Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

HADZIDZI 22 Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!

Nu Kae Míenya Tso Ale Si Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Etsɔme Ŋu?

Nu Kae Míenya Tso Ale Si Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Etsɔme Ŋu?

“Yehowa . . . medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.”2 PET. 3:9.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe amewo eye wòawɔ nu si sɔ.

1. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be míele agbe le ɣeyiɣi ɖedzesiwo me?

 MÍELE agbe le ɣeyiɣi ɖedzesiwo me. Míele ekpɔm gbe sia gbe be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam. Le kpɔɖeŋu me, míele eteƒe kpɔm “dziehefia” kple “anyiehefia” le ho ʋlim kple wo nɔewo be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi. (Dan. 11:​40, etenuŋɔŋlɔ) Míekpɔe hã be wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe, eye ame miliɔn geɖe le nya nyuia xɔm. (Yes. 60:22; Mat. 24:14) Azɔ hã, gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo sua mía si “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.”—Mat. 24:​45-47.

2. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo, gake nu kae wòle be míade dzesii?

2 Yehowa yi edzi le kpekpem ɖe mía ŋu be míase nu ɖedzesi siwo ava dzɔ le etsɔme kpuie la gɔme nyuie. (Lod. 4:18; Dan. 2:28) Míate ŋu aka ɖe edzi be kaka xaxa gãa nadze egɔmea, míanya nu siwo katã wòhiã be míanya ale be míate ŋu awɔ nuteƒe ato ɣeyiɣi sesẽ mawo me ado dedie. Gake ele be míalɔ̃ ɖe edzi be mímenya nu sia nu si ava dzɔ le etsɔme o. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae míewɔ tɔtrɔ aɖewo le ale si míese etsɔmenudzɔdzɔ aɖewo gɔmee ŋu. Eyome míadzro nu siwo míenya tso nu siwo ava dzɔ la ŋu kple ale si mía Fofo si le dziƒo awɔ nui me.

NU SIWO MÍENYA O

3. Nu kae míegblɔ tsã be Yehowa awɔ ne xaxa gãa dze egɔme, eye nu ka tae míegblɔe nenema?

3 Míegblɔ tsã be ne xaxa gãa dze egɔme la, dzimaxɔsetɔ aɖeke magate ŋu ava Yehowa ƒe akpa dzi atsi agbe le Armagedon-ʋaa me o. Míeƒo nya ta alea, elabe míese egɔme tsã be nu siwo dzɔ le Tsiɖɔɖɔa me la nye nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, míese egɔme be ale si ko Yehowa ŋutɔ do aɖakaʋua ƒe ʋɔtrua hafi Tsiɖɔɖɔa dze egɔme la, nenema kee ne xaxa gãa dze egɔmea, ado ʋɔ ɖe Satana ƒe nuɖoanyia nu ale be ame aɖeke nagate ŋu ava Yehowa ƒe akpa dzi akpɔ xɔxɔ o.—Mat. 24:​37-39.

4. Ðe míegabua Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖia be enye nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋua? Ðe eme.

4 Ðe wòle be míabu Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖia be enye nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋua? Ŋuɖoɖoae nye ao. Nu ka tae? Elabe naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si ɖo kpe esia dzi tẽe o. a Enye nyateƒe be Yesu tsɔ “Noa ƒe ŋkekeawo” sɔ kple eƒe anyinɔɣi ya, gake megblɔ nya aɖeke si fia be Tsiɖɔɖɔa nye nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu o. Megblɔ be nu sia nu si dzɔ le Tsiɖɔɖɔa me la ƒe emevava gãtɔ le ŋgɔ o. Eye megblɔ hã be ale si Yehowa do aɖakaʋua ƒe ʋɔa ava eme nenema pɛpɛpɛ le etsɔme o. Gake esia mefia be naneke meli si míate ŋu asrɔ̃ tso Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me o.

5. (a) Nu kawoe Noa wɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa? (Hebritɔwo 11:7; 1 Petro 3:20) (b) Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele la sɔ kple Noa ƒe ŋkekea me tɔ?

