Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

Yehowa Ado Ŋusẽ Wò

Yehowa Ado Ŋusẽ Wò

“Ne megbɔdzɔ la, ekema mesẽa ŋu.”—2 KOR. 12:10.

HADZIDZI 73 Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo

NYA VEVIAWO *

1-2. Kuxi kawo me tom mía nɔvi geɖe le?

APOSTOLO Paulo de dzi ƒo na Timoteo kple Kristotɔwo katã be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔa bliboe. (2 Tim. 4:5) Mí katã míewɔna ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le mía nɔvi geɖe gome la, ehiã be dzi nanɔ wo ƒo hafi woayi edzi aɖe gbeƒã. (2 Tim. 4:2) Le kpɔɖeŋu me, bu mía nɔvi siwo le dukɔ siwo me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu alo ɖo asi edzi le me ŋu kpɔ. Woɖea gbeƒã togbɔ be wonyae be woate ŋu alé yewo hã!

2 Yehowa ƒe amewo toa nɔnɔme sesẽ vovovo siwo ate ŋu aɖe dzi le wo ƒo la me. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be wo dometɔ aɖewo nawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe hafi ate ŋu akpɔ woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Woadi be yewoawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me, gake kaka kwasiɖaa nawu enua, ɖeɖi te wo ŋu. Dɔléle kple tsitsimekuxiwo wɔe be wo dometɔ aɖewo megate ŋu wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me o, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tsi teƒe ɖeka. Wo dometɔ aɖewo hã sena le wo ɖokuiwo me be yewomele vevie na Yehowa o. Nɔvinyɔnu Mary * si le Titina Ɣedzeƒe gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒonyea, ehiãna be mawɔ avu vevie hafi aɖu edzi, eye esia nana nu tia kɔ nam. Esia wɔnɛ be nyemete ŋu wɔa geɖe le gbeadzi o. Eye esia nana mebua fɔ ɖokuinye.”

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu, eye míayi edzi asubɔe. Hafi míaƒo nu tso ale si Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋu la, mina míadzro ale si Yehowa do ŋusẽ Paulo kple Timoteo wowɔ woƒe subɔsubɔdɔa togbɔ be wonɔ kuxi sesẽwo me tom gɔ̃ hã me.

YEHOWA DOA ŊUSẼ MÍ MÍEYIA GBEƑÃÐEÐEDƆA DZI

4. Kuxi kawo mee Paulo to?

4 Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Ehiã ŋusẽdodo, vevietɔ esime woƒoe, ƒu kpee eye wodee gaxɔ me. (2 Kor. 11:23-25) Paulo lɔ̃ ɖe edzi be dzi ɖe le ye ƒo ɣeaɖewoɣi. (Rom. 7:18, 19, 24) Azɔ hã, ‘ŋù aɖe nɔ eƒe ŋutilã me’ si wònɔ avu wɔm kplii si wòdi be Mawu naɖe ɖa na ye.—2 Kor. 12:7, 8.

Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòwɔ subɔsubɔdɔa? (Kpɔ memama 5-6 lia) *

5. Togbɔ be Paulo nɔ nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom hãa, nu kae wòte ŋu wɔ?

5 Yehowa do ŋusẽ Paulo wòyi subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be enɔ kuxi vovovowo me tom hã. Bu nu siwo Paulo te ŋu wɔ ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime wosika Paulo ɖe aƒe me le Roma la, eʋli nya nyuia ta dzonɔamemetɔe le Yudatɔwo ƒe amegãwo kple ɖewohĩ le dziɖuɖumegãwo ŋkume. (Dɔw. 28:17; Flp. 4:21, 22) Azɔ hã, eɖe gbeƒã na Roma Fiagã ƒe dzɔlawo kple ame siwo katã va srãnɛ kpɔ la. (Dɔw. 28:30, 31; Flp. 1:13) Le ɣeyiɣi mawo mea, Paulo ŋlɔ lɛtawo siwo gale vi ɖem na Kristotɔ vavãwo va se ɖe egbea. Azɔ hã, Paulo ƒe dzinɔameƒoa do ŋusẽ nɔvi siwo nɔ Roma. Esia wɔe be “dzi gaɖo wo ƒo geɖe wu be woagblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee.” (Flp. 1:14) Togbɔ be Paulo mete ŋu wɔ geɖe ɣeaɖewoɣi abe ale si wòdii ene o hãa, ewɔ etɔ sinua, eye esia wɔe be “nya nyui la ɖe zɔ yi ŋgɔ.”—Flp. 1:12.

