Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Nyaa Nana Eƒe Amewo Subɔnɛ Le Ðekawɔwɔ Me

Mawu Ƒe Nyaa Nana Eƒe Amewo Subɔnɛ Le Ðekawɔwɔ Me

“Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi. Nugɔmesesee wòtsɔ li ke dziƒowo.”—LOD. 3:19.

HADZIDZI: 105, 107

1, 2. (a) Aleke ame aɖewo wɔa nui ne wose be habɔbɔ le Mawu si? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

ÐE HABƆBƆ le Mawu sia? Ame aɖewo agblɔ be, “Mele be habɔbɔ aɖeke nafia mɔ wò o. Nu si le vevie koe nye be wò kple Mawu dome nanɔ nyuie.” Ðe nuŋububu alea sɔa? Nu kae nyateƒenyawo ɖe fia?

2 Le nyati sia me la, míadzro nu siwo ɖo kpe edzi be Yehowa, ɖoɖo ƒe Mawu lae nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o la me. Míadzro ale si wòle be míawɔ ɖe mɔfiame siwo míexɔna tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ hã me. (1 Kor. 14:33, 40) Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) kple míaƒe ɣeyiɣiawo me la, Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi ŋu woɖe gbeƒã nya nyuia yi didiƒe ke. Esi míewɔna ɖe Biblia kple Mawu ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafia dzi ta la, hame bliboa nɔa dzadzɛ eye ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa anyi.

YEHOWA NYE ÐOÐOWƆLA SI ÐEKE MESƆ KPLII O

3. Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowae nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o?

3 Nuwɔwɔwo ɖo kpe edzi be Mawu nye Ðoɖowɔla si ɖeke mesɔ kplii o. Biblia gblɔ be: “Nunyae Yehowa tsɔ ɖo anyigba la gɔme anyi. Nugɔmesesee wòtsɔ li ke dziƒowo.” (Lod. 3:19) Mawu ƒe “mɔwo ƒe nugbɔ” koe míenya, “eye nya si míese le eŋu la nye dalĩdodo ko!” (Hiob 26:14) Ke hã, nu ʋɛ siwo míenya tso ɣletinyigbawo, ɣletiviwo kple ɣletivihatsotsowo ŋu la nana míekpɔnɛ be dziƒoŋunu siawo le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. (Ps. 8:3, 4) Ɣletivi miliɔn geɖewoe le ɣletivihatsotso ɖe sia ɖe me, eye wo katã wole zɔ ɖem le dziƒonutowo me le ɖoɖo nu. Eye ɣletinyigba siwo te ɖe ɣea ŋu la ƒoa xlã ɣea le ɖoɖo nu abe ʋukula siwo le ʋukusewo dzi wɔm pɛpɛpɛ ene. Kakaɖedzitɔe la, ɖoɖo wɔnuku si nu xexe gbahooa le kpena ɖe mía ŋu míekpɔnɛ be Yehowa, ame si “wɔ dziƒowo [kple anyigba] le aɖaŋu me” la dze be míakafui, awɔ nuteƒe nɛ ahasubɔe.—Ps. 136:1, 5-9.

4. Nu ka tae dzɔdzɔmeŋutinunya mete ŋu kpɔ ŋuɖoɖo na biabia geɖewo o?

4 Dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe nu geɖe fia tso xexe gbahooa kple míaƒe anyigba la ŋu, eye wòna nuwo de mía dzi le agbea me le mɔ vovovowo nu. Gake nyabiabia geɖewo li siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunya mete ŋu ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋununyalawo mate ŋu ana míanya ale si tututu xexea wɔ va dzɔ kple nu si tae míele anyigba sia si dzi nu gbagbewo sɔ gbɔ ɖo fũu la dzi o. Azɔ hã, ame akpa gãtɔ mese nu si tae amegbetɔwo dina vevie be yewoanɔ agbe tegbee gɔme o. (Nyagb. 3:11) Nu ka tae biabia vevi geɖewo le amewo si gake womele ŋuɖoɖo kpɔm na wo o? Susuawo dometɔ ɖekae nye be dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖewo kple ame bubuwo doa Mawu ƒe anyimanɔmanɔ kple amedzɔtsolãme ƒe susuwo ɖe ŋgɔ. Gake Yehowa ɖo biabia siwo ƒe ŋuɖoɖowo dim amewo le vevie la ŋu le eya ŋutɔ ƒe Nya la me.

