwɔnawo nagaɖia mía nu o? (2 Timoteo 4:4, 5)

20 Nu kawoe míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? Ele be míanɔ nu srɔ̃m, anɔ gbe dom ɖa edziedzi, eye míawɔ geɖe le dɔ si Yehowa de asi na mí la me. Esiawo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe xɔse nasẽ. (Xlẽ 2 Timoteo 4:4, 5.) Ne xɔse le mía si la, míavɔ̃ ne míese alakpanya mawo o. (Yes. 28:16) Ne míelɔ̃ Yehowa, eƒe Nyaa kple mía nɔviwo la, ame siwo gbe nyateƒea ƒe nuwɔnawo maɖia mía nu míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.

21. Togbɔ be ame akpa gãtɔ agbe míaƒe gbedeasia egbea hãa, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

21 Le ƒe alafa gbãtɔ mea, nu geɖe ɖia amewo nu le Yesu ŋu si na wogbee. Ke hã, ame geɖewo ya xɔ edzi se. Sanhedrin la me tɔ ɖeka, kple “nunɔla gbogbo aɖewo” le ame siawo dome. (Dɔw. 6:7; Mat. 27:57-60; Marko 15:43) Nenema kee egbea, ame miliɔn geɖe meɖe mɔ naneke ɖia wo nu wodzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Nu ka tae? Elabena wonya nyateƒe si le Ŋɔŋlɔawo me eye wolɔ̃ nyateƒe mawo. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Ame siwo lɔ̃a wò se la kpɔa ŋutifafa geɖe; naneke mana woakli nu [alo aɖia wo nu] o.”—Ps. 119:165.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

^ mm. 5 Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro susu ene aɖewo siwo ta amewo gbe Yesu le eƒe ŋkekea me kple nu si tae wogbea eyomedzelawo egbea la hã me. Le nyati sia mea, míadzro susu ene bubu aɖewo hã me. Azɔ hã, míakpɔ nu si tae ame siwo lɔ̃ Yehowa meɖea mɔ be naneke naɖia wo nu o la me.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesu le nu ɖum kple Mateo kple adzɔxɔlawo.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yesu le asitsalawo nyam le gbedoxɔa me.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Wona Yesu tsɔ fuwɔametia.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Yuda gbugbɔ nu na Yesu tsɔ dee asi.