Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Ale Si Wòka Wò Egbea

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Ale Si Wòka Wò Egbea

“Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo sesĩe.”—NYAÐ. 1:3.

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

NYA VEVIAWO *

1-2. Susu vevi ka tae wòle be Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nanɔ vevie na mí?

 ÐE NÈVA srã ame aɖe kpɔ, eye wòtsɔ eƒe fotowo na wò be nàkpɔ eme kpɔa? Esi nènɔ fotoawo me tsam la, èkpɔe be yemenya ame siwo le fotoa me dometɔ geɖe o. Gake wò ŋku kli foto bubu aɖe, eye nètɔ sẽe lé ŋku ɖe eŋu. Nu ka tae? Elabe èle foto ma me. Esi nènɔ ŋku lém ɖe eŋua, èdze agbagba be yeaɖo ŋku ŋkeke si mieɖe fotoa kple afi si mieɖee lea dzi. Ègalé ŋku ɖe eŋu nyuie be yeakpɔ ame siwo katã le fotoa me adze sii hã. Foto ma anɔ vevie na wò etɔxɛe.

2 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa le abe foto ma ene. Nu ka tae? Le susu eve aɖewo ya teti ta. Gbã, míawoe woŋlɔ Biblia-gbalẽ sia na. Kpukpui gbãtɔ gblɔ be: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia si Mawu tsɔ nae be wòaɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la afia eƒe kluviwo.” (Nyaɖ. 1:1) Eya ta mí mawusubɔla ɖeadzɔgbewoe woŋlɔ agbalẽa na, ke menye amewo katã o. Esi míenye Mawu ƒe amewo taa, mewɔa nuku na mí ne míeva de dzesii be míele akpa vevi aɖe wɔm be nyagblɔɖi siwo le agbalẽ dodzidzɔname sia mea nava eme o. Eya ta ne míagblɔea, ne míele Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa xlẽma, míekpɔa mía ɖokuiwo le fotoa me, elabe eka mí.

3-4. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe nya nua, ɣekaɣie nyagblɔɖiawo ava eme, eye nu kae wòle be wòaʋã mía dometɔ ɖe sia ɖe míawɔ?

3 Susu vevi evelia si tae wòle be wòanɔ vevie na mí ye nye ɣeyiɣi si nyagblɔɖiawo ava eme. Apostolo Yohanes gblɔ ɣeyiɣi si me woava eme. Egblɔ be: “Gbɔgbɔ la kplɔm yi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la me.” (Nyaɖ. 1:10) Esime Yohanes ŋlɔ nya mawo le ƒe 96 K.Ŋ. mea, “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la” ganɔ ŋgɔ ʋĩi. (Mat. 25:14, 19; Luka 19:12) Gake Biblia me nyagblɔɖiwo na míekpɔe be, ŋkeke ma dze egɔme le ƒe 1914 me, esime woɖo Yesu Fia le dziƒo. Tso ƒe ma mea, nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la te emevava. Ne míagblɔea, “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la” mee míele fifia!

4 Esi míawoe le agbe le ɣeyiɣi ɖedzesi siawo me taa, ahiã be míagalé to ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Nyaɖeɖefia 1:3 ŋu etɔxɛe. Afi ma gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo sesĩe kple ame siwo sea wo, eye woléa nu siwo woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, elabena ɣeyiɣi ɖoɖi la tu aƒe.” Nyateƒee, ele be ‘míaxlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo sesĩe,’ ale be ‘míase wo, eye míalé wo me ɖe asi.’ Nyagblɔɖi sia me nya siwo dzi wòle be míawɔ ɖo dometɔ aɖewo ɖe?

LÉ ŊKU ÐE WÒ SUBƆSUBƆ ŊU NÀKPƆE ÐA BE EDZEA YEHOWA ŊU HÃ

5. Aleke Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be ele vevie be míana míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu?

