Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Kple Eƒe Nublanuikpɔkpɔ

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Kple Eƒe Nublanuikpɔkpɔ

“Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe; minyo dɔme eye mikpɔ nublanui na mia nɔewo.”—ZAK. 7:9.

HADZIDZI: 125, 88

1, 2. (a) Aleke Yesu se le eɖokui me ku ɖe Mawu ƒe Sea ŋu? (b) Aleke agbalẽfialaawo kple Farisitɔwo wɔ Sea ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu?

YESU lɔ̃ Mose ƒe Se la. Eye esia mewɔ nuku o! Nu si tae nye be ame si Yesu buna Ame vevitɔ kekeake, si nye Fofoa, Yehowa, gbɔe Sea tso. Woɖe ale si gbegbe Yesu lɔ̃ Mawu ƒe seae la gblɔ le nyagblɔɖinya si dze le Psalmo 40:8 me be: “Oo nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ, eye wò se la le menye.” Yesu to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me ɖee fia kɔtɛ be Mawu ƒe Se la de blibo, eɖea vi, eye emenyawo katã ava eme godoo.—Mat. 5:17-19.

2 Ekema, aleke wòate ɖe Yesu dzii ye nye esi esi wòkpɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo wonɔ Fofoa ƒe Sea ŋu dɔ wɔm le mɔ gbegblẽ nu! Woléa Se la me nudidi aɖewo me ɖe asi le nu suetɔ kekeake me, elabe Yesu gblɔ tso wo ŋu be: “Mienaa ahamɛ, sikɔni kple adrike ƒe ewolia.” Ke, afi kae woda ƒu le? Yesu yi edzi gblɔ be: “Ke mieŋea aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.” (Mat. 23:23) Wobua wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo wu ame bubuwo, eye woƒe nya me le kpaɖii, gake Yesu ya mele nenema o. Yesu se nufiame siwo le Sea me la gɔme, eye ede dzesii be Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ɖe dzesi le sedede ɖe sia ɖe me.

3. Nu kawo mee míadzro la nyati sia me?

3 Mí Kristotɔwo míele Se ƒe nubabla la te o. (Rom. 7:6) Ke hã, Yehowa na Se ma gakpɔtɔ nye eƒe Nya, Biblia, ƒe akpa aɖe. Gake menye ɖe wòdi be míalé sededeawo me ɖe asi kpaɖii o, ke boŋ edi be míade dzesi Sea me “nu vevitɔwo,” siwo nye mɔfiame deŋgɔ siwo le eme, eye míawɔ wɔ wo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me. Le kpɔɖeŋu me, mɔfiame vevi kawoe míate ŋu ade dzesii le sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa me? Nyati si do ŋgɔ la ƒo nu tso nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso afɔ siwo sisilaa ɖena me ŋu. Gake sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa agate ŋu afia nanewo mí tso Yehowa ŋutɔ kple ale si míate ŋu aɖe eƒe nɔnɔme nyuiawo afia la ŋu. Eya ta, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia etɔ̃ siawo le nyati sia me: Aleke sitsoƒeduawo ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fiae? Nu kae wofia mí ku ɖe ale si wòbua agbeae ŋu? Eye aleke woɖe eƒe dzɔdzɔenyenye debliboa fiae? Ne míele biabia siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋuɖoɖo me dzrom la, de dzesi mɔ vovovo siwo nu nàte ŋu asrɔ̃ Fofowò si le dziƒo la le.—Xlẽ Efesotɔwo 5:1.

TEƑE SIWO WOTIA BE WOANYE SITSOƑEDUWO LA ÐE MAWU ƑE NUBLANUIKPƆKPƆ FIA

4, 5. (a) Aleke wona wònɔ bɔbɔe na sisilaa be wòate ŋu asi ayi sitsoƒeduwo me, eye nu ka tae? (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?

4 Enɔ bɔbɔe be woasi ayi sitsoƒedu adeawo me. Yehowa de se na Israel-viwo be woatia sitsoƒeduwo ɖe nuto siwo le Yordan Tɔsisia ƒe go eveawo dzi la me. Nu ka tae? Taɖodzinuae nye be wòanɔ bɔbɔe na sisilaa be wòasi ayi duawo dometɔ ɖeka me kaba. (4 Mose 35:11-14) Wodzraa mɔ siwo ɖo ta sitsoƒeduawo me la dzi ɖo nyuie. (5 Mose 19:3) Le Yudatɔwo ƒe xotutu nu la, wotua mɔfiadzesi siwo fiaa mɔ ame yia sitsoƒeduawo me la ɖe mɔawo dzi. Esi wònye be sitsoƒeduwo nɔ anyi ta la, mahiã be ame si meɖoe hafi wu ame o la nasi ayi dzronyigba dzi, afi si alakpasubɔsubɔ ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖee le o.

5 Bu eŋu kpɔ: Yehowa, Ame si de se be woawu ame siwo ɖoe koŋ wu ame la kee de se be woakpɔ nublanui na ame si meɖoe hafi wu ame o la ahakpɔ eta! Numeɖela aɖe ŋlɔ tso ɖoɖo sia ŋu be: “Mɔfiame ɖe sia ɖe me kɔ, eye enɔ bɔbɔe be woawɔ wo dzi. Esia ɖe Mawu ƒe amenuveve fia vavã.” Yehowa menye ʋɔnudrɔ̃la sẽŋuta si le didim be yeahe to na ye subɔlawo o. Ke boŋ, eƒe “nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ.”—Ef. 2:4.

6. Aleke Farisitɔwo ƒe nɔnɔme to vovo na Mawu si kpɔa nublanui la tɔe?

6 Gake Farisitɔwo ya medina be yewoakpɔ nublanui na amewo o. Le kpɔɖeŋu me, xotutu aɖe gblɔ be, ne ame aɖe dze agɔ ɖeka ma ke le wo dzi zi etɔ̃ la, womegalɔ̃na be yewoatsɔe akee o. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe ale si womewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie o la fia. Egblɔ be Farisitɔ aɖe do gbe ɖa be: “Oo Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo—adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo—alo adzɔxɔla sia gɔ̃ hã ene o.” Adzɔxɔla ɖokuibɔbɔla aɖe si nɔ gbe dom ɖa be Mawu nakpɔ nublanui na ye lae Farisitɔa wɔnɛ. Nu ka tae Farisitɔwo melɔ̃na kura be yewoakpɔ nublanui na ame o? Biblia gblɔ be “womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o.”—Luka 18:9-14.

Ðe wòle bɔbɔe be woate ɖe ŋuwò abia tsɔtsɔkea? Nye ame si ŋu wotena ɖo bɔbɔe (Kpɔ memama 4-8)

7, 8. (a) Ne ame aɖe da vo ɖe ŋuwò la, aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yehowae? (b) Nu ka tae ɖokuibɔbɔ hiã hafi míate ŋu atsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo?

7 Srɔ̃ Yehowa, mègasrɔ̃ Farisitɔwo o. Kpɔ nublanui na amewo. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.) Mɔ aɖe si dzi nàto awɔ esia ye nye be nàna wòanɔ bɔbɔe na amewo be woabia wò be nàtsɔ agɔ si yewodze le dziwò la ake yewo. (Luka 17:3, 4) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe melɔ̃na faa tsɔa agɔ si amewo dze le dzinye la kena ne wodze agɔ le dzinye enuenu gɔ̃ hã? Ðe medina vevie be mawɔ ŋutifafa kple ame si dze agɔ le dzinye alo wɔ nane si te ɖe dzinyea?’

8 Ebia ɖokuibɔbɔ hafi míate ŋu atsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo. Farisitɔwo do kpo nu le esia gome, le esi wosusui be yewonyo wu ame bubuwo ta. Gake ele be mí Kristotɔwo míatsɔ ɖokuibɔbɔ ‘abu ame bubuwo be wonye gã wu mí,’ eye míalɔ̃ faa atsɔ ake wo. (Flp. 2:3) Eya ta, míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe mesrɔ̃a Yehowa le ɖokuibɔbɔ gomea?’ Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, anɔ bɔbɔe na ame bubuwo be woate ɖe mía ŋu abia be míatsɔ agɔ si yewodze le mía dzi la ake yewo, eye anɔ bɔbɔe na míawo ŋutɔwo hã be míatsɔe ake. Ðe abla le nublanuikpɔkpɔ me eye nànɔ blewu le dzikudodo me.—Nyagb. 7:8, 9.

