Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 23

Na ‘Yah Ƒe Dzoa’ Nayi Edzi Anɔ Bibim

Na ‘Yah Ƒe Dzoa’ Nayi Edzi Anɔ Bibim

“[Lɔlɔ̃ bina] abe dzo ene, Yah ƒe dzoƒaɖe.”—HAW. 8:6.

HADZIDZI 131 “Nu Si Mawu Bla Ðekae”

NYA VEVIAWO a

1. Aleke Biblia ɖɔ lɔlɔ̃ vavãe?

 “[LƆLƆ̃ bina] abe dzo ene, Yah ƒe dzoƒaɖe. Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o, eye tɔsisiwo gɔ̃ hã mate ŋu akplɔe dzoe o.” b (Haw. 8:6, 7) Ale si woɖɔ lɔlɔ̃ vavã le afi sia nya se ŋutɔ! Nyateƒenya siawo na kakaɖedzi srɔ̃tɔwo be anya wɔ be woaɖe lɔlɔ̃ akuaku afia wo nɔewo.

2. Nu kae wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu nagatsi o?

2 Lɔlɔ̃ si le srɔ̃tɔwo domea ate ŋu anɔ anyi ɖaa, gake ebia agbagbadzedze geɖe. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne wodo nakedzoa, ehiã be woanɔ nake dem eme eye woanɔ etum ɖo. Ne menye nenema oa, dzoa ate ŋu atsi. Nenema kee ehiã be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nanɔ lɔlɔ̃ si le wo domea tum ɖo hafi wòate ŋu anɔ anyi ɖaa. Ɣeaɖewoɣia, srɔ̃tɔwo ate ŋu ase le wo ɖokui me be yewoƒe lɔlɔ̃a nu le tsitsim, vevietɔ ne wo dometɔ aɖe dze dɔ, wova dzi viwo, alo ganyawo le sesẽm na wo. Eya ta ne èɖe srɔ̃a, aleke nàwɔ ana be ‘Yah ƒe dzoƒaɖea’ nakpɔtɔ anɔ bibim le wò srɔ̃ɖeɖea me? Le nyati sia mea, míakpɔ nu etɔ̃ siwo srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be wo dome nanɔ kplikplikpli eye woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. c

MINƆ ƑOMEDODO SI LE MIA KPLE YEHOWA DOME TUM ÐO

Abe Yosef kple Maria enea, ele be srɔ̃tɔwo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli (Kpɔ memama 3 lia)

3. Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃ Yehowaa, aleke esia aɖe vi na wo? (Nyagblɔla 4:12) (Kpɔ fotoa.)

3 Be ‘Yah ƒe dzoƒaɖea’ nayi edzi anɔ bibim le atsu kple asi domea, ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe naku kutri vevie be ye kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Ne wowɔe alea, aleke wòaɖe vi na wo le srɔ̃ɖeɖea me? Ana woalɔ̃ faa be yewoawɔ ɖe yewo Fofo si le dziƒo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye esia ana be woaƒo asa na kuxi siwo ate ŋu awɔe be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nu natsi. (Xlẽ Nyagblɔla 4:12.) Ame siwo dea asixɔxɔ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome ŋua dzea agbagba be yewoasrɔ̃ eyama eye yewoaɖe eƒe dɔmenyonyo, dzigbɔɖi, tsɔtsɔke kple nɔnɔme bubuawo afia. (Ef. 4:32–5:1) Ne atsu kple asi ɖea nɔnɔme siawo fiaa wo nɔewoa, anɔ bɔbɔe be woƒe lɔlɔ̃ nagba go. Nɔvinyɔnu Lena si ɖe srɔ̃ ƒe 25 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàlɔ̃ ame aɖe si lɔ̃ Yehowa eye nàde bubu eŋu.”

