Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

Ale Si Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu

Ale Si Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu

“Míenya be míakpɔ nu siwo míebia la, elabena eya si mee míebia wo le.”—1 YOH. 5:15.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

NYA VEVIAWO a

1-2. Nya kawoe míebiana mía ɖokuiwo ɣeaɖewoɣi?

 ÐE WÒWƆNA na wò ɣeaɖewoɣi be Yehowa meɖoa wò gbedodoɖawo ŋu oa? Ne nenemaea, ke menye wò ɖekae o. Mía nɔvi geɖewo hã se le wo ɖokui me nenema kpɔ, vevietɔ esi wonɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. Nenema kee wòate ŋu asesẽ na míawo hã be míade dzesi ale si Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom ne míele xaxawo me tom.

2 Míadzro nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu me. (1 Yoh. 5:15) Míaɖo biabia siwo gbɔna hã ŋu: Nu ka tae wòate ŋu awɔ na mí be Yehowa mele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o? Mɔ kawo nue Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le egbea?

YEHOWA MEÐOA MÍAƑE GBEDODOÐAWO ŊU ABE ALE SI MÍEKPƆA MƆE ENE ƔESIAƔI O

3. Nu ka tae Yehowa di be míado gbe ɖa na ye?

3 Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye wòdea asixɔxɔ mía ŋu. (Hag. 2:7; 1 Yoh. 4:10) Esia tae wòkpe mí be míado gbe ɖa na ye abia yeƒe kpekpeɖeŋu. (1 Pet. 5:6, 7) Edi be yeakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ye ŋu kplikplikpli eye míayi edzi ado dzi le nɔnɔme sesẽwo me.

Yehowa ɖo David ƒe gbedodoɖawo ŋu esi wòɖee tso eƒe futɔwo si me (Kpɔ memama 4 lia)

4. Aleke míewɔ nya be Yehowa ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

4 Míexlẽe le Biblia me zi geɖe be Yehowa ɖo esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu. Èɖo ŋku wo dometɔ aɖe dzia? Bu Fia David ŋu kpɔ: Le eƒe agbemeŋkekewo katã mea, eƒe futɔwo nɔ agbagba dzem be yewoawui, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa enuenu be wòakpe ɖe ye ŋu. Gbe ɖekaa, eɖe kuku na Yehowa be: “Oo Yehowa, se nye gbedodoɖa; lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu. Tɔ nam le wò nuteƒewɔwɔ kple wò dzɔdzɔenyenye ta.” (Ps. 143:1) Yehowa ɖo David ƒe gbedodoɖawo ŋu. (1 Sam. 19:10, 18-20; 2 Sam. 5:17-25) Eya ta David te ŋu gblɔ kple kakaɖedzi be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.” Míawo hã míate ŋu aka ɖe edzi nenema.—Ps. 145:18.

Yehowa ɖo Paulo ƒe gbedodoɖawo ŋu esi wòna ŋusẽe be wòate ŋu ayi edzi ado dzi (Kpɔ memama 5 lia)

5. Ðe Yehowa ɖo esubɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖawo ŋu le ale si wokpɔ mɔe nu ɣesiaɣia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

5 Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si míekpɔa mɔe ene ɣesiaɣi o. Aleae wòdzɔ le apostolo Paulo gome. Ebia Mawu be wòaɖe ‘ŋù aɖe si le yeƒe ŋutilã me’ si le fu wɔm yea ɖa. Zi etɔ̃ sɔŋ Paulo do gbe ɖa tso kuxi sesẽ sia ŋu. Ðe Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖa ma ŋua? Ɛ̃, eɖo eŋu. Gake menye le ale si Paulo kpɔ mɔe nu o. Yehowa meɖe kuxia ɖa o, ke boŋ ena ŋusẽe be wòate ŋu ayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe.—2 Kor. 12:7-10.

6. Nu ka tae wòate ŋu awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be Yehowa mele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o?

6 Ɣeaɖewoɣia, Yehowa aɖo míawo hã ƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si míesusu o nu. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa nya mɔ nyuitɔ si dzi wòato akpe ɖe mía ŋu. Ate ŋu awɔ “nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã” gɔ̃ hã. (Ef. 3:20) Esia taa, ate ŋu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu le ɣeyiɣi si míele mɔ kpɔm o me alo le mɔ bubu nu.

