Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 24

Àte Ŋu Aɖo Taɖodzinu Siwo Nèɖo Le Yehowa Subɔsubɔ Mea Gbɔ

Àte Ŋu Aɖo Taɖodzinu Siwo Nèɖo Le Yehowa Subɔsubɔ Mea Gbɔ

“Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.”—GAL. 6:9.

HADZIDZI 84 Míawɔ Geɖe

NYA VEVIAWO a

1. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míaɖo míaƒe taɖodzinu gbɔ o?

 ÐE NÈÐO taɖodzinu aɖe na ɖokuiwò va yi gake wòsesẽ na wò be nàɖo egbɔa? b Ne nenemaea, menye wò ɖekae o. Le kpɔɖeŋu me, Philip ɖoe eƒe taɖodzinu be yeanɔ gbe dom ɖa edziedzi eye yeana yeƒe gbedodoɖa nanyo ɖe edzi, gake esesẽ nɛ be wòakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Erika ɖoe be yeanɔ kpekpewo hena gbeadziyiyi dem ɖe game dzi, gake etsia megbe ɣesiaɣi kloe. Tomáš hã dze agbagba zi geɖe be yeaxlẽ Biblia bliboa. Gake egblɔ be: “Nyemesea vivi na Biblia xexlẽ o. Metee kpɔ zi etɔ̃ sɔŋ be maxlẽe awu enu, gake Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia dzi koe mesena ɖo.”

2. Nu ka tae mele be dzi naɖe le ƒowò ne mète ŋu ɖo wò taɖodzinu aɖe gbɔ haɖe o?

2 Ne èɖo taɖodzinu na ɖokuiwò evɔ mèkpɔ ɖo egbɔ oa, dzi megaɖe le ƒowò o. Taɖodzinu suewo gɔ̃ hã biaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze. Agbagba siwo dzem nèle be yeaɖo wò taɖodzinua gbɔ ɖee fia be èdea asixɔxɔ ƒomedodo si le wò kple Yehowa domea ŋu eye nèdi be yeawɔ wò ŋutete katã asubɔe. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedze mawo ŋu. Le nyateƒe mea, Yehowa mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o. (Ps. 103:14; Mika 6:8) Eya ta, anyo be nàɖo taɖodzinu si gbɔ nàte ŋu aɖo. Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ? Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.

TAMEÐOÐO KPLIKPAA HIÃ

Do gbe ɖa be didi si le mewòa nu nasẽ (Kpɔ memama 3-4 lia)

3. Nu ka tae wòle vevie be nàɖoe kplikpaa be yeaɖo taɖodzinua gbɔ?

3 Ele vevie be nàɖoe kplikpaa be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ, elabe esia aʋã wò be nàɖo egbɔ. Míate ŋu atsɔ tameɖoɖo kplikpaa asɔ kple ya si ƒoa tɔdziʋu yia afi si wòɖo tae. Ne ya yi edzi le ƒoƒomaa, ekpena ɖe tɔdziʋu ŋu wòɖoa afi si yim wòle bɔbɔe, eye ne yaa nu sẽa, agate ŋu aɖo kaba wu. Nenema kee ne míeɖo tame kplikpaa la, míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. David si tso El Salvador gblɔ be: “Ne èɖoe kplikpaa koa, àku kutri vevie aɖo wò taɖodzinua gbɔ. Eye màɖe mɔ naneke naxe mɔ na wò be màgaɖo egbɔ o.” Eya ta nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖoe kplikpaa be yeaɖo taɖodzinua gbɔ?

4. Nu ka ŋue míate ŋu ado gbe ɖa tsoe? (Filipitɔwo 2:13) (Kpɔ fotoa hã.)

4 Do gbe ɖa be didi si le mewò be yeaɖo taɖodzinua gbɔa nu nasẽ. Yehowa ate ŋu ato gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ wò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. (Xlẽ Filipitɔwo 2:13.) Ɣeaɖewoɣia, míeɖoa taɖodzinu aɖewo le esi míekpɔe be ehiã ta, eye enyo be míawɔe nenema. Gake didi be míaɖo egbɔ ya nu mesẽna o. Aleae wòdzɔ le Nɔvinyɔnu Norina si le Uganda gome. Eɖoe be yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme, gake didi si le emea nu mesẽ o elabe ekpɔe be yemenya nufiafia o. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa gbe sia gbe be Yehowa nakpe ɖe ŋunye be maɖoe kplikpaa adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Mewɔ nu siwo ana nye nufiafia naganyo ɖe edzi. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbea, meva kpɔe be didi si le menye be madze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmea va sẽ ɖe edzi. Eye le ƒe ma ke mea, meva nɔ Biblia srɔ̃m kple ame eve.”