5 Tso Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ koa, míekpɔe be Yesu nya nu siwo katã le edzi yim le hameawo me. (Nyaɖ. 1:12-16, 20; 2:1) Gbedeasi si Yesu na woŋlɔ ɖo ɖe hame adre siwo le Asia Suea ɖee fia be enya nu siwo le edzi yim. Le gbedeasi mawo mea, ena mɔfiame ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo, siwo akpe ɖe wo ŋu woƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu. Eye gbedeasi mawo yi na Mawu ƒe amewo egbea hã. Nu kae esia fia mí? Eyae nye be míaƒe Kplɔla, Kristo Yesu, nya ne mí kple Yehowa dome le nyuie alo mele nyuie o. Eyae kplɔa mí, eye wòkpɔa mía ta. Eya ta naneke mele ɣaɣla ɖee o. Enya nu siwo wòle be míawɔ be míaƒe nu nayi edzi adze Yehowa ŋu. Mɔfiame kae Yesu na si dzi wòle be míawɔ ɖo egbea?

6. (a) Le Yesu ƒe nya siwo dze le Nyaɖeɖefia 2:3, 4 nua, kuxi kae nɔ Efeso hamea ŋu? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me?

6 Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:3, 4. Mele be míana lɔlɔ̃ si nɔ mía si na Yehowa le gɔmedzedzea nu natsi o. Gbedeasi si Yesu ɖo ɖe hame si le Efeso ɖee fia be, wodo dzi, eye woyi edzi subɔ Yehowa le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Togbɔ be ele alea hãa, wogblẽ lɔlɔ̃ si nɔ wo si le gɔmedzedzea me ɖi. Ne womegbugbɔ tu lɔlɔ̃ ma ɖo oa, woƒe subɔsubɔ madze Yehowa ŋu o. Nenema kee egbea hãa, menye dzi ko míado ko evɔ o. Ele be susu nyuitɔ naʋã mí. Menye nu siwo míewɔna koe le vevie na Yehowa o, ke nu si tae míewɔnɛ hãe. Elabena edi be míasubɔ ye le esi míelɔ̃ ye, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo yewɔ na mí ŋu ta.—Lod. 16:2; Marko 12:29, 30.

7. (a) Abe ale si wòdze le Nyaɖeɖefia 3:1-3 enea, kuxi kae Yesu de dzesi le Sardes hamea ŋu? (b) Nu kae wòle be míawɔ?

7 Xlẽ Nyaɖeɖefia 3:1-3. Ele be míayi edzi anɔ ŋudzɔ. Kuxi bubu kurae nɔ Sardes hamea ŋu. Togbɔ be wodo vevie mawusubɔsubɔ va yi hãa, wova nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Eya ta Yesu gblɔ na wo be ‘woanyɔ.’ Nuxlɔ̃ame kae le esia me na mí? Ele eme be Yehowa maŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔwo be o. (Heb. 6:10) Ke hã, mele be míasusu be esi míele Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia taa, megahiã be míado vevie nu fifia o. Togbɔ be nɔnɔme aɖewo awɔe be míagate ŋu awɔ geɖe abe tsã ene o hãa, ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã “le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me,” eye míayi edzi anɔ ŋudzɔ va se ɖe nuwuwu.—1 Kor. 15:58; Mat. 24:13; Marko 13:33.

8. Nu kawoe míesrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na Laodikea nɔviawo le Nyaɖeɖefia 3:15-17 la me?

8 Xlẽ Nyaɖeɖefia 3:15-17. Ele be dzo nanɔ mía me, eye míasubɔ Yehowa tso dzi blibo me. Gbedeasi si Yesu ɖo ɖe Laodikea hamea na míekpɔe be woawo hã woƒe kuxia to vovo. Wonɔ “yɔyrɔe” le woƒe subɔsubɔ me. Esi wometsɔ ɖeke le eme o taa, Yesu gblɔ be wonye “hiãtɔ” kple “nublanuitɔ.” Ele be dzo nanɔ wo me ɖe Yehowa kple esubɔsubɔ ŋu. (Nyaɖ. 3:19) Nufiame kae le eme na mí? Ne dzo si le mía me nu le tsitsima, ele be míagakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa kple eƒe habɔbɔa wɔna na mí ŋu geɖe wu, be dzo yeye naɖo mía me. (Nyaɖ. 3:18) Mele be míavu ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu be agbea nadze edzi na mí fifia, si awɔe be Yehowa subɔsubɔ magava nɔ vevie na mí o.