7. Nu kae ate ŋu ana wòava hiã be míawɔ tɔtrɔ le nu siwo míedoa gbe ɖa biana ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Ne Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu me va le kɔkɔm na mí nyuie wua, ate ŋu ava hiã be míawɔ tɔtrɔ le nu siwo míedoa gbe ɖa bianɛ ŋu. Bu Martin Poetzinger ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le eƒe srɔ̃ɖeɖe megbe kpuiea, wolée de Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖa me. Gbãa, edo gbe ɖa na Yehowa be wòana woaɖe asi le ye ŋu le fuwɔamesaɖaa me ale be yeate ŋu ava lé be na ye srɔ̃, eye yeayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Gake kwasiɖa eve va yi eye mekpɔ naneke si ɖee fia be Yehowa ana woava ɖe asi le ye ŋu o. Eya ta edo gbe ɖa be: “Yehowa, meɖe kuku fia nu si nèdi be mawɔ lam.” Eyome ebu nu siwo me tom nɔvi bubuawo le le fuwɔamesaɖaa me ŋu. Wo dometɔ geɖe tsi dzi ɖe wo srɔ̃ kple wo viwo ŋu. Esia wɔe be Nɔviŋutsu Poetzinger do gbe ɖa be: “Yehowa, akpe na wò ɖe nye dɔdeasi yeyea ta. Kpe ɖe ŋunye be mado ŋusẽ nɔvinyewo eye made dzi ƒo na wo.” Eye nenema tututue wòwɔ le ƒe asieke siwo wòtsɔ nɔ fuwɔamesaɖaa mea me!

8. Nu vevi ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne míele gbe dom ɖa?

8 Ele be míaɖo ŋku edzi be tameɖoɖo aɖe le Yehowa si eye ana wòava eme le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Nu si wòɖo tame be yeawɔa ƒe ɖee nye be yeaɖe dɔléle, ku, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple nu bubu siwo katã nana míekpea fu la ɖa keŋkeŋ. Eye ato eƒe Fiaɖuƒea dzi awɔ esia. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 21:3, 4) Gake hafi ɣeyiɣi ma naɖoa, Yehowa ɖe mɔ Satana le xexea dzi ɖum. b (Yoh. 12:31; Nyaɖ. 12:9) Ne Yehowa kpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ fifia, ɖe madze abe ke ɖe Satana le xexea dzi ɖum nyuie ene oa? Ɛ̃, adze nenema. Eya ta ehiã be míakpɔ Yehowa sinu be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme. Togbɔ be ele alea hãa, esia mefia be Yehowa mekpena ɖe mía ŋu o. Azɔ na míadzro mɔ siwo dzi Yehowa tona ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu dometɔ aɖewo me.

MƆ SIWO DZI YEHOWA TONA ÐOA MÍAƑE GBEDODOÐAWO ŊU EGBEA

9. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Enaa nunya si míehiãa mí. Yehowa do ŋugbe be yeana nunya si míehiã be míate ŋu atso nya me nyuiea mí. Míehiã na mawumenunya, vevietɔ ne míele nya me tsom le agbemenya veviwo ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ne míedi be míaɖe srɔ̃ alo míanɔ tre. (Yak. 1:5) Bu Nɔvinyɔnu Maria ŋu kpɔ. c Enye gbesiagbe mɔɖela esi wòdo go nɔviŋutsu aɖe. Egblɔ be: “Zi ale si mía dome va nɔ kplikplikplia, zi nenemae míaƒe nu va lé dzi na mía nɔewo. Menya be ehiã be matso nya me le nu si mawɔ ŋu. Medo gbe ɖa vevie tso eŋu enuenu. Mehiã Yehowa ƒe mɔfiame, gake menya be Yehowa matso nya me nam o.” Maria va kpɔe be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòna nunya ye be yeate ŋu atso nya me nyuie. Le mɔ ka nu? Eku nu me le míaƒe agbalẽwo me, eye esia kpe ɖe eŋu wòkpɔ nu si wòle be wòawɔ. Ewɔ ɖe nɔa si nye nuteƒewɔla ƒe aɖaŋuɖoɖo hã dzi. Aɖaŋuɖoɖo ma kpe ɖe eŋu wòdzro eɖokui me nyuie. Mlɔebaa, ete ŋu va tso nya me nyuie.

Aleke Yehowa doa ŋusẽ mí be míate ŋu ado dzi? (Kpɔ memama 10 lia)

10. Le Filipitɔwo 4:13 ƒe nya nua, nu kae Yehowa awɔ atsɔ akpe ɖe esubɔlawo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoa hã.)

