Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woyɔ Wo Tso Viviti Me

Woyɔ Wo Tso Viviti Me

“[Yehowa] yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me.”—1 PET. 2:9.

HADZIDZI: 116, 102

1. Ƒo nu tso nu siwo dzɔ le Yerusalem tsrɔ̃ɣi ŋu.

LE ƑE 607 Do Ŋgɔ Na Yesu me la, Babilontɔwo ƒe aʋakɔ gã si Fia Nebukadnezar II lia nɔ ŋgɔ na la va dze Yerusalem dugã la dzi. Biblia gblɔ le ale si gbegbe wokɔ ʋu ɖii ŋu be: “[Nebukadnezar tsɔ] yi wu woƒe ɖekakpuiwo le woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe la me; eye mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbui, ame tsitsi alo ame si ŋu wɔna vɔ le o. . . . Etɔ dzo Mawu vavã la ƒe aƒe la, eye wògbã Yerusalem ƒe gli la ƒu anyi; etɔ dzo eme mɔ́ sesẽwo katã, eye wògblẽ eƒe nu nyuiwo katã dome.”—2 Kron. 36:17, 19.

2. Aleke Yehowa xlɔ̃ nu eƒe dukɔa tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Yerusalem dzi ŋu, eye nu kae wògblɔ be adzɔ ɖe Yudatɔwo dzi?

2 Mele be Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a nawɔ nuku na dua me nɔlawo o. Elabena Mawu ƒe nyagblɔɖilawo xlɔ̃ nu Yudatɔwo ƒe geɖe be, ne woyi edzi le vlo dom Mawu ƒe Sea la, atsɔ wo ade asi na Babilontɔwo. Woawu Yudatɔ geɖewo kple yi; eye woakplɔ agbetsila ɖe sia ɖe ayi aboyo me le Babilon. (Yer. 15:2) Aleke agbea nɔ na aboyomeawo le afi ma? Ðe Babilon ƒe aboyomenɔnɔ sia tɔgbi dzɔ le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia mea? Ne esia tɔgbi dzɔ la, ke ɣekaɣie?

ALE SI AGBEA NƆ NA WO LE ABOYO ME

3. Aleke Israel-viwo ƒe aboyomenɔnɔ le Babilon to vovo na ale si agbea nɔ na wo esime wonye kluviwo le Egipte?

3 Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo va eme. Yehowa to Yeremiya dzi ɖo aɖaŋu na ame siwo woakplɔ ayi aboyo me la be woatsɔ woƒe nɔnɔme yeyea nenema eye woawɔ nɔnɔmea ŋu dɔ nyuie ale si woate ŋui. Egblɔ na wo be: “Mitso aƒe [le Babilon] mianɔ wo me. Mitso abɔ miaɖu wo me kutsetse. Midi ŋutifafa na du si me mena woɖe aboyo mi yii la hã, eye mido gbe ɖa na Yehowa ɖe eta, elabena ne ŋutifafa le dua me la, ekema miawo ŋutɔwo hã mianɔ ŋutifafa me.” (Yer. 29:5, 7) Agbea ka ɖe eme na ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la le Babilon. Babilontɔwo ɖe mɔ na wo be woakpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ va se ɖe afi aɖe. Ablɔɖe nɔ aboyomeawo si gɔ̃ hã be woatsa le dukɔa me ayi teƒeteƒewo. Asitsadu vevi aɖee Babilon nye le blema xexea me, eye nuŋlɔɖi siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖo la ɖee fia be Yudatɔ geɖe srɔ̃ asitsatsa le afi ma, eye wo dometɔ aɖewo hã zu asinudɔwɔla bibiwo. Yudatɔ aɖewo zu kesinɔtɔwo gɔ̃ hã. Agbea mesesẽ na Yudatɔ aboyomeawo le Babilon abe ale si wònɔ na Israel-vi kluviwo le Egipte ƒe alafa geɖe do ŋgɔ ene o.—Xlẽ 2 Mose 2:23-25.

4. Tsɔ kpe ɖe Israel-vi aglãdzelawo ŋu la, ame kawo hãe wokplɔ yi aboyo me le Babilon, eye nu ka tae womate ŋu awɔ nu sia nu si Sea bia tso wo si o?