9. Abe ale si Yesu ƒe gbedeasi siwo wòna woŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Pergamo kple Tiatira ɖee fia enea, nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo?

9 Ele be míagbe xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo. Yesu gbe nya na nɔvi aɖewo le Pergamo elabe wonɔ mama dem hamea me. (Nyaɖ. 2:14-16) Ekafu Kristotɔ siwo nɔ Tiatira elabe wogbe nu le “Satana ƒe nu goglowo” gbɔ, eye ede dzi ƒo na wo be ‘woalé’ nyateƒea ‘me ɖe asi goŋgoŋ.’ (Nyaɖ. 2:24-26) Ele be Kristotɔ siwo gbɔdzɔ eye woxɔ alakpanufiafiawo dzi sea natrɔ dzi me. Ke míawo ya ɖe? Ele be míagbe nufiafia ɖe sia ɖe si mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nuŋububu o. Xɔsegbelawo adze abe wonye ame siwo ŋu ‘ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le’ ene, “gake womenana wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi o.” (2 Tim. 3:5) Ne míedoa vevie Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃a, anɔ bɔbɔe na mí be míade dzesi alakpanufiafiawo agbe wo.—2 Tim. 3:14-17; Yuda 3, 4.

10. Nu bubu kae míagate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ na hame siwo le Pergamo kple Tiatira me?

10 Mele be míaƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi aɖeke me alo ada asi ɖe edzi le mɔ aɖeke nu o. Kuxi bubu aɖe ganɔ Pergamo kple Tiatira hameawo me. Yesu ƒo nu tsi tre ɖe hame mawo ŋu be wometsri gbɔdɔdɔ manɔsenu o. (Nyaɖ. 2:14, 20) Nufiame kae le esia me na mí? Mele be míakpɔ mɔ be Yehowa naŋe aɖaba aƒu edzi ne míeƒo mía ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu aɖe ƒomevi me o. Nya sia yi na mí, ne míele Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia, eye subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo le mía si gɔ̃ hã. (1 Sam. 15:22; 1 Pet. 2:16) Edi be míanɔ agbe nyui, abe ale si eƒe dzidzenu kɔkɔawo bia ene, aleke kee xexea ƒe nɔnɔmewo gagblẽe o.—Ef. 6:11-13.

11. Va se ɖe fifia la, nu kae míesrɔ̃? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nufiame Siwo Le Eme Na Mí.”)

11 Va se ɖe fifia la, nu kae míesrɔ̃? Ele be míadze agbagba ana míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu. Ne míele afɔ aɖewo ɖem si awɔe be míaƒe subɔsubɔ madze Yehowa ŋu o la, ke ele be míatrɔ kaba. (Nyaɖ. 2:5, 16; 3:3, 16) Yesu gatɔ asi nu bubu aɖe dzi na hameawo le eƒe gbedeasia me. Nu kae?

DO DZI LE YOMETITI ME

Esi wonya Satana le dziƒoa, aleke wòdzea Mawu ƒe amewo dzii? (Kpɔ memama 12-16 lia)

12. Nya kae Yesu gblɔ na nɔvi siwo le Smirna kple Filadelfia, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Nyaɖeɖefia 2:10)

12 Azɔ na míakpɔ gbedeasi si Yesu na woŋlɔ ɖo ɖe Smirna kple Filadelfia hameawo. Egblɔ na Kristotɔ siwo nɔ afi ma be mele be woavɔ̃ na yometiti o, elabe Yehowa aɖo eteƒe na wo ne woyi edzi wɔ nuteƒe. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:10; 3:10) Nufiame kae le eme na mí egbea? Ele be míakpɔ mɔ be woati mía yome, eye míanɔ klalo be míado dzi. (Mat. 24:9, 13; 2 Kor. 12:10) Nu ka tae esia le vevie?

