Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Aɖe Vi Na Mí

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Aɖe Vi Na Mí

“Yehowae naa nunya.”—LOD. 2:6.

HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae mí katã míehiã nunya si tso Mawu gbɔ? (Lododowo 4:7)

 ÐE NYAMETSOTSO vevi aɖe dze ŋgɔ wò kpɔa? Ðewohĩ èdo gbe ɖa bia nunya hafi tso nya me, eye esɔ nenema. (Yak. 1:5) Fia Salomo ŋlɔ bena: “Nunyae nye nu vevitɔ.” (Xlẽ Lododowo 4:7.) Menye nunya gbadzaa ŋue Salomo le nu ƒom tsoe o, ke boŋ nunya si tso Mawu gbɔ. (Lod. 2:6) Gake ɖe nunya si tso Mawu gbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le kuxi siwo míedoa goe egbea mea? Ɛ̃, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu abe ale si míava kpɔe le nyati sia me ene.

2. Nu kae míate ŋu awɔ be míadze nunya ŋutɔŋutɔ?

2 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míadze nunya ŋutɔŋutɔe nye be míasrɔ̃ nu tso ame eve aɖewo siwo si nunya geɖe su gbɔ. Ame gbãtɔe nye Salomo. Biblia gblɔ be: “Mawu na nunya kple nugɔmesese deto Salomo wòwu gbɔgblɔ.” (1 Fia. 4:29) Ame eveliae nye Yesu, si si nunya le wu ame sia ame si nɔ anyigba dzi kpɔ. (Mat. 12:42) Biblia gblɔ ɖi tso Yesu ŋu be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ . . . anɔ edzi.”—Yes. 11:2.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Mawu na nunya geɖe Salomo kple Yesu, eye ema wɔe be wote ŋu ɖo aɖaŋu nyuiwo. Le nyati sia mea, míakpɔ aɖaŋu siwo woɖo ku ɖe nu vevi etɔ̃ aɖewo ŋu. Woawoe nye ale si míebua ga, dɔwɔɖui kple mía ɖokui.

ALE SI MÍEBUA GA

4. Ðe nu bɔ ɖe Yesu si abe ale si wònɔ Salomo si enea? Ðe eme.

4 Kesinɔnuwo bɔ ɖe Salomo si eteƒe mekɔ o, eye enɔ aƒe nyui aɖe me le dziɖeɖi me. (1 Fia. 10:7, 14, 15) Gake nu mede Yesu ya dzi o, eye aƒe menɔ eya ŋutɔ si o. (Mat. 8:20) Ke hã, esi nunya si tso Yehowa Mawu gbɔe nɔ wo ame evea si taa, woda sɔ le ale si wobua nunɔamesiwoe me.

5. Aleke Salomo bu ga kple nunɔamesiwoe?

5 Salomo gblɔ be ga “kpɔa ame ta.” (Nyagb. 7:12) Ne ga le mía sia, míate ŋu aƒle nu siwo hiã mí kple nu siwo míedi. Ke hã togbɔ be nu geɖe nɔ Salomo si hã, ede dzesii be nanewo le vevie wu ga. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ bena: “Ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe.” (Lod. 22:1) Salomo de dzesii hã be, ame siwo lɔ̃a ga mekpɔa dzidzɔ ale o. (Nyagb. 5:10, 12) Eye exlɔ̃ nu mí be míagaɖo ŋu ɖe ga ŋu o, elabe enu va yina kaba.—Lod. 23:4, 5.

Ðe ale si míebua nunɔamesiwoe nana wòsesẽna na mí be míatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔa? (Kpɔ memama 6-7 lia) *

6. Aleke Yesu bu nunɔamesiwoe? (Mateo 6:31-33)

6 Susu si da sɔ nɔ Yesu si ɖe nunɔamesiwo ŋu. Eɖu nu, eye wòno nu. (Luka 19:2, 6, 7) Gbe ɖeka etrɔ tsi wòzu wain nyui; esiae nye eƒe nukunu gbãtɔ. (Yoh. 2:10, 11) Eye gbe si gbe wòkua, edo awu xɔasi aɖe. (Yoh. 19:23, 24) Gake Yesu mena nunɔamesiwo zu nu vevitɔ le eƒe agbe me o. Egblɔ na eyomedzelawo be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o . . . Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mat. 6:24) Yesu fia nu be ne míedia Fiaɖuƒea gbãa, Yehowa akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.—Xlẽ Mateo 6:31-33.

