Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 23

Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa

Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa

“Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—MAT. 22:37.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kawoe wɔnɛ be míegava sea Ŋɔŋlɔ aɖewo gɔme nyuie wu?

 ÈDE Kristotɔ aɖe ƒe srɔ̃ɖeƒe kpɔa? Zi geɖea, hamemetsitsi aɖe xlẽa mawunyakpukpui aɖewo, siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu tsɔ dea dzi ƒo na srɔ̃tɔ yeyeawo. Togbɔ be srɔ̃tɔ yeyeawo se mawunyakpukpui mawo kpɔ hã, tso gbe ma gbe dzia, wogava sea kpukpui mawo gɔme nyuie wu, eye wodea asixɔxɔ wo ŋu. Nu ka tae? Elabe fifia wozu srɔ̃tɔwo.

2 Nenema kee wòdzɔna ne srɔ̃tɔ Kristotɔwo dzi vi. Togbɔ be woanya se aɖaŋuɖoɖo geɖe ku ɖe vihehe ŋu va yi hã, fifia woagase aɖaŋuɖoɖo mawo gɔme nyuie wu, eye woade asixɔxɔ wo ŋu. Nu ka tae? Elabe fifia wozu dzilawo. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye ema! Eme kɔ ƒãa be nɔnɔme si me míele nana míegasea Biblia ƒe mɔfiame aɖewo gɔme nyuie wu. Esia nye susu vevi aɖe si tae Yehowa ƒe amewo xlẽa Ŋɔŋlɔawo gbe sia gbe, eye wodea ŋugble le wo ŋu le woƒe “agbemeŋkekewo katã me,” abe ale si wode se na Israel-fiawo ene.—5 Mose 17:19.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Dzilawo, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe su mia si be miafia nu mia viwo tso Yehowa ŋu. Esia mefia be miafia nyateƒenya aɖewo wo tso Mawu ŋu ko o, ke boŋ ebia be miakpe ɖe wo ŋu woava lɔ̃e vevie. Aleke miate ŋu awɔ esiae? Le nyati sia mea, míadzro Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ene siwo akpe ɖe mia ŋu la me. (2 Tim. 3:16) Azɔ hã, míakpɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi wɔwɔ ɖe vi na dzila Kristotɔ aɖewo.

BIBLIA ƑE AÐAŊUÐOÐO ENE SIWO AKPE ÐE DZILAWO ŊU

Dzilawo, ne miena Yehowa fiaa mɔ mi eye mieɖoa kpɔɖeŋu nyuia, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe mia viwo dzi? (Kpɔ memama 4, 8 lia)

4. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woakpe ɖe wo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa tso dzi me? (Yakobo 1:5)

4 Aɖaŋuɖoɖo 1: Na Yehowa nafia mɔ wò. Bia Yehowa be wòana nunya si hiã la wò be nàte ŋu ahe viwòwo nyuie be woava lɔ̃e. (Xlẽ Yakobo 1:5.) Yehowae nye Ame si dze nyuie wu aɖo aɖaŋu na mí le nya sia me. Nu ka tae? Bu susu eve ko ŋu kpɔ. Gbãtɔ, Yehowae nye Dzila si kpɔ nuteƒe wu dzila ɖe sia ɖe. (Ps. 36:9) Evelia, eƒe mɔfiamewo ɖea vi ɣesiaɣi.—Yes. 48:17.

5. (a) Nu kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa na dzilawo be wòakpe ɖe wo ŋu? (b) Esi nèkpɔ video si wofia asii le etenuŋɔŋlɔa me vɔa, nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Amorim he wo viwoe me?

5 Yehowa to eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa dzi na mɔfiame geɖe dzilawo be wòakpe ɖe wo ŋu woahe wo viwo be woalɔ̃ ye. (Mat. 24:45) Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le nyati siwo ƒe tanyae nye “Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu” me. Nyati mawo dze le Nyɔ! magazinea ƒe tata aɖewo me ƒe aɖewo va yi, eye fifia àkpɔ wo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Nenema kee gbebiame video kple wɔwɔfia video geɖewo le jw.org, siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ne wole wo viwo hem. *Lod. 2:4-6.

6. Aleke vifofo aɖe se le eɖokui me tso mɔfiame siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na dzilawo ŋu?

6 Dzila geɖe da akpe ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi na wo ta. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Joe gblɔ be: “Vi etɔ̃e le mía si. Wo hehe le nyateƒea me mele bɔbɔe kura o. Nye kple srɔ̃nye míedoa gbe ɖa ɣesiaɣi be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu. Míede dzesii enuenu be ɣeyiɣi si tututu míedo go kuxi aɖea, míekpɔa nyati aɖe alo video aɖe si kpena ɖe mía ŋu. Esia na míekpɔe be Yehowae le kpekpem ɖe mía ŋu.” Joe kple srɔ̃a wokpɔe be dɔwɔnu nyui siawo, siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na mía le kpekpem ɖe yewo viwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu.