4. Nu ka tae Yehowa tia Yosef kple Maria be woanye Mesiaa dzilawo?

4 Le kpɔɖeŋu me, esi wòva hiã be Yehowa natia ame siwo anye Mesiaa dzilawoa, Yosef kple Mariae wòtia le David ƒe dzidzimevi gbogboawo dome. Nu ka tae? Elabe ƒomedodo kplikplikpli le wo ame evea siaa kple Yehowa dome. Eka ɖe edzi be woayi edzi alɔ̃ ye eye woatsɔ ye aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Srɔ̃ŋutsuwo, nu kae miate ŋu asrɔ̃ tso Yosef gbɔ? Srɔ̃nyɔnuwo, nu kae miate ŋu asrɔ̃ tso Maria gbɔ?

5. Nu kae srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yosef gbɔ?

5 Yosef lɔ̃ faa wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafiawo dzi, eye esia na wònye srɔ̃ŋutsu nyui. Edzɔ zi etɔ̃ ya teti be Mawu nae mɔfiame ku ɖe eƒe ƒomea ŋu. Eye le wo katã mea, Yosef ɖe afɔ enumake, togbɔ be esia bia be wòawɔ tɔtrɔ gãwo gɔ̃ hã. (Mat. 1:20, 24; 2:13-15, 19-21) Esi Yosef wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzia, esia kpe ɖe eŋu be wòkpɔ Maria ta eye wòlé be nɛ. Ale si Yosef wɔ nui anya na Maria galɔ̃e eye wòde bubu eŋu geɖe! Ne srɔ̃ŋutsue nènyea, àte ŋu asrɔ̃ Yosef ne èdzea agbagba be yeadi Biblia me mɔfiamewo ku ɖe ale si yealé be na yeƒe ƒomeae ŋu. d Ne èwɔna ɖe mɔfiame mawo dzi, togbɔ be manɔ bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o hãa, àɖee afia be èlɔ̃ srɔ̃wò eye wò kplii dome anɔ kplikplikpli. Nɔvinyɔnu aɖe si le Vanuatu eye wòɖe srɔ̃ ƒe 20 kple edzivɔe nye esia gblɔ be: “Ne srɔ̃nye di Yehowa ƒe mɔfiame eye wòwɔ ɖe edzia, enana megadea bubu eŋu ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye mekana ɖe eƒe nyametsotsowo dzi.”

6. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Maria gbɔ?

6 Maria kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Eya ŋutɔe tu eƒe xɔse ɖo. Enya Ŋɔŋlɔawo nyuie, eye edia ɣeyiɣi dea ŋugble hã. (Luka 2:19, 51) Ðikeke mele eme o be, ƒomedodo si le eya kple Yehowa domee na be wònye srɔ̃nyɔnu nyui. Egbea, srɔ̃nyɔnu geɖe dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋua. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Emiko gblɔ be: “Esi menye trea, nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nɔ nye ŋutɔ asinye. Gake esi meɖe srɔ̃ eye srɔ̃nyee xɔa ŋgɔ le ƒometadedeagu kple gbedodoɖa me taa, esia va wɔe be nyemegatea ŋu srɔ̃a nu hedoa gbe ɖa le ɖokuinye si o. Meva kpɔe be nye ŋutɔe atsɔ nye agba atu kadodo si le nye kple Yehowa domea ɖo. Eya ta meɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ doa gbe ɖa, xlẽa Ŋɔŋlɔawo, eye medea ŋugble le Mawu ƒe susuwo ŋu.” (Gal. 6:5) Srɔ̃nyɔnuwo, ne mieyi edzi le ŋusẽ dom mia kple Yehowa dome ƒomedodoa, mia srɔ̃wo akafu mi, eye woagalɔ̃ mi geɖe wu.—Lod. 31:30.

7. Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yosef kple Maria subɔ Yehowa ɖekae me?

