Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Nu Siwo Ava Dzɔ Kpuie

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Nu Siwo Ava Dzɔ Kpuie

“Amen! Aƒetɔ Yesu, va.”—NYAÐ. 22:20.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

NYA VEVIAWO *

1. Tiatia vevi kae dze ŋgɔ amewo katã egbea?

 TIATIA vevi aɖe dze ŋgɔ amewo egbea. Ðe woanɔ Yehowa Mawu, Ame si dze aɖu xexe bliboa dzi, ƒe akpa dzia, alo woanɔ eƒe futɔ gãtɔ, Satana Abosam, ƒe akpa dzi? Ehiã be woanɔ akpa aɖe dzi godoo, elabe domenɔnɔ mele nya sia me o. Eye tiatia si woawɔ ye afia nu si adzɔ ɖe wo dzi le etsɔme. (Mat. 25:31-33, 46) Le “xaxa gã la” mea, woade dzesi wo ne woatsi agbe loo alo woatsrɔ̃.—Nyaɖ. 7:14; 14:9-11; Eze. 9:4, 6.

2. (a) Nu kae Hebritɔwo 10:35-39 de dzi ƒo na mí be míawɔ? (b) Aleke Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

2 Xlẽ Hebritɔwo 10:35-39. Ne ètiae be yeanɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzia, ke èwɔe nyuie. Nu si dze ŋgɔwò fifiae nye be, nàkpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woava nɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Àte ŋu azã nya siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me atsɔ awɔ esia. Agbalẽ ma ƒo nu tso nu siwo adzɔ ɖe ame siwo tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋua dzi, kple ale si Yehowa ayra ame siwo wɔ nuteƒe nɛa ŋu. Ehiã be míade ŋugble le nyateƒenya vevi mawo ŋu, elabe esia ado ŋusẽ mí míayi edzi asubɔ Yehowa. Azɔ hã ana míazã nu siwo míesrɔ̃ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woawo hã natiae be yewoasubɔ Yehowa.

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia mea, míadzro biabia siawo me: Yayra kawoe ame siwo le Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi akpɔ? Nu kae ado tso eme na ame siwo ade lã wɔadã si biã helĩhelĩ, si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mea dzi?

NU KAE ADZƆ ÐE YEHOWA SUBƆLA WƆNUTEƑEWO DZI?

4. Ƒuƒoƒo kae apostolo Yohanes kpɔ be wole Yesu gbɔ le dziƒo?

4 Apostolo Yohanes kpɔ Yehowa subɔlawo ƒe ƒuƒoƒo eve le ŋutega me. Yehowa yra ƒuƒoƒo evea siaa be woakpɔ agbe mavɔ. Ƒuƒoƒo gbãtɔ me tɔwo katã le ame 144,000. (Nyaɖ. 7:4) Wotia wo tso anyigba dzi be woava ɖu fia kple Yesu le dziƒo, eye woaɖu anyigbaa dzi. (Nyaɖ. 5:9, 10; 14:3, 4) Yohanes kpɔe le ŋutegaa me be wole tsitre ɖe Yesu gbɔ le Zion To dzi le dziƒo.—Nyaɖ. 14:1.

5. Nu kae adzɔ ɖe ame 144,000 la me tɔ susɔeawo dzi kpuie?

5 Tso apostoloawo ŋɔli va se ɖe fifia, Mawu tia ame akpe geɖe be woava nye ame 144,000 la me tɔwo. (Luka 12:32; Rom. 8:17) Ke hã, woɖee fia Yohanes le ŋutegaa me be, wo dometɔ ʋɛ aɖewo anɔ anyigba dzi le ŋkeke mamlɛawo me. Yehowa ‘atre’ ame 144,000 ƒe “susɔe” siawo nu zi mamlɛtɔ hafi xaxa gãa nadze egɔme. (Nyaɖ. 7:2, 3; 12:17) Eye le xaxa gãa mea, woakɔ wo ayi dziƒo be woawɔ ɖeka kple ame 144,000 la dometɔ siwo wɔ nuteƒe va se ɖe ku me, eye wofɔ yi dziƒo xoxo. Azɔ wo katã woaɖu dzi kple Yesu le Mawu Fiaɖuƒea me.—Mat. 24:31; Nyaɖ. 5:9, 10.

