Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

Yi Edzi Nàzɔ Le ‘Kɔkɔenyenye Ƒe Mɔa’ Dzi

Yi Edzi Nàzɔ Le ‘Kɔkɔenyenye Ƒe Mɔa’ Dzi

“Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, [eye] woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.”YES. 35:8.

HADZIDZI 31 Oo, Zɔ Kple Mawu!

NYA VEVIAWO a

1-2. Nyametsotso vevi kae dze ŋgɔ Yudatɔ siwo nɔ Babilon? (Ezra 1:2-4)

 WOÐE gbeƒã nya vevi aɖe! Eyae nye be Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon ƒe 70 sɔŋ la vo atrɔ ayi wo de Israel. (Xlẽ Ezra 1:2-4.) Edze ƒãa be Yehowae na woɖe asi le Yudatɔwo ŋu. Nu ka tae míegblɔe nenema? Nu si tae nye be Babilontɔwo meɖea asi le woƒe aboyomewo ŋu o. (Yes. 14:4, 17) Gake nya lae nye be, Babilon-dua mu eye dziɖula yeyeae le mɔ ɖem na Yudatɔwo be woate ŋu atrɔ ayi wo de. Esia wɔe be nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Yudatɔwo katã, vevietɔ ƒome ƒe tawo: Ðe woatrɔ ayi wo dea, alo ɖe woatsi Babilon? Anɔ eme be nyametsotso sia manɔ bɔbɔe kura o. Nu ka tae?

2 Le Yudatɔ geɖe gomea, tsitsi wɔe be womate ŋu azɔ mɔ legbee ma o. Eye esi Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le taa, afi ma koe nye aƒe wonya. Eya ta wobua Israel be enye yewo tɔgbuiwo de. Azɔ hã, nu va de Yudatɔ aɖewo dzi le Babilon, eya ta esesẽ na wo be woagblẽ woƒe aƒe nyuiawo kple woƒe dɔwo ɖi be woayi anyigba si womenya o dzi.

3. Nu nyui kae ado tso eme na Yudatɔ wɔnuteƒe siwo atrɔ ayi lsrael?

3 Yudatɔ nuteƒewɔlawo nyae be viɖe siwo yewoakpɔ ne yewotrɔ yi Israel anyo sãsãsã wu nu sia nu si yewoagblẽ ɖe megbe. Vevietɔ wua, wonyae be yewoakpɔ ablɔɖe asubɔ Yehowa abe ale si wòdi ene. Elabe trɔ̃xɔ 50 sɔŋ ye nɔ Babilon, gake Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖeka pɛ hã menɔ dua me o. Ðoɖo aɖeke menɔ anyi be nunɔlawo nasa vɔwo abe ale si Mose ƒe Sea bia ene o, eye vɔsamlekpui si dzi woasa vɔawo le gɔ̃ hã menɔ anyi o. Azɔ hã trɔ̃subɔla siwo nɔ dua mea sɔ gbɔ sãsãsã wu Yehowa ƒe amewo eye wometsɔa ɖeke le Yehowa ƒe nudidiwo me o. Eya ta Yudatɔ mawuvɔ̃la geɖe nɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi yewo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi.

4. Aleke Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe Yudatɔ siwo trɔ yina Israel ŋu?

4 Mɔzɔzɔ tso Babilon ayi Yuda manɔ bɔbɔe kura o, eye ate ŋu axɔ abe ɣleti ene sɔŋ ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be yeaɖe mɔxenu siwo ana mɔzɔzɔa nasesẽ na woa ɖa. Yesaya gblɔ be: “Midzra Yehowa ƒe mɔ dzi ɖo! Mita mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe na mía Mawu la. . . . Kpoteƒe azu zɔzrɔ̃eƒe, eye teƒe glidzaglidza azu sɔsɔeƒe.” (Yes. 40:3, 4) Wò ya kpɔe ɖa le susu me be wota mɔ gã dzɔdzɔe ɖe gbegbe eye wona teƒe glidzaglidza zu sɔsɔeƒe. Ðe mɔ ma dzi manya zɔ ŋutɔ oa? Ɛ̃, anɔ bɔbɔe be woato mɔ gã dzɔdzɔe dzi wu be woanɔ to liam anɔ aga ɖim ɖe bali me. Mɔzɔlawo akpɔ dzidzɔ ale gbegbe, eye mɔzɔzɔa atsɔ hã.

5. Ŋkɔ kae woyɔ na mɔ gã si tso Babilon yi Israel?

