“Dɔ La Lolo”
AZà de na kpekpe vevi aɖe le Yerusalem. Fia David ƒo eƒe amegãwo, fiaŋumewo kple kalẽtɔwo katã nu ƒu. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi wose gbeƒãɖeɖe tɔxɛ aɖe. Yehowa tia David viŋutsu Salomo be wòatu xɔ gã nyadri si ŋu woakɔ hena tadedeagu na Mawu vavã la. Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖe xɔa ƒe nɔnɔmetata fia Israel ƒe fia tsitsi la, eye eya hã tsɔe de asi na Salomo. David gblɔ be: “Dɔ la lolo, elabena menye amegbetɔe wole gbedoxɔ sia tu ge na o, ke boŋ Yehowa Mawue.”—1 Kron. 28:1, 2, 6, 11, 12; 29:1.
Eyome David bia be: “Ame kae lɔ̃ faa le eɖokui si egbea be yeana nu Yehowa?” (1 Kron. 29:5) Ne ɖe ènɔ eteƒe la, nu kae nàwɔ? Ðe wò dzi aʋã wò be nàkpe asi ɖe dɔ gã ma ŋua? Israel-viwo tso kpla. Le nyateƒe me la, “dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa na nu ta, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me.”—1 Kron. 29:9.
Ƒe alafawo megbe la, Yehowa ɖo nane anyi si lolo sãsãsã wu gbedoxɔa. Eɖo gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la anyi. Enye ɖoɖo si Yehowa wɔ to Yesu ƒe vɔsaa dzi be amewo nate ɖe ye ŋu asubɔ ye. (Heb. 9:11, 12) Egbea, mɔ ka dzie Yehowa to le kpekpem ɖe amewo ŋu be woadzra wo kpli ye dome ɖo? Ele ewɔm to nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si wɔm míele la dzi. (Mat. 28:19, 20) Dɔ sia wɔe be ƒe sia ƒe la, wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame miliɔn geɖe, wonyrɔa nusrɔ̃la akpe nanewo eye woɖoa hame yeye alafa geɖe.
Le dzidziɖedzi siawo ta la, eva hiãna be woata Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe, woatu Fiaɖuƒe Akpatawo anɔ be lém na wo, eye woakpɔ teƒe siwo woanɔ takpekpe suewo kple gãwo wɔm le. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be gbeƒãɖeɖe nya nyuia nye dɔ gã si me teƒeɖoɖo nyuiwo hã le oa?—Mat. 24:14.
Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi kpakple ale si Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la ʋãa Mawu ƒe amewo ‘wolɔ̃na faa le wo ɖokui si naa nu Yehowa’ to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi. Aleke gbegbe dzi dzɔa míe nye esi be míatsɔ míaƒe ‘nunɔamesi veviwo ade bubu Yehowa ŋu’ eye míakpɔ ale si woɖɔa ŋu ɖo zãa wo nuteƒewɔwɔtɔe hena alɔdodo dɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me!—Lod. 3:9.