Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ Atrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu Le Wò Hame Yeyea Me?

Aleke Nàwɔ Atrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu Le Wò Hame Yeyea Me?

ALLEN * gblɔ be, “Metsi dzi le ɖokuinye me esi wòva hiã be maʋu ava afi sia. Nyemenya nenye be mate ŋu adze xɔlɔ̃wo alo be woaxɔm nyuie o.” Hame yeye mee Allen ʋu yi, eye hame sia didi tso afi si wònɔ tsã kilometa 1,400 kloe.

Ne hame yeye mee nèva le la, ɖewohĩ wò hã màvo le ɖokuiwò me tututu o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le hame yeyea me? Nu kae nàte ŋu awɔ ne tɔtrɔ ɖe nuwo ŋu va sesẽ wu ale si nèsusui? Gake ne mèʋu yi hame bubu aɖeke me o gɔ̃ hã la, aleke nàte ŋu akpe ɖe ame siwo ʋu va ŋu be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu bɔbɔe?

ALEKE NÀWƆ ATRƆ ÐE NƆNƆMEAWO ŊU DZIDZEDZETƆE?

Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne woho ati aɖe do ɖe teƒe bubu teti la, ewɔna abe ɖe wòle yɔyrɔ ge ene. Ne wole atia hom la, eƒe kewo ƒe akpa gãtɔ tsia toa me, eye esia nana wònɔa bɔbɔe be woakɔe ayi teƒe si woagadoe ɖo. Ne wodoe ɖe teƒe yeyea ko la, ele be wòagato ke yeyewo enumake. Le mɔ ma ke nu la, anɔ eme be tɔtrɔ ɖe nu ŋu le hame yeye si me nèʋu yi la le sesẽm na wò. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, èto ke nyuie le hame si me nènɔ tsã la me, elabena xɔlɔ̃ nyuiwo nɔ asiwò eye ɖoɖowɔɖi nyui aɖe si dzi nèzɔna ɖo le Yehowa subɔsubɔ me hã nɔ asiwò. Gake fifia ele be nàto ke yeyewo ale be nàte ŋu ali ke le hame yeyea me. Nu kae akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me? Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo dzi wɔwɔe. Na míakpɔ wo dometɔ aɖewo ɖa.

Ame si xlẽa Mawu ƒe Nyaa edziedzi la le abe “ati si wodo ɖe tɔʋu to ene, ati si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o. Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”Ps. 1:1-3.

Abe ale si ko ati hiã na tsi be wòate ŋu atsi nyuie ene la, nenema kee wòle be Kristotɔ hã nanɔ Mawu ƒe Nya la me dzrom edziedzi be eya kple Yehowa dome nanɔ nyuie. Eya ta yi edzi nànɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe eye nànɔ hame ƒe kpekpeawo hã dem edziedzi. Nɔ ƒometadedeagu kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ hã wɔm edziedzi. Ehiã be nànɔ nu siwo nèwɔna si wɔe be wò kple Yehowa dome nɔ nyuie la wɔm le teƒe yeye si nèʋu yi la hã.

“Ame si naa amewo ƒe dzi dzea eme la, woana eya hã ƒe dzi nadze eme.”Lod. 11:25.

Dzo aɖo mewò eye àtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu kaba wu ne èdea gbeadzi edziedzi. Kevin, si nye hamemetsitsi, gblɔ be: “Nu si koŋ kpe ɖe nye kple srɔ̃nye ŋue nye be míewɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa esi míeʋu va hame yeyea me teti. Eteƒe medidi hafi míeva dze si nɔviawo kple mɔɖelawo o, eye míeva nya anyigbamamaa me nyuie.” Roger, si ʋu yi hame si didi tso afi si wònɔ tsã kilometa 1,600 kple edzivɔ la gblɔ be: “Nu nyuitɔ kekeake si akpe ɖe ŋuwò be hame yeyea me nɔnɔ nama wòe nye be nànɔ gbeadzi dem edziedzi. Azɔ hã, na hamemetsitsiwo nanya be èle klalo be yeana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si hiã—eɖanye Fiaɖuƒe Akpataa dzadzra ɖo, dɔdeasi wɔwɔ ɖe ame siwo mete ŋu va kpekpea o nu, alo hamea me tɔ aɖe kɔkɔ ɖe ʋu me ava kpekpeawo o. Ne nɔviawo kpɔ ame yeye wòtsɔ eɖokui na faa alea la, anɔ bɔbɔe na wo be woadze xɔlɔ̃e.”

“Miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa.”2 Kor. 6:13.