5. Nu ka ŋue wòle be míade ŋugble le be míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ?

5 De ŋugble le nu si Yehowa wɔ na wò ŋu. (Ps. 143:5) Apostolo Paulo de ŋugble le ale si Yehowa ve enui ŋu eye esia ʋãe wòwɔ dɔ geɖe na eyama. (1 Kor. 15:9, 10; 1 Tim. 1:12-14) Nenema kee ne wò hã èdea ŋugble le nu siwo Yehowa wɔ na wò ŋua, esia aʋã wò be nàɖoe kplikpaa aɖo wò taɖodzinua gbɔ. (Ps. 116:12) Nɔvinyɔnu aɖe si le Honduras ɖoe be yeava nye gbesiagbe mɔɖela. Nu kae kpe ɖe eŋu wòɖo taɖodzinua gbɔ? Egblɔ be: “Mebu ale si gbegbe Yehowa lɔ̃mee ŋu. Ekpe ɖe ŋunye meva le eƒe amewo dome. Eléa be nam eye wòkpɔa tanye. Ŋugbledede alea kpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ Yehowa vevie eye meva di vevie be madze mɔɖeɖedɔa gɔme.”

6. Nu bubu kae ate ŋu awɔe be míagadi vevie be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ?

6 De ŋugble le nu nyui siwo ado tso eme ne èɖo wò taɖodzinua gbɔ ŋu. Erika si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, si ɖoe be yeanɔ kpekpewo hena gbeadziyiyi dem ɖe game dzia, te ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Meva de dzesii be megbetsitsi wɔe be nu geɖe nɔ ŋunye tom. Mekpɔe be ne meva ɖo kabaa, mate ŋu ado gbe na nɔviawo aɖo dze kpli wo. Awɔe hã be mate ŋu ase aɖaŋu si woaɖo le kpekpe hena gbeadzi me, mase vivi na gbeadzi, eye nye subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi.” Erika de ŋugble le ale si gamedzinɔnɔ aɖe vi nɛ ŋu, eye esia kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Viɖe kawoe nàkpɔ ne èɖo wò taɖodzinua gbɔ? Ðe manyo be nàde ŋugble le wo ŋu oa? Ne wò taɖodzinue nye Biblia xexlẽ alo gbedodoɖaa, bu ale si esia ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli ŋu. (Ps. 145:18, 19) Ne èɖoe be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖoa, de ŋugble le ale si wòana wò kple ame bubuwo dome nanɔ kplikplikpli ŋu. (Kol. 3:14) Anyo be nàŋlɔ susu siwo katã ta nèdi be yeaɖo taɖodzinu ma gbɔa ɖi, eye nànɔ wò nuŋlɔɖia me tom edziedzi. Tomáš, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Ne mebu susu vovovo siwo tae wòle be maɖo taɖodzinu aɖe gbɔ ŋua, ema ʋãam mekua kutri vevie ɖoa egbɔ.”

7. Nu kae kpe ɖe Julio kple srɔ̃a ŋu woɖo woƒe taɖodzinua gbɔ?

7 De ha kple ame siwo ade dzi ƒo na wò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. (Lod. 13:20) Julio kple srɔ̃a ɖoe be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Julio gblɔ be: “Míedze xɔ̃ ame siwo ade dzi ƒo na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ, eye míeɖoa dze kpli wo tso taɖodzinua ŋu. Wo dometɔ geɖe te ŋu ɖo taɖodzinu mawo gbɔ, eya ta woɖo aɖaŋu nyui geɖewo na mí. Mía xɔlɔ̃awo biaa ale si nuwo le yiyimee, eye wodea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi si wòhiã.”

NE DIDIA MELE MÍA ME O

Wɔ nu siwo ana nàɖo wò taɖodzinua gbɔ (Kpɔ memama 8 lia)

8. Ðe wòle be nàlala didia naɖo mewò hafi nàɖo wò taɖodzinua gbɔa? Ðe eme. (Kpɔ fotoa hã.)

