Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbe Xexea Ƒe Nuŋububu

Gbe Xexea Ƒe Nuŋububu

‘Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro dzi aɖe aboyo mi o.’—KOL. 2:8.

HADZIDZI: 38, 31

1. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na nɔvi siwo le Kolose le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe wo me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ANƆ eme be esime apostolo Paulo nɔ gaxɔ me le Roma le ƒe 60 alo ƒe 61 K.Ŋ. me lɔƒoe wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose. Le agbalẽa me la, eƒo nu tso nu si tae wòle vevie be “gbɔgbɔ me nugɔmesese” nasu wo si ŋu. (Kol. 1:9) Paulo gblɔ hã be: “Mele esia gblɔm ale be ame aɖeke nagatsɔ aɖe ŋanɛ aflu mi o. Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi aɖe aboyo mi le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.” (Kol. 2:4, 8) Paulo yi edzi ƒo nu tso nu si tae nuŋububu aɖewo siwo xɔ aƒe ɖi ɣemaɣi la mesɔ o, kple nu si tae wodzea ame geɖe ŋu hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wote ŋu nana amewo sena le wo ɖokui me be yewodze nunya alo be yewode ŋgɔ wu ame bubuwo. Eya ta Paulo ŋlɔ agbalẽa be yeatsɔe akpe ɖe nɔviawo ŋu woagbe xexea ƒe nuŋububu ahaƒo asa na nuwɔna gbegblẽwo.—Kol. 2:16, 17, 23.

2. Nu ka tae míadzro ale si xexea bua nuwo ŋui ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me?

2 Ame siwo ƒe nuŋububu wɔ ɖeka kple xexea tɔ la ŋea aɖaba ƒua Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi, eye ne míeɖɔ ŋu ɖo o la, woƒe susuwo ana míaƒe xɔse nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi. Xexea ƒe nuŋububu xɔ aƒe ɖe afi sia afi egbea. Wodonɛ ɖe ŋgɔ le television kple Internet dzi kpakple dɔwɔƒewo kple sukuwo. Le nyati sia me la, míadzro nu si míate ŋu awɔ be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o me. Míadzro ale si xexea bua nuwo ŋui ƒe kpɔɖeŋu atɔ̃ aɖewo kple ale si míate ŋu agbe nuŋububu mawoe me.

ÐE WÒHIÃ BE MÍAXƆ MAWU DZI ASEA?

3. Nuŋububu kae dzea ame geɖe ŋu egbea, eye nu ka tae?

3 “Mate ŋu anye ame nyui ne nyemexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã.” Ebɔ le dukɔ geɖe me egbea be amewo nagblɔ be yewomexɔ Mawu dzi se o; wogblɔna be yewometsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me o. Ðewohĩ womegbɔ dzi ɖi dzro nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li la me nyuie o, ke hã, nuŋububu si nye be yewoate ŋu awɔ nu sia nu si yewolɔ̃ ya dzea wo ŋu. (Xlẽ Psalmo 10:4.) Ame aɖewo hã senɛ le wo ɖokui me be yewodze nunya nenye be yewogblɔ be, “Mate ŋu anye ame ɖɔʋu ne nyemexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã.”

4. Aleke míate ŋu aɖe susu kple ame siwo gblɔna be Wɔla aɖeke meli o?

4 Ðe susu le nya si amewo gblɔna be, Wɔla aɖeke meli o la mea? Ame siwo dina be yewoato dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nusɔsrɔ̃wo me anya nenye be Wɔla aɖe li la dometɔ aɖewo tɔtɔna. Gake le nyateƒe me la, ŋuɖoɖoa mesesẽ hafi o. Ne aƒe mate ŋu adzɔ le eɖokui si o, negbe ɖe ame aɖee tui la, ɖe manɔ alea geɖe wu le nu gbagbewo ya gome oa? Nugbagbevi suetɔwo kekeake siwo le anyigba dzi la gɔ̃ hã de ŋgɔ sãsãsã wu aƒe ɖe sia ɖe, elabena wotea ŋu dzina ɖe edzi le wo ɖokui si, evɔ mele alea le aƒe aɖeke gome o. Be nugbagbevi nyaŋui siawo nate ŋu adzi ɖe edzi la, wo dometɔ ɖe sia ɖe maa eɖokui ɖe eve, eye evelia nɔna abe esi ŋu wòma ɖa le la tututu ene. Aleke wòdzɔe be ŋutete ma le nugbagbeviwo si? Biblia gblɔ be: “Aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.”—Heb. 3:4.