6. Le 2 Korintotɔwo 12:9, 10 ƒe nya nua, nu kae kpe ɖe Paulo ŋu wòwu eƒe subɔsubɔdɔa nu?

6 Paulo de dzesii be Yehowae do ŋusẽ ye yete ŋu wɔ subɔsubɔdɔa, ke menye ye ŋutɔe o. Egblɔ be Mawu na yeƒe ŋusẽ zu blibo “le gbɔdzɔgbɔdzɔwo me.” (Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:9, 10.) Togbɔ be woti Paulo yome, wodee gaxɔ me, eye wòto nɔnɔme sesẽ vovovowo me hãa, Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi do ŋusẽe wòwu eƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe.

Nu kae kpe ɖe Timoteo ŋu wòwɔ subɔsubɔdɔa? (Kpɔ memama 7 lia) *

7. Kuxi ka dzie wòahiã be Timoteo naɖu ale be wòate ŋu awɔ eƒe subɔsubɔdɔa?

7 Timoteo, si nye Paulo ƒe zɔhɛ hã, ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòado ŋusẽ ye yeawɔ yeƒe subɔsubɔdɔa. Timoteo zɔ mɔ kple Paulo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Azɔ hã, Paulo dɔe wòyi vae srã hameawo kpɔ eye wòdo ŋusẽ wo. (1 Kor. 4:17) Timoteo anye se le eɖokui me be yemate ŋu awɔ dɔa o. Anɔ eme be susu ma tae Paulo xlɔ̃ nui be: “Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o.” (1 Tim. 4:12) Azɔ hã, le ɣeyiɣi sia mea, ŋù aɖe nɔ Timoteo ŋutɔ hã ƒe lã me, si nye “lãmegbegblẽ enuenu.” (1 Tim. 5:23) Gake Timoteo nyae be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua ado ŋusẽ ye yeaɖe gbeƒã nya nyuia eye yeasubɔ nɔviawo.—2 Tim. 1:7.

YEHOWA DOA ŊUSẼ MÍ BE MÍAWƆ NUTEƑE TOGBƆ BE MÍELE KUXIWO ME TOM HÃ

8. Aleke Yehowa doa ŋusẽ eƒe amewo egbea?

8 Egbea, Yehowa naa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí ale be míate ŋu ayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. (2 Kor. 4:7) Na míadzro nu ene siwo Yehowa na mí be woado ŋusẽ mí míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ la me. Woawoe nye gbedodoɖa, Biblia, mía nɔvi Kristotɔwo kple míaƒe subɔsubɔdɔa.

Yehowa toa gbedodoɖa dzi doa ŋusẽ mí (Kpɔ memama 9 lia)

9. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

9 Gbedodoɖa doa ŋusẽ mí. Paulo de dzi ƒo na mí le Efesotɔwo 6:18 be míanɔ gbe dom ɖa na Mawu “ɣeawokatãɣi.” Eye Mawu hã ado ŋusẽ mí. Jonnie si le Bolivia kpɔ nya ma ƒe nyateƒenyenye esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Srɔ̃a kple edzila eveawo siaa dze dɔ vevie le ɣeyiɣi ɖeka me. Menɔ bɔbɔe na Jonnie be wòakpɔ wo ame etɔ̃a dzi o. Nɔa va ku, eye exɔ ɣeyiɣi didi hafi srɔ̃a kple tɔa va haya. Jonnie gblɔ be, “Esi nɔnɔmeawo na nu te ŋunyea, nu si kpe ɖe ŋunyee nye be medoa gbe ɖa gblɔa ale si tututu mele sesem le ɖokuinye me la na Yehowa ɣesiaɣi.” Yehowa do ŋusẽ Jonnie wòyi edzi do dzi. Ronald si nye hamemetsitsi le Bolivia la va nyae be kansa le ye nɔ ŋu. Nɔa ku ɣleti ɖeka megbe. Nu kae kpe ɖe Ronald ŋu wòdo dzi? Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa gblɔa nye dzimenyawo kple nye seselelãmewo katã nɛ. Menya be esea nu gɔme nam wu ame sia ame, nye ŋutɔ gɔ̃ hã.” Ɣeaɖewoɣia, míase le mía ɖokui me be agbea wu tsɔtsɔ na mí, eye míanya nya si tututu míagblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me o. Gake Yehowa di be míado gbe ɖa na ye ne míenya nya si tututu míagblɔ o gɔ̃ hã.—Rom. 8:26, 27.

Yehowa toa Biblia dzi doa ŋusẽ mí (Kpɔ memama 10 lia)

10. Abe ale si Hebritɔwo 4:12 gblɔe enea, nu ka tae wòle vevie be míaxlẽ Biblia eye míade ŋugble le eŋu?

10 Biblia doa ŋusẽ mí. Míawo hã míate ŋu axlẽ Biblia be wòado ŋusẽ mí eye wòafa akɔ na mí abe ale si Paulo wɔe ene. (Rom. 15:4) Ne míexlẽa Mawu ƒe Nyaa eye míedea ŋugble le eŋu la, Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si nu si míexlẽa aɖe vi na mí. (Xlẽ Hebritɔwo 4:12.) Ronald, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mexlẽa Biblia ƒe akpa aɖe zã sia zã. Medea ŋugble tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple ale si wòléa be na esubɔlawo la ŋu. Esia kpe ɖe ŋunye megatso ɖe nye afɔwo dzi.”