8 Ɣeaɖewoɣia, didia menɔa mía me be míawɔ nu si míeɖo tame be míawɔa dzi o. Ne edzɔ alea, ɖe wòfia be wɔna aɖeke megali oa? Kura o. Le kpɔɖeŋu me, yaƒoƒo ate ŋu alɔ tɔdziʋu ɖe enu ayi afi si wòyina. Ke hã, ɣeaɖewoɣia, yaƒoƒoa nu mesẽna o eye ŋkeke aɖewo gɔ̃ hãa, ya meƒona kura o. Ne edzɔ alea, ɖe wòfia be tɔdziʋukula mate ŋu aku tɔdziʋua ayi ŋgɔ oa? Mefia nenema kokoko o. Elabe mɔ̃ nɔa tɔdziʋu aɖewo ŋu eye atabluwo nɔa ɖewo hã me. Tɔdziʋukula ate ŋu azã nu siawo atsɔ aku tɔdziʋua ayi afi si wòɖo tae. Míate ŋu atsɔ didi si le mía me be míaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ asɔ kple yaƒoƒo. Ɣeaɖewoɣia, didi si le mía mea nu sẽna wu ɣebubuɣiwo eye ɣeaɖewoɣi hã, didia menɔa mía me kura o. Eya ta ne míelala be didia naɖo mía me hafi míaɖe afɔa, ke ɖewohĩ mímate ŋu aɖo taɖodzinua gbɔ gbeɖe o. Gake abe ale si tɔdziʋukula zãa mɔnu bubuwo tsɔ kua tɔdziʋua yia ŋgɔ enea, nenema kee ne didia mele mía me o hãa, míate ŋu adze agbagba aɖe afɔ atsɔ aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Togbɔ be esia manɔ bɔbɔe o hãa, ne èku kutri ɖo wò taɖodzinua gbɔa, àkpɔ dzidzɔ. Na míakpɔ nu siwo míawɔ ne didia mele mía me o dometɔ aɖewo. Gake gbãa, míadzro nyabiase aɖe si fɔ ɖe tea me.

9. Ðe wògblẽ be míaku kutri be míaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ ne didia mele mía me o gɔ̃ hã? Ðe eme.

9 Yehowa di be míasubɔ ye kple dzidzɔ eye míawɔ esia kple dzi faa. (Ps. 100:2; 2 Kor. 9:7) Ne míeɖo taɖodzinu aɖe gake didia mele mía me be míaɖo egbɔ oa, ɖe wòle be míanɔ kutri kum be míaɖo egbɔ kokokoa? Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mewɔa fu nye ŋutilã vevie hewɔnɛ kluvii.” (1 Kor. 9:25-27, etenuŋɔŋlɔ) Esia fia be Paulo zi eɖokui dzi be yeawɔ nu si sɔ esime didia menɔ eme o gɔ̃ hã. Ðe Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Paulo ƒe subɔsubɔ ŋua? Ɛ̃, ekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòɖo eteƒe nɛ.—2 Tim. 4:7, 8.

10. Ne míele agbagba dzem be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ togbɔ be didia mele mía me o hãa, vi kae wòaɖe na mí?

10 Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ ale si míele agbagba dzem be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ, ne didia mele mía me o gɔ̃ hã. Elabe enya be esi míelɔ̃ ye tae míele ewɔm ɖo. Ale si ko Yehowa yra Pauloa, nenema kee wòayra míawo hã ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ta. (Ps. 126:5) Ne míekpɔ ale si Yehowa le mía yramaa, míadi vevie be míawɔ geɖe wu. Nɔvinyɔnu Lucyna si tso Poland gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, nyemedina be mayi gbeadzi o, vevietɔ ne ɖeɖi te ŋunye. Gake ne mesẽ ŋkume yia, dzidzɔ si mekpɔna wua gbɔgblɔ.” Na míakpɔ nu si míate ŋu awɔ ne didia mele mía me o.

11. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu mía ɖokui dzi be míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ?