5. Nya kae míate ŋu agblɔ tso nuŋububu si nye be ame ate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome ne mexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã la ŋu?

5 Nya kae míate ŋu agblɔ tso amewo ƒe nuŋububu si nye be ame ate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome ne mexɔ Mawu dzi se o gɔ̃ hã la ŋu? Mawu ƒe Nyaa ɖee fia be ame siwo mesubɔa Mawu o hã tea ŋu wɔa nu nyui. (Rom. 2:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, wotea ŋu bua wo dzilawo helɔ̃a wo. Gake ne womezɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo nu o la, woate ŋu aɖe afɔ gbegblẽwo. (Yes. 33:22) Ame geɖe siwo bua nuwo ŋu nyuie egbea dea dzesii be nɔnɔme wɔnublanui siwo le anyigba dzi la ɖoa kpe edzi be míehiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. (Xlẽ Yeremiya 10:23.) Eya ta mele be míasusui gbeɖe be ame aɖe ate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome bliboe nenye be mexɔ Mawu dzi se o eye mewɔa eƒe mɔfiamewo dzi o.—Ps. 146:3.

DE WÒHIÃ BE MÍANƆ SUBƆSUBƆHA AÐE MEA?

6. Nu kae nye ame geɖe ƒe susu le subɔsubɔha me nɔnɔ ŋu?

6 “Mehiã be nànɔ subɔsubɔha aɖe me hafi nàkpɔ dzidzɔ o.” Xexea ƒe nuŋububu sia dzea ame geɖe ŋu, elabena le woawo gbɔ la, subɔsubɔha me nɔnɔ menyea dzidzɔ alo viɖenu aɖeke na wo o. Ame aɖewo hã melɔ̃a subɔsubɔha me nɔnɔ o, elabena wofiaa nu tso dzo mavɔ ŋu, wodzɔa nu ewolia le hameviwo si, eye wodea nu dunyahehe me. Eya ta, mewɔ nuku o be ame gbogbo aɖewo va le ekpɔm be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ ne yewomele subɔsubɔha aɖeke me o gɔ̃ hã! Ame siawo tea ŋu gblɔna be, “Metsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me, gake nyemedi be manɔ subɔsubɔha aɖeke me o.”

7. Aleke subɔsubɔha vavãtɔ nana míekpɔa dzidzɔ?

7 Nyateƒee wònye be ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne mele subɔsubɔha aɖeke me o gɔ̃ hã? Enye nyateƒe be ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne mele alakpasubɔsubɔha me o, gake hafi ame nate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ele be ƒomedodo nanɔ woa kple Yehowa, ame si Biblia yɔ be “Mawu dzidzɔtɔ” la dome. (1 Tim. 1:11) Nu sia nu si Mawu wɔna la ɖea vi na amewo. Esubɔlawo kpɔa dzidzɔ, elabena wodzea agbagba be yewoakpe ɖe amewo ŋu. (Dɔw. 20:35) Bu ale si subɔsubɔha vavãtɔ kpena ɖe ƒomewo ŋu wokpɔa dzidzɔe ŋu kpɔ. Subɔsubɔha vavãtɔ fiaa nu mí be míade bubu mía srɔ̃wo ŋu ahawɔ nuteƒe na wo, ahe mía viwo woaɖɔ ʋu, eye míalɔ̃ míaƒe ƒometɔwo. Azɔ hã, ekpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le xexea me godoo wowɔa dɔ ɖekae le ŋutifafa me helɔ̃a wo nɔewo le hamea me.—Xlẽ Yesaya 65:13, 14.