5. Mɔ kawo nue dzɔdzɔmesewo ɖea vi na mí le?

5 Dzɔdzɔmese matrɔmatrɔ siwo Yehowa ɖo anyi la ɖea vi na mí le mɔ geɖe nu. Elektrikdɔwɔlawo, pɔmpidɔwɔlawo, mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo, yameʋukulawo kple ɖɔkta amekolawo katã ƒe dɔwo manya wɔ ne dzɔdzɔmesewo meli o. Le kpɔɖeŋu me, esi wònye be amegbetɔwo ƒe ametia kple teƒe siwo woƒe ŋutinu vovovoawo le to mɔ ɖeka ta la, ɖɔkta amekolawo tea ŋu wɔa woƒe dɔwo bɔbɔe. Eya ta mehiã be amekolaa nava nɔ afi si dɔnɔa ƒe dzi le dim le ametia me o. Eye mí katã míewɔna ɖe dzɔdzɔmesewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míelia ati dzo kpo kple susu be míadzo le yame abe xevi ene la, nu vevi awɔ mí godoo, elabena etsi tsitre ɖe dzɔdzɔmesewo ŋu!

MAWU ÐO NUWO ÐE ÐOÐO NU

6. Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be Yehowa subɔlawo nawɔ nu le ɖoɖo nu?

6 Ale si gbegbe nuwo le ɖoɖo nu le xexe gbahooa me la wɔ nuku ŋutɔ vavã. Ekema esɔ be míakpɔ mɔ be Yehowa nadi tso esubɔlawo hã si be woawɔ nu le ɖoɖo nu. Le nyateƒe me la, esia tae Mawu na Biblia mí be wòafia mɔ mí ɖo. Eya ta Mawu ƒe habɔbɔa kple eƒe mɔfiamewo manɔmee la, míaƒe dzi madze eme o eye míakpɔ dzidzɔ hã o.

7. Nu kae ɖee fia be Biblia nye agbalẽ si me nyawo le ɖoɖo nu?

7 Menye Yudatɔwo kple Kristotɔwo ƒe agbalẽbabla si me nyawo medo ƒome kple wo nɔewo o lae Biblia nye o. Ke boŋ ɖoɖo si nu woŋlɔe ɖo la de ŋgɔ ŋutɔ, eye Mawu ŋutɔ ƒe gbɔgbɔa ye ʋã amewo woŋlɔe. Biblia-gbalẽ vovovoawo de nu wo nɔewo me. Biblia bliboa ƒo nu tso nyati ɖeka aɖe ŋu tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi va se ɖe Nyaɖeɖefia—eyae nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli kple tame si wòɖo ɖe anyigbaa ŋu la me vava to eƒe Fiaɖuƒe si le Kristo, si nye “dzidzimevi” si ŋugbe wòdo la si me dzi.—Xlẽ 1 Mose 3:15; Mateo 6:10; Nyaɖeɖefia 11:15.

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Israel-viwo nye dukɔ si nɔ ɖoɖo nu?

8 Ale si blema Israel dukɔa wɔ nu le ɖoɖo nui la nye kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ƒe Sea te la, ‘wode dɔ asi na nyɔnuwo be woasubɔ le takpegbadɔa nu.’ (2 Mose 38:8) Ðoɖo tɔxɛ nue Israel-vi siwo ƒu asaɖa anyi la hona le eye ɖoɖo aɖe nue wotsɔa avɔgbadɔa ŋuti nuwo hã le. Ƒe aɖewo megbe la, Fia David ma Lewi viwo kple nunɔlawo me ɖe hatsotsowo me ɖe woƒe dɔ vovovoawo nu. (1 Kron. 23:1-6; 24:1-3) Ne Israel-viwo ɖo to Yehowa ƒe gbe la, eyraa wo ale be nuwo yia edzi le ɖoɖo nu, eye wonɔa anyi le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me.—5 Mose 11:26, 27; 28:1-14.

9. Nu kae ɖee fia be nuwo nɔ ɖoɖo nu le Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me?

9 Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ nu le ɖoɖo nu, eye dɔdzikpɔhaa, si me tɔwo nye apostolowo ɣemaɣi la ƒe mɔfiafiawo ɖe vi na wo. (Dɔw. 6:1-6) Emegbe nɔviŋutsu bubuwo hã va nye dɔdzikpɔhaa me tɔwo. (Dɔw. 15:6) Ŋutsu siwo nye dɔdzikpɔhaa me tɔwo ɣemaɣi kple nɔvi siwo nɔ dɔ wɔm kplikplikpli kpli wo la ɖo aɖaŋu na hameawo hefia mɔ wo to lɛta siwo gbɔgbɔ ʋã wo woŋlɔ na hameawo dzi. (1 Tim. 3:1-13; Tito 1:5-9) Aleke dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiafiawo ɖe vi na hameawo?

