Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègana Naneke Nawɔe Be Fetua Nato Ŋuwò O

Mègana Naneke Nawɔe Be Fetua Nato Ŋuwò O

“Migana ame aɖeke . . . nawɔe be fetu la nato mia ŋu o.”—KOL. 2:18.

HADZIDZI: 122, 139

1, 2. (a) Fetu kae Mawu subɔlawo le mɔ kpɔm na? (b) Nu kae kpena ɖe mía ŋu míaƒe ŋku nɔa fetu la dzi? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ABE ale si wònɔ le apostolo Paulo gome ene la, mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le Kristotɔ amesiamina siwo li egbea la si, si nye “Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la.” (Flp. 3:14) Wole mɔ kpɔm be yewoaɖu fia kple Yesu Kristo le eƒe Fiaɖuƒea me le dziƒo eye woakpe asi ɖe eŋu be woana ameƒomea nava de blibo. (Nyaɖ. 20:6) Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi Mawu tsɔ ɖo ame siawo ŋkume! Mɔkpɔkpɔ bubue le alẽ bubuawo ya si. Wole mɔ kpɔm be agbe mavɔ ƒe fetu la nasu yewo si le anyigba dzi. Yayra nyui ka gbegbee nye esi esia hã nye!—2 Pet. 3:13.

2 Esi Paulo di be yeade dzi ƒo na ehati Kristotɔ amesiaminawo be woayi edzi awɔ nuteƒe ale be woƒe asi nasu fetua dzi la, egblɔ na wo be: “Mina miaƒe susu nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu.” (Kol. 3:2) Ehiã be woƒe ŋku nanɔ mɔkpɔkpɔ nyui si nɔ wo si be woayi dziƒo la dzi. (Kol. 1:4, 5) Ne Mawu subɔlawo dea ŋugble le yayra siwo ƒe ŋugbe Yehowa do na eƒe amewo ŋu la, ekpena ɖe wo ŋu woƒe ŋku nɔa fetua dzi. Esia nye nyateƒe, woɖale mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le dziƒo loo alo le anyigba dzi o.—1 Kor. 9:24.

3. Nu kawo ŋue Paulo xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo tsoe?

3 Paulo he ehati Kristotɔwo ƒe susu yi nu siwo ate ŋu ana fetua nato wo ŋu hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ agbalẽ na hame si nɔ Kolose la tsɔ xlɔ̃ nu wo ku ɖe alakpa Kristotɔ siwo nɔ agbagba dzem be yewoadze Mawu ŋu to Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ me ke menye to Kristo dzi xɔxɔ se me o ŋu. (Kol. 2:16-18) Paulo ƒo nu tso nu bubu aɖewo siwo ate ŋu ana fetua nato mía ŋu egbea gɔ̃ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso ale si woate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi, ale si woakpɔ wo nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔ kple ale si woakpɔ ƒomekuxiwo gbɔe ŋu. Aɖaŋu siwo wòɖo ku ɖe nu mawo ŋu la gaɖea vi na mí egbea. Eya ta, na míadzro nya siwo Paulo gblɔ tsɔ xlɔ̃ nu Kolosetɔwo lɔlɔ̃tɔe le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe wo me la dometɔ aɖewo me kpɔ.

ÐU DZODZRO VƆ̃WO DZI

4. Nu ka tae dzodzro vɔ̃wo ate ŋu ana fetua nato mía ŋu?

4 Esi Paulo ɖo ŋku mɔkpɔkpɔ nyui si nɔ ehati Kristotɔwo si la dzi na wo vɔ la, egblɔ be: “Eya ta miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, nudzodzro vɔ̃, kple ŋukeklẽ . . . gome.” (Kol. 3:5) Dzodzro vɔ̃wo nu tea ŋu sẽna ale gbegbe, eye woate ŋu ana mía kple Yehowa dome nagblẽ eye fetua nato mía ŋu. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ agbe gbegblẽ va yi hafi gatrɔ va hamea me la gblɔ be, “Nye dzodzro vɔ̃awo nu sẽ ale gbegbe, eye nyemete ŋu ɖu ɖokuinye dzi o va se ɖe esime wòtsi megbe akpa.”