8. Aleke Mateo 5:3 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nu si tututu ana ame nakpɔ dzidzɔ?

8 Ðe ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ vavã ne mele Mawu subɔm o gɔ̃ hã? Bu biabia sia ŋu kpɔ, Nu kawo wɔwɔe doa dzidzɔ na amewo? Ame aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe alo fefe aɖewo ŋu. Dɔmenyowɔwɔ na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã doa dzidzɔ na ame bubuwo. Togbɔ be nu siawo tea ŋu hea dzidzɔ aɖe sinu vanɛ hã la, taɖodzinu aɖe le agbea ŋu, si de ŋgɔ wu, si hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ. To vovo na lãwo la, míawo ya míate ŋu asrɔ̃ nu tso mía Wɔla la ŋu ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Mía Wɔlaa wɔ mí be míakpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me. (Xlẽ Mateo 5:3.) Le kpɔɖeŋu me, Mawu subɔla vavãwo kpɔa dzidzɔ kple tutuɖo geɖe ne wova kpe ta ɖekae be yewoasubɔ Yehowa. (Ps. 133:1) Míekpɔa dzidzɔ hã le esi míenye nɔviwo ƒe habɔbɔ si wɔ ɖeka la me tɔwo, míenɔa agbe dzadzɛ eye etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe le mía si ta.

ÐE MÍEHIÃ NA AGBE NYUI NƆNƆ ŊUTI SEWOA?

9. (a) Nuŋububu kae bɔ le xexea me ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu? (b) Nu ka tae Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsi tre ɖe ame si menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ ŋu?

9 “Nu kae gblẽ le ame si menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ ŋu?” Amewo gblɔna be: “Ele be ame nase vivi na agbea. Nu kae gblẽ le ame si menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ ŋu?” Nuŋububu si nye be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu o la mesɔ kura o. Nu ka tae? Elabena Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsi tre ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu. * (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 4:3-8.) Yehowa ye dze be wòade sewo na mí, elabena eyae wɔ mí. Egblɔ na mí be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo koe ate ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Esi Mawu lɔ̃ mí tae wòde sewo na mí ɖo, eye eƒe seawo ɖea vi na mí. Ne ƒomewo wɔ Mawu ƒe sewo dzi la, lɔlɔ̃, bubudede ame nɔewo ŋu kple dzidzeme nɔa anyi. Mawu megbea tohehe na ame siwo ɖonɛ koŋ dana le eƒe sewo dzi o.—Heb. 13:4.

10. Aleke Kristotɔ awɔ aƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?

10 Mawu fia mí ale si míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu le eƒe Nya la me. Mɔ vevi aɖe si dzi míato aƒo asa na nuwɔna mae nye be míaɖɔ ŋu ɖo le nu siwo míekpɔna ŋu. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Eya ta ne wò ɖusimeŋku hea wò dea nu vɔ̃ me la, hoe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.” (Mat. 5:28, 29) Eya ta ele be Kristotɔ naƒo asa na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ kple haƒoƒo siwo ƒe hagbewo ku ɖe gbɔdɔnuwɔnawo ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo be: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu . . . gome.” (Kol. 3:5) Azɔ hã, ele be míaɖu mía ɖokuiwo dzi le nu siwo ŋu míebuna kple nya siwo míegblɔna gome.—Ef. 5:3-5.

ÐE WÒLE BE DƆWƆÐUI NANYE NU VEVITƆ NA MÍ LE AGBE MEA?

11. Nu ka tae wòate ŋu adzro mí be míaminya dɔ si ana nu nadze edzi na mí?

11 “Míakpɔ dzidzɔ le agbe me ne míeminya dɔ gagãwo.” Amewo ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míaminya dɔ si ana nu nadze edzi na mí le agbe me. Woate ŋu agblɔ be dɔ mawo ana bubu, ɖoƒe kple kesinɔnuwo nasu mía si. Esi dɔ siwo ŋu bubu le wɔwɔe nye ame geɖe ƒe agbemetaɖodzinu vevitɔ ta la, ele bɔbɔe be nuŋububu sia nakpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo hã dzi.

12. Dɔwɔɖui si nana nu dzea edzi na ame gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ tsona?

12 Ðe wònye nyateƒe be dɔ si nana bubu kple ɖoƒe sua ame si la gbɔe dzidzɔ vavãtɔ tsona? Ao. Bu nya sia ŋu kpɔ. Satana di be yeaxɔ ŋkɔ eye ŋusẽ nasu ye si, eye nu mawo su esi ya, gake mele dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ dzie le ekum. (Mat. 4:8, 9; Nyaɖ. 12:12) Gake bu dzidzɔ si míekpɔna ne míekpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nu tso Mawu kpakple nu nyui siwo wòdo ŋugbe be yeawɔ na mí ŋu la ŋu kpɔ. Ŋutilãmedɔwɔɖui aɖeke mate ŋu ana dzidzɔ ma tɔgbi nasu mía si o. Azɔ hã, hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si le dɔwɔƒewo la nu sẽ ale gbegbe. Ewɔnɛ be amewo dina be yewoayi ŋgɔ wu ame bubuwo, eye woʋãa ŋu wo nɔewo, evɔ mlɔeba wova kpɔnɛ be esiawo katã nye “dagbadagba ɖe yame.”—Nyagb. 4:4.