7. Nu ka tae wòle vevie be dzilawo nadze agbagba aɖo kpɔɖeŋu nyui? (Romatɔwo 2:21)

7 Aɖaŋuɖoɖo 2 lia: Ðo kpɔɖeŋu nyui. Ðeviwo léa ŋku ɖe wo dzilawo ŋu, eye wosrɔ̃a nu siwo wowɔna. Ele eme be dzila aɖeke mede blibo o ya. (Rom. 3:23) Ke hã, dzila nyuiwo dzea agbagba be yewoaɖo kpɔɖeŋu nyui na yewo viwo. (Xlẽ Romatɔwo 2:21.) Vifofo aɖe gblɔ be: “Ðeviwo le abe papahũ si lɔa tsi ɖe sia ɖe ƒomevi si me wodee ene. Eya ta ne míawo ŋutɔwo míewɔna ɖe nya siwo míegblɔna dzi oa, ɖeviawo ade dzesii.” Edze ƒãa be ne míedi be mía viwo nalɔ̃ Yehowa la, ele be míawo ŋutɔwo míaɖee afia be míelɔ̃e vevie tso dzi me.

8-9. Nu kawoe nèsrɔ̃ tso Nɔviŋutsu Andrew kple Nɔvinyɔnu Emma ƒe nyawo me?

8 Mɔ geɖe li, siwo dzi dzilawo ate ŋu ato afia wo viwo be woalɔ̃ Yehowa. Andrew, si xɔ ƒe 17, gblɔ be: “Tso keke ɖevime kee dzinyelawo fiam be ele vevie be manɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi. Papa doa gbe ɖa kplim fiẽ sia fiẽ. Ne nye ŋutɔ medo gbe ɖa xoxo hã, egadonɛ ɖa kplim. Wogblɔna na nye kple nɔvinye enuenu be: ‘Miate ŋu aƒo nu na Yehowa zi gbɔ zi ale si miedi le ŋkekea me.’ Ale si dzinyelawo te gbe ɖe ale si gbedodoɖa le vevie dzia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ewɔe be fifia, mebua Yehowa be enye Fofonye si lɔ̃m, eye meɖea dzi ɖi doa gbe ɖa nɛ faa.” Dzilawo, miɖo ŋku edzi be ale si gbegbe mielɔ̃ Yehowae ate ŋu awɔ dɔ ɖe mia viwo dzi be woawo hã nava lɔ̃e.

9 Bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Emma hã ŋu kpɔ. Tɔa ɖu fe gbogbo aɖe le amewo si, eye wòsi dzo gblẽ ƒomea ɖi. Eva hiã be nɔa nawɔ dɔ axe fe mawo. Emma gblɔ be: “Edzɔ zi geɖe be ga vɔ le mía si, gake nɔnye ƒoa nu nyui tso Yehowa kple ale si wòléa be na esubɔlawoe ŋu ɣesiaɣi. Eye eƒe nuwɔnawo ɖee fia be exɔ Yehowa dzi se bliboe. Ɛ̃, Dada wɔna ɖe nu siwo wòfiaa mí dzi.” Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Eyae nye be, ne dzilawo le nɔnɔme sesẽwo me tom hãa, woate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo viwo.—Gal. 6:9.

10. Mɔnukpɔkpɔ kawoe su dzila siwo nɔ Israel si be woaɖo dze kple wo viwo? (5 Mose 6:6, 7)

10 Aɖaŋuɖoɖo 3 lia: Ðo dze kple viwòwo edziedzi. Yehowa de se na blema Israel-viwo be woanɔ nu fiam wo viwo. (Xlẽ 5 Mose 6:6, 7.) Dzila mawo ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ geɖe ŋu dɔ le ŋkekea me atsɔ aɖo dze kple wo viwo, eye woakpe ɖe wo ŋu be woalɔ̃ Yehowa tso dzi me. Le kpɔɖeŋu me, ne Israel ŋutsu aɖe kplɔ viaŋutsu woyi agblea, woate ŋu azã gaƒoƒo gbogbo aɖewo atsɔ aɖo dze. Nenema kee ne Israel nyɔnu aɖe le dɔ wɔm kple vianyɔnuvi le aƒe mea, woate ŋu akpɔ gaƒoƒo geɖe aɖo dze. Nya lae nye be, ne dzilawo le dɔ wɔm kple wo viwo ɖekaea, woate ŋu aɖo dze tso nu vevi geɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aƒo nu tso ale si Yehowa le kpekpem ɖe woƒe ƒomea ŋu kple nu bubu siwo wɔm wòle na woa ŋu.