11 Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu ɖokuiwò dzi. Ðokuidziɖuɖu nye ŋutete si le ame si be wòaɖu eƒe seselelãme kple nuwɔna dzi. Wozãnɛ zi geɖe wòfiana be ame nalé eɖokui be wòagawɔ nu gbegblẽ o. Ke hã, míehiã ɖokuidziɖuɖu be míate ŋu awɔ nu si sɔ, vevietɔ ne nu si míawɔa sesẽ alo didia mele mía me be míawɔe o. Ðo ŋku edzi be ɖokuidziɖuɖu nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe, eya ta bia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò be nàtu nɔnɔme vevi sia ɖo. (Luka 11:13; Gal. 5:22, 23) David si ŋu míeƒo nu tsoe va yia ɖoe be yeanɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi. Eɖe eme be gbedodoɖa kpe ɖe ye ŋu. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maɖu ɖokuinye dzi. Ekpe ɖe ŋunye mewɔ ɖoɖo nyui ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu eye melé eme ɖe asi.”

12. Aleke gɔmeɖose si le Nyagblɔla 11:4 akpe ɖe mía ŋu be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ?

12 Mègalala be nɔnɔmeawo nasɔ nyuie hafi nàɖe afɔ o. Nɔnɔmeawo masɔ na mí nyuie abe ale si míedii ene le xexe sia me o. Eya ta ne míele lalam be nɔnɔmeawo nasɔ nyuiea, ke míele míaƒe taɖodzinua gbɔ ɖo ge o. (Xlẽ Nyagblɔla 11:4.) Nɔviŋutsu Dayniel gblɔ be: “Nɔnɔmeawo masɔ na mí nyuie o, ta mele be míalala o. Nu si hiã koe nye be míaɖe afɔ.” Nɔviŋutsu Paul si tso Uganda hã gblɔ susu bubu aɖe si ta mele be míahe ɖe megbe o. Egblɔ be: “Ne nɔnɔmeawo medea mía dzi o, gake míekua kutri be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔa, Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi.”—Mal. 3:10.

13. Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe be nàte ŋu aɖo wò taɖodzinua gbɔ?

13 Dze egɔme vivivi. Ne míeɖo taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ na mí akpaa, ate ŋu awɔe be didia manɔ mía me be míaɖo egbɔ o. Ne aleae wòle le gowòmea, ɖe nàte ŋu aɖo taɖodzinu suesuesue siwo ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔa? Ne wò taɖodzinue nye be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖoa, ɖe manyo be nàdze egɔme anɔ eɖem fia vivivi oa? Ne wò taɖodzinue nye be yeaxlẽ Biblia bliboa, àte ŋu adze exexlẽ gɔme vivivi. Esesẽ na Tomáš si ŋu míeƒo nu tsoe va yi be wòaxlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka me. Egblɔ be: “Meva de dzesii be ɖoɖowɔɖi si dzi zɔm menɔa ye na wòva glom. Eya ta meɖoe be magadze egɔme ake, gake fifia ya manɔ kpukpui ʋɛ aɖewo ko xlẽm gbe sia gbe eye made ŋugble le wo ŋu. Esia na Biblia xexlẽ va nɔ nunye vivim.” Esi Biblia xexlẽ va nɔ Tomáš nu vivimaa, eva nɔ ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe exexlẽ ŋu. Ʋɛʋɛʋɛa, ete ŋu xlẽ Biblia bliboa wu enu. c

DZI MEGAÐE LE ƑOWÒ O

14. Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinu gbɔ?

14 Nublanuitɔea, aleke kee míeɖoe kplikpaa be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ o, nanewo ate ŋu ana wòasesẽ na mí. Le kpɔɖeŋu me, ‘nane ate ŋu aɖi ɖe mí’ si awɔe be mímakpɔ ɣeyiɣi si míehiã be míatsɔ aɖo taɖodzinua gbɔ o. (Nyagb. 9:11) Nɔnɔme sesẽ aɖe ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo eye ŋusẽ navɔ le mía ŋu. (Lod. 24:10) Eye esi míede blibo o taa, ate ŋu adzɔ be míawɔ vodada si ana wòasesẽ na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. (Rom. 7:23) Alo nu ate ŋu ati kɔ na mí. (Mat. 26:43) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

15. Ne nane wɔe be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, ɖe wòfia be èdo kpo nua? Ðe eme. (Psalmo 145:14)