4 Togbɔ be ŋutilãmenuhiahiãwo su Yudatɔ aboyomeawo si hã la, aleke nuwo nɔ na wo le mawusubɔsubɔ gome? Babilontɔwo gbã Yehowa ƒe gbedoxɔa kple vɔsamlekpuia, eye nunɔlawo megate ŋu nɔ woƒe subɔsubɔdɔwo wɔm ɖe ɖoɖoa nu o. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo mewɔ naneke si dze na tohehe o hã nɔ aboyomeawo dome, eye ele na woawo hã be woakpe fu kple Yudatɔ bubuawo. Togbɔ be nɔnɔmea nɔ alea hã la, wowɔ wo tɔ sinua lé Mawu ƒe Sea me ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, esi Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo, siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, wonɔ Babilon la, wogbe be yewomaɖu nuɖuɖu siwo nu Mawu de se ɖo na Yudatɔwo la o. Eye míenyae be Daniel gakpɔtɔ nɔ gbe dom ɖa na Mawu madzudzɔmadzudzɔe. (Dan. 1:8; 6:10) Ke hã, esesẽ na Yudatɔ Mawu-vɔ̃lawo be woawɔ nu sia nu si Mawu ƒe Sea bia tso wo si la le trɔ̃subɔlawo ƒe dziɖuɖu te.

5. Ŋugbe kae Yehowa do na eƒe dukɔa, eye nu ka tae ŋugbedodo sia ɖe dzesi?

5 Ðe Israel-viwo agate ŋu ava subɔ Mawu wòadze eŋu bliboe gbe ɖeka? Ɣemaɣi la, awɔ na wo be esia manya wɔ o, elabena Babilontɔwo meɖea asi le woƒe aboyomewo ŋu gbeɖe o. Gake esia mate ŋu axe mɔ na Yehowa Mawu be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme o. Edo ŋugbe na eƒe dukɔa be woakpɔ ablɔɖe, eye eva eme nenema hã. Mawu ƒe ŋugbedodowo medoa kpo emevava gbeɖe o.—Yes. 55:11.

ÐE BABILON ÐE ABOYO KRISTOTƆWO HÃ KPƆA?

6, 7. Nu ka tae wòsɔ be míagana numekɔkɔ yeye ku ɖe gɔmesese si nɔ mía si le egbegbe Babilon ƒe aboyomenɔnɔ ŋu la ŋu?

6 Ðe Kristotɔwo yi Babilon ƒe aboyo tɔgbi aɖe me kpɔa? Ƒe geɖe ye nye esi va yi la, magazine sia gblɔ be egbegbe Mawu subɔlawo yi Babilon ƒe aboyo me le ƒe 1918 me eye woɖe wo tso Babilon ƒe aboyomenɔnɔa me le ƒe 1919 me. Ke hã, le susu vovovo siwo me míadzro le nyati sia me kple esi kplɔe ɖo me ta la, míekpɔe be eva hiã be míagbugbɔ alé ŋku ɖe nya sia ŋu.

7 Bu eŋu kpɔ: Babilon Gã lae nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la. Eya ta, hafi míagblɔ be Mawu ƒe amewo yi Babilon ƒe aboyo me le ƒe 1918 me la, ke ele be Mawu ƒe amewo nazu kluviwo na alakpasubɔsubɔ le mɔ aɖe nu le ƒe ma me. Gake nyateƒenyawo ɖee fia be, ƒe geɖe do ŋgɔ na Xexemeʋa Gbãtɔ la, Mawu subɔla amesiaminawo nɔ dɔ dzi vevie nɔ Babilon Gã la ƒe kawo tsom le wo ɖokuiwo ŋu, menye ɣemaɣie wonɔ eƒe kluviwo zum o. Togbɔ be enye nyateƒe be woti amesiaminawo yome le xexemeʋa gbãtɔ me hã la, dunyahedziɖuɖuwo koŋ ye ti wo yome, ke menye Babilon Gã lae o. Eya ta edze ƒãa be Yehowa ƒe amewo meyi Babilon Gãa ƒe aboyo me le ƒe 1918 me o.

ƔEKAƔIE MAWU ƑE AMEWO YI BABILON ƑE ABOYO ME?