11. Aleke Biblia kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si nɔ nu xam vevie la ŋu?

11 Ne míedea ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nanɔ mía si tso míaƒe nɔnɔmea ŋu. Bu ale si Biblia kpe ɖe ahosi aɖe si nɔ nu xam la ŋu kpɔ. Hamemetsitsi aɖe de dzi ƒo nɛ be ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Hiob ƒe agbalẽa me. Esi wòxlẽe la, gbãa, ebu fɔ Hiob. Egblɔ na eɖokui be: “Hiob! Wò susu katã ku ɖe kuxiawo ŋu akpa!” Gake eva de dzesii be nu mawo ko wɔm ye ŋutɔ hã yenɔ. Esia kpe ɖe eŋu be megava tsɔ susu ɖo nɔnɔme sesẽ si me tom wòle la ŋu fũu akpa o, si wɔe be wòte ŋu nɔ te ɖe srɔ̃a ƒe ku nu.

Yehowa toa mía nɔvi Kristotɔwo dzi doa ŋusẽ mí (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke Yehowa toa mía nɔviwo dzi doa ŋusẽ mí?

12 Mía nɔvi Kristotɔwo doa ŋusẽ mí. Mɔ bubu aɖe si dzi Yehowa tona doa ŋusẽ míe nye, to mía nɔvi Kristotɔwo dzi. Paulo ŋlɔ bena ele ye dzrom be yeakpɔ ye nɔviwo ne ‘yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo.’ (Rom. 1:11, 12) Mary, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia, lɔ̃a nɔviwo dome nɔnɔ. Egblɔ be: “Yehowa to nɔvi siwo menya be mele nɔnɔme sesẽwo me tom o gɔ̃ hã dzi kpe ɖe ŋunye. Eya ta wogblɔa dzideƒonamenyawo alo ŋlɔa wo ɖe agbalẽvi dzi nam eye esia tututue mehiã. Hadede siawo wɔe hã be megblɔa nye dzimenyawo na nɔvinyɔnu siwo hã to nye nɔnɔmea me kpɔ, eye mesrɔ̃a nu tso wo gbɔ. Eye hamemetsitsiwo hã nana mesena le ɖokuinye me ɣesiaɣi be mele vevie na hamea.”

13. Aleke míate ŋu ado ŋusẽ mía nɔewo le kpekpeawo me?

13 Kpekpeawo hã naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míade dzi ƒo na mía nɔviwo. Ne èyi kpekpeawo la, ɖe manyo be nàdo ŋusẽ nɔviawo alo agblɔ nya aɖe atsɔ akafu wo oa? Le kpɔɖeŋu me, hafi kpekpe aɖe nadze egɔme la, hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Peter gblɔ na nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃ menye Ðasefo o la be: “Ne míekpɔ wò le kpekpeawo mea, edzɔa dzi na mí ŋutɔ. Èdzrana ɖo na viwò adeawo nyuie ɣesiaɣi eye wonɔa klalo be yewoaɖo nya ŋu.” Aɖatsi lolo ɖe nɔvinyɔnua ƒe ŋku dzi eye wògblɔ be: “Wò nyawo de dzi ƒo nam ale gbegbe.”

Yehowa toa subɔsubɔdɔa dzi doa ŋusẽ mí (Kpɔ memama 14 lia)

14. Aleke gbeadzisubɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu?

14 Gbeadzisubɔsubɔdɔa doa ŋusẽ mí. Ne míegblɔ Biblia me nyateƒea na amewo la, míaƒe dzi dzea eme eye dzi ɖoa mía ƒo, amewo ɖo to alo womeɖaɖo to o. (Lod. 11:25) Nɔvinyɔnu Stacy kpɔ ale si gbeadzisubɔsubɔdɔa doa ŋusẽ amee. Esi woɖe eƒe ƒometɔ aɖe le hamea mea, dzi ɖe le eƒo vevie eye wònɔ eɖokui biam be: ‘Ðe mewɔ tɔnye sinua hafia?’ Kuxia ŋu koe Stacy ƒe susu nɔna. Nu kae kpe ɖe eŋu wòdo dzi le nɔnɔme sia me? Gbeadzisubɔsubɔdɔae! Ne ele gbeƒãɖeɖedɔa wɔmaa, eƒe susu nɔa ale si wòakpe ɖe ame siwo le eƒe anyigbamamaa me la ŋu. Egblɔ be: “Le ɣeyiɣi ma mea, Yehowa nam Biblia nusrɔ̃vi aɖe si nɔ ŋgɔ yim kabakaba. Ema de dzi ƒo nam ale gbegbe. Nu si kpe ɖe ŋunye koŋue nye gbeadzisubɔsubɔdɔa.”