7 Yosef kple Maria wɔ nu aduadu tsɔ do ŋusẽ wo kple Yehowa dome ƒomedodoa. Wokpɔ ale si wòle vevie be yewoasubɔ Yehowa ɖekae. (Luka 2:22-24, 41; 4:16) Togbɔ be esia wɔwɔ sesẽ, vevietɔ esime ƒomea nɔ ta kekem hãa, woyi edzi wɔe. Kpɔɖeŋu nyui aɖee nye ema woɖo na srɔ̃tɔwo egbea! Ne viwo le mia si, abe ale si wònɔ le Yosef kple Maria gome enea, ate ŋu asesẽ be miade kpekpewo alo adi ɣeyiɣi na ƒometadedeagua wɔwɔ. Eye ate ŋu asesẽ be mi ame evea miadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu alo ado gbe ɖa ɖekae. Ke haã, ɖo ŋku edzi be ne miesubɔa Yehowa ɖekaea, esia ate mi ɖe eŋu eye mia kplii dome anɔ kplikplikpli. Eya ta mitsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ.

8. Ne nuwo mele edzi yim nyuie le srɔ̃tɔ aɖewo dome oa, nu kae woate ŋu awɔ be ƒometadedeagua naɖe vi na wo bliboe?

8 Ke ne nuwo mele yiyim nyuie le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me o ɖe? Ate ŋu asesẽ be miawɔ ƒometadedeagua ɖekae. Ne nenemaea, midi nyati siwo le kpuie alo nu bubu aɖe si adzɔ dzi na mi ame evea miatsɔ anɔ ƒometadedeagua wɔm vivivi. Esia ate ŋu ana miatu lɔlɔ̃ si le mia nɔewo domea ɖo eye miasubɔ Yehowa ɖekae wòavivi mia nu.

MIDI ƔEYIƔI MIANƆ NU WƆM ÐEKAE

9. Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nadi ɣeyiɣi anɔ nu wɔm ɖekae?

9 Srɔ̃tɔwo, ne miewɔa nuwo ɖekaea, mianya mia nɔewo ƒe susuwo kple seselelãmewo. Eye esia awɔe be lɔlɔ̃ si le mia si na mia nɔewo agasẽ ɖe edzi. (1 Mose 2:24) Lilia kple Ruslan ɖe srɔ̃ ƒe 15 kple edzivɔe nye esia. Le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe tetia, wode dzesi nane. Lilia gblɔ be: “Míeva de dzesii be ɣeyiɣi manɔ mía si míanɔ nuwo wɔm ɖekae ɣesiaɣi abe ale si míesusui ene o. Míaƒe dɔwɔɖuia, aƒemedɔwo, kple ɖeviawo va xɔ míaƒe ɣeyiɣia ƒe akpa gatɔ̃. Míekpɔe be ne mímedia ɣeyiɣi wɔa nu ɖekae oa, ate ŋu awɔe be mía dome maganɔ kplikplikpli o.”

10. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ gɔmeɖose si dze le Efesotɔwo 5:15, 16 ŋu dɔ?

10 Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu? Miate ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi anɔ nuwo wɔm ɖekae. (Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Nɔviŋutsu Uzondu si le Nigeria gblɔ be: “Ne mele nye ɖoɖowo wɔmaa, mewɔa ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si nye kple srɔ̃nye míawɔ nuwo ɖekae hã ŋu, eye nyemeɖea mɔ naneke gblẽa eme o.” (Flp. 1:10) Anastasia, si srɔ̃ nye nutome sue dzikpɔla le Moldova, wɔa eƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu. Egblɔ be: “Ne srɔ̃nye le hamea ƒe dɔwo wɔmaa, mezaã ɣeyiɣi ma tsɔ kpɔa nye nu vevi aɖewo gbɔ. Esia wɔnɛ be míete ŋu kpɔa vovo wɔa nuwo ɖekae emegbe.” Ke ne miaƒe ɖoɖowo wɔnɛ be wòsesẽna be miakpɔ ɣeyiɣi awɔ nu ɖekaea, nu kae akpe ɖe mia ŋu?

Nu kawoe srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ ɖekae? (Kpɔ memama 11-12 lia)

11. Nu kawoe Akwila kple Priskila wɔna ɖekae?

11 Srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso Akwila kple Priskila gbɔ. Wonye atsu kple asi siwo ŋu Kristotɔ gbãtɔwo dea bubui vevie. (Rom. 16:3, 4) Togbɔ be Biblia megblɔ nu geɖe tso woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu o hãa, eƒo nu tso ale si woɖea gbeƒã, wɔa dɔ eye wokpena ɖe amewo ŋu ɖekaea ŋu. (Dɔw. 18:2, 3, 24-26) Le nyateƒe mea, ɣesiaɣi si Biblia ƒo nu tso wo ŋua, eyɔa wo ame evea ƒe ŋkɔ ɖe du.