10. Esi hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔ ɖe ɖoɖo siwo dzi dɔdzikpɔhaa da asi ɖo dzi la, nu kae do tso eme? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 16:4, 5. Nɔviŋutsu siwo dɔdzikpɔhaa dɔna woɖasrãa hameawo kpɔ la gblɔa “ɖoɖo siwo dzi apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ɖo kpee la na wo.” Zi ale si hameawo nɔ zɔzɔm ɖe ɖoɖo mawo nu la, zi nenemae “hameawo ƒe xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe.” Ðe nufiame aɖe le Biblia ƒe ŋutinya sia me si aɖe vi na mí egbea le Mawu ƒe habɔbɔa mea?

ÐE NÈLE WƆWƆM ÐE MƆFIAFIAWO DZIA?

11. Aleke wòle be nɔvi siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo la nawɔ nui ne woxɔ mɔfiamewo tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ?

11 Ne Alɔdzekɔmitiwo alo Dukɔdzikpɔkɔmitiwo me tɔwo, nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo xɔ mɔfiamewo tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ egbea la, aleke wòle be woawɔ nui? Yehowa gblɔ na mí katã to eya ŋutɔ ƒe Nya, Biblia, dzi be míaɖo to eye míabɔbɔ mía ɖokui awɔ ɖe mɔfiamewo dzi. (5 Mose 30:16; Heb. 13:7, 17) Mesɔ kura be nyatoƒoetoto kple aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ nanɔ Mawu ƒe habɔbɔa me o, elabena nɔnɔme mawo gblẽa lɔlɔ̃, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le hameawo me la dome. Kristotɔ wɔnuteƒe aɖeke madi be yeaɖe amemabumabu kple nuteƒemawɔmawɔ ƒe gbɔgbɔ si tɔgbi nɔ Diotrefo me la afia o. (Xlẽ 3 Yohanes 9, 10.) Eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe mele asi kpem ɖe nɔvi siwo dome mele ŋu be woatsi le gbɔgbɔ mea? Ðe metsona bla wɔna ɖe mɔfiafia siwo tsoa nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm gbɔ la dzi hekpea asi ɖe eŋu be nuwo natsɔ afɔ nyuiea?’

12. Asitɔtrɔ kae wowɔ le ale si woɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe ŋu?

12 Bu nyametsotso aɖe si Dɔdzikpɔhaa wɔ nyitsɔ laa ŋu kpɔ. Woƒo nu tso asitɔtrɔ aɖe si wowɔ le ale si woɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe ŋu le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le November 15, 2014, ƒe Gbetakpɔxɔ yevugbe me tɔ me. Nyatia gblɔ be dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la na ŋusẽ dzikpɔla mɔzɔlawo be woaɖo nɔviŋutsuwo agbanɔamedzinɔƒewo. Le kpɔɖeŋu ma nu la, nutome sue dzikpɔlawo va le hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ɖom le hameawo me tso September 1, 2014 dzi. Nutome sue dzikpɔlaa dzea agbagba be yeanya nɔviŋutsu siwo hamemetsitsiwo kafu la nyuie eye ewɔa dɔ kple nɔviawo le gbeadzi ne anya wɔ. Eléa ŋku ɖe nɔviŋutsu si wokafu nɛ la ƒe ƒomea hã ŋu. (1 Tim. 3:4, 5) Hamemetsitsiwo ƒe haa kple nutome sue dzikpɔlaa dzroa Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo gbɔ wòle be subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo naɖo la me nyuie.—1 Tim. 3:1-10, 12, 13; 1 Pet. 5:1-3.