15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Mary ƒe nyawo me?

15 Nɔvi aɖewo ƒe nɔnɔmewo ana woase le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò me la, ke ɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe ŋuwò, ne èwɔa wò ŋutete katã. Gabu Mary ŋu kpɔ. Esi wòʋu yi hame aɖe si me wodoa dutagbe le me la, ekpɔe be yemegate ŋu nɔ geɖe wɔm o. Egblɔ be: “Hena ɣeyiɣi aɖea, nu si ko mete ŋu wɔnae nye be maɖo nya ŋu kpuie, axlẽ Ŋɔŋlɔ aɖe alo ana trakt ko le gbeadzi.” Esia na wòva nɔ sesem le eɖokui me be ame siwo se gbea nyuie la nyo wu ye. Ke hã, eva ɖɔ eƒe nuŋububu ɖo. Eva de dzesii be togbɔ be yemese gbea nyuie o hãa, Yehowa ate ŋu azã ye le subɔsubɔdɔa me. Egblɔ be: “Nyateƒe siwo le Biblia me la le bɔbɔe eye woate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woatrɔ woƒe agbenɔnɔ.”

16. Nu kae akpe ɖe ame siwo ƒe lãmesẽnyawo wɔe be wotsi aƒe me la ŋu?

16 Yehowa nya be mía dometɔ aɖewo di be yewoaɖe gbeƒã, gake dɔléle wɔe be wotsi aƒe me. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase na dɔnɔdzikpɔlawo. Ne míetsɔ nu siwo míete ŋu wɔna tsã le sɔsɔm kple esi wɔm míele fifia la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. Gake ne míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu fifia la, ado ŋusẽ mí míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me kple dzidzɔ.

17. Le Nyagblɔla 11:6 ƒe nya nua, nu ka tae wòle be míayi subɔsubɔdɔa dzi ne edze abe nu nyui aɖeke mele dodom tso eme fifia o ene hã?

17 Mímenya nyateƒea ƒe nuku siwo míeƒã la dometɔ kawoe amie eye woatsi o. (Xlẽ Nyagblɔla 11:6.) Le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Barbara si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ la, toa telefon kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi ɖia ɖase na amewo. Etsɔ March 1, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ si ƒe tanyae nye “Nu Tɔxɛ Si Mawu Wɔ Na Wò” la de eƒe lɛtawo dometɔ ɖeka me. Sigbeɖe atsu kple asi aɖe si woɖe le haa me ye xɔ lɛta ma. Woxlẽe-gaxlẽe. Ŋutsua se le eɖokui me be Yehowae nɔ nu ƒom na ye tẽe. Atsu kple asi sia, si woɖe le haa me ƒe 27 kple edzivɔ la, gate kpekpeawo dede eye wogava xɔ wo ɖe haa me ake. Bu ale si dzi anya dzɔ Barbara eye wòade dzi ƒo nɛ be nu nyui ma do tso yeƒe lɛta ɖeka ma me la ŋu kpɔ!

Yehowa toa (1) gbedodoɖa, (2) Biblia, (3) mía nɔvi Kristotɔwo, kple (4) subɔsubɔdɔa dzi doa ŋusẽ mí (Kpɔ memama 9-10, 12, 14 lia)

18. Nu kae míate ŋu awɔ be Mawu nado ŋusẽ mí?

18 Yehowa na nu vovovo siwo dzi wòate ŋu ato ado ŋusẽ mí la mí. Nu siawo dometɔ aɖewoe nye gbedodoɖa, Biblia, mía nɔvi Kristotɔwo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa. Ne míewɔ nu siawo ŋu dɔ la, ke míaɖee afia be míeka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu, eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu hã. Eya ta, mina míaɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo, si dina be ‘yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe ye ŋu kple woƒe dzi blibo,’ la ŋu ɣesiaɣi.—2 Kron. 16:9.

HADZIDZI 61 Miyi Ŋgɔ, Mi Ðasefowo!

^ mm. 5 Míele ɣeyiɣi sesẽwo me, gake Yehowa doa ŋusẽ mí be míado dzi. Le nyati sia mea, míadzro ale si Yehowa kpe ɖe apostolo Paulo kple Timoteo ŋu woyi edzi subɔe togbɔ be wonɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la me. Eye míadzro nu ene siwo Yehowa na mí siwo kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi egbea la me.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Esime wosika Paulo ɖe aƒe me le Roma la, eŋlɔ agbalẽwo na hamewo eye wòɖe gbeƒã nya nyuia na ame siwo va srãe kpɔ.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATA ME: Timoteo le dzi dem ƒo na nɔvi siwo le hamea me esi wòva srã wo kpɔ.