5 Esi Noa se Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya la, ekpa aɖakaʋua tsɔ ɖee fia be yexɔ Yehowa dzi se. (Xlẽ Hebritɔwo 11:7; 1 Petro 3:20.) Nenema kee ele be ame siwo se Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia naɖe afɔ aɖewo. (Dɔw. 3:​17-20) Petro yɔ Noa be enye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (2 Pet. 2:5) Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, míenya ne eɖe gbeƒã na ame sia ame ɣemaɣi o. Egbea, míawo hã míele gbeƒã ɖem le xexea me godoo eye míedzea agbagba be míado vevie dɔ sia. Aleke kee míedze agbagbae o, míate ŋu aɖe gbeƒã na ame sia ame le anyigba dzi hafi nuwuwua nava o. Nu ka tae?

6-7. Nu ka tae manya wɔ be nya nyuia naɖo ame sia ame gbɔ hafi nuwuwua nava o? Ðe eme.

6 De ŋugble le nya si Yesu gblɔ tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ŋu kpɔ. Egblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:14) Nyagblɔɖi sia le eme vam egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nya nyuia le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me egbea, eye wòle jw.org si nye míaƒe nyatakakadzraɖoƒea hã. Esia fia be anyigbadzinɔla akpa gãtɔ ate ŋu ake ɖe nya nyuia ŋu.

7 Gake Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be womele “duawo katã kpe ge ɖo” alo aɖe gbeƒã na ame sia ame hafi yeava o. (Mat. 10:23; 25:​31-33) Nenema kee wòanɔ egbea hã; ame miliɔn geɖe le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le. Azɔ hã le xexea me godoo la, wodzia vi alafa geɖe miniti ɖe sia ɖe. Míekua kutri vevie be míaɖe gbeƒã na amewo le “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” me. (Nyaɖ. 14:6) Gake nyateƒeae nye be, míate ŋu ana nya nyuia naɖo ame kui ɖe sia ɖe gbɔ hafi nuwuwua nava o.

8. Nya kae míate ŋu abia mía ɖokui ku ɖe ale si Yehowa ava drɔ̃ ʋɔnu amewoe ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

8 Esia fɔ biabia aɖe ɖe te: Ke ame siwo si mɔnukpɔkpɔa mesu be woase nya nyuia hafi xaxa gãa nadze egɔme o ya ɖe? Aleke Yehowa kple Via si wòtsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a de asi na la awɔ nu ɖe wo ŋui? (Yoh. 5:​19, 22, 27; Dɔw. 17:31) Mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo gblɔ be Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o,” ke boŋ edi be ‘amewo katã natrɔ dzi me.’ (2 Pet. 3:9; 1 Tim. 2:4) Togbɔ be míenya nu siawo tso Yehowa ŋu hã, megblɔ ale si wòadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo si mɔnukpɔkpɔa mesu be woase nya nyuia o na mí o. Eye menye dzizizie wònye nɛ be wòagblɔ nu sia nu si wòwɔ alo nu sia nu si wòava wɔ la na mí o.

Aleke Yehowa awɔ nu ɖe ame siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu wose nya nyuia hafi xaxa gãa dze egɔme o la ŋu? (Kpɔ memama 8) c


9. Nu kae Yehowa na míenya le Biblia me?

9 Yehowa gblɔ nu siwo wòava wɔ la dometɔ aɖewo na mí le eƒe Nya la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be Yehowa afɔ ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu be woase nya nyuia atrɔ woƒe agbenɔnɔ o la ɖe tsitre. (Dɔw. 24:15; Luka 23:​42, 43) Esia gafɔ biabia bubu aɖewo ɖe te.

10. Nyabiase bubu kawoe gafɔ ɖe te?

10 Ke ame siwo katã aku le xaxa gã la me ɖe, ɖe womafɔ wo ɖe tsitre oa? Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be ame siwo aɖoe koŋ atsi tre ɖe Yehowa ŋu siwo wòatsrɔ̃ le Armagedon-ʋaa me la, womafɔ wo ɖe tsitre o. (2 Tes. 1:​6-10) Ke ame siwo amewo awu le xaxa gãa me alo ame siwo aku ɣemaɣi le tsitsi, dɔléle alo afɔku bubu ta hã ɖe? (Nyagb. 9:11; Zak. 14:13) Ðe ame siawo dometɔ aɖewo anɔ ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo woafɔ ɖe tsitre le xexe yeyea me domea? Míenya o lo.