5 Egbea, wozãa ŋkɔwo alo xexlẽdzesiwo tsɔ dea dzesi mɔwo. Le mɔ ma ke nua, ŋkɔ le kpɔɖeŋumɔ gã si ŋu Yesaya ƒo nu tsoe hã si. Biblia gblɔ be: “Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, ɛ̃, woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ. Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.” (Yes. 35:8) Nu kae nya sia fia na Israel-viwo ɣemaɣi? Eye nu kae wòfia na míawo hã egbea?

“KƆKƆENYENYE ƑE MƆ” SI NƆ ANYI ƔEMAƔI KPLE ESI LI FIFIA

6. Nu ka tae woyɔ mɔ sia be “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ”?

6 “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ”—ŋkɔ nyui kae nye esi wotsɔ na mɔ ma! Nu ka tae woyɔ mɔa be “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ”? Biblia gblɔ be womaɖe mɔ ame makɔmakɔ aɖeke nato edzi o. Esia fia be Yudatɔ siwo ɖoe koŋ ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu, trɔ̃subɔsubɔ, kple nu vɔ̃ gã bubuwo mea, mazɔ mɔ ma dzi o. Yudatɔ siwo atrɔ agbɔa, ava nye “dukɔ kɔkɔe” na woƒe Mawu Yehowa. (5 Mose 7:6) Ðe esia fia be Yudatɔ siwo dzo le Babilon la ŋu kɔ xoxo si ta mahiã be woawɔ tɔtrɔwo be woƒe nu nadze Yehowa ŋu oa? Ao, mefia nenema kura o.

7. Tɔtrɔ kawoe wòhiã be Yudatɔ aɖewo nawɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Abe ale si míegblɔe va yi enea, Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le, eye wo dometɔ geɖe wɔa nu hebua nuwo ŋu abe Babilontɔwo ke ene. Esi Yudatɔwo trɔ yi wo de ƒe geɖe megbea, Ezra va de dzesii be Yudatɔ aɖewo ɖe nyɔnu siwo nye trɔ̃subɔlawo. (2 Mose 34:15, 16; Ezra 9:1, 2) Le ƒe aɖewo megbea, Nutodziɖula Nehemiya ƒe nu ku esi wòde dzesii be ɖevi siwo wova dzi le Israel la dometɔ aɖeke mese wo degbe si nye Hebrigbea o. (5 Mose 6:6, 7; Neh. 13:23, 24) Esi Hebrigbe me koŋue woŋlɔ Mawu ƒe Nyaa ɖo evɔ ɖeviawo mese gbe ma oa, ke aleke woawɔ asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woava lɔ̃e eye woasubɔe? (Ezra 10:3, 44) Edze ƒãa be ehiã be Yudatɔ mawo nawɔ tɔtrɔ geɖe. Gake tɔtrɔ mawo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wo wu le Israel, afi si wogbugbɔ le tadedeagu dzadzɛa ɖom anyi le.—Neh. 8:8, 9.

Tso ƒe 1919 K.Ŋ. mea, ame geɖe siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo lea, do le Babilon Gãa me eye wova le ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi zɔm (Kpɔ memama 8 lia)

8. Nu ka tae Yudatɔwo ƒe ŋutinyaa ka mí egbea? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

8 Ðewohĩ ame aɖewo agblɔ be, ‘Yudatɔwo ƒe ŋutinya sia nya se ya, gake ɖe wòka mí egbea?’ Ɛ̃, eka mí elabe le mɔ aɖe nua, míele ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi zɔm. Míeɖanye amesiaminawo alo ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, ehiã be míayi edzi anɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. Esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ Yehowa subɔm fifia kple le etsɔme ne Fiaɖuƒea he yayra mavɔwo vɛ. b (Yoh. 10:16) Tso ƒe 1919 K.Ŋ. mea, ame geɖe siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo lea, do le Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, la me eye wova le kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋumɔa dzi zɔm. Ðewohĩ wò hã èle wo dome. Togbɔ be ƒe 100 ye nye esia amewo dze mɔa dzi zɔzɔ hãa, ame aɖewo dze mɔa dzi dzadzraɖo ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ.

