GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 25, 2017 va se ɖe January 28, 2018 la le tata sia me.

Midzi Ha Kple Dzidzɔ!

Ne ekpea ŋu na wò be nàdzi ha kple hamea la, aleke nàwɔ aɖu kuxi sia dzi ahakɔ gbe dzi adzi kafukafuha na Yehowa?

Ðe Nètsɔ Yehowa Wɔ Wò Sitsoƒeea?

Sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le blema Israel la fiaa nu mí tso ale si Mawu tsɔa nu vɔ̃ kenae ŋu.

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Kple Eƒe Nublanuikpɔkpɔ

Aleke sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fiae? Nu kae wofia mí tso ale si wòbua agbee ŋu? Aleke woɖe eƒe dzɔdzɔenyenye si de blibo la fiae?

“Woayra Ame Si Nyoa Dɔme”

Àte ŋu azã wò ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesi bubuwo atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu.

Gbe Xexea Ƒe Nuŋububu

Ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Xlẽ nu tso xexea ƒe nuŋububu ƒe kpɔɖeŋu atɔ̃ aɖewo ŋu.

Mègana Naneke Nawɔe Be Fetua Nato Ŋuwò O

Esi apostolo Paulo ɖo ŋku mɔkpɔkpɔ nyui si le ehati Kristotɔwo si dzi na wo vɔ la, exlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe tso nya bubuwo hã ŋu.

Aleke Nàwɔ Atrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu Le Wò Hame Yeyea Me?

Ne hame yeye mee nèva le la, ɖewohĩ màvo le ɖokuiwò me tututu o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu?