Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodo Le Alakpasubɔsubɔ Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te

Wodo Le Alakpasubɔsubɔ Ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi Te

“Nye dukɔ, mido go le eme.”—NYAÐ. 18:4.

HADZIDZI: 101, 93

1. Nu kae na Mawu ƒe amewo nɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ ablɔɖe tso Babilon Gã la ƒe aboyomenɔnɔ me, eye biabia kawo me míadzro?

LE NYATI si do ŋgɔ me la, míesrɔ̃ nu tso ale si wòdzɔe be Kristotɔ wɔnuteƒewo va kpɔ wo ɖokuiwo le Babilon ƒe aboyo me ŋu. Gake nya nyui lae nye be womanɔ aboyo me tegbee o. Ne ɖe ame aɖeke mate ŋu ado le alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te o la, ekema gɔmesese aɖeke manɔ Mawu ƒe sedede si nye, “Nye dukɔ, mido go le eme” la ŋu o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 18:4.) Míedi vevie be míanya ɣeyiɣi si me Mawu ƒe amewo vo keŋkeŋ tso Babilon ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia me! Gake gbã la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo: Tame kae Biblia Nusrɔ̃viwo ɖo kplikpaa ku ɖe Babilon Gã la ŋu do ŋgɔ na ƒe 1914? Aleke mía nɔvi Kristotɔwo wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi? Togbɔ be ehiã be woaɖɔ wo ɖo ɣemaɣi hã la, ɖe kadodo aɖe le esia kple woƒe Babilon ƒe aboyomenɔnɔ domea?

“BABILON ƑE ANYIDZEDZE”

2. Nu kae Biblia Nusrɔ̃viwo ɖo kplikpaa be yewoawɔ tso alakpasubɔsubɔ ŋu le gɔmesese si su wo si ɣemaɣi nu?

2 Le ƒe siwo do ŋgɔ na Xexemeʋa Gbãtɔ me la, Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛwo kpɔe be Kristodukɔa ƒe habɔbɔwo menɔ Biblia me nyateƒea fiam o. Eya ta, le ɖekawɔwɔ me kple gɔmesese si su wo si ɣemaɣi nu la, woɖoe kplikpaa be yewomado ƒome kple alakpasubɔsubɔ le mɔ aɖeke nu o. Wogblɔ nu si ŋu wokpɔ kakaɖedzi le le Ŋɔŋlɔawo nu la eme kɔ ƒãa le keke November 1879 ƒe Zion’s Watch Tower me be: “Míabu fɔ subɔsubɔha ɖe sia ɖe si gblɔna be yewonye ɖetugbui leaƒe si ŋugbe wodo na Kristo, evɔ le nyateƒe me la, wowɔ ɖeka kple xexea (lã la) eye xexea doa alɔe la be enye gbolo subɔsubɔha, le ŋɔŋlɔawo ƒe nyagbewo nu”; Babilon Gã lae woyɔ nenema.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:1, 2.

3. Afɔ vevi kae Biblia Nusrɔ̃viwo ɖe si ɖee fia be wose egɔme be ehiã be yewoaɖe yewo ɖokui ɖa le alakpasubɔsubɔ ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃lawo nya nu si wòle be yewoawɔ. Wonyae be ne yewogakpɔtɔ le alɔ dom alakpasubɔsubɔhawo la, Mawu mayra yewo o. Eya ta Biblia Nusrɔ̃vi geɖewo ŋlɔ lɛta tsɔ na nyanya subɔsubɔha si me wonɔ la be yewole dodom le haa me. Le go aɖewo me la, woxlẽ lɛtaa le ha bliboa ŋkume. Le teƒe siwo womeɖe mɔ le be woaxlẽe le ha bliboa ŋkume o la, ame aɖewo ɖo woƒe lɛtaa ƒe kɔpi ɖe hamevi ɖe sia ɖe. Womegadi kura be yewoade ha kple alakpasubɔsubɔ azɔ o! Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, womake atse awɔ nu dzinɔameƒotɔe nenema o. Gake le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo le dukɔ geɖe me la, Dziɖuɖua meganɔ megbe na subɔsubɔhawo abe tsã ene o. Esi dumeviwo megavɔ̃na ɣemaɣi be woahe to na yewo o ta la, wodzroa Biblia me nyawo me le ablɔɖe me faa, eye ne womeda asi ɖe nane dzi o la, wotea ŋu gblɔnɛ le gaglãgbe.