5. Aleke míakpɔ mía ɖokui ta ne míeva le nɔnɔme aɖe si ate ŋu ana míawɔ nu gbegblẽ la me?

5 Ele vevie ŋutɔ be míanɔ ŋudzɔ ne míeva kpɔ mía ɖokui le nɔnɔme siwo ate ŋu ana míada le Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, nunya le eme be ŋutsu kple nyɔnu siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la naɖo seɖoƒe na wo ɖokuiwo ku ɖe nuwɔnawo abe asikaka ame nɔewo ŋu, nugbugbɔgbugbɔ, kple wo ɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu ne wonya te zɔzɔ teti ko. (Lod. 22:3) Ele bɔbɔe hã be Kristotɔ aɖe nanɔ agbe gbegblẽ ne ezɔ mɔ yi dɔ aɖe gbe alo ne eva hiã be ŋutsu kple nyɔnu aɖe nanɔ dɔ wɔm ɖekae. (Lod. 2:10-12, 16) Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi me la, na ame siwo dome nèle la nanya be Yehowa Ðasefoe nènye, wɔ nu bubutɔe eye nàɖo ŋku edzi be ahiãmoɖoɖo tea ŋu gblẽa nu ŋutɔ. Ele bɔbɔe hã be agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe mɔ̃ naɖe mí ne nu te ɖe mía dzi alo míetsi akogo. Le ɣeyiɣi mawo me la, ɖewohĩ anɔ mía dzrom be ame aɖe nawɔ nu ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe. Dzodzro sia nu ate ŋu asẽ ale gbegbe be míadi be míade ha kple ame ɖe sia ɖe si adi be yeawɔ nu ɖe mía ŋu nenema. Ne èva le nɔnɔme sia tɔgbi me la, trɔ ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu be woakpe ɖe ŋuwò ale be naneke nagawɔe be fetu la nato ŋuwò o.—Xlẽ Psalmo 34:18; Lododowo 13:20.

6. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe nu siwo míatsɔ aɖe modzakae ŋu?

6 Hafi míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi la, ele be míaƒo asa na modzakaɖeɖe siwo nyɔa dzodzro vɔ̃wo ɖe ame me. Nɔnɔme siwo xɔ aƒe ɖe blema Sodom kple Gomora la bɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo li egbea la me. (Yuda 7) Le xexe sia me modzakaɖeɖewo me la, wonana wòdzena abe gbɔdɔdɔ manɔsenu nye nu nyui eye megblẽa naneke le ame ŋu o ene. Ele be míanɔ ŋudzɔ ale be míagatsɔ xexe sia me modzakaɖenu ɖe sia ɖe ko ado dzidzɔ na mía ɖokuiwo o. Ele be míatia modzakaɖeɖe siwo mawɔe be míaƒe ŋku nadzo le agbe mavɔ ƒe fetua dzi o.—Lod. 4:23.

“MIDO” LƆLƆ̃ KPLE DƆMENYONYO

7. Kuxi kawoe ate ŋu ado mo ɖa le Kristo hamea me?

7 Mí katã míalɔ̃ ɖe edzi be yayrae wònye be míenye Kristo hamea me tɔwo. Nu siwo míesrɔ̃na le Mawu ƒe Nyaa me le míaƒe kpekpewo me kpakple ale si míenyoa dɔme hekpena ɖe mía nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe la wɔnɛ be míaƒe ŋku nɔa fetu la dzi. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, nugɔmemasemasewo ate ŋu ana masɔmasɔ naɖo hamea me tɔ aɖewo dome. Ne míekpɔ masɔmasɔ mawo gbɔ o la, woate ŋu ana míalé mía nɔviwo ɖe dɔme.—Xlẽ 1 Petro 3:8, 9.

8, 9. (a) Nɔnɔme nyui kawoe ate ŋu ana míaƒe asi nasu fetua dzi? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ ŋutifafa ne hati Kristotɔ aɖe wɔ nane wòve mí?

8 Aleke míawɔ be ameléleɖedɔme nagawɔe be fetua nato mía ŋu o? Paulo gblɔ na Kolosetɔwo be: “Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo, ame kɔkɔewo kple lɔlɔ̃tɔwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu. Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke. Hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kol. 3:12-14.

9 Lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míatsɔe ake mía nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, ne haxɔsetɔ aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si ve mí la, míate ŋu adze agbagba aɖo ŋku ɣeyiɣi si me míawo ŋutɔwo hã míegblɔ nya aɖe alo wɔ nane si mesɔ o ɖe ame aɖe ŋu la dzi. Ðe medzɔa dzi na mí ne lɔlɔ̃ kple dɔmenyo ʋã mía nɔviwo woŋe aɖaba ƒu míaƒe vodadawo dzi oa? (Xlẽ Nyagblɔla 7:21, 22.) Edzɔa dzi na mí ŋutɔ hã be Kristo ƒe dɔmenyonyo wɔe be wòna Mawu subɔla vavãwo wɔ ɖeka. (Kol. 3:15) Mawu ɖeka koe mí katã míelɔ̃, gbedeasi ɖekae míeɖea gbeƒãe, eye mía dometɔ geɖe toa nɔnɔme sesẽ ɖeka tɔgbi me. Ne míenyoa dɔme na mía nɔewo helɔ̃na faa tsɔna kena la, míekpea asi ɖe eŋu be ɖekawɔwɔ nɔa Kristo hamea me eye wònana míaƒe ŋku nɔa fetu la dzi.