DE BUBU AGBE ŊU, EYE “MÀÐI ƲUFƆ O”

9. Aleke Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu wokpɔe be yebua amegbetɔwo ƒe agbe be enye nu kɔkɔe?

9 Taɖodzinu vevi aɖe si tae Mawu wɔ ɖoɖo ɖe sitsoƒeduwo ŋue nye be yeatsɔe akpɔ Israel-viwo ta tso ʋufɔɖiɖi me. (5 Mose 19:10) Agbe nye nu xɔasi na Yehowa, eye elé fu “asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi.” (Lod. 6:16, 17) Esi Yehowa Mawu le dzɔdzɔe eye wòle kɔkɔe ta la, mate ŋu aŋe aɖaba aƒu ʋukɔkɔɖi aɖeke dzi o, ne menye nuɖowɔe wònye o gɔ̃ hã. Enye nyateƒe be wokpɔa nublanui na ame si meɖoe hafi wu ame o. Ke hã, ele nɛ be wòagblɔ eƒe nyaa na ametsitsiawo, eye ne edze ƒãa be meɖoe hafi wu amea o la, ele be wòakpɔtɔ anɔ sitsoƒedua me va se ɖe esime nunɔlagã la ku. Esia ate ŋu abia be wòanɔ sitsoƒedua me eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã. Ðoɖo sia kpe ɖe Israel-viwo ŋu wokpɔe be amegbetɔwo ƒe agbe nye nu kɔkɔe le Mawu ŋkume. Be woade bubu Agbenalaa ŋu la, ehiã be woaƒo asa na nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ŋu ana ame aɖe nabu eƒe agbe.

10. Aleke Yesu ɖee fia be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo medea asixɔxɔ aɖeke amewo ƒe agbe ŋu o?

10 Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo mebua agbe abe ale si Yehowa bunɛ ene o, elabena womedea asixɔxɔ aɖeke amewo ƒe agbe ŋu o. Nu ka tae? Yesu gblɔ na wo be: “Mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe. Miawo ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye miedina be yewoaxe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!” (Luka 11:52) Woawoe wòle na be woakpe ɖe amewo ŋu woase Mawu ƒe Nya la gɔme ale be woazɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la dzi hafi. Gake wokplɔ amewo tra be woagadze Yesu, si nye “Kplɔla Vevitɔ si naa agbe” la yome o. Esia ate ŋu akplɔ amewo ayi tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. (Dɔw. 3:15) Agbalẽfialawo kple Farisitɔ siwo nye dadalawo kple ɖokuitɔdilawo la medea bubu aɖeke amewo ƒe agbe ŋu o, eye wometsɔ ɖeke le wo havi amegbetɔwo ƒe nyonyo me hã o. Tamesesẽ kple dzimesesẽnuwɔna ka gbegbee nye esi!

11. (a) Aleke apostolo Paulo ɖee fia be yebua agbea abe ale si Mawu bunɛ ene? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu abe Paulo ene ne míele gbeadzi?

11 Aleke míawɔ aƒo asa na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nɔnɔme eye míasrɔ̃ Yehowa? Ele be míade bubu kple asixɔxɔ agbea ŋu. Apostolo Paulo wɔ esia to gbeƒãɖeɖe na ame geɖe ale si nu wòate ŋui me. Esia tae wòte ŋu gblɔ be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me” ɖo. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:26, 27.) Ke hã, menye esi Paulo medi be yeƒe dzitsinya nagabu fɔ ye o alo esi wònye be Yehowae de dɔ asi nɛ ta koe wòɖe gbeƒã o. Ke boŋ, elɔ̃ amewo eye woƒe agbe nɔ vevie nɛ. (1 Kor. 9:19-23) Ele be míawo hã míabu agbea abe ale si Yehowa bunɛ ene. Yehowa di “be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Ðe wò hã èdii nenema? Ne èkpɔa nublanui na amewo la, esia aʋã wò be nàɖe gbeƒã kple dzonɔameme, eye dzi adzɔ wò geɖe le esia wɔwɔ me.

12. Nu ka tae dedienɔnɔ le vevie na Mawu ƒe amewo?

12 Be míabu agbea abe ale si Yehowa bunɛ ene la, ele be míabu dedienɔnɔ nu vevii. Ele be míaku ʋu ŋuɖɔɖotɔe eye míaƒe susu nanɔ dedienɔnɔ ŋu ne míele dɔ wɔm, míeɖale tadeaguƒewo tum, le wo dzram ɖo, alo le mɔ zɔm yina teƒe mawo o. Ele be amewo, woƒe dedienɔnɔ kple lãmesẽ nanɔ vevie na mí wu dɔ agbɔsɔsɔme si míawɔ, gamedzinɔnɔ kple gazazã dzi ɖeɖe kpɔtɔ. Mía Mawu dzɔdzɔe la wɔa nu si le eteƒe kple nu si sɔ ɣesiaɣi. Míedi be míanɔ abe eyama ene. Ele be hamemetsitsiwo koŋ nanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi ɖe woawo ŋutɔwo kple ame siwo wole dɔ wɔm kpli la ƒe dedienɔnɔ ŋu. (Lod. 22:3) Eya ta, ne hamemetsitsi aɖe ɖo ŋku dedienɔnɔ ƒe mɔfiame aɖewo dzi na wò la, lɔ̃ faa nàwɔ ɖe wo dzi. (Gal. 6:1) Bu agbea abe ale si Yehowa bunɛ ene, eye “màɖi ʋufɔ o.”