Keke wò nɔvilɔlɔ̃a ɖe enu. Esi Melissa kple eƒe ƒomea me tɔwo ʋu yi hame yeye me la, wodze agbagba vevie be yewoadze xɔlɔ̃ yeyewo. Egblɔ be: “Míedea ha kple nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpataa me do ŋgɔ na kpekpea kple le kpakpa megbe siaa. Esia wɔnɛ be míetea ŋu ɖoa dze bubuwo hã, ke menye gbedonamewo ɖeɖe ko o.” Eya ta eteƒe medidi hafi ƒomea nya nɔvi geɖewo ƒe ŋkɔwo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wokpea nɔviwo vaa wo ƒeme, si wɔe be kadodo kplikplikpli va nɔ wo kple nɔvi siwo wova dze xɔ̃e la dome. Egblɔ kpee be: “Míexɔ mía nɔewo ƒe kaƒodzesiwo, ale be nɔviawo nate ŋu ayɔ mí míakpɔ gome le hamea ƒe wɔnawo kple wɔna bubuwo me ɖekae.”

Ne esesẽna na wò be nàdze dzeɖoɖo gɔme kple ame si mènya tsã o la, àte ŋu ate nu suesuesue aɖewo kpɔ gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ako alɔgbɔnu na amea ne medzro wò gbã be nàwɔe o gɔ̃ hã. Esia ate amewo ɖe ŋuwò. Biblia ŋutɔ hã gblɔ be, “mokɔkɔ doa dzidzɔ na dzi.” (Lod. 15:30, etenuŋɔŋlɔ) Rachel, si ʋu yi teƒe aɖe si didi tso afi si wònɔ tsi la gblɔ be, “Mekpea ŋu ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, agbagba bliboe medzena hafi tea ŋu ƒoa nu na nɔviwo le nye hame yeyea me. Metsaa ŋku le Fiaɖuƒe Akpataa me be makpɔ ame si nɔ anyi kpoo si mele dze ɖom kple ame aɖeke o. Ðewohĩ ame ma hã kpea ŋu abe nye ke ene.” Ðe manyo ŋutɔ be nàɖoe be yeanɔ dze ɖom kple ame vovovowo do ŋgɔ na kpekpe ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze kple kpakpa megbe oa?

Gake ɖewohĩ le gowòme la, dzi dzɔ wò ŋutɔ esi nèdo go ame yeyewo le kwasiɖa ʋɛ gbãtɔwo me. Ke hã, dzidzɔ ma nu ate ŋu anɔ tsitsim le ɣeyiɣi aɖe megbe. Ne edzɔ alea la, ke ele be nàyi edzi anɔ agbagba dzem be nàdze xɔlɔ̃ yeyewo.

Ne woho ati be woado ɖe teƒe bubu la, egbɔdzɔna, gake ne wogadoe la, etoa ke yeyewo

GBƆ DZI ÐI NA ÐOKUIWÒ

Ne woho ati do ɖe teƒe bubu la, ati aɖewo toa ke yeye helia ke nyuie kaba wu ati bubuwo. Nenema kee ame sia ame kple ɣeyiɣi si wòxɔna hafi tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu le hame yeye me. Ne ɣeyiɣi aɖee nye esia nèʋu, gake tɔtrɔ ɖe nuwo ŋu le sesẽm na wò la, Biblia me mɔfiame siawo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò:

“Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.”Gal. 6:9.

Ne edze abe tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu xɔ ɣeyiɣi wu ale si nèsusui gɔ̃ hã la, gbɔ dzi ɖi. Le kpɔɖeŋu me, dutanyanyuigblɔla siwo de Gilead Suku la dometɔ geɖe nɔa afi si woɖo wo ɖo ƒe aɖewo hafi trɔna yina ɖasrãa wo detɔwo kpɔna. Esia wɔnɛ be kadodo kplikplikpli va nɔa wo kple nɔvi siwo le afi si woɖo wo ɖo la dome eye wotrɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu le dukɔ yeyea me.

Nɔviŋutsu Alejandro, si ʋu zi gbɔ zi geɖe la lɔ̃ ɖe edzi be ebia dzigbɔɖi be ame natrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Egblɔ be: “Esi míeʋu va afi si míele fifia la, srɔ̃nye gblɔ be, ‘Xɔ̃nyewo katã tsi hame kemɛa me!’” Nɔviŋutsua ɖo ŋku edzi na srɔ̃a be nya ma tututue wògblɔ ƒe eve aɖewo va yi esi woʋu yi hame aɖe me. Gake le ƒe eve mawo me la, edo vivi ɖe ame siwo menya tsã o la ŋu, eye wova zu exɔlɔ̃ kplikplikpliwo.