4. Le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi la, aleke Mawu ƒe amewo kple Babilon Gã la dome nɔ?

4 Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe be gbɔgblɔ na yewoƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃ veviwo kple hameviwo be yewomegadi be yewoade ha kple alakpasubɔsubɔ o ɖeɖe mesu o. Ele be xexe bliboa nanya nu si tututu Babilon Gã la nye—mawusubɔsubɔ me gboloe wònye! Eya ta tso December 1917 va ɖo ƒe 1918 ƒe gɔmedzedze la, Biblia Nusrɔ̃vi akpe ʋɛ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la tsɔ dzonɔameme ma trakt si ƒe tanyae nye “Babilon Ƒe Anyidzedze” la miliɔn 10 sɔŋ—esia klo nu le Kristodukɔa ƒe nuwɔnawo dzi eye wòɖu dzi na wo ŋutɔ. Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe wòaku dzi na hakplɔlawoe la le susu me; gake esia meɖe dzi le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒo o, woyi edzi wɔ dɔ vevi sia. Woɖoe kplikpaa be yewoaɖo to “Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 5:29) Aleke míaƒo nya tae? Eyae nye be, ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siawo meyi Babilon Gã la ƒe aboyo me le aʋaa wɔɣi o, ke ɖe wonɔ dodom le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te henɔ kpekpem ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔ nenema ke.

WOÐE GBEƑÃ DZONƆAMEMETƆE LE XEXEMEƲA GBÃTƆ WƆƔI

5. Kpeɖodzi kawoe ɖee fia be nɔviawo ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi?

5 Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, míexɔe se be Yehowa meva kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu o le esi wometsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi o ta. Eya ta míeƒo nya ta be esia tae Yehowa ɖe mɔ Babilon Gã la ɖe aboyo wo ɣeyiɣi kpui aɖe. Gake mía nɔvi siwo nɔ Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ƒe 1914 va ɖo ƒe 1918 ƒe ɣeyiɣia me la na eme kɔ nyuie emegbe be, abe habɔbɔ ene la, Aƒetɔ la ƒe subɔviwo wɔ nu sia nu si woate ŋui be gbeƒãɖeɖedɔa nayi edzi. Kpeɖodzi sẽŋuwo le nya sia ŋu. Esi míeva se míaƒe teokrasi ƒe ŋutinyaa gɔme ɖe edzi la, esia na míegava se Biblia me nya aɖewo gɔme nyuie wu.

6, 7. (a) Kuxi kawo dzie wòle be Biblia Nusrɔ̃viwo naɖu le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi? (b) Gblɔ ale si dzo nɔ Biblia Nusrɔ̃viwo me la ƒe kpɔɖeŋu.

6 Nyateƒea ye nye be, Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ anyi le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi (1914 va ɖo 1918) la wɔ ɖaseɖiɖidɔ gã aɖe ɣemaɣi. Esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe na wo o le kuxi vovovowo ta. Míadzro wo dometɔ eve me. Gbãtɔe nye be, Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama ye nye dɔ si koŋ wowɔna ɣemaɣi. Eya ta esi dziɖuɖua ɖo asi agbalẽ si nye The Finished Mystery (Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go) dzi le ƒe 1918 me la, gbeƒãɖeɖedɔa va sesẽ na nɔvi geɖe. Ɣemaɣi la, womesrɔ̃ ale si woazã Biblia ɖeɖe atsɔ aɖe gbeƒãe haɖe o, eya ta wonana agbalẽa “ƒoa nu” ɖe wo nu. Kuxi evelia ye nye be, dɔvɔ̃ gblẽnu si nye Spaniatɔwo ƒe Dzamezã la do le ƒe 1918 me. Ale si gbegbe dɔvɔ̃ dziŋɔ ma kakana kabakaba la wɔe be esesẽ na nɔviawo be woaɖe gbeƒã le teƒeteƒewo faa. Togbɔ be kuxi siawo kple bubuwo nɔ anyi hã la, Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be gbeƒãɖeɖedɔa nayi edzi.