8. Nu kae va dzɔ le apostoloawo ƒe ku megbe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo. Kristotɔ yeye siawo va zu “dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe, dukɔ si nye Mawu ƒe nunɔamesi tɔxɛ.” (Xlẽ 1 Petro 2:9, 10.) Zi ale si apostoloawo kpɔtɔ nɔ agbe ko la, wokpɔ Mawu ƒe hameawo dzi beléletɔe. Gake le apostoloawo ƒe ku megbe la, ŋutsu siwo gblɔa “nya totrowo” la tso be “yewoahe nusrɔ̃lawo ne woadze yewo yome.” (Dɔw. 20:30; 2 Tes. 2:6-8) Ŋutsu siawo dometɔ geɖe nye dzikpɔla siwo nɔ agbanɔamedzinɔƒewo le hameawo me, eye emegbe wova nye “bisiɔpwo.” Eyome wova ɖo nunɔlawo ƒe ha anyi, evɔ Yesu ŋutɔ gblɔ na eyomedzelawo be, “Mi katã la, nɔviwo mienye.” (Mat. 23:8) Ame ŋkuta siwo lɔ̃ xexemenunyala siwo nye Aristotle kple Plato ƒe nufiafiawo la va ƒã alakpasubɔsubɔ ƒe susuwo ɖe hameawo me, eye vivivi la, nufiafia mawo va xɔ ɖe nufiafia dzadzɛ siwo tso Mawu ƒe Nyaa me teƒe.

9. Ƒo nu tso ale si Roma Dziɖuɖua da megbe na Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe hame la kple nu si do tso eme ŋu.

9 Le ƒe 313 K.Ŋ. me la, Roma Fiagã Constantine si nye trɔ̃subɔla la va da asi ɖe Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe hame ma dzi le se nu. Tso ɣemaɣi la, Ha la kple Dukɔa va nɔ dɔ wɔm asi-le-asi-me. Le kpɔɖeŋu me, le Nicaea Adaŋudetakpekpea megbe la, Constantine, si hã nɔ takpekpea me la, ɖe gbe be woakplɔ nunɔla si ŋkɔe nye Arius ayi aboyo me, le esi Arius melɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Mawu o ta. Emegbe, le Fiagã Theodosius I ƒe dziɖuɣi (379-395 K.Ŋ.) la, wova yɔ Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe hame la be Katoliko, eye eyae va zu Roma Fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔha koŋ. Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ tso Roma si nye trɔ̃subɔdukɔ la ŋu be ezu “Kristotɔwo ƒe dukɔ” le ƒe alafa enelia me. Nyateƒea ye nye be, ɣemaɣi la, Kristotɔ xɔsegbelawo ƒe hamea va wɔ ɖeka kple Roma Fiaɖuƒea ƒe trɔ̃subɔsubɔhawo, eye wòva zu Babilon Gã la ƒe akpa aɖe. Ke hã, Kristotɔ amesiamina ʋɛ siwo le abe lu ene la nɔ woƒe ŋutete katã wɔm be yewoasubɔ Mawu ale si dze, gake ame aɖeke meɖoa to nya siwo wogblɔna o. (Xlẽ Mateo 13:24, 25, 37-39.) Wonɔ Babilon ƒe aboyo me vavã!

10. Nu kae na anukwaretɔwo de dzesi ha la ƒe nufiafia totrowo le Kristotɔwo Ŋɔli ƒe ƒe alafa ʋɛ gbãtɔwo me?

10 Ke hã, le Kristotɔwo Ŋɔli ƒe ƒe alafa ʋɛ gbãtɔwo me la, ame geɖe tea ŋu xlẽa Biblia le Helagbe alo Latingbe me. Esia wɔe be wotea ŋu tsɔa nu siwo woxlẽna le Mawu ƒe Nyaa me la sɔna kple ha la ƒe nufiafiawo. Nu siwo woxlẽ le Biblia me la wɔe be wo dometɔ aɖewo gbe ha la ƒe nufiafia siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o, gake afɔku nɔ eme be ame naɖe eƒe susuwo agblɔ le gaglãgbe, eye ate ŋu abu eƒe agbe gɔ̃ hã.