ALE SI WODZRA MƆA DZI ÐO

9. Le Yesaya 57:14 ƒe nya nua, mɔ ka nue wodzra ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi ɖo le?

9 Yehowa kpɔ egbɔ be woɖe kplamatsɛdonuwo ɖa le mɔa me na Yudatɔ siwo dzo le Babilon trɔ yi wo de. (Xlẽ Yesaya 57:14.) Ke aleke wodzra “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ” si li egbea dzi ɖo? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na 1919 la, Yehowa zã ŋutsu mawuvɔ̃lawo wodzra mɔa dzi ɖo be wòanɔ bɔbɔe na amewo be woado le Babilon Gãa me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 40:3.) Wowɔ dɔ siwo hiã be wòanɔ bɔbɔe na dzinyuitɔ siwo ava emegbe be woate ŋu ado le alakpasubɔsubɔ me, eye woava wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo asubɔ eyama. Nu kae mɔ sia dzadzraɖo bia? Na míakpɔ dɔ siwo wowɔa dometɔ aɖewo ɖa.

Ƒe alafa geɖe do ŋgɔa, mawuvɔ̃la aɖewo dzra mɔa dzi ɖo be wòanɔ bɔbɔe na dzinyuitɔwo be woado le Babilon Gã la me (Kpɔ memama 10-11 lia)

10-11. Aleke Biblia gɔmeɖeɖe kple etata wɔe be amewo va nya nu geɖe tso Biblia ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

10 Agbalẽtata. Tso blema kaka va ɖo ƒe 1450 me lɔƒoa, amewo gbugbɔ ŋlɔa Biblia me nyawo kple asi. Esia xɔa ɣeyiɣi geɖe si wɔe be Biblia mebɔ ɣemaɣi o eye wòxɔ asi hã. Gake esi amewo to agbalẽtamɔ̃wo vɛa, enɔ bɔbɔe be woata Biblia le agbɔsɔsɔme eye wòasu ame geɖe si.

11 Gbegɔmeɖeɖe. Ƒe alafa geɖe va yia, Latingbe Biblia koŋue nɔ anyi, evɔ agbalẽnyala ʋɛ aɖewo koe se gbe ma. Gake esi amewo to agbalẽtamɔ̃wo vɛa, mawuvɔ̃la aɖewo wɔ dɔ vevie ɖe Biblia gɔme ɖe gbe siwo ame geɖewo dona me. Esia wɔe be ame siwo xlẽa Biblia ate ŋu atsɔ nu si fiam subɔsubɔhakplɔlawo le wo anɔ sɔsɔm kple nu si tututu Biblia fia.

Mawuvɔ̃la aɖewo dzra mɔa dzi ɖo be wòanɔ bɔbɔe na dzinyuitɔwo be woado le Babilon Gã la me (Kpɔ memama 12-14 lia)  c

12-13. Aleke Biblia srɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe 1800-awo mea, klo nu le alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Biblia srɔ̃la dovevienuwo srɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe Nyaa me, eye wova nɔ nu siwo srɔ̃m wolea gblɔm na amewo. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1835 me lɔƒoa, ŋutsu dovevienu aɖewo te traktwo tata be yewoatsɔ aklo nu le sɔlemehawo ƒe alakpanufiafiawo dzi. Esia ku dzi nya subɔsubɔhakplɔlawo vevie.

13 Ɣemaɣia, mawuvɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Henry Grew ta trakt aɖe tso nɔnɔme si me ame kukuwo lea ŋu. Ezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ ɖe eme le trakt la me be makumakunyenye nye nunana tso Mawu gbɔ, ke menye nu wònye wodzi kple amewo katã, abe ale si sɔlemeha geɖe nɔ efiam ene o. Le ƒe 1837 mea, osɔfo aɖe si ŋkɔe nye George Storrs kpɔ trakt siawo dometɔ ɖeka le keteke me. Esi wòxlẽea, eka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒenya vevi aɖe ŋu, eye wòɖoe be yeagblɔ nu si yesrɔ̃a na ame bubuwo. Le ƒe 1842 mea, eƒo nuƒo aɖewo tsia ɖe enu si ƒe tanyae nye “Numekuku—Ðe Ame Vɔ̃ɖi Makumakuwo Lia?” George Storrs ƒe nuƒoa me nyawo wɔ dɔ ɖe ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Charles Taze Russell dzi vevie.