12. Nu kae atsu kple asi ate ŋu awɔ be woate ŋu anɔ nuwo wɔm ɖekae? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu asrɔ̃ Akwila kple Priskila? Bu nu geɖe siwo wòhiã be wò kple srɔ̃wò miawɔ ŋu kpɔ. Ðe manyo be miawɔ ɖewo ɖekae wu be ame sia ame nawɔe le eɖokui si oa? Le kpɔɖeŋu me, Akwila kple Priskila ɖe gbeƒa ɖekae. Ðe miewɔa ɖoɖo ɖea gbeƒã ɖekae edziedzia? Akwila kple Priskila wɔ ŋutilãmedɔwo hã ɖekae. Ðewohĩ wò kple srɔ̃wò ƒe dɔwɔɖuia to vovo, gake ɖe miate ŋu awɔ aƒemedɔwo ɖekaea? (Nyagb. 4:9) Ne miekpena ɖe mia nɔewo ŋu wɔa nuwo ɖekaea, ana mɔnukpɔkpɔ mi be miaɖo dze eye mia dome nanɔ kplikplikpli. Robert kple Linda ɖe srɔ̃ ƒe 50 kple edzivɔe nye esia. Robert gblɔ be: “Nyateƒeae nye be ɣeyiɣi menɔa mía si míeɖea modzaka ɖekae o. Gake ne mele agbawo klɔm eye srɔ̃nye le wo ŋu tutum, alo ne mele dɔ wɔm le abɔa me eye srɔ̃nye va kpe asi ɖe ŋunyea, enana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Nuwo wɔwɔ aduadu nana mía dome nɔa kplikplikpli. Míaƒe lɔlɔ̃a gasana kɔ ɖe edzi.”

13. Nu kae wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ be wo dome nanɔ kplikplikpli ŋutɔŋutɔ?

13 Gake ɖo ŋku edzi be, ne atsu kple asi le teƒe ɖeka hãa, mefia kokoko be wo dome anɔ kplikplikpli o. Srɔ̃nyɔnu aɖe si le Brazil gblɔ be: “Esi susuhenu geɖewo li egbea taa, ate ŋu awɔ na mí be míewɔa nuwo ɖekae le esi míele xɔ ɖeka me ta ko. Gake meva srɔ̃e be ema ɖeɖe mesu o, ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Eya ta ne nye kple srɔ̃nye míele nuwo wɔm ɖekaea, ele be mana nye susu nanɔ eŋu.” De dzesi nu si Bruno kple srɔ̃a Tays wɔna be woƒe susu nanɔ wo nɔewo ŋu. Bruno gblɔ be: “Le míaƒe vovoɣiwoa, míeɖea asi le míaƒe fonwo ŋu, eye míedoa vivi ɖe mía nɔewo ŋu.”

14. Ne atsu kple asi metea ŋu vona ɖe wo nɔewo ŋu ɖoa dze kpɔa dzidzɔ oa, nu kae woate ŋu awɔ?

14 Ke ne wò kple srɔ̃wò mietea ŋu vona ɖe mia nɔewo ŋu ɖoa dze kpɔa dzidzɔ o ɖe? Ðe wòanye be nu si doa dzidzɔ na mia dometɔ ɖe sia ɖe le vovo alo miedzea agɔ le mia nɔewo dzi kabakaba taea? Ne nenemaea, nu kae miate ŋu awɔ? Bu kpɔɖeŋu si míewɔ ku ɖe nakedzo ŋu va yia ŋu kpɔ. Ne wodo nakedzo tetia, enu mesẽna enumake o. Ele be woanɔ nake dem dzoa me vivivi anɔ etum ɖo. Nenema kee miate ŋu adze nuwo wɔwɔ ɖekae gɔme vivivi, ɖewohĩ miniti ʋɛ aɖewo gbe sia gbe. Midze agbagba miawɔ nu si ado dzidzɔ na mi ame evea, ke menye nu siwo ahe dzre vɛ o. (Yak. 3:18) Ne miedze egɔme vivivia, miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo anɔ sesẽm ɖe edzi.