10, 11. (a) Nu ka tae ŋuʋaʋã menyo o? (b) Aleke míawɔ be ŋuʋaʋã nagawɔe be fetu la nato mía ŋu o?

10 Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe ame siwo ʋã ŋu ŋu la nye nuxlɔ̃ame na mí be ŋuʋaʋã ate ŋu ana fetua nato mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Kain ʋã ŋu nɔvia Abel eye wòwui. Kora, Datan kple Abiram ʋã ŋu Mose eye wotsi tsitre ɖe eŋu. Fia Saul hã ʋã ŋu David eye wòdze agbagba be yeawui. Mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Afi sia afi si ŋuʋaʋã kple dzrehehe le la, tɔtɔ kple nu gbegblẽ ɖe sia ɖe hã nɔnɛ.”—Yak. 3:16.

11 Ne míetu nɔnɔme nyui siwo nye lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ɖo la, manɔ bɔbɔe be míaʋã ŋu mía nɔewo o. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o.” (1 Kor. 13:4) Be míagaʋã ŋu mía nɔewo o la, ele be míadze agbagba abu mía nɔviwo abe ale si Mawu bua woe ene, si nye be mí katã míenye ŋutinuwo na mía nɔewo le Kristo hamea me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ mía nɔewo abe dadaviwo ene le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me nya sia be: “Ne wodo ŋutinu ɖeka ɖe dzi la, ŋutinu bubuawo katã kpɔa dzidzɔ kplii.” (1 Kor. 12:16-18, 26) Eya ta le esi míaʋã ŋu mía nɔviwo teƒe la, míakpɔ dzidzɔ kpli wo boŋ ne Yehowa yra wo. Bu Fia Saul ƒe vi Yonatan ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Mawu tia David be wòanyi Fiaɖuƒea dome la, Yonatan meʋã ŋui o, ke boŋ ede dzi ƒo nɛ. (1 Sam. 23:16-18) Ðe míawo hã míate ŋu alɔ̃ ame ahanyo dɔme abe Yonatan enea?

ƑOMEWO—MIƲLI BE MIAXƆ FETU LA

12. Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo kawo dzi wɔwɔe akpe ɖe ƒomewo ŋu be woƒe asi nasu fetu la dzi?

12 Ne ƒomewo wɔ Biblia me mɔfiamewo dzi la, esia ana ŋutifafa kple dzidzɔ nanɔ ƒomea me eye wòakpe ɖe wo ŋu woƒe asi nasu fetu la dzi. Aɖaŋu nyui kae Paulo ɖo na ƒomewo le Kolose hamea me? Egblɔ be: “Mi srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si wòdze le Aƒetɔ la me ene. Mi srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o. Mi ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo le nu sia nu me, elabena esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie. Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.” (Kol. 3:18-21) Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be viɖe gale nya mawo, siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la ŋu na srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo kple ɖeviwo egbea.

13. Aleke srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ate ŋu akpe ɖe srɔ̃a ŋu be wòava subɔ Yehowa?

13 Nu kae nàwɔ ne ènye srɔ̃nyɔnu eye wòle wɔwɔm na wò be srɔ̃wò si menye haxɔsetɔ o la mele nu wɔm ɖe ŋuwò nyuie o? Ðe nɔnɔmeawo aka ɖe eme wu nenye be èhea nya kplii le eƒe nɔnɔmea ta? Ne ète ŋu ƒoe ɖe enu wòwɔ nu si nèdi gɔ̃ hã la, ɖe wò nuwɔnaa aʋãe wòadi be yeava subɔ Yehowa? Edze ƒãa be ŋuɖoɖoae nye ao. Gake ne èbɔbɔ ɖokuiwò ɖe srɔ̃wò ƒe tanyenye te la, esia ate ŋu ana ŋutifafa nanɔ ƒomea me, anye kafukafu na Yehowa, eye ate ŋu aʋã srɔ̃wòa be wòava subɔ Yehowa, ale be mi ame evea siaa ƒe asi nasu fetu la dzi.—Xlẽ 1 Petro 3:1, 2.

14. Nu kae wòle be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ nawɔ ne srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o la mebunɛ o?

14 Ke ne ènye srɔ̃ŋutsu eye wòle wɔwɔm na wò be srɔ̃wò si menye haxɔsetɔ o la medea bubu ŋuwò o ɖe? Ne èdoa ɣli ɖe eta be yeatsɔe aɖee afia be yee nye ta le ƒomea me la, ɖe esia ana wòade bubu ŋuwò wua? Gbeɖe! Mawu di tso asiwò be nàwɔ wò tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me, abe ale si Yesu wɔnɛ ene. (Ef. 5:23) Yesu, ame si nye hamea ƒe ta la gbɔa dzi ɖi eye wòlɔ̃a ame ɣesiaɣi. (Luka 9:46-48) Ne srɔ̃ŋutsu srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu la, ate ŋu akpe ɖe srɔ̃a ŋu wòava subɔ Yehowa.

