Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèdea Asixɔxɔ Gã Yehowa Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ La Ŋua?

Ðe Nèdea Asixɔxɔ Gã Yehowa Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ La Ŋua?

“Esi miexɔ Mawu ƒe nya . . . la, miexɔe . . . abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si tututu wòle hã ene.”—1 TES. 2:13.

HADZIDZI: 114, 113

1-3. Nu ka gbɔe masɔmasɔ si ɖo Ewodia kple Sintike dome la anya tso, eye aleke míate ŋu aƒo asa na kuxi mawo tɔgbi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YEHOWA subɔlawo dea asixɔxɔ gã Mawu ŋutɔ ƒe agbalẽ kɔkɔe si nye Biblia ŋu. Esi míede blibo o ta la, wotsɔa Ŋɔŋlɔawo ɖoa aɖaŋu na mí ɣeaɖewoɣi. Ne edzɔ alea la, nu kae míawɔ? Bu Ewodia kple Sintike, siwo nye Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, ŋu kpɔ. Kuxi sesẽ aɖewo ɖo nyɔnu eve siawo siwo nye amesiaminawo la dome. Kuxi kawoe? Biblia megblɔe o. Gake abe kpɔɖeŋu enea, bu nu si gbɔ wòate ŋu atso ŋu kpɔ.

2 Tsɔe be Ewodia kpe nɔvi aɖewo va eƒe aƒe me be yewoaɖu nu ahade ha tuameɖowo. Mekpe Sintike ya o, gake Sintike va se nu tso ale si ame sia ame kpɔ dzidzɔ le kplɔ̃ɖoƒea ŋu. Sintike anya gblɔ na eɖokui be: ‘Nyemexɔe se be Ewodia ate ŋu awɔ nu sia ɖe ŋunye o! Mesusu be xɔlɔ̃ kplikplikpliwoe míenye.’ Sintike se le eɖokui me be Ewodia mewɔ nuteƒe na ye o, eye wòva le Ewodia kpɔm ɖe ƒomevii hele nazã bum ɖe eŋu gɔ̃ hã. Eya ta Sintike hã ɖo kplɔ̃ hekpe nɔvi mawo ke, gake mekpe Ewodia ya o. Masɔmasɔ si ɖo Ewodia kple Sintike dome la ate ŋu agblẽ hame bliboa ƒe ŋutifafa me. Biblia megblɔ ale si woƒe nyaa va wu enui na mí o, gake anɔ eme be nɔvinyɔnu siawo lɔ̃ faa wɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na wo lɔlɔ̃tɔe la dzi.—Flp. 4:2, 3.

3 Nu siawo tɔgbi ate ŋu ana masɔmasɔ naɖo Yehowa ƒe amewo dome le hameawo me egbea hã. Ke hã, ne míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me dzi la, míate ŋu akpɔ kuxi mawo gbɔ le mía nɔewo dome alo míate ŋu aƒo asa na wo gɔ̃ hã. Eye ne míedea asixɔxɔ gã Yehowa ŋutɔ ƒe Agbalẽa ŋu la, ekema míawɔ ɖe mɔfiame siwo le eme la dzi.—Ps. 27:11.

BIBLIA FIA MÍ BE MÍAÐU DZIKU DZI

4, 5. Aɖaŋu kae Mawu ƒe Nyaa ɖo ku ɖe dziku dzi ɖuɖu ŋu?

4 Ne ewɔ na mí be ame aɖe da mí ɖe anyi alo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o la, menɔa bɔbɔe be míaɖu mía ɖokui dzi o. Ne amewo do vlo mí le afi si míetso, míaƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, alo ale si míaƒe dzedzeme le ta la, esia ate ŋu agbã dzi na mí vevie. Eye aleke gbegbe wògavenae nye esi ne mía nɔvi Kristotɔ aɖee wɔ nu ɖe mía ŋu nenema! Ðe aɖaŋuɖoɖo aɖewo le Mawu ƒe Nya la me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le amegbetɔwo ƒe blibomademade me tsonu ɖefuname siawo mea?