“Mègabia be, ‘Nu ka tae tsãŋkekewo nyo wu fifitɔwo?’ hã o, elabena mèle biabiam le nunya me o.”Nyagb. 7:10.

Mègatsɔ hame si me nèdzo le la anɔ sɔsɔm kple hame si me nèle fifia o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye be nɔvi siwo le hame yeyea me la medoa vivi ɖe ame ŋu ale o, alo wodoa vivi ɖe ame ŋu wu ale si wòle le afi si nètso va. Na wò susu nanɔ woƒe nyuiƒewo ŋu, abe ale si ko nàdi be woawo hã woawɔe na wò ene. Nɔvi aɖewo siwo ʋu yi hame yeye me la va nyɔ le wo ɖokui me esi wova kpɔe be ehiã be yewoabia yewo ɖokuiwo be, ‘Ðe melɔ̃ “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã” vavã?’—1 Pet. 2:17.

“Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi.”Luka 11:9.

Yi edzi nànɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. David, si nye hamemetsitsi, gblɔ be, “Mègagblɔ be ye ɖeka yeanɔ te ɖe enu o. Nu gbogbo aɖewo li siwo manya wɔ na mí Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. Do gbe ɖa tso eŋu!” Rachel, si ŋu nya míegblɔ va yi la lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Ne nye kple srɔ̃nye míese le mía ɖokui me be kadodo kplikplikpli mele mía kple hamea me tɔwo dome o la, míedoa gbe ɖa tso eŋu na Yehowa gblɔna be, ‘Míeɖe kuku na míanya nenye be míawoe le nane wɔm si wɔe be nɔviwo mele tetem ɖe mía ŋu o.’ Eyome míedzea agbagba dea ha kple nɔviawo geɖe wu.”

Dzilawo, ne ele sesẽm na mia viwo be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu la, mido gbe ɖa kpli wo tso nya sia ŋu. Miwɔ ɖoɖo siwo ana woade ha tuameɖowo kple nɔvi bubuwo ale be woadze xɔlɔ̃ yeyewo.

KPE ÐE AME YEYEWO ŊU WOƑE DZI NADZE EME

Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame yeye siwo ʋu va miaƒe hamea me ŋu? Dze agbagba nànye xɔlɔ̃ vavã tso gɔmedzedzea me. Be nàte ŋu awɔ esia la, bu nu siwo nàdi be woawɔ na ye nenye wòe ʋu yi hame yeye me la ŋu, eye nàwɔ nu mawo na wo. (Mat. 7:12) Ðe nàte ŋu akpe wo be woava wɔ ɖeka kple wò ƒomea le ƒometadedeagu me alo be woava kpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo kpli mi ɖekaea? Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo azɔ kpli wo le gbeadzia? Ne èɖo kplɔ̃ vi aɖe eye nèkpe wo wova ɖu nu kpli wò la, woaɖo ŋku wò amedzrowɔwɔa dzi eteƒe nadidi. Mɔ bubu kawo nue nàgate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu le?

Carlos gblɔ be: “Esi míeʋu va hame yeyea me teti la, nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ fiase siwo ƒe adzɔnuwo mexɔ asi boo o la ƒe ŋkɔwo ɖe agbalẽ dzi na mí. Esia kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ.” Ne yame ƒe nɔnɔme to vovo le afi si ameawo tso ʋu va mia gbɔ la, adzɔ dzi na wo be nàfia wo ale si woado awu le dzomeŋɔli, vuvɔŋɔli, alo tsidzaɣi. Àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woƒe gbeƒãɖeɖedɔa natse ku wu ne ègblɔ nuto si me miele la ƒe ŋutinya na wo alo nèɖe nutoa me tɔwo ƒe dzixɔsewo me na wo.

WÒ AGBAGBADZEDZEWO MANYE DZODZRO O

Ƒe ɖeka kple edzivɔe nye esia Allen, si ŋu nya míegblɔ va yi la le hame si me wòʋu va le fifia la me. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, agbagba bliboe medze hafi va dze si nɔviawo. Gake fifia, míeva le abe ƒome ene, eye mele dzidzɔ kpɔm.” Allen va kpɔe be ye kple ye xɔlɔ̃ xoxowo dome megblẽ le esi yeʋu ta o. Ke boŋ, yeva dze xɔlɔ̃ yeyewo kpee, siwo ate ŋu ayi edzi anye ye xɔlɔ̃wo ɖaa.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.