11. Mɔnukpɔkpɔ ka ŋu dɔe dzila Kristotɔwo ate ŋu awɔ aɖo dze kple wo viwo?

11 Gake nuwo megale nenema egbea o. Le dukɔ geɖe mea, dzilawo yia dɔ me, eye ɖeviwo hã yia suku. Esi dzilawo menɔa wo viwo gbɔ ŋkeke bliboa o ta, ehiã be woadi ɣeyiɣi be woate ŋu aɖo dze kple wo viwo. (Ef. 5:15, 16; Fil. 1:10) Ƒometadedeagu nyea mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na dzilawo be woawɔ esia. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Alexander gblɔ be: “Tɔnye mefena kple ƒometadedeagu kura o, elabe enaa mɔnukpɔkpɔ ƒome bliboa be míanɔ du. Ne míesrɔ̃ nua vɔa, míeɖea dzi ɖi ɖoa dze.”

12. Ne miele ƒometadedeagu wɔma, nu kae wòle be wòanɔ susu me na ƒome ƒe taa?

12 Ne ènye ƒome ƒe taa, nu kae nàte ŋu awɔ be ƒometadedeagua nado dzidzɔ na viwòwo? Àte ŋu asrɔ̃ agbalẽ yeye si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! kpli wo. Wotrɔ asi le agbalẽ ma ŋu be wòanɔ bɔbɔe be Biblia fialaa nate ŋu aɖo dze kple Biblia srɔ̃laa. Esi nèdi be viwòwo nalɔ̃ faa agblɔ woƒe dzimenyawo na wò taa, mègazã ƒometadedeagu ƒe ɣeyiɣia be yeatsɔ agbe nya na wo alo aɖɔ wo ɖo o. Eye ne viwò gblɔ nya aɖe si mewɔ ɖeka kple Biblia oa, mègado dziku ɖe eŋu o. Ke boŋ nedzɔ dzi na wò be eto nyateƒe na wò, eye meɣla nyaa ɖe wò o, eye nàde dzi ƒo nɛ be wòanɔ eƒe dzimenyawo gblɔm na wò faa. Esia le vevie ŋutɔ elabe ne ènya ale si tututu viwòwo le sesem le wo ɖokui me ko hafi nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu.

Aleke dzilawo ate ŋu azã Yehowa ƒe nuwɔwɔwo atsɔ afia nu wo viwo tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu? (Kpɔ memama 13 lia)

13. Mɔnukpɔkpɔ bubu kawo ŋu dɔe dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woate ɖe Yehowa ŋu?

13 Dzilawo, midze agbagba miawɔ mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ le ŋkekea me be miakpe ɖe mia viwo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu. Mehiã be mialala ɣeyiɣi nade be miasrɔ̃ Biblia kpli wo hafi miafia nu wo tso mía Mawu lɔ̃amea ŋu o. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Lisa gblɔ be: “Míezãa Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo ƒo xlã mí tsɔ fiaa nu mía viwo tso Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe avua wɔ nane si do nukokoe na ɖeviawoa, míegblɔna na wo be ema ɖee fia be Yehowa nye dzidzɔ ƒe Mawu, eye ewɔ nu siawo katã na mí be woado dzidzɔ na mí.”

Dzilawo, ɖe mienya mia viwo xɔlɔ̃woa? (Kpɔ memama 14 lia) *

14. Nu ka tae wòle vevie be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woadze xɔlɔ̃ nyuiwo? (Lododowo 13:20)

14 Aɖaŋuɖoɖo 4 lia: Kpe ɖe viwòwo ŋu woadze xɔlɔ̃ nyuiwo. Mawu ƒe Nyaa ɖee fia be, mía xɔlɔ̃wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. (Xlẽ Lododowo 13:20.) Dzilawo, ɖe mienya mia viwo xɔlɔ̃woa? Miedo go wo kpɔ, eye mieɖo dze kpli wo kpɔa? Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woadze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa? (1 Kor. 15:33) Mɔ ɖekae nye be nàkpe ame siwo doa vevie Yehowa subɔsubɔ be woava wɔ ɖeka kple miaƒe ƒomea miawɔ nanewo ɖekae.—Ps. 119:63.

15. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woadze xɔlɔ̃ nyuiwo?