10 Edoa ŋusẽ mí be míado dzi. Yehowa ana ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ado dzi le xaxawo mea mí, abe ale si wòdo ŋusẽ apostolo Paulo ene. (Xlẽ Filipitɔwo 4:13.) Bu ale si Yehowa kpe ɖe Nɔviŋutsu Benjamin ŋu wòte ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽwo mea ŋu kpɔ. Le eƒe sɔhɛmenɔɣia, eya kple edzilawo kpakple nɔviawo nɔ sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me le Afrika. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi be wòado ŋusẽm be mate ŋu awɔ nu si dzea eŋu. Yehowa ɖo nye gbedodoɖawo ŋu; ena nye dzi dze eme, ena dzi ɖo ƒonye meyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, eye habɔbɔa ƒe agbalẽwo kpe ɖe ŋunye meyi edzi nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli.” Egblɔ kpee be: “Mexlẽa Yehowa subɔla bubuwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo eye esia na mekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu wote ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Eye esia do ŋusẽm meɖoe kplikpaa be mayi edzi awɔ nuteƒe.”

Ðe Yehowa to nɔviwò Kristotɔwo dzi kpe ɖe ŋuwò kpɔa? (Kpɔ memama 11-12 lia) d

11-12. Aleke Yehowa ate ŋu azã mía nɔviwo atsɔ aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Etoa mía nɔvi Kristotɔwo dzi. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, edo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòagaɖe mɔ amewo nabu ye be yenye busunyagblɔla o. Gake Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu le mɔ bubu nu; edɔ nɔvia mawudɔla wòva do ŋusẽe. (Luka 22:42, 43) Nenema kee egbea hãa, Yehowa ate ŋu ato mía nɔviwo dzi akpe ɖe mía ŋu. Ate ŋu aʋã mía nɔvi aɖe be wòayɔ ade dzi ƒo na mí alo ava srã mí kpɔ. Mí katã míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ vovovowo agblɔ “nya nyui” atsɔ ade dzi ƒo na mía nɔewo.—Lod. 12:25.

12 Bu Nɔvinyɔnu Miriam ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le srɔ̃a ƒe ku megbea, etsi akogo, nu te ɖe edzi eye wòlé blanui. Enɔ avi fam vevie eye wòhiã ame aɖe si afa akɔ nɛ. Egblɔ be: “Ŋusẽ menɔ ŋunye be mayɔ ame aɖeke o, ta medo gbe ɖa na Yehowa. Esi menɔ avi fam nɔ gbe dom ɖaa, nye fon la ɖi. Hamemetsitsi aɖe si nye ƒomea xɔlɔ̃e yɔ.” Hamemetsitsia kple srɔ̃a fa akɔ na Miriam. Miriam ka ɖe edzi be Yehowae ʋã nɔviŋutsua wòyɔ ye.

Aleke Yehowa ate ŋu aʋã ame siwo menye esubɔlawo o be woakpe ɖe mía ŋu? (Kpɔ memama 13-14 lia)

13. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa ate ŋu ato ame siwo mesubɔnɛ o dzi aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu.

13 Ate ŋu ato ame siwo mesubɔnɛ o dzi. (Lod. 21:1) Mɔ bubu si dzi Yehowa tona ɖoa esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋue nye be, ɣeaɖewoɣia, eʋãa ame siwo mesubɔnɛ o ƒe dzi wokpena ɖe esubɔlawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eʋã Fia Artasasta wòɖe mɔ na Nehemiya be wòatrɔ ayi Yerusalem be woagbugbɔ dua atso. (Neh. 2:3-6) Nenema kee egbea hãa, Yehowa ate ŋu aʋã ame siwo mesubɔnɛ o gɔ̃ hã be woakpe ɖe mía ŋu.

14. Aleke Soo Hing ƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na wòe? (Kpɔ fotoa hã.)

14 Nɔvinyɔnu Soo Hing de dzesii be Yehowa to yeƒe ɖɔkta dzi kpe ɖe ye ŋu. Susumedɔ vovovo aɖewo nɔ fu ɖem na viaŋutsu, eye nublanuitɔea, gbe ɖekaa, via dze afɔku vevie. Mía nɔvinyɔnua kple srɔ̃a ɖe asi le woƒe dɔwo ŋu kple susu be yewoalé be nɛ. Esia na be ganyawo va sesẽ na wo ŋutɔ. Nɔvinyɔnua gblɔ be nu te ye ŋu ale gbegbe be wɔna vɔ le ye ŋu. Edo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu, eye Yehowa de asi nyaa me hã. Ðɔktaa kpe ɖe wo ŋu woxɔ kpekpeɖeŋu tso dziɖuɖua gbɔ, eye wokpɔ xɔ aɖe si mexɔ asi boo o haya. Soo Hing gblɔ emegbe be: “Míekpɔe be Yehowa kpe ɖe mía ŋu. Enye ‘Gbedodoɖasela’ vavã.”—Ps. 65:2.