14. Aleke mɔa dzi dzadzraɖodɔ siwo mawuvɔ̃lawo wɔ va yia, ɖe vi na Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

14 Aleke dɔ siwo mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le blema wɔ le ‘Kɔkɔenyenye Ƒe Mɔa’ ŋua, ɖe vi na Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo? Eɖe vi na wo le mɔ sia nu be nyagɔmeɖegbalẽwo, nyadigbalẽwo, kple Biblia gɔmeɖeɖe bubu siwo wova zã le woƒe numekukuwo mea nye agbãlẽ siwo mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi do ŋgɔ na woa ta. Azɔ hã numekuku siwo Henry Grew, George Storrs, kple ame bubuwo hã wɔa ɖe vi na wo. Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo hã wɔ akpa vevi aɖe le mɔa dzi dzadzraɖo me. Wota trakt kple agbalẽ gbogbo aɖewo siwo dzro Biblia me nyatiwo me.

15. Nu vevi kawoe yi edzi le ƒe 1919 me?

15 Le ƒe 1919 mea, Mawu ƒe amewo vo tso Babilon Gã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Le ƒe ma mea, woɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be woakpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu woazɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. (Mat. 24:45-47) Dɔ siwo mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi va yi wɔ tsɔ dzra mɔa dzi ɖoa, kpe ɖe ame siwo va le mɔa dzi zɔm ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu. (Lod. 4:18) Esia ana woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu be wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nudidiwo. Yehowa mele mɔ kpɔm be yeƒe amewo nawɔ tɔtrɔ siwo katã hiã zi ɖeka o. Ke boŋ enɔa asi trɔm le eƒe amewo ŋu vivivi. (Kpɔ aɖaka si nye “ Yehowa Trɔa Asi Le Eƒe Amewo Ŋu Vivivi.”) Kpɔ ale si dzi adzɔ mí ne mí katã míewɔa nu si dzea Mawu ŋu ɣesiaɣi ɖa!—Kol. 1:10.

‘KƆKƆENYENYE ƑE MƆA’ KPƆTƆ LE ƲUƲU ÐI

16. Tso ƒe 1919 mea, nu ka wɔm wole tsɔ le be lém na ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’? (Yesaya 48:17; 60:17)

16 Mɔdodo ɖe sia ɖe hiã na beléle. Eya ta tso ƒe 1919 mea, woyi edzi le be lém na ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ kple susu be wòanɔ bɔbɔe na ame geɖe be woado le Babilon Gãa me. Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si woɖo la dze dɔ gɔme vevie eye le ƒe 1921 mea, wota Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe be wòakpe ɖe ame yeyewo ŋu woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Agbalẽa ƒe tanyae nye Mawu Ƒe Saŋku. Wota agbalẽ ma wode miliɔn ade kloe eye woɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ 36 me, eye ame geɖe to edzi srɔ̃ nyateƒea. Nyitsɔ laa, wota agbalẽ yeye aɖe si míetsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo. Eƒe tanyae nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! Edze ƒãa be le ŋkeke mamlɛ siawo mea, Yehowa le eƒe habɔbɔa zãm tsɔ le Biblia me mɔfiamewo nam mí katã be míayi edzi azɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi.—Xlẽ Yesaya 48:17; 60:17.

17-18. Afi kae ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ akplɔ mí ayii?

17 Míate ŋu agblɔ be ne ame aɖe lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yea, ke mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòava zɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. Ame aɖewo dzea mɔa dzi zɔzɔ, gake wova dea megbe. Ame bubuwo ya ɖoe kplikpaa be yewoazɔ edzi va se ɖe esime yewoɖo afi si yim yewole. Ke afi ka yim wole?

18 ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ akplɔ ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa lea ayi “Mawu ƒe paradisoa me” le dziƒo. (Nyaɖ. 2:7) Eye wòakplɔ ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa lea ayi ƒe 1,000 dziɖuɖua ƒe nuwuwu, esime ame sia ame ade blibo. Eya ta ne èle mɔ gã sia dzi zɔm egbea, mègakpɔ megbe o, eye mègadzudzɔ mɔ sia dzi zɔzɔ o va se ɖe esime nàɖo aƒe! Yehowa nenɔ kpli wò.

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

a Yehowa yɔ kpɔɖeŋumɔ gã si tso Babilon yi Israel be “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.” Ðe Yehowa dzra mɔ aɖe ɖo na eƒe amewo egbea? Ɛ̃! Tso ƒe 1919 K.Ŋ. mea, ame miliɔn geɖe do le Babilon Gãa me, eye wova le ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi zɔm. Ehiã be mí katã míayi edzi anɔ mɔa dzi va se ɖe esime míeɖo afi si yim míele.

c NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛwo le Biblia ŋuti numekukugbalẽ siwo mawuvɔ̃la aɖewo ta do ŋgɔ na woa zãm tsɔ le woƒe numekukuwo wɔm.