NU SIWO MÍENYA

11. Nu ka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo le Armagedon?

11 Míenya nu geɖe ku ɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míenya be ale si amewo awɔ nu ɖe Kristo nɔviwo ŋu dzie Yesu anɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo le Armagedon. (Mat. 25:40) Ame siwo woadrɔ̃ ʋɔnu be wonye alẽwoe nye ame siwo kpe asi ɖe amesiaminawo kple Kristo ŋu. Míenya hã be Kristo nɔvi amesiamina aɖewo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi hafi xaxa gãa nadze egɔme. Eye woakɔ wo ayi dziƒo ne esusɔ vie Armagedon-ʋaa nadze egɔme. Eya ta zi ale si Kristo nɔviwo gakpɔtɔ le anyigba dzi la, mɔnukpɔkpɔa akpɔtɔ anɔ ʋuʋu ɖi na ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le be woava Kristo nɔviwo ƒe akpa dzi eye woakpe asi ɖe wo ŋu. (Mat. 25:​31, 32; Nyaɖ. 12:17) Nu ka tae nu siawo nyanya le vevie?

12-13. Nu kae ame aɖewo awɔ ne wokpɔ be wotsrɔ̃ “Babilon Gã la”? (Kpɔ fotoawo hã.)

12 Ne xaxa gã la dze egɔmea, anɔ eme be ame siwo akpɔ “Babilon Gã la” ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo aɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem nudzɔdzɔ sia ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Ðe ame siwo akpɔ Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ teƒe le xaxa gãa me dometɔ aɖewo ava Yehowa ƒe akpa dzia?—Nyaɖ. 17:5; Eze. 33:33.

13 Ne edzɔ alea, ke asɔ kple ale si wònɔ le Egipte le Mose ƒe ŋkekea me. Ðo ŋku edzi be “ame vovovowo ƒe ha gã aɖe” va wɔ ɖeka kple Israel-viwo esime wonɔ ʋuʋum le Egipte. (2 Mose 12:38) Anɔ eme be ame siawo dometɔ aɖewo va xɔ Yehowa dzi se esime wokpɔe be Fuwɔame Ewo siwo ŋu Mose ƒo nu tsoe la va eme. Ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la eye wòdzɔ be amewo ƒu du va wɔ ɖeka kpli mí hafi nuwuwua va abe ale si wòdzɔ le Egipte enea, ɖe wòate ɖe mía dzia? Mele be wòate ɖe mía dzi kura o! Míedi be míasrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo, si nye “Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” b2 Mose 34:6.

Ame siwo akpɔ “Babilon Gã la” ƒe tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo aɖo ŋku edzi be Yehowa Ðasefowo nɔ gbeƒã ɖem nudzɔdzɔ sia ɣeyiɣi didi aɖee nye esia (Kpɔ memama 12-13) d


14-15. Ðe ɣeyiɣi si me ame aɖe ku alo xexea ƒe akpa si wòle dzie eƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ anɔ te ɖoa? Ðe eme. (Psalmo 33:​4, 5)

14 Nɔvi aɖewo gblɔna tso woƒe ƒometɔ siwo mele Yehowa subɔm o ŋu be, “Ne woku hafi xaxa gãa dze egɔme la, anyo wu elabe mɔkpɔkpɔ li be woafɔ wo ɖe tsitre.” Míeka ɖe edzi be susu nyui ye wotsɔ gblɔa nya ma. Gake ame ƒe tsitretsitsi menɔ te ɖe ɣeyiɣi si me wòku dzi o. Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe eye eƒe afiatsotsowo katã le eteƒe. (Xlẽ Psalmo 33:​4, 5.) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la” awɔ nu dzɔdzɔe.—1 Mose 18:25.