15. Aleke srɔ̃ŋutsu Kristotɔ aɖee afia be yelɔ̃ ye srɔ̃?

15 Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be: “Miyi edzi mianɔ mia srɔ̃wo lɔ̃m, eye miganɔ dɔmedzoe dom ɖe wo ŋu helĩhelĩ o.” (Kol. 3:19) Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a la dea bubu srɔ̃a ŋu ne esea eƒe susu le nyawo ŋu eye wòkana ɖe edzi nɛ be yedea asixɔxɔ eƒe susuwo ŋu. (1 Pet. 3:7) Togbɔ be menye ɣesiaɣie ŋutsua awɔ nu si srɔ̃a gblɔ o hã la, zi geɖe la, eƒe nyametsotsowo nyona wu nenye be eɖe susu kple srɔ̃a. (Lod. 15:22) Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a awɔ nu si ana srɔ̃a nade bubu eŋu, ke menye be wòanɔ biabiam tso esi be wòade bubu ye ŋu o. Ne srɔ̃ŋutsu lɔ̃a srɔ̃a kple viawo la, esia ate ŋu ana ƒomea nakpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me eye woƒe asi nasu fetu la dzi.

Aleke míawɔ be ƒomekuxiwo nagana fetu la nato mía ŋu o? (Kpɔ memama 13-15)

SƆHƐWO—MIGANA NANEKE NAWƆE BE FETUA NATO MIA ŊU O!

16, 17. Ne sɔhɛe nènye la, nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàgabi dzi ɖe dziwòlawo ŋu o?

16 Nu kae nàwɔ ne ènye ƒewuivi eye wòwɔna na wò be dziwòla siwo nye Kristotɔwo la mesea nu gɔme na wò o eye wotèa ablɔɖe wò? Ðewohĩ esia ana nàbi dzi ale gbegbe be àbui gɔ̃ hã be Yehowa subɔsubɔ nye agba. Gake ne èɖe mɔ wò dzibibia wɔe be nèdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, eteƒe madidi hafi nàva kpɔe be ame aɖeke megalɔ̃ wò wu dziwòla siwo lɔ̃ Mawu kpakple hamea me tɔwo o.

17 Ne dziwòlawo meɖɔa wò ɖo gbeɖe o la, ɖe esia mana nàse le ɖokuiwò me be wometsɔ ɖeke le eme na wò oa? (Heb. 12:8) Gake ɖewohĩ ale si dziwòlawo ɖɔa wò ɖo lae medzɔa dzi na wò o. Le esi nàna dzi naku wò ɖe ale si woɖɔa wò ɖoe ŋu teƒe la, dze agbagba nàde dzesii be anye susu aɖe tae wowɔa nu ɖe ŋuwò nenema ɖo. Eya ta bɔbɔ ɖokuiwò, eye nàdze agbagba be nàgabi dzi ne woɖɔ wò ɖo o. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nunyala kpɔa eƒe nuƒoƒo dzi, eye nugɔmesela gbɔa dzi ɖi blewu.” (Lod. 17:27) Ðoe wò taɖodzinu be nàva nye ame si tsi le susu me si tea ŋu xɔa aɖaŋuɖoɖo tufafatɔe hesrɔ̃a nu tso eme aleke kee woɖaɖo aɖaŋuae o. (Lod. 1:8) Yayrae wònye be dzila siwo nye haxɔsetɔwo siwo lɔ̃ Yehowa la nanɔ ame si. Woadi godoo be yewoakpe ɖe ŋuwò wò asi nasu agbe ƒe fetu la dzi.

18. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeana yeƒe ŋku nanɔ fetu la dzi?

18 Míeɖale mɔ kpɔm na makumakunyenye le dziƒo loo alo agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi o, mɔkpɔkpɔ nyui aɖe ŋutɔe le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Míaƒe mɔkpɔkpɔa ava eme godoo, elabena mía Wɔla la ŋutɔe do ŋugbea. Mawu gblɔ tso Paradisonyigba la ŋu be: “Sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi.” (Yes. 11:9) Mawu afia nu ame sia ame si le anyigba dzi ɣemaɣi. Esia nye fetu nyui aɖe si wòle be míaminya godoo. Eya ta wò ŋku nenɔ nu siwo ƒe ŋugbe Yehowa do la dzi, eye mègana naneke nawɔe be fetu la nato ŋuwò o!