13. (a) Aleke wòle be míada asɔ le dɔwɔɖuinyawo gome? (b) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo nu la, nu kae na wòkpɔ dzidzɔ gbago?

13 Nyateƒee wònye be ele be dɔwɔɖui nanɔ mía si, eye menye nu gbegblẽe wònye be míatia dɔ si wɔwɔ dzɔa dzi na mí o. Gake mele be míaƒe dɔwɔɖui nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mat. 6:24) Ne Yehowa subɔsubɔ kple eƒe Nya la fiafia amewo nye nu vevitɔ na mí le agbe me la, míakpɔ dzidzɔ si ɖeke mesɔ kplii o. Aleae wònɔ le apostolo Paulo gome. Tsã la, enɔ dɔ si ŋu bubu le minyam esime wònɔ Yuda-subɔsubɔ me, gake dzidzɔ vavãtɔ va su esi esi wòƒo eɖokui ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me eye wòkpɔ ale si Mawu ƒe gbedeasia trɔ ame siwo wòɖe gbeƒã na la ƒe agbenɔnɔ. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:13, 19, 20.) Dɔ bubu aɖeke megali si naa dzidzeme ame wu ema o.

Míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ ne míekpe ɖe amewo ŋu mawumenunya su wo si (Kpɔ memama 12, 13)

ÐE AMEGBETƆWO ATE ŊU AKPƆ WOAWO ŊUTƆWO ƑE KUXIWO GBƆA?

14. Nu ka tae nuŋububu si nye be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔ la dzena nya si me susu le?

14 “Amegbetɔwo ate ŋu akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔ.” Le ame geɖe gome la, ate ŋu adze abe susu le xexea ƒe nuŋububu sia me ene. Nu ka tae? Ne nya ma le eme vavã la, ke afia be amegbetɔwo mehiã na Mawu ƒe mɔfiame o, eye woate ŋu awɔ nu sia nu si dze wo ŋu faa. Azɔ hã, nu si tae ame aɖewo xɔe se be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe kuxiwo gbɔe nye be le numekuku aɖewo nu la, edze abe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, dɔléle kple ahedada dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ene. Numekula aɖewo ka nya ta be: “Nu si wɔe be nuwo va le kakam ɖe eme na ameƒomeae nye be amegbetɔwo ɖoe wo ɖokui dzi be yewoana nuwo nanyo wu le xexea me.” Ðe nya mawo tɔgbi fia be amegbetɔwo va le ta kpɔm na kuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la? Be míaɖo nya sia ŋu la, na míagalé ŋku ɖe nu siwo le dzɔdzɔm la ŋu nyuie kpɔ.

15. Nyatakaka kawoe na míekpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo ƒe kuxiwo nyrae?

15 Aʋawɔwɔ: Ame miliɔn 60 kple edzivɔe ku le xexemeʋã gbãtɔ kple evelia me. Tso esime Xexemeʋa Evelia ke la, amegbetɔwo gale aʋawɔwɔ dzi. Kaka ƒe 2015 naɖo la, ame siwo va zu sitsoƒedilawo le aʋawɔwɔ kple yometiti ta la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo miliɔn 65 sɔŋ. Eye wobu akɔnta be le ƒe 2015 ɖeɖe dzaa me la, ame miliɔn 12 kple afã kloe zu sitsoƒedilawo. Nu vlo wɔwɔ: Togbɔ be nu vlo wɔwɔ ƒomevi aɖewo dzi ɖe kpɔtɔ le teƒe aɖewo hã la, nu vlo wɔwɔ ƒomevi bubuwo abe Internet dzi nu fitifiti wɔwɔ, ŋutasesẽ le ƒometɔwo ŋu, kple nu vlo wɔhawo ƒe amedzidzedze le fievo dom ɖe edzi. Azɔ hã, ame geɖe kpɔe be dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔwo le gã dom ɖe edzi le xexea me godoo. Edze ƒãa be ŋutete mele amegbetɔwo ŋu be woaɖe nu vlo wɔwɔ ɖa o. Dɔléle: Amegbetɔwo te ŋu lé dɔléle aɖewo nu. Gake le ƒe 2013 me la, numekulawo ka nya ta be ƒe sia ƒe la, ame miliɔn asieke sɔŋ siwo mexɔ ƒe 60 haɖe o la ku le dzidɔ, gbagbadɔ, kansa, dzitodzito me dɔlélewo kple suklidɔ ta. Hiãkame: Xexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã la ka nya ta be, ame siwo da ahe kolikoli le Afrika ɖeɖe dzaa la dzi ɖe edzi tso miliɔn 280 le ƒe 1990 me va ɖo miliɔn 330 le ƒe 2012 me.