Dzo nɔ Biblia Nusrɔ̃vi mawo me vavã! (Kpɔ memama 6, 7)

7 Le ƒe 1914 ɖeɖe me la, Biblia Nusrɔ̃vi ʋɛ mawo ɖe fotoɖeɖefia si nye “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” la fia ame siwo wu miliɔn 9 sɔŋ. Fotoɖeɖefia ma nye foto kple sinima ɖeɖefia si ŋu gbeɖiɖi kpe ɖo, si ŋu wotrɔ asi le be amewo nakpɔ amegbetɔwo ƒe ŋutinya tso xexemewɔɣi va de asi na Ƒe Akpe Ðeka La ƒe nuwuwu. Fotoɖeɖefia la nye nutovɛ wɔdɔɖeamedzi aɖe ɣemaɣi. Bu eŋu kpɔ. Ame siwo kpɔ fotoɖeɖefia ma le ƒe 1914 me ɖeɖe dzaa la sɔ gbɔ wu Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo katã le dɔ dzi le xexea me godoo egbea! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, akɔntabubuwo ɖee fia be le ƒe 1916 me la, ame 809,393 de dutoƒokpekpewo le Amerika, eye xexlẽmea dzi ɖe edzi va ɖo ame 949,444 le ƒe 1918 me. Dzo nɔ Biblia Nusrɔ̃vi mawo me vavã!

8. Aleke wokpɔ nɔviawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi?

8 Le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe yi edzi nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam wo nɔvi siwo ka hlẽ la henɔ dzi dem ƒo na wo. Esia do ŋusẽ nɔviawo be woayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Nɔviŋutsu Richard H. Barber, si nɔ dɔ dzi ɣemaɣi la, gblɔ be: “Míena dzikpɔla mɔzɔla ʋɛ aɖewo kpɔtɔ nɔ dɔ dzi, eye míetsɔa Gbetakpɔxɔ magazinea yina na nɔviawo eye míeɖonɛ ɖe Canada hã, afi si woɖo asi magazinea dzi le. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖo agbalẽ si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go la ɖe nɔvi siwo tɔwo dziɖuɖua xɔ le wo si la to posu dzi. Nɔviŋutsu Rutherford bia be míawɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gãwo ŋu le dugã vovovowo me le Amerika ƒe ɣetoɖoƒenutowo me eye míaɖo nuƒolawo ɖe takpekpewɔƒeawo be woadze agbagba ade dzi ƒo na nɔviawo.”

EHIÃ BE WOAKƆ WO ŊU

9. (a) Le ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒeawo me la, nu ka tae wòhiã be woaɖɔ Mawu ƒe amewo ɖo? (b) Gake nu kae esia mefia o?

9 Menye nu sia nu si Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ le ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒeawo me lae sɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o. Togbɔ be nɔviawo wɔ nu siwo wosusu be ele eteƒe hã la, womese nu si wòbia be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na dziɖuɖuwo la gɔme nyuie o. (Rom. 13:1) Eya ta, abe habɔbɔ ene la, womelé Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi bliboe le aʋawɔɣia o. Le kpɔɖeŋu me, esi Amerika ƒe dukplɔlaa de se be May 30, 1918 nanye ŋkeke si woɖo anyi be woado gbe ɖa abia ŋutifafa la, Gbetakpɔxɔ la de dzi ƒo na Biblia Nusrɔ̃viwo be woakpɔ gome le wɔna ma me. Nɔvi aɖewo tsɔ woƒe ga do alɔ aʋawɔwɔa, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo tsɔ tuwo kple lãnuwo yi aʋagbea dzi gɔ̃ hã. Ke hã, anye vodada be míaƒo nya ta be esi wòhiã be woaɖɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ɖo tae Babilon Gã la ɖe aboyo wo ɖo. Ke boŋ nyateƒea ye nye be, wokpɔe be ele be yewoaɖe yewo ɖokui ɖa le alakpasubɔsubɔ ŋu, eye le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi la, nu vi aɖe koe susɔ be woatso kadodo me kple alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea keŋkeŋ.—Xlẽ Luka 12:47, 48.

10. Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo de bubu agbe ŋu?

10 Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo mese nu si wòbia be Kristotɔwo nagade akpa aɖeke dzi o gɔme nyuie ɣemaɣi o hã la, nu ɖeka aɖe ya nɔ nyanya na wo nyuie: Wonyae be Biblia de se be woagawu ame o. Eya ta togbɔ be nɔviŋutsu ʋɛ aɖewo tsɔ tu ɖe asi yi aʋagbe dzi le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi hã la, wogbe be yewomada tu awu ame aɖeke o. Wokplɔ nɔvi siwo gbe be yewomawu ame o la dometɔ aɖewo yi aʋakpeƒea kple susu be tukpe nalɔ wo le afi ma woaku.

11. Esi Biblia Nusrɔ̃viwo gbe be yewomayi aʋa o la, aleke dziɖuɖumegãwo wɔ nui?

11 Togbɔ be nɔviawo mese akpaɖekedzimademade ƒe nyaa me nyuie o hã la, eme kɔ ƒãa be ale si wowɔ nui le aʋawɔɣia la ku dzi na Abosam. Esia wɔe be ‘ewɔ se ŋu dɔ be yeatsɔ awɔ fu wo.’ (Ps. 94:20) Amerika-Ʋakɔa ƒe Aʋafiagã James Franklin Bell ʋu goe le dze si wòɖo kple Nɔviŋutsu J. F. Rutherford kpakple W. E. Van Amburgh me be Amerika Dukɔa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ Kpɔƒe la dze agbagba be yewoana Sewɔtakpekpea nade se be woatso kufia na ame sia ame si gbe be yemayi aʋa o. Biblia Nusrɔ̃viawo koŋue wòwɔnɛ. Aʋafiagã Bell gblɔ na Nɔviŋutsu Rutherford dzikutɔe be: “Esi [Amerika ƒe Dukplɔla] Wilson xe mɔ ɖe enu tae womede sea o; gake míenya ale si míawɔ míaƒe asi nasu mia dzi, eye míele ewɔ ge hã!”

12, 13. (a) Nu ka tae woka ƒe gbogbo aɖewo na nɔviŋutsu enyi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la be woatsɔ anɔ gaxɔ me? (b) Esi wode nɔviawo gaxɔ me la, ɖe esia wɔe be tame si woɖo be yewoaɖo to Yehowa la me gbɔdzɔa? Ðe eme.

12 Dziɖuɖumegãwo wɔ ɖe woƒe gbetɔame ma dzi. Wolé Nɔviŋutsu Rutherford, Van Amburgh kpakple nɔviŋutsu ade bubu siwo nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe akametiwo. Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m wo la, ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ me alakpanya si kakam ame siawo le la ate ŋu agblẽ nu wu Germanytɔwo ƒe aʋalɔgo ɖeka gɔ̃ hã . . . Menye Dziɖuɖua ƒe setɔwo kple asrafomegãwo koe wotɔ gbee o, ke woƒo nu tsi tre ɖe subɔsubɔhawo katã ƒe nunɔlawo katã hã ŋu. Ele be woahe to na wo vevie.” (Faith on the March, si Nɔviŋutsu A. H. Macmillan ta, axa 99) Tohehea nu sẽ hã vavã. Woka ƒe gbogbo aɖewo na Biblia Nusrɔ̃vi enyiawo be woatsɔ anɔ dziɖuɖua ƒe gakpɔ si le Atlanta, Georgia la me. Gake esi aʋaa wu enu la, woɖe asi le wo ŋu eye wote fli ɖe nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la me.