13-14. Nu kae nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 12 he va Mawu ƒe amewo dzi?

13 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa na míekpɔe be woati Mawu ƒe amewo yome le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la,” si nye míaƒe ŋkekeawo me. Le Nyaɖeɖefia ta 12 lia, woƒo nu tso aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo esime woɖo Yesu fia megbe teti ŋu. Mikael—si nye Yesu Kristo si wodo ɖe dzi—kple eƒe aʋakɔwo wɔ aʋa kple Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Nyaɖ. 12:7, 8) Woɖu Mawu ƒe futɔ mawo dzi eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye esia wɔe be amegbetɔwo le fu kpem ale gbegbe. (Nyaɖ. 12:9, 12) Ke nu kae adzɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le esia ta?

14 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa na míenya ale si Satana wɔ nui. Esi magate ŋu ayi dziƒo o taa, edze Mawu ƒe amesiamina siwo le anyigba dzia dzi. Ame siawoe nye Mawu Fiaɖuƒea teƒenɔlawo le anyigba dzi, “eye wode dɔ asi na wo be woaɖi ɖase le Yesu ŋuti.” (Nyaɖ. 12:17; 2 Kor. 5:20; Ef. 6:19, 20) Aleke nyagblɔɖi sia va emee?

15. Ame kawoe “ɖasefo eve” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 11 le tsitre ɖi na, eye nu kae dzɔ ɖe wo dzi?

15 Satana na Mawu ƒe futɔwo dze amesiamina siwo nɔ ŋgɔ xɔm le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Woawoe nye kpɔɖeŋu “ɖasefo eve” siwo Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be wowu. * (Nyaɖ. 11:3, 7-11) Le ƒe 1918 mea, wolé nɔviŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm dometɔ enyi. Wotso wo nu alakpatɔe eye woka ƒe gbogbo aɖe na wo be woatsɔ anɔ gaxɔ me. Esia na wòdze abe amesiamina siawo ƒe dɔ va nuwuwu, alo ‘woku’ ene.

16. Nu wɔnuku kae dzɔ le ƒe 1919 me, eye nu ka wɔm Satana le tso ɣemaɣi?

16 Nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ta 11 gblɔ hã be woafɔ “ɖasefo eve” la ɖe tsitre le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Nyagblɔɖi sia va eme le mɔ wɔnuku aɖe nu ɣleti aɖewo megbe esime wolé nɔviŋutsuawo de gaxɔ me. Le March 1919 mea, woɖe asi le nɔviŋutsu amesiamina siawo ŋu, eye emegbe wote fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu la me. Enumake nɔviŋutsuawo gava xɔ ŋgɔ woyi gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzi. Gake Satana ƒe amedzidzedzea mese ɖe afi ma o. Tso ɣemaɣia, Satana tu yometiti ƒe tsi si le sisim abe “tɔsisi” ene ɖe Mawu ƒe amewo katã ŋu. (Nyaɖ. 12:15) “Afi siae . . . dzidodo kple xɔse hiã” mía dometɔ ɖe sia ɖe le.—Nyaɖ. 13:10.

WƆ WÒ ŊUTETE KATÃ LE DƆ SI YEHOWA DE MÍA SI LA ME

17. Togbɔ be Satana tɔ ŋku Mawu ƒe amewo vevie hãa, afi kae wokpɔa kpekpeɖeŋu tsoe ɣeaɖewoɣi?

17 Nyaɖeɖefia ta 12 ɖee fia be Mawu ƒe amewo akpɔ kpekpeɖeŋu tso teƒe si womele mɔ kpɔm na o. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖe eme be anɔ abe ɖe “anyigba” la no yometiti ƒe “tsi” si Satana tu tso eƒe nu me la ene. (Nyaɖ. 12:16) Eye nenema tututue wòdzɔ. Ɣeaɖewoɣia, Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa aɖewo xɔ na Mawu ƒe amewo. Wo dometɔ ɖekae nye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo. Edzɔ zi geɖe be Yehowa subɔlawo ɖu dzi le ʋɔnu, si wɔe be wokpɔ ablɔɖe aɖe sinu. Aleke wowɔa ablɔɖe sia ŋu dɔe? Wowɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si su wo si la ŋu dɔ nyuie tsɔ wɔ dɔ si Yehowa de wo si. (1 Kor. 16:9) Nu kae dɔ sia bia?