MIDRƆ̃ NYAA “LE ÐOÐO SIAWO NU”

13, 14. Aleke Israel ƒe ametsitsiwo ate ŋu aɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye afia le ʋɔnudɔdrɔ̃ me?

13 Yehowa bia tso Israel ƒe ametsitsiwo si be woasrɔ̃ yeƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃. Gbã la, ele be ametsitsiawo naku nyaa me tsitotsito ahanya nyateƒea. Eyome, ele be woada nuwo kpɔ nyuie anya susu si nɔ amewulaa si, eƒe nɔnɔme ɖe nu si dzɔ ŋu kple nu siwo wòwɔ va yi ŋu hafi woanya ne woakpɔ nublanui nɛ. Be woasrɔ̃ Mawu ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ la, ele be woanya nenye be amewulaa ‘lé fu’ ame si wòwu la alo be ‘eɖo tame vɔ̃ ɖe eŋu.’ (Xlẽ 4 Mose 35:20-24.) Ne ehiã be woabia gbe ame siwo kpɔ nudzɔdzɔa teƒe la, ele be ame eve ya teti naɖi ɖase hafi woatso amea nu be ɖe wòɖoe hafi wu ehavi.—4 Mose 35:30.

14 Eya ta, ne ametsitsiawo ku nyaa me tsitotsito vɔ la, ele be woalé ŋku ɖe ame si ƒomevi amea nye ŋu, ke menye nu si wòwɔ ko ŋu o. Wohiã gɔmesese deto be woate ŋu akpɔ nyaa ƒe ke, ale be woanya nu si he afɔkua vɛ. Ƒo wo katã ta la, wohiã Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu be woate ŋu ase nu si dzɔ la gɔme, akpɔ nublanui ahadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe abe ale si Yehowa wɔnɛ ene.—2 Mose 34:6, 7.

15. Vovototo kae le ale si Yesu bua nu vɔ̃ wɔlawo kple ale si Farisitɔwo bua woe dome?

15 Farisitɔwo léa ŋku ɖe nu si nu vɔ̃ wɔlaa wɔ la ɖeɖe ko ŋu tsɔ wu be woalé ŋku ɖe ame si ƒomevi amea nye le ememe ŋu. Esi Farisitɔwo kpɔ Yesu wòyi kplɔ̃ɖoƒe le Mateo ƒe me la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae miaƒe nufiala ɖua nu kple adzɔxɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?” Yesu ɖo eŋu be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe. Eya ta miyi ɖasrɔ̃ nu si nya sia fia: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.’ Elabena menye ame dzɔdzɔewo yɔ gee meva o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” (Mat. 9:9-13) Ðe Yesu nɔ nu gbegblẽ dzi dem na nu vɔ̃ wɔlawoa? Kura o. Ðe wòdi be woatrɔ dzi me boŋ. Esia nye eƒe gbedeasia ƒe akpa vevi aɖe. (Mat. 4:17) Yesu wɔ nugɔmesese ŋu dɔ hekpɔe be “adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla” mawo dometɔ aɖewo ya teti di be yewoatrɔ agbenɔnɔ. Menye nuɖuɖu ta koe wova Mateo ƒe me ɖo o. Ke boŋ, “wo dometɔ geɖe dze [Yesu yome]” xoxo. (Marko 2:15) Nublanuitɔe la, Farisitɔwo dometɔ akpa gãtɔ mede dzesi nu si Yesu ya kpɔ dze sii le ameawo ŋu o. Farisitɔwo gblɔna be yewosubɔa Mawu dzɔdzɔetɔ kple nublanuikpɔla la, gake woƒe nɔnɔme to vovo sãa na etɔ, elabena wobua wo havi amegbetɔwo be wonye nu vɔ̃ wɔla siwo si mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o.