13 Esime nɔviŋutsu enyiawo nɔ gaxɔ me gɔ̃ hã la, woyi edzi lé Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafiawo me ɖe asi goŋgoŋ le gɔmesese si su wo si ɣemaɣi nu. Wogblɔ le kukuɖelɛta si woŋlɔ na Amerika ƒe dukplɔlaa me be: “Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo la, Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nue nye esia bena: ‘Mègawu ame o,’ esia ta, ne [Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo] Ƒe Habɔbɔa me tɔ aɖe si ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ la tso nya me le eɖokui si be yeatu adzɔgbe si yeɖe ƒe nubablaa la, ekema Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o, eye ayi tsɔtsrɔ̃ mavɔ me gɔ̃ hã. Esia ta, ame siawo dometɔ aɖeke ƒe dzitsinya maɖe mɔ nɛ be wòalɔ̃ aɖe amegbetɔwo ƒe agbe ɖa o.” Dzinɔameƒonyawoe nye esiawo vavã! Eme kɔ ƒãa be nɔviawo ɖoe kplikpaa be yewomana ta o!

WOKPƆ ABLƆÐE MLƆEBA!

14. Aleke nàzã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖe nu si dzɔ tso ƒe 1914 va de asi na ƒe 1919 me la me?

14 Malaki 3:1-3 ƒo nu tso nu si dzɔ—tso ƒe 1914 va de asi na ƒe 1919—esime wokɔ “Lewi viwo,” alo amesiaminawo, ŋu la ŋu. (Xlẽe.) Ɣemaɣi la, “Aƒetɔ vavã” la, si nye Yehowa Mawu, kple “nubabla ƒe dɔla,” si nye Yesu Kristo, wova gbɔgbɔmegbedoxɔa me be yewoalé ŋku ɖe ame siwo le subɔsubɔm le afi ma ŋu. Esi Yehowa kɔ eƒe amewo ŋu vɔ la, wonɔ klalo azɔ be woaxɔ subɔsubɔ ƒe dɔdeasi bubu. Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yeƒe aƒemesubɔviwo. (Mat. 24:45) Mawu ƒe amewo vo tso Babilon Gã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me azɔ. Tso ɣemaɣi la, Yehowa ƒe amenuveve wɔe be woyi edzi le si dzem eƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu eye lɔlɔ̃ si le wo si na mía Fofo si le dziƒo hã nu le sesẽm ɖe edzi. Aleke gbegbe wodaa akpe ɖe yayra sia tae nye esi! [1]

15. Nu kae wòle be ablɔɖe si míekpɔ tso Babilon Gã la me naʋã mí be míawɔ?

15 Dzidzɔnya ka gbegbee nye esi be woɖe mí tso Babilon Gã la ƒe aboyo me! Agbagba siwo Satana dze be yeabu mo na Kristotɔ vavãwo le anyigba dzi la do kpo nu keŋkeŋ. Ke hã, mele be míada taɖodzinu si tae Yehowa na ablɔɖe sia su mía si la aƒu o. (2 Kor. 6:1) Anukwaretɔ geɖewo gakpɔtɔ le alakpasubɔsubɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Ehiã be woakpe ɖe wo ŋu woanya ale si woawɔ ado le eƒe ŋusẽ te. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Eya ta, mina míawɔ míaƒe ŋutete katã asrɔ̃ mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa si va yi me la ƒe kpɔɖeŋu be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔ ablɔɖe!

^ [1] (memama 14) Nudzɔdzɔ geɖewo ɖi wo nɔewo le Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 le Babilon kple nu si dzɔ ɖe Kristotɔwo dzi esime xɔsegbegbe do mo ɖa le Kristo hame gbãtɔa me vɔ megbe la me. Ke hã, mímate ŋu agblɔ be nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋue Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔa nye eye nua ŋutɔŋutɔ va eme ɖe Kristotɔwo dzi o. Míate ŋu akpɔe be aboyomenɔnɔ evea siaa ƒe didime to vovo. Eya ta mele be míasusu be nu siwo dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi la nye kpɔɖeŋu eye míanɔ agbagba dzem be míakpɔ ale si wova eme ɖe Kristotɔ amesiaminawo dzi le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1919 me la tsitotsito o.