Gbedeasi eve ƒokpli ka ƒe gbeƒã ɖem Mawu ƒe amewo le? (Kpɔ memama 18-19 lia)

18. Dɔ ka koŋ wɔm míele le ŋkeke mamlɛ siawo me?

18 Yesu gblɔe ɖi be yeƒe nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã “[Mawu] Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le anyigba bliboa katã dzi hafi nuwuwua nava. (Mat. 24:14) Ne wole gbeƒã ɖem la, wokpɔa kpekpeɖeŋu tso mawudɔla alo mawudɔlawo ƒe ƒuƒoƒowo gbɔ. Biblia gblɔ be “nya nyui mavɔ aɖe” le mawudɔla mawo si woagblɔ na “ame siwo le anyigba dzi, kple dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.”—Nyaɖ. 14:6.

19. Gbedeasi bubu kae wòhiã be ame siwo lɔ̃ Yehowa naɖe gbeƒãe?

19 Menye Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia koe wòle be Mawu ƒe amewo naɖe gbeƒãe o. Ele hã be woakpe asi ɖe dɔ si wɔm mawudɔla siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 8 va se ɖe ta 10 le la ŋu. Mawudɔla siawo le gbeƒã ɖem fuwɔame vovovo siwo ava ame siwo gbe Mawu Fiaɖuƒea dzi. Eya ta Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem ʋɔnudrɔ̃gbedeasi si le abe “kpetsi kple dzo” ene. Esia ɖe ʋɔnu si Mawu adrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa vovovoawo fia. (Nyaɖ. 8:7, 13) Ehiã be amewo nanya be nuwuwua tu aƒe ale be woate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye woatsi agbe le Yehowa ƒe dzikudogbea. (Zef. 2:2, 3) Gake gbedeasi sia medzɔa dzi na amewo o. Eya ta ehiã be dzi nanɔ mía ƒo be míate ŋu aɖe gbeƒã gbedeasi sia. Le xaxa gãa mea, ʋɔnudrɔ̃gbedeasi mamlɛ si míaɖe gbeƒãe la agave dɔme na amewo wu.—Nyaɖ. 16:21.

WƆ ÐE NYAGBLƆÐI SIA ME NYAWO DZI

20. Nu ka mee míadzro le nyati eve siwo akplɔe ɖo me?

20 Ele vevie be míawɔ ɖe “nyagblɔɖi sia me nyawo” dzi, elabe míawo hã míele akpa aɖe wɔm be nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nava eme. (Nyaɖ. 1:3) Gake aleke míawɔ ado dzi le yometiti me nuteƒewɔwɔtɔe, evɔ míakpɔtɔ anɔ gbeƒã ɖem gbedeasi siawo dzinɔameƒotɔe? Nu eve siwo gbɔna ate ŋu ado ŋusẽ mí: Gbã, nya si Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ tso Mawu ƒe futɔwo ŋu, kple evelia, yayra siwo míakpɔ le etsɔme ne míeyi edzi wɔ nuteƒe. Míadzro nya siawo me le nyati eve siwo akplɔe ɖo me.

HADZIDZI 32 Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!

^ Míele ɣeyiɣi ɖedzesiwo me, elabe nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me le eme vam egbea! Aleke nyagblɔɖinya mawo ka mí? Le nyati sia kple nyati eve siwo akplɔe ɖo mea, míadzro Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe akpa vevi aɖewo me. Míava kpɔe be, ne míewɔ ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me dzia, awɔe be míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa Mawu ŋu.

^ Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le November 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30 (ele yevugbe me).