16. Nu kae ʋɔnudrɔ̃kɔmiti me tɔwo dzea agbagba be yewoade dzesii?

16 Egbea, ele be hamemetsitsiwo nadze agbagba asrɔ̃ Yehowa, si “lɔ̃a nya dzɔdzɔe” la. (Ps. 37:28) Eya ta, gbã la, ehiã be ‘woaku nu me tsitotsito ahabia nya ta se’ be woaka ɖe edzi be ame si ŋu nyaa ku ɖo la wɔ nu gbegblẽ nyateƒe. Ne ewɔ nu gbegblẽ vavã la, ekema woazã Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo atsɔ akpɔ nyaa gbɔ. (5 Mose 13:12-14) Ne hamemetsitsiwo le ʋɔnudrɔ̃nya aɖe gbɔ kpɔm la, ele be woaɖɔ ŋu ɖo ahade dzesii nenye be Kristotɔ aɖe si wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la trɔ dzi me. Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woanya nenye be nu vɔ̃ wɔlaa trɔ dzi me loo alo metrɔ dzi me o. Ale si nu vɔ̃ wɔlaa bu nu si wòwɔ kple dzi ƒe nɔnɔme si le esi ye ɖenɛ fiana nenye be etrɔ dzi me. (Nyaɖ. 3:3) Ele be nu vɔ̃ wɔlaa natrɔ dzi me hafi woakpɔ nublanui nɛ. *

17, 18. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ade dzesii nenye be nu vɔ̃ wɔlaa trɔ dzi me vavã? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

17 Yehowa kple Yesu nya nu si le amewo ƒe dzi me, gake mele alea le hamemetsitsiwo ya gome o. Eya ta, ne hamemetsitsie nènye la, aleke nàwɔ anya nenye be nu vɔ̃ wɔla aɖe trɔ dzi me vavã? Gbã la, do gbe ɖa nàbia nunya kple nugɔmesese. (1 Fia. 3:9) Evelia, ku nu me le Mawu ƒe Nyaa kple kluvi nuteƒewɔlaa ƒe agbalẽwo me be wòakpe ɖe ŋuwò nàde vovo “xexe sia ƒe nuxaxa” kple “mawumenuxaxa,” si nye dzimetɔtrɔ vavã, dome. (2 Kor. 7:10, 11) De dzesi nu si Ŋɔŋlɔawo ɖe fia ku ɖe ame siwo trɔ dzi me kple ame siwo metrɔ dzi me o siaa ŋu. Aleke Biblia ɖɔ woƒe seselelãmewo, woƒe nɔnɔme kple woƒe nuwɔnawoe?

18 Mlɔeba, dze agbagba nànya ame si ƒomevi amea nye. Dze agbagba nànya nu si me amea to le agbe me, nu si tae wòɖe afɔa, kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Biblia gblɔ tso Yesu si nye Kristo hamea ƒe ta ŋu be: “Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋkuwo kpɔ la nu o, eye maka mo na ame le nu si eƒe to se la ɖeɖe ko nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame tsɛwo, eye wòaka mo na amewo ɖe eteƒe, le ame fafa siwo le anyigba dzi la ta.” (Yes. 11:3, 4) Mi hamemetsitsiwo, Yesu ƒe alẽkplɔlateviwoe mienye, eye akpe ɖe mia ŋu miadrɔ̃ ʋɔnu abe ale si eyama wɔnɛ ene. (Mat. 18:18-20) Ðe medzɔa dzi na mí ŋutɔ be hamemetsitsi lɔ̃ame siwo dzea agbagba be yewoawɔ nu alea la le mía si oa? Míekpɔa ŋudzedze ɖe hamemetsitsi siawo siwo wɔa dɔ zãdomadɔlɔ̃e tsɔ doa dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ ɖe ŋgɔ le hamea me la ŋu ŋutɔ!

19. Nufiame siwo le sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa me na mí la dometɔ ka ŋu dɔe nèɖo be yeawɔ?

19 Yehowa Mawu kple eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo ŋuti “sidzedze kple nyateƒe la” dze le Mose ƒe Sea me. (Rom. 2:20) Le kpɔɖeŋu me, sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa fia hamemetsitsiwo ale si ‘woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,’ eye efia mí katã ale si ‘míanyo dɔme eye míakpɔ nublanui na mía nɔewo.’ (Zak. 7:9) Enye nyateƒe be míegale Sea te o. Ke hã, Yehowa metrɔ o, eye eƒe nɔnɔme nyui siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ gakpɔtɔ le vevie nɛ kokoko. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi su mía si be míele Mawu si wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, si ƒe nɔnɔme nyuiwo míate ŋu asrɔ̃, Ame si míate ŋu atsɔ awɔ míaƒe sitsoƒee la subɔm!

^ mm. 16 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le September 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30.