11. Aleke hakplɔlawo wɔ xe mɔ ɖe Biblia-xexlẽ nu?

11 Ƒe aɖewo megbe la, ame akpa gãtɔ megadoa Helagbe kple Latingbe o, eye ha la meɖe mɔ be woaɖe Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe gbe siwo amewo dona la me o. Esia wɔe be hakplɔlawo kple agbalẽnyala ʋɛ aɖewo koe tea ŋu xlẽa Biblia le wo ɖokui si, evɔ menye hakplɔlawo katãe nya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie hã o. Gakpe ɖe eŋu la, wohea to na ame sia ame si fia nu si to vovo na ha la ƒe nufiafiawo la vevie. Eva hiã be Mawu subɔla amesiamina wɔnuteƒewo nanɔ ƒu ƒom le adzame, eye ɣeaɖewoɣi la, esia menya wɔna gɔ̃ hã o. Abe ale si ko wònɔ le Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon gome ene la, nenema kee amesiaminawo, siwo nye “nunɔla siwo nye fiawo” hã mete ŋu nɔ Mawu subɔm abe hame si le ɖoɖo nu ene o. Babilon Gã la kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi vavã!

KEKELIA VA TE KEKLẼ VIVIVI

12, 13. Nu vevi eve kawoe wɔe be amewo va kpɔ gbɔdzɔe vie tso Babilon Gã la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me? Ðe eme.

12 Ðe Kristotɔ vavãwo ava subɔ Mawu ale si dzea eŋu le ablɔɖe me le gaglãgbe gbe ɖeka? Ɛ̃! Gbɔgbɔmekekeli va te keklẽ vivivi le gbɔgbɔmevivitia me; eye susu vevi eve tae. Gbãtɔa ye nye agbalẽtamɔ̃ si woto vɛ le alafa 15 lia ƒe domedome. Hafi woato agbalẽtamɔ̃a vɛ le Europa dukɔwo me la, amewo kua kutri gbugbɔ ŋlɔa Biblia me nyawo kple asi. Gake Biblia siwo wogbugbɔ ŋlɔ kple asi la xɔ asi ŋutɔ eye womebɔ hã o. Wogblɔ be ate ŋu axɔ ɣleti ewo hafi nugbugbɔŋlɔla bibi nagbugbɔ aŋlɔ Biblia ɖeka pɛ kple asi! Gakpe ɖe eŋu la, lãgbalẽ siwo dzi woŋlɔa nu ɖo ɣemaɣi la xɔ asi ŋutɔ. Gake pepawo kple agbalẽtamɔ̃wo zazã doa tsɔtsɔe Biblia-tata ale gbegbe be agbalẽtala bibi ate ŋu azã wo atsɔ ata axa 1,300 sɔŋ le ŋkeke ɖeka ko me!

Agbalẽtata ƒe mɔnu siwo woto vɛ la kpe ɖe Biblia-gɔmeɖelawo ŋu wona Babilon ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia me gbɔdzɔ (Kpɔ memama 12, 13)

13 Nu vevi eveliae nye be le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze la, dzinɔameƒotɔ ʋɛ aɖewo ɖoe wo ɖokui dzi ɖe Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe gbe siwo ame akpa gãtɔ dona me. Gbegɔmeɖela geɖewo ɖe Biblia gɔme togbɔ be wonyae be woate ŋu awu yewo gɔ̃ hã. Esia na ŋɔdzi lé hakplɔlawo. Nu ka tae? Nu si tae nye be wonɔ vɔvɔ̃m be ne Biblia ka mawuvɔ̃lawo si la, agblẽ nu le yewo ŋu vevie. Eye esi Biblia va nɔ agbɔ sɔm la, amewo nɔ exlẽm. Esi wonɔ exlẽm la, wobiaa nyawo abe esiawo ene: ‘Afi kae woƒo nu tso ŋutiklɔdzo ŋu le le Mawu ƒe Nyaa me? Afi kae Biblia gblɔ le be woaxe fe ɖe misawɔwɔ na ame kukuwo ta? Biblia ƒe akpa kae ƒo nu tso papawo kple papatenɔlawo ŋu?’ Hakplɔlawo do dziku be amewo nɔ nya siawo biam. Mɔ kae amewo kpɔ be woabia nya mawo yewo? Ha la ho aʋa ɖe wo ŋu le goawo katã me. Wotsoa kufia na ŋutsu kple nyɔnu siwo tsi tsitre ɖe ha la ƒe nufiafiawo ŋu. Evɔ nufiafia siawo dometɔ aɖewo dzɔ tso trɔ̃subɔla xexemenunyala siwo nye Aristotle kple Plato, siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu Kristo la, ƒe nufiafiawo me. Ha la tsoa kufia na wo, eye Dukɔa kpɔa egbɔ be wowu wo. Woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖe dzi le amewo ƒo be woaganɔ Biblia xlẽm ale be woava nɔ nya biam yewo o. Woƒe tameɖoɖoa dze edzi na wo ŋutɔ. Ke hã, ame ʋɛ aɖewo siwo ƒo dzi nɔ la mevɔ̃ Babilon Gã la ƒe ŋɔdzidodowo o. Esi wonya ɖɔ Mawu ƒe Nyaa kpɔ ko la, eva nɔ wo dzrom vevie! Nɔnɔmeawo sɔ nyuie azɔ be amewo nava kpɔ ablɔɖe tso alakpasubɔsubɔ si me.