16. (a) Nu ka tae Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋu aɖe amegbetɔwo ƒe kuxiwo ɖa? (b) Nya kawoe Yesaya ƒe agbalẽa kple Psalmowo gblɔ ɖi ku ɖe yayra siwo míakpɔ le Fiaɖuƒea me ŋu?

16 Ðokuitɔdilawoe le megbe na xexe sia ƒe asitsanyawo kple dunyaheɖoɖowo. Edze ƒãa be ame mawo mate ŋu aɖe aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, dɔléle kple hiãkame ɖa o—Mawu Fiaɖuƒea koe ate ŋui. Bu nu siwo Yehowa ava wɔ na amegbetɔwo ŋu kpɔ. Aʋawɔwɔ: Mawu Fiaɖuƒea aɖe nu siwo gbɔ wòtsona be amewo wɔa aʋa, abe ɖokuitɔdidi, dziɖuɖuwo ƒe nu fitifiti wɔwɔ, dulɔlɔ̃, alakpasubɔsubɔ kple Satana ŋutɔ hã ɖa keŋkeŋ. (Ps. 46:8, 9) Nu vlo wɔwɔ: Fifia gɔ̃ hã la, Mawu Fiaɖuƒea le nu fiam ame miliɔn geɖe be woalɔ̃ wo nɔewo ahaka ɖe wo nɔewo dzi; dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ nu sia o. (Yes. 11:9) Dɔléle: Yehowa ayra eƒe amewo ahana woanɔ lãmesẽ blibo me. (Yes. 35:5, 6) Hiãkame: Yehowa aɖee ɖa keŋkeŋ eye wòana ame sia ame nakpɔ dzidzɔ ahanɔ ƒomedodo nyui me kpli ye. Esia nyo sãsãsã wu ga agbɔsɔsɔme ɖe sia ɖe.—Ps. 72:12, 13.

‘NYA ALE SI WÒDZE BE NÀÐO NYA ŊU’

17. Aleke nàwɔ agbe xexea ƒe nuŋububu?

17 Ne èse xexea ƒe nuŋububu aɖe si mewɔ ɖeka kple wò dzixɔsewo o la, ku nu me tso eŋu be nànya nu si Biblia gblɔ tso eŋu eye nàɖo dze tso eŋu kple haxɔsetɔ aɖe si kpɔ nuteƒe. De ŋugble le nu si tae nuŋububu ma dzea ame aɖewo ŋu, nu si tae mesɔ o kpakple ale si nàte ŋu aɖo kpe edzi be mele eteƒe o ŋu. Aɖaŋu si Paulo ɖo na nɔvi siwo nɔ Kolose hamea me la dzi wɔwɔ akpɔ mía ta be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Egblɔ na wo be: “Miyi edzi miazɔ le nunya me le nuwɔwɔ kple ame siwo le egodo la me, eye . . . mianya ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.”—Kol. 4:5, 6.

^ mm. 9 Ame geɖe menya be nya si dze le Biblia aɖewo me le Yohanes 7:53–8:11 la nye nyakpakpa si mekpe ɖe nya siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ ɖi la ŋu o. Amewo nɔ te ɖe nya ma dzi ƒo nya ta be ame si ŋu nu vɔ̃ mele o koe ate ŋu abu fɔ ame aɖe be ewɔ ahasi. Gake Mawu gblɔ le se si wòde na Israel-viwo la me be: “Ne wokpɔ ŋutsu aɖe wòle nyɔnu aɖe si nye ŋutsu bubu srɔ̃ gbɔ dɔm la, ele be woawu wo ame evea.”—5 Mose 22:22.