6-7. (a) Ƒuƒoƒo bubu kae Yohanes kpɔ, eye nu kae míenya tso wo ŋu? (b) Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le Nyaɖeɖefia ta 7 lia me nyawo me?

6 Esi Yohanes kpɔ ƒuƒoƒo si ayi dziƒo la megbea, ekpɔ “ameha gã aɖe.” To vovo na ame 144,000-awo la, xexlẽme meli na ƒuƒoƒo sia ya o. (Nyaɖ. 7:9, 10) Nu kae míenya tso ƒuƒoƒo sia ŋu? Wogblɔ na Yohanes be: “Ame siawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me, eye wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖ. 7:14) “Ameha gã” ma atso xaxa gãa eye Yehowa ayra wo woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi le dzidzɔ me.—Ps. 37:9-11, 27-29; Lod. 2:21, 22; Nyaɖ. 7:16, 17.

7 Míeɖale dziƒoyilawo alo anyigbadzinɔlawo dome o, biabiae nye be, ɖe míekpɔa mía ɖokui le ŋutega si le Nyaɖeɖefia ta 7 lia mea? Esia le vevie ŋutɔ, elabe anye dzidzɔɣeyiɣi na ƒuƒoƒo evea siaa! Dzi adzɔ mí ŋutɔ be míetiae be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Ke nya kae Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gagblɔ na mí tso xaxa gãa ŋu?—Mat. 24:21.

NU KAE ADZƆ ÐE AME SIWO TSI TSITRE ÐE MAWU ŊU LA DZI?

8. Aleke xaxa gãa adze egɔmee, eye aleke ame geɖe awɔ nui?

8 Míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me be eteƒe madidi o, xexea me dziɖuɖuwo adze Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo la dzi. (Nyaɖ. 17:16, 17) Esiae anye xaxa gãa ƒe gɔmedzedze. Ðe esia awɔe be ame geɖe natiae be yewoasubɔ Yehowa? Gbeɖe. Le nyateƒe mea, Nyaɖeɖefia ta 6 lia ɖee fia be ɣemaɣia, ame siwo mesubɔa Yehowa o la avae di sitsoƒe le xexe sia me dziɖuɖuwo kple asitsahawo, siwo Biblia yɔ be towo la gbɔ. Esi ame mawo made Mawu Fiaɖuƒea dzi o taa, Yehowa abu wo be wotsi tsitre ɖe ye ŋu.—Luka 11:23; Nyaɖ. 6:15-17.

9. Le xaxa gãa mea, nu kae aɖee afia be Yehowa ƒe amewo to vovo, eye nu kae adzɔ ɖe wo dzi?

9 Le ɣeyiɣi sesẽ ma mea, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ya ƒe nuwɔna ato vovo. Woawo koe anye ƒuƒoƒo ɖeka kolia le anyigba dzi, si anɔ Yehowa Mawu subɔm, eye woagbe be yewomade “lã wɔadã la” dzi o. (Nyaɖ. 13:14-17) Esia ado dziku na ame siwo tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, eye woawɔ ɖeka azu dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo, si adze Mawu ƒe amewo dzi le xexea me godoo. Biblia yɔ nudzɔdzɔ ma be Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze.—Eze. 38:14-16.

10. Abe ale si Nyaɖeɖefia 19:19-21 ɖee fia enea, aleke Yehowa awɔ nu ne wodze eƒe amewo dzi?

10 Aleke Yehowa awɔ nu ne wodze eƒe amewo dzi? Egblɔ be: “Nye dɔmedzoe afla.” (Eze. 38:18, 21-23) Nu kae adzɔ kplɔe ɖo? Nyaɖeɖefia ta 19 lia gblɔ be Yehowa adɔ Via Yesu be wòava xɔ na eƒe amewo, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi. “Dziƒoʋakɔwo,” siwo nye mawudɔla wɔnuteƒewo kple ame 144,000 la, akpe ɖe Yesu ŋu woawɔ aʋa. (Nyaɖ. 17:14; 19:11-15) Nu kae ado tso aʋa ma me? Woatsrɔ̃ ame kple habɔbɔ ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu la ɖikaa!—Xlẽ Nyaɖeɖefia 19:19-21.

SRƆ̃ÐEÐE VEVI AÐE

11. Nu kae nye nudzɔdzɔ vevitɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?

11 Ne wotsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo vɔa, aleke nèsusu be Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo anɔ anyigba dzi la ase le wo ɖokui me? Woakpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Nenema kee ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔa, ame siwo le dziƒo hã agli kple dzidzɔ. Gake nu bubu aɖe adzɔ, si nye nudzɔdzɔ vevitɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, si ana woƒe dzidzɔ nagba go. (Nyaɖ. 19:1-3) Eyae nye “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe.”—Nyaɖ. 19:6-9.

12. Abe ale si wòdze le Nyaɖeɖefia 21:1, 2 enea, ɣekaɣie Alẽvia aɖe srɔ̃?

12 Ɣekaɣie alẽvia aɖe srɔ̃ la? Togbɔ be do ŋgɔ teti na Armagedon-ʋaa, ame 144,000 la katã anɔ dziƒo hã, menye ɣemaɣie woaɖe srɔ̃ la o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:1, 2.) Alẽvia ƒe srɔ̃ɖeɖea ava edzi le Armagedon-ʋaa megbe, esime woɖe Mawu ƒe futɔwo katã ɖa.—Ps. 45:3, 4, 13-17.

13. Nu kae adzɔ le Alẽvia ƒe srɔ̃ɖeɖea me?

13 Nu kae adzɔ le Alẽvia ƒe srɔ̃ɖeɖea me? Ale si ko srɔ̃ɖeɖe nana ŋutsu kple nyɔnu va wɔa ɖekaa, nenema kee Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea ana Fia Yesu Kristo kple eƒe “ŋugbetɔ,” si nye ame 144,000 la, nawɔ ɖeka. Nudzɔdzɔ vevi siae ahe dziɖuɖu yeye si aɖu anyigbaa dzi ƒe 1,000 la avɛ.—Nyaɖ. 20:6.

DU DZEANI AÐE KPLE YAYRA SIWO WÒAHE VƐ

Nyaɖeɖefia ta 21 lia gblɔ tso kpɔɖeŋu Yerusalem Yeye la ŋu be ele “ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ.” Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mea, ahe yayra gbogbo aɖewo vɛ na amegbetɔ toɖolawo (Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati 21 lia, memama 14-16 lia)

14-15. Nu kae Nyaɖeɖefia ta 21 lia tsɔ ame 144,000 la sɔ kple? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

14 Eyome Nyaɖeɖefia ta 21 lia tsɔ ame 144,000 la sɔ kple du dzeani aɖe, si woyɔ be “Yerusalem Yeye.” (Nyaɖ. 21:2, 9) Woɖo du sia gɔme anyi ɖe kpe 12 dzi, eye woŋlɔ “Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo” ɖe gɔmeɖokpeawo dzi. Nu ka tae nya sia do dzidzɔ na Yohanes? Elabe ekpɔ eƒe ŋkɔ le kpeawo dometɔ ɖeka dzi. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe esia nye nɛ!—Nyaɖ. 21:10-14; Ef. 2:20.

15 Du sia ɖo atsyɔ̃ ale gbegbe, eye du bubu aɖeke mesɔ kplii o. Wotsɔ sika dzadzɛ wɔ mɔ gã si to dua me, eye wotsɔ dzonu xɔasiwo wɔ eƒe agbo 12-awo. Wozã kpe xɔasiwo tsɔ ɖo dua ƒe gliwo kple gɔmeɖokpewo, eye wodzidze dua ƒe akpa sia akpa wòsɔ nyuie. (Nyaɖ. 21:15-21) Ke hã, edze abe esusɔ nane. Yohanes gblɔ be: “Nyemekpɔ gbedoxɔ le dua me o, elabena Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. Eye du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ ɖe edzi o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe edzi, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.” (Nyaɖ. 21:22, 23) Ɛ̃, Yerusalem Yeyea me tɔwo anɔ Yehowa gbɔ ŋutɔŋutɔ. (Heb. 7:27; Nyaɖ. 22:3, 4) Eya ta Yehowa kple Yesue nye gbedoxɔ le du ma me.