7. Esi nɔviŋutsu aɖe da sɔ le ale si wòbua gae me la, vi kae wòɖe nɛ?

7 Eɖe vi na nɔvi geɖe esi wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si ku ɖe ga ŋua dzi. Bu nɔviŋutsu Daniel, si nye tre, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Esi menɔ nye ƒewuiwo mea, meɖoe be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ nam le agbe me.” Esi Daniel nɔa agbe tsɛ taa, ezã eƒe ɣeyiɣi kple ŋutetewo tsɔ kpe asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔ vovovowo ŋu le teƒe siwo afɔku dzɔ le, eye wòsubɔ le Betel hã. Egblɔ be: “Mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be tiatia si mewɔ la mevem kpɔ o. Ele eme be, ne ɖe metsɔ ga ɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe mea, anye ne makpɔ ga geɖe hafi. Gake ga mate ŋu aƒle xɔlɔ̃ gbogbo siwo va su asinye la o. Eye ga mate ŋu aƒle dzidzɔ si gbegbe kpɔm mele esi metsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ o. Le nyateƒe mea, ga agbɔsɔsɔ aɖeke mate ŋu aƒle yayra siwo Yehowa nam la o.” Edze ƒãa be, aɖe vi na mí ŋutɔ ne míetsɔ susu ɖo Yehowa subɔsubɔ ŋu, ke menye ga ŋu o.

ALE SI MÍEBUA DƆWƆÐUI

8. Aleke míewɔ nya be susu si da sɔ nɔ Salomo si ɖe dɔ ŋu? (Nyagblɔla 5:18, 19)

8 Salomo gblɔ be dzidzɔ si míakpɔ tso dɔ sesẽ wɔwɔ me nye ‘Mawu ƒe nunana.’ (Xlẽ Nyagblɔla 5:18, 19.) Salomo ŋlɔ bena: “Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.” (Lod. 14:23) Enya nya si gblɔm wòle, elabe eya ŋutɔ hã lɔ̃ dɔwɔwɔ. Etu xɔwo, de waingblewo, tso abɔwo, eye wòɖe tsitawo. Etso duwo gɔ̃ hã. (1 Fia. 9:19; Nyagb. 2:4-6) Salomo wɔ dɔ sesẽ mawo, eye ɖikeke mele eme o be wodo dzidzɔ nɛ. Gake Salomo nyae be nu mawo mate ŋu ana yeakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ o. Eya ta ewɔ dɔ geɖe na Yehowa hã. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ dzeania tutu dɔ dzi—dɔ ma xɔ ƒe adre sɔŋ! (1 Fia. 6:38; 9:1) Esi Salomo gbla ɖe ŋutilãmedɔwo kple Yehowa ƒe dɔwo ŋu wɔ vɔa, ede dzesii be Yehowa ƒe dɔwo le vevie wu. Eŋlɔ bena: “Nyawo katã ƒe taƒonyae nye be: Vɔ̃ Mawu vavã la, eye nàlé eƒe sewo me ɖe asi.”—Nyagb. 12:13.

9. Aleke Yesu da sɔ le dɔwɔɖui gome?

9 Yesu hã lɔ̃ dɔwɔwɔ. Esi wònye ɖekakpuia, enye atikpala. (Marko 6:3) Eye anya dzɔ dzi na edzilawo be eya hã wɔ dɔ tsɔ kpe asi ɖe woƒe ƒome gãa ŋu. Esi Yesu de blibo taa, eƒe dɔwo nyo, eye asisi geɖewo anya nɔ esi! Yesu anya kpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔ ŋu ŋutɔ. Ke hã, menye ŋutilãmedɔwo koe Yesu wɔ o, ke edi ɣeyiɣi ɖe Yehowa subɔsubɔ hã ŋu. (Yoh. 7:15) Emegbe esi wòva tsɔ nyanyuigbɔgblɔ ɖo dɔ koŋua, eɖo aɖaŋu na eƒe nyaselawo be: “Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ . . . la ta.” (Yoh. 6:27) Eye egblɔ le Todzimawunyaa me be: “Miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo.”—Mat. 6:20.

Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míada asɔ le dɔwɔɖuia ŋu ale be míakpɔ vovo ɖe Yehowa subɔsubɔ hã ŋu? (Kpɔ memama 10-11 lia) *

10. Kuxi kawoe ame aɖewo ate ŋu ado goe le dɔ me?

10 Nunya si tso Mawu gbɔ akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le ale si míebua dɔwɔɖuiae me. Biblia de dzi ƒo na mí Kristotɔwo be ‘míawɔ dɔ sesẽ, awɔ dɔ nyui.’ (Ef. 4:28) Ne míetoa nyateƒe le dɔ me, eye míeléa fɔ ɖe dɔ ŋua, míaƒe dɔtɔ ate ŋu ade dzesii, eye wòakafu mí ɖe eta. Ne míekpɔ nyuie o la, míava nɔ dɔ wɔm gaƒoƒo geɖe, ale be míaƒe dɔtɔa nakpɔe be mí Yehowa Ðasefowo míeléa fɔ ɖe dɔ ŋu. Gake esia ate ŋu awɔe be míava kpɔ ɣeyiɣi na míaƒe ƒomea kple Yehowa subɔsubɔ o. Eya ta ehiã be míada asɔ.

11. Nu kae William srɔ̃ tso ale si hamemetsitsi aɖe da sɔ le dɔwɔɖui gomea me?

11 Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye William de dzesi ale si hamemetsitsi aɖe si nye eƒe dɔtɔ va yi la da sɔ le dɔwɔɖui kple Yehowa subɔsubɔ me. William gblɔ be: “[Nɔvia] nya ale si woada asɔ ŋutɔ. Ewɔa dɔ nyuie, eye ema wɔe be eya kple eƒe asisiwo dome le nyuie. Gake ne enya kpã le dɔ me koa, eɖea susu ɖa le dɔ ŋu eye wòtrɔa susu ɖe eƒe ƒomea kple Yehowa subɔsubɔ ŋu. Gake mènya o ɖe? Ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ!” *

ALE SI MÍEBUA MÍA ÐOKUI

12. Aleke Salomo ɖee fia le gɔmedzedzea me be susu si da sɔ le ye si ku ɖe ye ɖokui ŋu, gake nu kae va dzɔ emegbe?

12 Esi Salomo nɔ nuteƒe wɔm na Yehowa la, eda sɔ le ale si wòbua eɖokuii me. Esime wònye ɖekakpuia, ede dzesi afi si eƒe ŋutetewo se ɖo, eye wòbia mɔfiame tso Yehowa gbɔ. (1 Fia. 3:7-9) Esi Salomo te fiaɖuɖu tetia, enya be dada ate ŋu agblẽ nu. Eŋlɔ bena: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.” (Lod. 16:18) Gake nublanuitɔea, Salomo meva wɔ ɖe aɖaŋu si eya ŋutɔ ɖoa dzi o. Ɣeyiɣi aɖe megbea, dada wɔe be wòva ŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe se aɖe gblɔ be Israel-fia “megaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatra mɔ o.” (5 Mose 17:17) Salomo ŋe aɖaba ƒu se ma dzi, eɖe srɔ̃ 700, eye wòdze ahiã 300! Nyɔnu mawo dometɔ geɖe nye trɔ̃subɔlawo. (1 Fia. 11:1-3) Ðewohĩ Salomo susui be ema magblẽ naneke le ye ŋu o. Aleke kee wònɔ o, ɣeyiɣi aɖe megbea, Salomo ŋutɔ va kpɔ eƒe tomaɖomaɖoa me tsonu.—1 Fia. 11:9-13.

13. Aleke Yesu ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

13 Yesu bɔbɔ eɖokui, eye wòda sɔ le ale si wòbua eɖokui me. Hafi wòava anyigba dzia, ewɔ dɔ geɖe na Yehowa. Biblia gblɔ be Yesu dzie woto “wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi.” (Kol. 1:16) Anɔ eme be le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣia, eɖo ŋku nu siwo katã wòwɔ esime wònɔ Fofoa gbɔa dzi. (Mat. 3:16; Yoh. 17:5) Gake nu mawo katã mena Yesu va nɔ eɖokui dom ɖe dzi alo va susu be yenyo wu ame bubuwo o. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yemeva “be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ eye yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe na ame geɖewo.” (Mat. 20:28) Yesu lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe hã be, yemate ŋu awɔ naneke le ye ɖokui si o. (Yoh. 5:19) Ðokuibɔbɔ gã ka gbegbee nye esi Yesu ɖe fia! Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí.

14. Aleke nya si Yesu gblɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu susu nyui nanɔ mía si ɖe mía ɖokui ŋu?

14 Yesu fia eyomedzelawo be susu nyui nanɔ wo si ku ɖe wo ɖokuiwo ŋu. Gbe ɖeka egblɔ na wo be: “Woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã.” (Mat. 10:30) Nya mawo faa akɔ na mí ŋutɔ, vevietɔ ne ewɔna na mí be míele ɖeke me o. Yesu ƒe nyawo fia be mía Fofo si le dziƒo la tsɔa ɖe le eme na mí, eye míexɔ asi nɛ. Esi Yehowa bu mí be míedze asubɔ ye, eye míava nɔ agbe le xexe yeyea me taa, mele be míake ɖi alo asusu be míele vevie nɛ o.