13. Aleke míate ŋu aɖee afia be míele nu wɔm aduadu kple hamemetsitsiwo ne wona mɔfiamewo mí?

13 Ele be míazɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo hamemetsitsiwo nana mí la dzi. Nya siwo le “blibo,” siwo le Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽa me la dzie alẽkplɔla wɔnuteƒe siawo siwo le Mawu ƒe habɔbɔa me la zɔna ɖo. (1 Tim. 6:3) Bu aɖaŋu aɖe si Paulo ɖo ku ɖe ame siwo nɔ zɔzɔm sakasaka le hamea me ŋu la ŋu kpɔ. Ame aɖewo ‘mewɔa dɔ aɖeke kura o, ke boŋ wonɔa nu dem nya siwo meka wo o me.’ Edze ƒãa be hamemetsitsiwo xlɔ̃ nu wo gake wogbe woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ. Aleke wòle be hamea nawɔ nu ɖe ame ma tɔgbi ŋu? Paulo gblɔ be: “Mide dzesi ame sia eye midzudzɔ hadede kplii.” Paulo da sɔ le mɔfiame sia me, elabena egblɔ na hamea me tɔwo be woagabu ame sia tɔgbi abe futɔ ene o. (2 Tes. 3:11-15) Egbea, hamemetsitsiwo ate ŋu aƒo nuƒo aɖe atsɔ axlɔ̃ nu hamea tso nɔvi aɖe si le afɔ baɖa si ate ŋu agblẽ nu le hamea ŋu ɖem la ŋu; le kpɔɖeŋu me, ne nɔvia le zɔzɔm kple dzimaxɔsetɔ be yewoaɖe yewo nɔewo. (1 Kor. 7:39) Ne hamemetsitsiwo ƒo nuƒo sia tɔgbi le hamea me la, aleke nàwɔ nui? Ne ènya nu tso ame si ŋu nuwɔna si ŋu woƒo nu tsoe le nuƒoa me ku ɖo la, ɖe nàkpɔ nyuie be màganɔ ha dem kple amea oa? Ale si nètsɔ ɖe le eme nɛ kple wò tenɔnɔ sesĩe le nya sia me ate ŋu aʋã amea be wòatrɔ ɖa le eƒe mɔ gbegblẽa dzi. [1]

DZADZƐNYENYE, ŊUTIFAFA KPLE ÐEKAWƆWƆ ME LELÉ ÐE ASI

14. Aleke míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be hamea nanɔ dzadzɛ?

14 Míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be hamea nanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me ne míewɔna ɖe mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi. Bu nɔnɔme si do mo ɖa le blema le Korinto ŋu kpɔ. Paulo ku kutri geɖe ɖe gbeƒã le dugã ma me, eye elɔ̃ ‘ame kɔkɔe’ siwo nye eƒe haxɔsetɔ siwo nɔ afi ma vevie. (1 Kor. 1:1, 2) Gake bu ale si wòate ɖe edzi vevie esi wòva hiã be wòakpɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe kuxi aɖe si ŋu woɖe mɔ ɖo le hamea me gbɔe ŋu kpɔ! Paulo gblɔ na hamemetsitsiawo be woatsɔ ame la ade asi na Satana, si fia be, woaɖee le haa me. Ele be hamemetsitsiwo naɖe “amɔwɔʋãnu” la ɖa, ale be hamea nanɔ dzadzɛ. (1 Kor. 5:1, 5-7, 12) Ne hamemetsitsiwo ɖe nu gbegblẽ wɔla matrɔdzime aɖe le haa me eye míede woƒe nyametsotsoa dzi la, ekema míele asi kpem ɖe eŋu be hamea nanɔ dzadzɛ, eye ɖewohĩ esia aʋã amea be wòatrɔ dzi me eye wòabia be Yehowa natsɔ yeƒe nu vɔ̃ ake ye.

15. Aleke míate ŋu akpɔ hamea ƒe ŋutifafa ta?

15 Ehiã be woakpɔ kuxi bubu aɖe hã gbɔ le Korinto hamea me. Nɔvi aɖewo kplɔa haxɔsetɔwo yia ʋɔnu. Eya ta Paulo bia nya aɖe si ana woabu ta me la wo be: “Nu ka ta miena wotafa mi boŋ o?” (1 Kor. 6:1-8) Kuxi siawo tɔgbi doa mo ɖa egbea hã. Ɣeaɖewoɣi la, ŋutifafa si le nɔvi Kristotɔwo dome la me tea ŋu gblẽna le esi asitsatsa ƒe ɖoɖo si le wo dome medze edzi o, si wɔe be ga dome gblẽ eye ame ɖeka tso nɔvia nu be etafa ye ta. Esia ta ame aɖewo he wo nɔviwo yi ʋɔnu, gake Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽ la gblɔ na mí be enyo be míaɖe mɔ woatafa mí tsɔ wu be míahe vlododo ava Mawu ƒe ŋkɔa dzi alo agblẽ hamea ƒe ŋutifafa me. [2] Ele vevie be míawɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi atsɔ akpɔ kuxi sesẽwo kple masɔmasɔwo gbɔ. (Xlẽ Mateo 5:23, 24; 18:15-17.) Ne míewɔe alea la, ekema míado ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le Yehowa subɔlawo ƒe ƒome si me míele la me.