15 Susu le eme be míagblɔ be menye xexea ƒe akpa si ame aɖe le dzie eƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo o. Yehowa madrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye “gbɔ̃wo” le esi xexea ƒe akpa si wole wɔe be mɔnukpɔkpɔ mesu wo si be woase nya nyuia o ta o. (Mat. 25:46) Ne míawo míetsi dzi ɖe ame siawo ŋu la, ke míate ŋu aka ɖe edzi be anyigba bliboa ƒe ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la tsi dzi ɖe wo ŋu vevie wu. Míenya ale si tututu Yehowa ana nuwo nayi edzi le xaxa gãa me o. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔa asu ame siawo dometɔ aɖewo si be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, woaxɔ edzi ase eye woava nɔ eƒe akpa dzi ne wokpɔ nu siwo wɔm Yehowa le be yeatsɔ akɔ yeƒe ŋkɔa ŋu le dukɔwo katã ŋkume.—Eze. 38:16.

Ne xaxa gã dze egɔmea, . . . ɖe ame siwo akpɔ Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ teƒe dometɔ aɖewo ava Yehowa ƒe akpa dzia?

16. Nu kae míeva nya tso Yehowa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

16 Biblia sɔsrɔ̃ na míeva kpɔe be Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo ale gbegbe. Etsɔ Via na be mɔnukpɔkpɔ nasu mí katã si be míava nɔ agbe tegbee. (Yoh. 3:16) Mí katã míede dzesii be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí vevie. (Yes. 49:15) Enya mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ. Le nyateƒe mea, enya mí ale gbegbe be ne edzɔ be míekua, ate ŋu agbugbɔ mí awɔ pɛpɛpɛ abe ale si míenɔ ene eye wòagbugbɔ nu siwo katã míenya la ade susu me na mí! (Mat. 10:​29-31) Nyateƒee, susu nyuiwo li siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame le mɔ si sɔ nu, elabe eƒe nunya goglo, ele dzɔdzɔe eye wòkpɔa nublanui geɖe.—Yak. 2:13.

Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu na ame sia ame le mɔ si sɔ nu, elabe eƒe nunya goglo, ele dzɔdzɔe eye wòkpɔa nublanui geɖe (Kpɔ memama 16)


17. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Numekɔkɔ yeye siawo na míekpɔe be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa hiã vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Nu ka tae? Eye nu kae wòle be wòaʋã mí míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem nya nyuia madzudzɔmadzudzɔe? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 76 Ðe Dzi Medzɔa Wò Oa?

a Be nàkpɔ nu si tae wowɔ tɔtrɔ siawo la, kpɔ nyati si nye “Nenemae Dzea Ŋuwò” si dze le March 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 7-11.

b Ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔa, Gog si tso Magog adze Yehowa subɔlawo dzi. Woado ame siwo katã ava wɔ ɖeka kple Mawu ƒe amewo le Babilon Gãa tsɔtsrɔ̃ megbe hã kpɔ.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Foto etɔ̃ siwo ɖe nu si tae gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le xexea me mate ŋu aɖo ame aɖewo gbɔ o: (1) Subɔsubɔha si xɔ aƒe ɖe afi si nyɔnu aɖe le maɖe mɔ nɛ be wòaxɔ nya nyuia o, (2) atsu kple asi aɖe le dukɔ aɖe si me dziɖuɖua xe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye nya nyuia xɔxɔ anye afɔku na wo me, (3) ŋutsu aɖe si le xexea ƒe akpa si tso abo ale gbegbe be afi ma yiyi asesẽ ŋutɔ.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Ðetugbui aɖe si do le nyateƒea me ɖo ŋku nu si wòsrɔ̃ tso ale si woatsrɔ̃ “Babilon Gã la” ŋua dzi. Eɖoe be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ eye wòtrɔ yi edzila siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe aƒe me. Ne edzɔ alea, anyo be míasrɔ̃ Yehowa si nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula eye míakpɔ dzidzɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla si trɔ gbɔa ŋu.