EBIA XƆSE BE MÍADE DZESI ALE SI YEHOWA ÐOA MÍAƑE GBEDODOÐAWO ŊU

15. Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu wòde dzesii be Yehowa ɖoa yeƒe gbedodoɖawo ŋu?

15 Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ ɖedzesi nu ɣesiaɣi o. Gake aleke kee wòɖo wo ŋui o, ema tututue míehiã be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Eya ta, nɔ ŋudzɔ be nàde dzesi ale si Yehowa le wò gbedodoɖawo ŋu ɖom. Nɔvinyɔnu Yoko se le eɖokui me be Yehowa menɔ yeƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o. Nu kae wòwɔ? Eva nɔ nu siwo wòdo gbe ɖa bia Yehowa la ŋlɔm ɖi. Ɣeyiɣi aɖe megbea, eto eƒe nuŋlɔɖia me eye wòde dzesii be Yehowa ɖo yeƒe gbedodoɖa akpa gãtɔ ŋu, esiwo yeŋlɔ be gɔ̃ hã. Eya ta, enuenua, ahiã be míatɔ sẽe ade ŋugble le ale si Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖomee ŋu.—Ps. 66:19, 20.

16. Aleke míaɖee afia be xɔse le mía si ne míedo gbe ɖa? (Hebritɔwo 11:6)

16 Míeɖea xɔse fiana ne míedo gbe ɖa na Yehowa. Nenema kee wòle be míaɖe xɔse afia alɔ̃ ɖe ale si Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu hã dzi, aleke kee wòɖaɖo wo ŋui o. (Xlẽ Hebritɔwo 11:6.) Bu Mike kple srɔ̃a Chrissy ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Woƒe taɖodzinue nye be yewoasubɔ le Betel. Mike gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míede asi agbalẽ te ƒe geɖe be míava subɔ le Betel, eye míedo gbe ɖa tso eŋu zi geɖe, gake womekpe mí o.” Mike kple Chrissy yi edzi ka ɖe edzi be Yehowa nya mɔ nyuitɔ si nu wòazã yewo le le eƒe subɔsubɔdɔa me. Woyi edzi nɔ wo tɔ sinua wɔm, wonye gbesiagbe mɔɖelawo, wova subɔna le afi si gbeƒãɖela geɖe hiã le, eye wokpea asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Fifia, wole dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa wɔm. Mike gblɔ be: “Togbɔ be Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu ale si míedi ɣesiaɣi o hãa, eɖo wo ŋu, eye ale si wòɖo wo ŋuia, nyo sãsãsã wu ale si míekpɔ mɔe gɔ̃ hã.”

17-18. Abe ale si Psalmo 86:6, 7 gblɔe enea, nu ka dzie míeka ɖo?

17 Xlẽ Psalmo 86:6, 7. Hakpala David ka ɖe edzi be Yehowa sea yeƒe gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu. Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi nenema. Kpɔɖeŋu siwo me míedzro le nyati sia me na míekpɔe be Yehowa ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ado dzia mí. Ate ŋu ato mía nɔvi Kristotɔwo alo ame siwo menye esubɔlawo o gɔ̃ hã dzi akpe ɖe mía ŋu le mɔ aɖe nu.

18 Yehowa maɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si míekpɔ mɔe ene ɣesiaɣi o. Ke hã, míenya be aɖo wo ŋu le mɔ aɖe nu godoo. Ana nu si míehiãa mí le ɣeyiɣi si tututu míehiãe dzi. Eya ta yi edzi nànɔ gbe dom ɖa le xɔse me, eye nàka ɖe edzi be Yehowa alé be na wò fifia eye ‘wòatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na wo’ le xexe yeyea me.—Ps. 145:16.

HADZIDZI 46 Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

a Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu ne wowɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tomaa, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe nɛ. Na míadzro ale si Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋua me.

b Be nàkpɔ numeɖeɖe geɖe ku ɖe nu si tae Yehowa ɖe mɔ Satana le xexea dzi ɖum ŋua, kpɔ nyati si nye “Wò Susu Nenɔ Nya Vevi La Ŋu,” si dze le June 2017 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Vidada aɖe kple vianyɔnu wonye sitsoƒedilawo. Wova ɖo du aɖe me eye nɔviwo xɔ wo kple dzidzɔ eye wokpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.