5 Yehowa le ale si amegbetɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la teƒe kpɔm tso gɔmedzedzea ke. Eléa ŋku ɖe míaƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo ŋu. Ne míebi dzi alo dzi le mía kum la, ate ŋu awɔe be míagblɔ nya aɖe alo míaɖe afɔ aɖe si ava ve mí emegbe. Ekema, ɖe nunya manɔ eme wu be míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo na mí be míaɖu mía ɖokui dzi eye míagayɔ ɖe dzikudodo ŋu o la dzi oa? (Xlẽ Lododowo 16:32; Nyagblɔla 7:9.) Ðikeke mele eme o be ehiã be mí katã míadze agbagba geɖe wu be míanɔ blewu le dzikudodo me eye míalɔ̃ tsɔtsɔke. Le Yehowa kple Yesu gbɔ la, tsɔtsɔke le vevie ŋutɔ. (Mat. 6:14, 15) Ðe nèkpɔe be ehiã be nàtsɔ amewo ƒe vodada anɔ wo kem geɖe wua? Alo ɖe nèkpɔe be ehiã be yeadze agbagba aɖu dzikudodo dzia?

6. Nu ka tae wòle be míaƒo asa na dzikuléle ɖe dɔ me?

6 Ame siwo metea ŋu ɖua woƒe dziku dzi o la léa dziku ɖe dɔ me. Esia wɔnɛ be amewo melɔ̃na tena ɖe wo ŋu o. Dzikutɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe hamea dzi. Ate ŋu adze agbagba be yeaɣla yeƒe dzibibi alo fulélea gɔ̃ hã, gake “woaklo nu le” eƒe tamesusu manyomanyowo “dzi le amewo dome.” (Lod. 26:24-26) Hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame siawo ƒomevi ŋu be woakpɔe adze sii be dzikuléleɖi, fuléle kple nyaléleɖedɔme nye nɔnɔme siwo mesɔ kura be woanɔ Mawu ƒe habɔbɔa me o. Yehowa ŋutɔ ƒe Agbalẽ vevi la na nya sia me kɔ ƒãa. (3 Mose 19:17, 18; Rom. 3:11-18) Ðe wò hã èkpɔe nenema?

WÒ ŊKU NENƆ ALE SI YEHOWA LE MÍA KPLƆM LA DZI

7, 8. (a) Aleke Yehowa fiaa mɔ eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi? (b) Mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me dometɔ aɖewo ɖe, eye nu ka tae wòle be míawɔ wo dzi?

7 Yehowa fiaa mɔ ame siwo le eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me henyia wo to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si le Kristo, si “nye ta na hame la” ƒe kpɔkplɔ te la dzi. (Mat. 24:45-47; Ef. 5:23) Abe dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ke ene la, kluvi sia xɔ Mawu ƒe nya, alo gbedeasi, si tso gbɔgbɔ me la, eye wòdea asixɔxɔ gã eŋu. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13.) Mɔfiame alo aɖaŋuɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me be woaɖe vi na mí la dometɔ aɖewo ɖe?

8 Biblia gblɔ na mí be míanɔ kpekpewo dem edziedzi. (Heb. 10:24, 25) Ede dzi ƒo na mí be míaƒe nufiafia nato mɔ ɖeka. (1 Kor. 1:10) Mawu ƒe Nyaa gblɔ na mí be míana Fiaɖuƒea nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. (Mat. 6:33) Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be míaƒe agbae wònye be míaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, le dutoƒo kple ɣeyiɣi ɖe sia ɖe si sɔ me eye wòganye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe hã. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 5:42; 17:17; 20:20) Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽ la gblɔ na Kristotɔ hamemetsitsiwo be woana yeƒe habɔbɔa nanɔ dzadzɛ. (1 Kor. 5:1-5, 13; 1 Tim. 5:19-21) Eye Yehowa de se be ele be ame siwo katã le yeƒe habɔbɔa me nanɔ dzadzɛ le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa.—2 Kor. 7:1.

9. Mɔ ɖeka kolia ka dzi tom Yesu le be yeakpe ɖe mía ŋu míase Mawu ƒe Nyaa gɔme?

9 Ame aɖewo asusu be yewoate ŋu ase Biblia gɔme le yewo ɖokui si. Gake Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla” la be wòanye mɔ ɖeka kolia si dzi yeato ana gbɔgbɔmenuɖuɖu Mawu ƒe amewo. Tso keke ƒe 1919 me ke la, Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la le kluvi ma zãm tsɔ le kpekpem ɖe eyomedzelawo ŋu be woase Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽ la gɔme ahawɔ ɖe mɔfiame siwo le eme dzi. Ne míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, ekema míele asi kpem ɖe eŋu be hamea nanɔ dzadzɛ eye ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mele wɔwɔm ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ƒe mɔfiamewo dzi heto esia me le nuteƒe wɔm na Yesua?’