16. Nu ka tae wòle be míakpɔ mɔ be Mawu ƒe amewo nawɔ ɖeka?

16 Yehowa ŋutɔ ƒe Agbalẽ si nye Biblia la ɖe nu si tae wòle be míakpɔ mɔ be yeƒe amewo nawɔ ɖeka la fia. Hakpalaa dzi ha be: “Kpɔ ale si wònyo eye wòvivinae ɖa ne nɔviwo le afi ɖeka le ɖekawɔwɔ me!” (Ps. 133:1) Ne Israel-viwo ɖo to Yehowa la, nuwo zɔna ɖe ɖoɖo nu eye ɖekawɔwɔ nɔa anyi. Esi Mawu nɔ ale si nuwo anɔ na eƒe dukɔa gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Mana woanɔ anyi ɖekae, abe alẽha le alẽkpo me ene.” (Mika 2:12) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Zefaniya dzi be: “Matrɔ dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔ wòanye gbegbɔgblɔ dzadzɛ, ne wo katã nayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woasubɔe le ɖekawɔwɔ me.” (Zef. 3:9) Aleke gbegbe míedaa akpee ye nye si be mɔnukpɔkpɔ su mía si míele Yehowa subɔm le ɖekawɔwɔ me!

Hamemetsitsiwo dzea agbagba naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu nɔvi si ɖe afɔ baɖa (Kpɔ memama 17)

17. Aleke wòle be hamemetsitsiwo nakpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nyawo gbɔe ale be woakpɔ hamea ƒe ɖekawɔwɔ kple dzadzɛnyenye ta?

17 Hafi woate ŋu akpɔ hamea ƒe dzadzɛnyenye kple ɖekawɔwɔ ta la, ele be hamemetsitsiwo nakpɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nyawo gbɔ kaba eye woawɔe le lɔlɔ̃ me. Paulo nyae be Mawu ƒe lɔlɔ̃ menye seselelãme dzro ko o, eye meŋea aɖaba ƒua nu gbegblẽ wɔwɔ dzi o. (Lod. 15:3) Eya ta Paulo mehe ɖe megbe le Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ŋɔŋlɔ me o—enye lɛta si me nyawo sẽ, ke hã eɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ woe la fia. Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Evelia si wòŋlɔ le ɣleti aɖewo megbe la ɖee fia be hamea wɔ tɔtrɔ si hiã, elabena hamemetsitsiawo wɔ ɖe apostoloa ƒe mɔfiafia dzi. Ne Kristotɔ aɖe ɖe afɔ baɖa hafi wòva nya la, ele be ame siwo dze le gbɔgbɔ me la nadze agbagba aɖɔe ɖo le tufafa me.—Gal. 6:1

18. (a) Mɔ kawo nue mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me la kpe ɖe hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu le? (b) Nu kawo me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Eme kɔ ƒãa be aɖaŋuɖoɖo siwo tso gbɔgbɔ me, siwo le Mawu ŋutɔ ƒe Agbalẽa me la kpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto kple teƒe bubuwo la ŋu be wokpɔ hameawo ƒe dzadzɛnyenye, ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ta. (1 Kor. 1:10; Ef. 4:11-13; 1 Pet. 3:8) Esia wɔe be mía nɔvi siwo nɔ anyi ɣemaɣi la te ŋu wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Esia ta Paulo gblɔ gɔ̃ hã be “woɖe [gbeƒã nya nyuia] le nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.” (Kol. 1:23) Egbea hã, esi Mawu ƒe habɔbɔa wɔ ɖeka le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me ta la, wole Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋuti nya kakam le anyigba bliboa dzi. Nyati si kplɔ esia ɖo la ana míakpɔ nu bubu siwo ɖo kpe edzi be habɔbɔ sia me tɔwo dea asixɔxɔ gã Biblia ŋu eye woɖoe kplikpaa be yewoade bubu Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ŋu.—Ps. 71:15, 16.

^ [1] (memama 13) Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 134-136.

^ [2] (memama 15) Ne èdi be yeaxlẽ nu tso nɔnɔme siwo me Kristotɔ ate ŋu atso nya me le be yeatsɔ ye kple ye nɔvi Kristotɔ dome nya aɖe ayi setɔwo gbɔ ŋu la, kpɔ Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa,” axa 223, etenuŋɔŋlɔ.