15 Ne nane dzɔ si wɔe be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, esia mefia be èdo kpo nu o. Biblia na míenya be kuxiwo ava mía dzi godoo. Gake eka ɖe edzi na mí hã be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. (Xlẽ Psalmo 145:14.) Philip si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nyemetsɔa susu ɖoa ɣeyiɣi siwo nyemete ŋu ɖo nye taɖodzinua gbɔ oa ŋu o. Ke boŋ nye susu nɔa agbagba siwo medzena be mayi edzi aɖo egbɔa ŋu.” David si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nyemebua nu siwo nana wòsesẽna nam be maɖo nye taɖodzinua gbɔ be wonye mɔxenuwo o. Mebua wo be woʋua mɔnukpɔkpɔ nam be maɖee afia Yehowa be melɔ̃e.” Nyateƒee, ne míekua kutri be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ togbɔ be nanewo ate ŋu ana wòasesẽ hãa, aɖee afia be míedi be míadze Yehowa ŋu. Eye ne Yehowa kpɔ ale si nèle kutri kum be yeaɖo taɖodzinua gbɔa, dzi adzɔe ale gbegbe!

16. Ne nane wɔe be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso eme?

16 Ne nane xe mɔ na wò be mète ŋu ɖo wò taɖodzinua gbɔ oa, srɔ̃ nu tso eme. Bu nu si gbɔ wòtsoa ŋu eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae mate ŋu awɔ be nu ma nagadzɔ ake o?’ (Lod. 27:12) Ɣeaɖewoɣia, edzɔna be taɖodzinu si míeɖo na mía ɖokuia sesẽ akpa tae míete ŋu le egbɔ ɖom o. Ne aleae wòle le gowòmea, ke anyo be nàgbugbɔ ŋku alé ɖe wò taɖodzinua ŋu akpɔe ɖa be ɖe wònye nu si gbɔ yeate ŋu aɖo hã. d Ne míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinu aɖe gbɔ o le esi wòsesẽ akpa taa, Yehowa mabu mí be míedo kpo nu o.—2 Kor. 8:12.

17. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ míeɖo va yia dzi?

17 Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo xoxoa dzi. Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ . . . be o.” (Heb. 6:10) Eya ta wò ŋutɔ hã mègaŋlɔ nu siwo nète ŋu wɔ xoxoa be o. Nɔ ŋku ɖom taɖodzinu siwo gbɔ nète ŋu ɖo va yia dzi. Ate ŋu anye taɖodzinu si nèɖo be yeanye Yehowa xɔlɔ̃, yeazu gbeƒãɖela eye yeaxɔ nyɔnyrɔ. Ale si ko nèku kutri ɖo wò taɖodzinu aɖewo gbɔ va yia, àte ŋu aɖo taɖodzinu siwo nèɖo fifia hã gbɔ.—Flp. 3:16.

Kpɔ dzidzɔ le wò mɔzɔzɔa me (Kpɔ memama 18 lia)

18. Esi nèle agbagba dzem be yeaɖo taɖodzinua gbɔa, nu ka dzie wòle be nàɖo ŋkui? (Kpɔ fotoa hã.)

18 Ale si ko tɔdziʋukula si ɖo afi si yim wòle kpɔa dzidzɔa, nenema kee Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔ. Gake ɖo ŋku edzi be tɔdziʋukula geɖe kpɔa dzidzɔ le woƒe mɔzɔzɔa me. Nenema kee wòhiã be nàde dzesi ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò esi nèle agbagba dzem be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ. Esia ana wò hã nàkpɔ dzidzɔ. (2 Kor. 4:7) Ne èku kutri vevie eye mèna ta oa, àkpɔ yayra geɖe.—Gal. 6:9.

HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu

a Yehowa ƒe habɔbɔa dea dzi ƒo na mí enuenu be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui. Ke ne míeɖo taɖodzinuwo evɔ wòle sesẽm na mí be míaɖo wo gbɔ ya ɖe? Aɖaŋuɖoɖo siwo le nyati sia me akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ.

b NYAMEÐEÐE: Taɖodzinuwo ɖoɖo le Yehowa subɔsubɔ me fia be míaku kutri vevie awɔ nu siwo ana míawɔ geɖe na Yehowa eye míana wòakpɔ dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo, yeaxlẽ Biblia bliboa, yeado vevie ɖokuisinusɔsrɔ̃, alo yeawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me.

c Kpɔ agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, axa 10-11, memama 4 lia.

d Ne èdi numeɖeɖe geɖe ku ɖe nya sia ŋua, kpɔ nyati si nye “Da Sɔ Le Nu Siwo Nèdina Tso Ðokuiwò Si Me, Be Nàkpɔ Dzidzɔ” si dze le July 15, 2008, ƒe Gbetakpɔxɔ me.