YEHOWA ƑE TASIAÐAM LA LE ZƆ ÐEM!

10. Aleke woɖɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo la le Ezekiel ƒe agbalẽa me?

10 Yehowa ƒe Nya la kpe ɖe mía ŋu míenya nu tso eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ŋutega aɖe si nyagblɔɖila Ezekiel kpɔ me la, ekpɔ dziƒotasiaɖam aɖe si le tsitre ɖi na Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo. (Eze. 1:4-28) Yehowa ye le tasiaɖam sia dom, eye eyia afi sia afi si eƒe gbɔgbɔa di be wòayi. Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo lae fiaa mɔ eƒe akpa si le anyigba dzi. Tasiaɖam la le azɔli dzi vavã! Bu asitɔtrɔ gbogbo siwo wowɔ le habɔbɔa me le ƒe ewo siwo va yi me ŋu kpɔ. Eye ɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe le megbe na tɔtrɔ siawo. Esi Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo le klalo be yewoatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia kpuie ta la, Yehowa ƒe tasiaɖam la le zɔ ɖem kabakaba be Yehowa naʋli eƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu!

Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye esi be lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔla geɖe le asi kpem ɖe xɔtudɔwo ŋu kutrikukutɔe! (Kpɔ memama 11)

11, 12. Nu siwo wɔm Yehowa ƒe habɔbɔa le la dometɔ aɖewo ɖe?

11 De ŋugble le nu siwo Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la le wɔwɔm le nuwuɣi siawo me ŋu kpɔ. Xɔtudɔwo. Xɔtudɔwɔla alafa geɖe wɔ dɔ ŋkubiãtɔe esime wonɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã yeyea tum le Warwick, New York, Amerika. Le Xexea Me Katã Ƒe Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒea ƒe mɔfiafia te la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla akpe geɖe siwo le xexea me godoo la le dɔ wɔm kutrikukutɔe le Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tum eye wole alɔdzedɔwɔƒewo hã kekem ɖe enu. Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye esi be nɔvi geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na faa le asi kpem ɖe xɔtudɔ siawo ŋu kutrikukutɔe! Ðo ŋku edzi be Yehowa le Fiaɖuƒegbeƒãɖela nuteƒewɔla siwo dzɔa nu le woƒe ŋutete nu ɖokuibɔbɔtɔe tsɔ doa alɔ xɔtudɔ siawo la yram geɖe le xexea me godoo.—Luka 21:1-4.

12 Hehenasukuwo. De ŋugble le hehenasuku vovovo siwo dzi Mawu tona fiaa nu mí ŋu kpɔ. (Yes. 2:2, 3) Woƒe ɖewoe nye Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku, Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku, Gilead Suku, Betel Vala Yeyewo Ƒe Suku, Nutome Sue Dzikpɔlawo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku, Hamemetsitsiwo Ƒe Suku, Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku kple Alɔdzekɔmiti Me Tɔwo Kple Wo Srɔ̃wo Ƒe Suku. Yehowa lɔ̃ hehenana eƒe amewo vavã! Míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org, afi si woakpɔ agbalẽwo le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le, hã doa Biblia ŋuti sidzedze ɖe ŋgɔ. Wotrɔ asi le nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa aɖewo ŋu etɔxɛe na ɖeviwo kple ƒomewo, eye nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakakawo ƒe teƒe hã le afi ma. Ðe nèle jw.org la zãm le wò subɔsubɔdɔa kple wò ƒometadedeagu mea?