Ame kawoe kpɔɖeŋu “tɔsisi” kple “atiawo” aɖe vi na? (Kpɔ memama 16-17 lia)

16. Aleke agbea anɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

16 Du sia ŋu bubu nana amesiaminawo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Gake susu nyuiwo li, siwo ta ame siwo ava nɔ agbe le anyigba dzi hã akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu. Le Mawu Fiaɖuƒea ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mea, Yerusalem Yeyea ahe yayra geɖe avae na anyigbadzinɔlawo. Yohanes kpɔ yayra ma le ŋutegaa me wòle sisim abe “agbetsitɔsisi” ene. “Agbetiwo” le tɔsisia ƒe go eveawo dzi, eye woƒe aŋgbawo nye “dɔyɔgbe na dukɔwo.” (Nyaɖ. 22:1, 2) Yayra mawo aɖe vi na ame siwo anɔ anyigba dzi ɣemaɣi. Vivivia, amegbetɔ toɖolawo ade blibo. Dɔléle, nuxaxa kple vevesesewo katã nu ayi.—Nyaɖ. 21:3-5.

17. Abe ale si Nyaɖeɖefia 20:11-13 ɖee fia enea, ame kawoe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua aɖe vi na?

17 Ame kawoe nu nyui siawo aɖe vi na? Woawoe nye ameha gã si atso Armagedon age ɖe xexe yeyea me, kple vi siwo woadzi le afi ma. Gake Nyaɖeɖefia ta 20 lia hã do ŋugbe be woafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:11-13.) Woafɔ “ame dzɔdzɔewo,” si fia ame siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, kple “ame madzɔmadzɔwo,” si fia ame siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu bliboe be woasubɔ Yehowa o la siaa ɖe tsitre be woava nɔ anyigbaa dzi. (Dɔw. 24:15; Yoh. 5:28, 29) Ðe ema fia be woafɔ ame ɖe sia ɖe si ku la ɖe tsitre le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mea? Ao; womafɔ ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su be woasubɔ Yehowa, gake wosẽ dzi me gbe be yewomasubɔe o ya ɖe tsitre o. Mɔnukpɔkpɔ su wo si, gake woƒe nuwɔna ɖee fia be womedze anɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi o.—Mat. 25:46; 2 Tes. 1:9; Nyaɖ. 17:8; 20:15.

DODOKPƆ MAMLƐTƆ

18. Le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwua, aleke nɔnɔmeawo anɔ na ame siwo le anyigba dzi?

18 Kaka ƒe 1,000 la nawu enua, ame siwo katã le anyigba dzi la ade blibo. Eye Adam ƒe nu vɔ̃ si dome wonyi maganɔ wo ŋu o. (Rom. 5:12) Woaɖe nu siwo katã do tso Adam ƒe nu vɔ̃a me la hã ɖa keŋkeŋ. Eya ta le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwua, ame siwo le anyigba dzi ‘agbɔ agbe,’ si fia be, woade blibo.—Nyaɖ. 20:5.

19. Nu ka tae dodokpɔ mamlɛa hiã?

19 Míenya be Yesu wɔ nuteƒe na Mawu esi Satana doe kpɔ. Gake biabiae nye be, ɖe amegbetɔ deblibowo katã ayi edzi awɔ nuteƒe ne Satana do wo kpɔa? Mɔnukpɔkpɔ asu ame sia ame si be wòaɖo biabia ma ŋu ne woɖe asi le Satana ŋu le aʋli me le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu. (Nyaɖ. 20:7) Ame siwo awɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ mamlɛa me akpɔ agbe mavɔ kple ablɔɖe vavãtɔ. (Rom. 8:21) Gake Yehowa atsrɔ̃ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpakple ame siwo katã dze aglã la gbidii.—Nyaɖ. 20:8-10.

20. Aleke nyagblɔɖi dodzidzɔname siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me na nèse le ɖokuiwò me?

20 Esi míedzro Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me kpuie vɔa, aleke nèse le ɖokuiwò me? Ðe medzɔ dzi na wò be mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànɔ ame siwo wokpɔ le ŋutega mawo me la dome oa? Eye ɖe esia meʋã wò nèdi be yeakpe ɖe ame geɖe ŋu be woava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa oa? (Nyaɖ. 22:17) Neva eme be nu dodzidzɔname siwo adzɔ le etsɔme la naʋã mí míatsɔ dzidzɔ awɔ ɖeka kple apostolo Yohanes agblɔ be: “Amen! Aƒetɔ Yesu, va.”—Nyaɖ. 22:20.

HADZIDZI 27 Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Esiae nye nyati siwo ƒo nu tso Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋu ƒe mamlɛtɔ. Abe ale si míava kpɔe le nyati sia me enea, woayra ame siwo ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, gake ame siwo atsi tsitre ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu ya atsrɔ̃.