14. (a) Nu kae na amewo gava se Biblia me nyateƒea gɔme ɖe edzi le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo? (b) Ƒo nu tso ale si Nɔviŋutsu Russell di nyateƒeae ŋu.

14 Ame geɖe siwo Biblia me nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ wuwum la si yi dukɔ siwo me ha la mekpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le boo o me. Wodi be yewoaxlẽ Biblia ahasrɔ̃e, eye yewoaɖo dze tso eŋu le yewo nɔewo dome faa, esime ame aɖeke mazi eƒe susuwo ɖe yewo dzi o. Dukɔ mawo dometɔ ɖekae nye Amerika (United States), afi si Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛwo dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme tsitotsito le, le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo. Le gɔmedzedzea me la, Nɔviŋutsu Russell ƒe taɖodzinue nye be yeakpɔe ɖa be subɔsubɔha siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ kae nɔ nyateƒea fiam hã. Etsɔ nu siwo wòsrɔ̃ le Biblia me la sɔ kple subɔsubɔha vovovowo ƒe nufiafiawo; subɔsubɔha siwo menye xɔsehawo o gɔ̃ hã nɔ eme. Eteƒe medidi o, eva kpɔe be subɔsubɔha mawo dometɔ aɖeke mewɔna ɖe nufiafia siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi pɛpɛpɛ o. Ɣeaɖeɣi la, Russell wɔ ɖoɖo do go kple hakplɔla aɖewo eye wònɔ mɔ kpɔm be woalɔ̃ ɖe Biblia me nyateƒe siwo ŋu ye kple yeƒe zɔhɛwo yewoke ɖo la dzi eye woalɔ̃ faa afia nyateƒenya mawo woƒe hameviwo. Gake nya sia medze hakplɔlaawo ŋu o. Eme va kɔ na Biblia Nusrɔ̃viawo ƒãa be yewomate ŋu awɔ ɖeka kple ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoaku ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu goŋgoŋ la o.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:14.

15. (a) Ɣekaɣie Kristotɔwo va nɔ Babilon Gã la ƒe kɔkuti te? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖowoe míakpɔ le nyati si kplɔ esia ɖo me?

15 Míeva kpɔe be Kristotɔ vavãwo yi Babilon ƒe aboyo me ɣeyiɣi kpui aɖe le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbe. Ke hã, biabia aɖewo fɔ ɖe te: Kpeɖodzi bubu kawoe ɖee fia be le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me la, amesiaminawo nɔ Babilon Gã la ƒe kawo tsom le wo ɖokuiwo ŋu henɔ dodom le eƒe kluvinyenye te? Ðe wònye nyateƒe be Yehowa meva kpɔ ŋudzedze ɖe esubɔlawo ŋu o le esi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa megava nɔ afɔ tsɔm nyuie le Xexemeʋa Gbãtɔ wɔɣi o ta? Eye ɖe mía nɔvi aɖewo megava lé woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi o, si wɔe be Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu oa? Eye ne Kristotɔwo yi alakpasubɔsubɔ ƒe aboyo me tso ƒe alafa evelia Kristotɔwo Ŋɔli me la, ke ɣekaɣie wokpɔ ablɔɖe? Nyabiabia vevi aɖewoe nye esiawo. Míakpɔ woƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔe ɖo me.