WƆ NUTEƑE NA YEHOWA EYE NÀNƆ EƑE HABƆBƆA ƑE AKPA DZI

13. Agba kae le mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dzi?

13 Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi be míele Yehowa ƒe habɔbɔa me! Esi míenya Mawu ƒe nudidiwo kple dzidzenuwo ta la, agba le mía dzi be míawɔ nu si le eteƒe eye míade eƒe dziɖulanyenye dzi. Esime xexe sia le nyɔnyrɔm ɖe agbe ƒaƒã nɔnɔ me vĩi la, ele be ‘míatsri vɔ̃’ abe ale si Yehowa hã tsrii ene. (Ps. 97:10) Míawo ya míedzea ame mavɔ̃mawuwo yome “yɔa nyui be vɔ̃ heyɔa vɔ̃ be nyui” o. (Yes. 5:20) Esi míedi be míadze Mawu ŋu ta la, míedzea agbagba vevie be míanɔ dzadzɛ le ŋutilã me, le agbenɔnɔ me kple gbɔgbɔ me siaa. (1 Kor. 6:9-11) Míelɔ̃ Yehowa eye míeɖoa ŋu ɖe eŋu; míedi be míawɔ nuteƒe nɛ, eya ta míenɔa agbe ɖe dzidzenu siwo me kɔ nyuie, siwo le eya ŋutɔ ƒe Agbalẽ vevia me, la nu. Eye míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míanɔ agbe ɖe eƒe nudidiwo nu le aƒe me, le hamea me, le dɔme, le suku kple teƒe bubu ɖe sia ɖe. (Lod. 15:3) Gabu mɔ bubu siwo dzi míato aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Mawu ŋu kpɔ.

14. Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu aɖee afia be yewowɔa nuteƒe na Mawu?

14 Vihehe. Dzila Kristotɔwo ɖenɛ fiana be yewowɔa nuteƒe na Yehowa ne wohea wo viwo le Mawu ƒe Nya la nu. Dzila mawuvɔ̃lawo meɖea mɔ woƒe dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wohea wo viwoe dzi o. Kristotɔwo ƒe ƒomewo meɖea mɔ ɖe xexea ƒe gbɔgbɔ nu o. (Ef. 2:2) Vifofo Kristotɔ si xɔ nyɔnyrɔ magblɔ be, ‘Le mía gbɔ la, nyɔnuwoe fiaa nu ɖeviwo’ o. Nu si Biblia fia le nya sia me la me kɔ nyuie, elabena egblɔ be: “Mi fofowo, . . . miyi edzi mianɔ [mia viwo] hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ [nufiame, alo mɔfiame]” nu. (Ef. 6:4; etenuŋɔŋlɔ) Vifofo kple vidada siwo vɔ̃a Mawu la adi be yewo viwo nanɔ abe Samuel ene, elabena Yehowa nɔ kplii esime wònɔ tsitsim.—1 Sam. 3:19.

15. Aleke míeɖenɛ fiana be míewɔa nuteƒe na Yehowa ne nyametsotso veviwo dze ŋgɔ mí?

15 Nyametsotsowo. Ne eva hiã be míatso nya me le nya veviwo ŋu la, mɔ aɖe si dzi míato aɖee afia le be míewɔa nuteƒe na Mawue nye be míadi mɔfiafia tso eƒe Nyaa me eye míadi eƒe habɔbɔa kpekpeɖeŋu. Nu ka tae esia wɔwɔ le vevie? Bu nya aɖe si ka dzila geɖe ŋu kpɔ. Enye nu si bɔ be ame siwo ʋu yi dukɔ bubu me la dometɔ aɖewo naɖo wo vi siwo nye vidzĩwo la ɖe wo de be woƒe ƒometɔwo nakpɔ wo dzi, ale be yewoate ŋu akpɔ asinu ayi yewoƒe dɔwɔɖuiwo dzi le dukɔa me akpɔ ga. Ele eme be esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso ya, gake ele be míaɖo ŋku edzi be Mawu abia akɔnta tso mía si ɖe míaƒe nyametsotsowo ta. (Xlẽ Romatɔwo 14:12.) Ðe nunya anɔ eme be míatso nya me le nya vevi siwo ku ɖe míaƒe ƒomea kple míaƒe dɔwɔɖuiwo ŋu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu mabumabuia? Kura o! Míehiã mía Fofo si le dziƒo la ƒe kpekpeɖeŋu, elabe míawo ŋutɔwo mímate ŋu afia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo o.—Yer. 10:23.