Ne míebua mía ɖokuiwo ŋu fũu akpa la, mɔnukpɔkpɔ kple yayra kawoe ate ŋu ato mía ŋu? (Kpɔ memama 15 lia) *

15. (a) Susu si da sɔ kae Gbetakpɔxɔ aɖe de dzi ƒo be wòanɔ mía si ku ɖe mía ɖokuiwo ŋu? (b) Abe ale si wòdze le foto siwo le axa 24 lia me enea, ne míetsɔ susu ɖo mía ɖokui ŋu fũu akpaa, yayra kawoe ato mía ŋu?

15 Ƒe 15 aɖewo va yia, Gbetakpɔxɔ aɖe de dzi ƒo na mí be míana susu nyui nanɔ mía si ku ɖe mía ɖokuiwo ŋu. Egblɔ be: “Le nyateƒe mea, míadi be míabu mía ɖokui ŋu kakaka ahayi dadalawo zu ge o; eye míadi hã be míaɖe mía ɖokui dzi akpɔtɔ kakaka ahasusui be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. Ke boŋ, ele be wòanye míaƒe tameɖoɖo be míatu [susu si da sɔ ɖo ku ɖe mía ɖokui ŋu, ale be] míanya míaƒe agbagbadzedzewo kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo siaa. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔe ale: ‘Nyemegblẽ nenema gbegbe o, eye menye ɖe menyo kakaka hã nenema gbegbe o. Nyuiƒewo kple gbegblẽƒewo siaa le ŋunye abe ame bubu ɖe sia ɖe ke ene.’” * Edze ƒãa be aɖe vi na mí ŋutɔ ne susu si da sɔ le mía si ku ɖe mía ɖokui ŋu.

16. Nu ka tae Yehowa ɖo aɖaŋu nyuiwo na mí?

16 Yehowa toa eƒe Nyaa dzi ɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí. Elɔ̃ mí, eye edi be míakpɔ dzidzɔ. (Yes. 48:17, 18) Tiatia nyuitɔ si míate ŋu awɔ le agbe me, si ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔe nye be míawɔ nu si ado dzidzɔ na Yehowa. Esia awɔe be míaƒo asa na kuxi siwo vaa ame siwo tsɔa woƒe susu katã ɖoa ga, dɔwɔɖuia kple wo ɖokuiwo ŋua dzi. Mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míadze nunya, eye míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Lod. 23:15.

HADZIDZI 94 Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nya La Ta

^ Yehowa Mawu na nunya geɖe Salomo kple Yesu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wo ame evea siaa woɖo aɖaŋu ku ɖe ale si míabu ga, dɔwɔɖui kple mía ɖokui ŋu. Le nyati sia mea, míadzro woƒe aɖaŋuɖoɖoawo me. Azɔ hã, míakpɔ ale si nɔvi aɖewo wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi kple ale si wòɖe vi na wo.

^ Kpɔ nyati si nye “Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ,” le February 1, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ Kpɔ nyati si nye “Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ,” le August 1, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu John kple Tom nye ɖekakpuiwo le hame ɖeka me. John zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ léa be na eƒe ʋua, gake Tom ya zãa eƒe ʋua tsɔ kɔa nɔviwo yia gbeadzi kple hame ƒe kpekpewo.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: John vu ɖe dɔ ŋu le wɔwɔm ʋuu zã do. Edi be yeƒe nu nadze yeƒe dɔtɔ ŋu. Eya ta ɣesiaɣi si dɔtɔa bia tso esi be wòawɔ dɔ ʋuu zã nadoa, elɔ̃na ɖe edzi. Fiẽ ma ke mea, Tom, si nye subɔsubɔdɔwɔla, kpe ɖe hamemetsitsi aɖe ŋu wova srã nɔvi aɖe kpɔ. Do ŋgɔa, Tom ɖe eme na eƒe dɔtɔ be yemate ŋu awɔ dɔ fiẽsiwo o, elabe yezãa ɣeyiɣi mawo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: John ƒe susu katã le eɖokui ŋu, gake Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na Tom ya. Ema wɔe be Tom dze xɔlɔ̃ geɖe esime wònɔ asi kpem ɖe Takpexɔ dzadzraɖodɔ aɖe ŋu.