15 Bu vifofo aɖe si ŋkɔe nye Tony ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eya kple srɔ̃a wokpe ɖe wo viwo ŋu wodze xɔlɔ̃ nyuiwo. Egblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míekpea nɔvi vovovowo, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, vaa mía ƒe me. Ne wovaa, míeɖua nu ɖekae, eye míewɔa ƒometadedeagu ɖekae. Míewɔ esia ƒe geɖe, eye ena mɔnukpɔkpɔ mí míeva nya nɔvi geɖe siwo lɔ̃ Yehowa eye wole esubɔm kple dzidzɔ. Míekpe nutome sue dzi kpɔlawo kple dutanyanyuigblɔlawo wova dze mía ƒe me. Nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si, dzo si le wo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu kple woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía viwo dzi, eye wòkpe ɖe wo ŋu wote ɖe Yehowa ŋu.” Dzilawo, miɖoe kplikpaa miakpe ɖe mia viwo ŋu woadze xɔlɔ̃ nyuiwo.

MƆKPƆKPƆ MEGABU ÐE WÒ O!

16. Nu kae nàwɔ ne viwò gblɔ be yemagasubɔ Yehowa o?

16 Ke ne èdze agbagba wɔ tɔwò sinua, gake viwòwo dometɔ ɖeka gblɔ be yemedi be yeagayi edzi asubɔ Yehowa o ɖe? Megawɔ na wò be yedo kpo nu o. Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe be míatiae nenye be míasubɔ ye loo alo míasubɔ ye o, eye viwòa hã le eme. Ne viwò gblɔ be yemegadi be yeasubɔ Yehowa oa, mɔkpɔkpɔ megabu ɖe wò o. Agate ŋu atrɔ agbɔ gbe ɖeka. Ðo ŋku vi búbu la dzi. (Luka 15:11-19, 22-24) Ðevia tra ɖa tso mɔ dzɔdzɔea dzi, gake emegbea, etrɔ gbɔ. Gake ame aɖewo agblɔ be: “Kpɔɖeŋu ko wònyee. Ðe wòate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔa?” Ɛ̃, ate ŋu adzɔ! Le nyateƒe mea, nenemae wòdzɔ ɖe ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Elie dzi.

17. Aleke Elie ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na wòe?

17 Elie gblɔ tso edzilawo ŋu be: “Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa kple eƒe Nya, Biblia la, ɖe menye. Gake medze aglã esi menɔ nye ƒewuiwo me.” Elie va nɔ agbe eve nɔm, eye togbɔ be edzilawo dze agbagba ɖe sia ɖe be yewoakpe ɖe eŋu wòayi edzi asubɔ Yehowa hãa, medze edzi o. Eva ʋu le aƒe me, eye wòƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me. Togbɔ be enɔ alea hã, eɖoa Biblia me dzewo na exɔlɔ̃ aɖe. Elie gblɔ be: “Zi ale si mele nu ƒom tso Yehowa ŋu na xɔ̃nyea la, zi nenemae nye ŋutɔ hã meva nɔa Yehowa ŋu bum. Vivivi la, Biblia me nyateƒe siwo dzinyelawo ku kutri ƒã ɖe dzi me nam tso nye ɖevime ke la va nɔ dɔ wɔm ɖe dzinye.” Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Elie trɔ va nyateƒea me. * Kpɔ ale si edzilawo akpɔ dzidzɔe be yewokpe ɖe eŋu tso eƒe ɖevime be wòalɔ̃ Yehowae ɖa!—2 Tim. 3:14, 15.

18. Nya kae nàgblɔ tso dzila siwo le agbagba dzem be yewoahe yewo viwo woava lɔ̃ Yehowa ŋu?

18 Dzilawo, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ gã aɖe mi be miahe mia viwo woatsi ava nye ye subɔlawo. (Ps. 78:4-6) Menye dɔ vie dɔ ma nye o. Eya ta míekafu mi ɖe agbagba siwo katã dzem miele be yewoahe ye viwo woava subɔ Yehowa ta! Ne miewɔ miaƒe ŋutete katã be miahe mia viwo woava lɔ̃ Yehowa eye woaɖo toea, miate ŋu aka ɖe edzi be, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la akpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu.—Ef. 6:4.

HADZIDZI 135 Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

^ Dzila Kristotɔwo lɔ̃ wo viwo vevie. Wodzea agbagba be yewoakpɔ wo dzi nyuie, eye yewoakpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzɔ. Gake woƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa. Le nyati sia mea, míadzro Biblia me aɖaŋuɖoɖo ene siwo akpe ɖe dzilawo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ la me.

^ Kpɔ video si nye Yehowa Fia Ale Si Míahe Mía Viwoe Mí, si le jw.org.

^ Kpɔ nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” le April 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Vifofo aɖe le asibɔl ƒom kple via kpakple via xɔlɔ̃, kple susu be yeava nya ye via xɔlɔ̃a nyuie.