MIWƆ NU ÐE MIA NƆEWO ŊU BUBUTƆE

15. Nu ka tae wòle vevie be atsu kple asi nade bubu wo nɔewo ŋu?

15 Bubudede ame nɔewo ŋu le vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Ele abe ya si kpena ɖe dzo ŋu wòbina nyuie ene. Ya manɔmeea, dzoa atsi kaba ŋutɔ. Nenema kee ne srɔ̃tɔwo medea bubu wo nɔewo ŋu oa, woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo ate ŋu atsi bɔbɔe. Gake ne atsu kple asi dzea agbagba wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu bubutɔea, woƒe lɔlɔ̃ ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi. Ðo ŋku edzi be, menye ale si nèsusu be yedea bubu ye srɔ̃ ŋue nye nyaa o. Ke boŋ nya lae nye be, ɖe srɔ̃wò sena le eɖokui me be èdea bubu ye ŋua? Penny kple Aret ɖe srɔ̃ ƒe 25 kple edzivɔe nye esia. Penny gblɔ be: “Esi míedea bubu mía nɔewo ŋu taa, ŋutifafa nɔa aƒea me ɣesiaɣi. Míeɖea míaƒe susu gblɔna na mía nɔewo faa elabe míedea asixɔxɔ mía nɔewo ƒe susuwo ŋu.” Eya ta, nu kae nàte ŋu awɔ be srɔ̃wò nase le eɖokui me be èdea bubu ye ŋu? Abraham kple Sara ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe ŋuwò.

Ele be Kristotɔ srɔ̃ŋutsu nade bubu srɔ̃a ƒe sesẽlelãmewo ŋu aɖo toe nyuie (Kpɔ memama 16 lia)

16. Nu kae srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Abraham ƒe kpɔɖeŋua me? (1 Petro 3:7) (Kpɔ fotoa hã.)

16 Abraham de bubu Sara ŋu. Eɖoa to sea Sara ƒe susuwo eye wòbua eƒe seselelãmewo ŋu. Gbe ɖekaa, nu te ɖe Sara dzi vevie eye wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ na Abraham hebu fɔe gɔ̃ hã. Ðe Abraham do dziku ɖe eŋu ɖo nya ŋu nɛ adãtɔea? Ao. Abraham nya be ye srɔ̃ Sara bɔbɔa eɖokui eye wòkpea asi ɖe ye ŋu. Abraham ɖo toe eye wòdze agbagba kpɔ nyaa gbɔ. (1 Mose 16:5, 6) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Srɔ̃ŋutsuwo, miaƒe agbanɔamedzie wònye be miatso nya me na miaƒe ƒomea. (1 Kor. 11:3) Ke hã, anye lɔlɔ̃ɖeɖefia ne èsea srɔ̃wò ƒe susu hafi tsoa nya me, vevietɔ ne nyametsotsoa kae. (1 Kor. 13:4, 5) Ɣeaɖewoɣia, nu ate ɖe srɔ̃wòa dzi eye wòadi be yeagblɔ yeƒe seselelãmewo na wò. Ðe nèɖoa toe nyuiea? (Xlẽ 1 Petro 3:7.) Angela kple Dmitry ɖe srɔ̃ ƒe 30 kloe ye nye esia. Angela ɖe eme be ye srɔ̃ ƒe nuwɔna nana yesena le ye ɖokui me be edea bubu ye ŋu. Egblɔ be: “Dmitry le klalo ɣesiaɣi be yeaɖo tom. Ne nu te ɖe dzinye si wɔe be nyemete ŋu ƒo nu tufafatɔe o hãa, medoa dziku o.”

17. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Sara ƒe kpɔɖeŋua me? (1 Petro 3:5, 6)

17 Sara de bubu Abraham ŋu; elɔ̃na ɖe eƒe nyametsotsowo dzi. (1 Mose 12:5) Gbe ɖekaa, Abraham xɔ amedzro si womenɔ mɔ kpɔm na o. Ebia tso Sara si be wòaɖe asi le nu si wɔm wòlea ŋu ne wòame abolo gbogbo aɖe. (1 Mose 18:6) Sara wɔ nu kpata eye wòwɔ nu siwo Abraham bia tso esi. Srɔ̃nyɔnuwo, miate ŋu asrɔ̃ Sara ƒe kpɔɖeŋua alɔ̃ ɖe mia srɔ̃wo ƒe nyametsotsowo dzi akpe asi ɖe wo ŋu. Ne miewɔe alea, miaƒe srɔ̃ɖeɖea ali ke. (Xlẽ 1 Petro 3:5, 6.) Dmitry, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia sena le eɖokui me be ye srɔ̃ dea bubu ye ŋu. Egblɔ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo Angela dzena tsɔ kpea asi ɖe nye nyametsotso ŋua ŋu ŋutɔ, ne eƒe susu mewɔ ɖeka kple nyametsotsoa o gɔ̃ hã. Ne nuwo meva yi nyuie o hãa, mehea nya ɖe ŋunye o.” Ɛ̃, ele bɔbɔe ŋutɔ be nàlɔ̃ ame si dea bubu ŋuwò!

18. Ne srɔ̃tɔwo kua kutri tua lɔlɔ̃ si le wo nɔewo dome ɖoa, aleke esia aɖe vi na woe?

18 Egbea, Satana ƒe ŋku biã wòdi be yeatsi lɔlɔ̃ si le Kristotɔ srɔ̃tɔwo domea nu. Enya be ne atsu kple asi megava le wo nɔewo lɔ̃m oa, anɔ bɔbɔe be woate ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Gake, lɔlɔ̃ vavã nu matsi gbeɖe o! Eya ta neva eme be lɔlɔ̃ si le wò kple srɔ̃wò domea nanɔ abe lɔlɔ̃ si woɖɔ le Hawo Ƒe Ha ƒe agbãlea me ene. Miɖoe kplikpaa be miana Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Mikpɔ vovo ɖe mia nɔewo ŋu, mibu mia nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu eye mikpɔ mia nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ne miewɔe alea, miaƒe srɔ̃ɖeɖea ahe kafukafu vɛ na Yehowa, Ame si gbɔ lɔlɔ̃ vavã dzɔ tso. Ale si ko nakedzo yia edzi nɔa bibim ne wole etum ɖoa, nenemae miaƒe lɔlɔ̃ ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi ɖaa.

HADZIDZI 132 Fifia Míezu Ŋutilã Ðeka

a Yehowa na nu nyui aɖe amegbetɔwo; eyae nye srɔ̃ɖeɖe. Esia wɔnɛ be srɔ̃tɔwo ɖea lɔlɔ̃ tɔxɛ fiaa wo nɔewo. Gake ɣeaɖewoɣia, lɔlɔ̃ ma nu ate ŋu ava tsi. Ne èɖe srɔ̃a, ke nyati sia akpe ɖe ŋuwò be nàtu lɔlɔ̃ ma ɖo eye nàyi edzi akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖea me.

b Woyɔ lɔlɔ̃ vavã si nɔa anyi ɖaa eye enu meyina o be “Yah ƒe dzoƒaɖe,” elabe lɔlɔ̃ sia tso Yehowa gbɔ.

c Ne srɔ̃wò menye Yehowa subɔla o hãa, aɖaŋuɖoɖo siawo akpe ɖe ŋuwò nàna wò kplii dome nanɔ kplikplikpli.—1 Kor. 7:12-14; 1 Pet. 3:1, 2.

d Le kpɔɖeŋu me, kpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le nyati vovovowo ƒe hatsotso si nye “Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu,” siwo dze le jw.org kple JW Library® me.