16. Nyametsotso kae dze ŋgɔ vidada aɖe si dzi ŋutsuvi, eye nu kae kpe ɖe eŋu wòtso nya me nyuie?

16 Nyɔnu aɖe si dzi viŋutsu le dzronyigba dzi la ɖoe le gɔmedzedzea me be yeaɖo ɖevia ɖe ye dzilawo le yewo de be woakpɔ edzi. Gake ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnua. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuie eye wòva nyae be le Mawu gbɔ la, yeƒe agbae wònye be yeahe ye via be wòava nye Yehowa subɔla. (Ps. 127:3; Lod. 22:6) Nyɔnua do gbe ɖa na Yehowa hegblɔ eƒe dzimenyawo nɛ, abe ale si Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míawɔe ene. (Ps. 62:7, 8) Egblɔ eƒe dzimaɖitsitsia ŋu nya na nɔvi si nɔ Biblia srɔ̃m kplii la hã eye eɖo dze tso eŋu na nɔvi bubuwo hã le hamea me. Togbɔ be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nɔ nya ƒom ɖe enu vevie be wòaɖo ɖevia ɖe tɔgbia kple mamaa hã la, etso nya me be mesɔ be yeawɔe nenema o. Kpekpeɖeŋu si hamea na vidadaa kple ɖevia siaa la wɔ nuku na srɔ̃aŋutsua ale gbegbe be elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye eya hã va wɔ ɖeka kple eƒe ƒomea wodea kpekpeawo. Ðe nèsusu be vidada sia ase le eɖokui me be Yehowa ɖo gbe si yedo ɖa tso dzi blibo me la ŋua? Ðikeke mele eme o be ese le eɖokui me nenema.

17. Mɔfiame kae habɔbɔa na mí ku ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu?

17 Mɔfiamewo dzi wɔwɔ. Mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Mawue nye be míawɔ ɖe mɔfiame si eƒe habɔbɔa nana mí la dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu aɖaŋu siwo habɔbɔa ɖo na mí ku ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu ŋuti kpɔ. Habɔbɔa de dzi ƒo na mí be ne míedze Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe la, míazã miniti ʋɛ aɖewo le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe atsɔ ahe Biblia-nusrɔ̃via ƒe susu ava habɔbɔa dzi. Míate ŋu azã video si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? kple agbalẽ gbadza si nye Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? atsɔ awɔ esia. Wode dzi ƒo na mí be ne míewu Nu Si Biblia Fia gbalẽa sɔsrɔ̃ nu kple nusrɔ̃vi si le ŋgɔyiyi wɔm la, míasrɔ̃ agbalẽ si nye Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa” kplii, nenye be nusrɔ̃via xɔ nyɔnyrɔ hafi wu Nu Si Biblia Fia gbalẽa nu gɔ̃ hã. Nu si tae habɔbɔa di be míazɔ ɖe mɔfiame sia dzie nye be, awɔe be nusrɔ̃la yeyewo ‘nali ke le xɔse la me.’ (Kol. 2:7) Ðe nèle wɔwɔm ɖe mɔfiame sia kple bubu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na mí la dzia?

18, 19. Susu siwo ta wòle be míada akpe na Yehowa la dometɔ aɖewo ɖe?

18 Susu geɖewo li siwo tae wòle be míada akpe na Yehowa ɖo! Eyae na agbe mí, eye eya manɔmee la, mímanɔ agbe sia me alo anɔ ʋaʋãm gɔ̃ hã o. (Dɔw. 17:27, 28) Ena nu xɔasi aɖe ŋutɔ mí—eyae nye eya ŋutɔ ƒe agbalẽ si nye Biblia la. Míedea asixɔxɔ gã agbalẽ sia ŋu, elabena míenyae be gbedeasi si tso Mawu gbɔe wònye, abe ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le Tesalonika la xɔ Mawu ƒe Nyaa ene.—1 Tes. 2:13.

19 Esi Yehowa Mawu ƒe Nyaa le mía si ta la, ekpe ɖe mía ŋu míete ɖe eyama ŋu eye eya hã te ɖe mía ŋu. (Yak. 4:8) Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye mía Fofo si le dziƒo la na mí be míanɔ yeƒe habɔbɔa me. Yayra ka gbegbee nye esi! Míawo hã míagblɔ abe hakpalaa ene be: “Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo; eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.” (Ps. 136:1) Le Psalmo 136 lia me la, haxe si nye “eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee” dze zi 26 sɔŋ. Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa la, míakpɔ nya mawo ƒe nyateƒenyenye teƒe, elabena míanɔ agbe tegbee!