Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nètsɔ Yehowa Wɔ Wò Sitsoƒeea?

Ðe Nètsɔ Yehowa Wɔ Wò Sitsoƒeea?

“Yehowa ɖea esubɔlawo ƒe agbe; womabu fɔ ame siwo sinɛ tsona la dometɔ aɖeke o.”—PS. 34:22.

HADZIDZI: 8, 54

1. Esi míenye nu vɔ̃ mewo ta la, aleke Mawu subɔla wɔnuteƒe geɖewo sena le wo ɖokuiwo me?

PAULO gblɔ gbe ɖeka be: “Oo, nye nu wɔ nublanui lo!” (Rom. 7:24) Mawusubɔla wɔnuteƒe geɖe hã gblɔ nya siwo de sɔsɔ ge kple nya mawo siwo apostolo Paulo gblɔ. Mí katã míenyi nu vɔ̃ ƒe dome, eye ne míewɔ nane si míedi be míawɔ hafi o le esi medzea Yehowa ŋu o ta la, etena ɖe mía dzi ŋutɔ. Kristotɔ aɖewo siwo wɔ nu vɔ̃ gã la se le wo ɖokuiwo me gɔ̃ hã be Yehowa mate ŋu atsɔe ake yewo gbeɖe o.

2. (a) Aleke Psalmo 34:22 na míekpɔe be mele be Mawu subɔlawo nabu fɔ wo ɖokuiwo fũu akpa o? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nufiamewoe Loo Alo Nyagblɔɖi Me Kpɔɖeŋuwoe?”)

2 Ke hã, Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be mele be ame siwo sina Yehowa tsona la nabu fɔ wo ɖokuiwo fũu akpa o. (Xlẽ Psalmo 34:22.) Nu kae wòbia be ame nasi Yehowa atso? Afɔ kawoe wòle be míaɖe ale be Yehowa nakpɔ nublanui na mí ahatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí? Sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖo si nɔ anyi le blema Israel la me dzodzro ana míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia mawo. Ele eme be ɖoɖo ma nɔ anyi esime Se ƒe nubablaa nɔ dɔ wɔm, eye nubabla ma dzudzɔ dɔwɔwɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi ya. Gake ɖo ŋku edzi be, Yehowa gbɔe Se la tso. Eya ta sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa na míekpɔ Yehowa ƒe susu le nu vɔ̃, nu vɔ̃ wɔlawo kple dzimetɔtrɔ ŋu. Gake gbã la, na míadzro nu me vie ku ɖe taɖodzinu si nɔ du mawo ŋu kpakple ale si wowɔ wo ŋu dɔe la ŋu.

‘MITIA SITSOƑEDUWO NA MIA ÐOKUIWO’

3. Ne ame aɖe ɖoe koŋ wu ame le blema Israel la, aleke wokpɔa nya sia gbɔe?

3 Yehowa bua ʋukɔkɔɖi ɖe sia ɖe ƒomevi ŋkubiãnyae le blema Israel. Ne ame aɖe ɖoe koŋ wu ame la, ele be ame si wòwu la ƒe ƒometɔ ŋutsu si te ɖe eŋu wu, si Biblia yɔ be “hlɔ̃biala” la nawu amewulaa. (4 Mose 35:19) Esia alé avu ɖe ʋu maɖifɔ si wòkɔ ɖi la ta. Ne woɖe afɔ sia kaba la, akpɔ Ŋugbedodonyigbaa ta tso ɖiƒoƒo me, elabena Yehowa de se be: “Migaƒo ɖi anyigba si dzi miele la o, elabena ʋukɔkɔɖi ƒoa ɖi anyigba la.”—4 Mose 35:33, 34.

4. Ne ame aɖe wu ame gake meɖoe hafi o la, aleke Israel-viwo kpɔa nya ma gbɔe?

4 Ke ne ame aɖe wu ame gake meɖoe hafi o ɖe, aleke Israel-viwo kpɔa nya ma gbɔe? Togbɔ be meɖoe hafi wu amea o hã la, ekɔ ʋu maɖifɔ ɖi. (1 Mose 9:5) Ke hã, Yehowa gblɔ be woakpɔ nublanui na amea ahaɖe mɔ nɛ wòasi ayi sitsoƒedu adeawo dometɔ ɖeka me be hlɔ̃bialaa nagawui o. Anɔ dedie le afi ma. Ele be ame si meɖoe hafi wu ame o la nakpɔtɔ anɔ sitsoƒedua me va se ɖe esime nunɔlagã la ku.—4 Mose 35:15, 28.

5. Aleke sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la ate ŋu ana míagase eƒe mɔwo gɔme nyuie wu?

5 Menye amegbetɔwoe wɔ ɖoɖo be woatia du aɖewo be woanye sitsoƒeduwo o. Yehowa ŋutɔe de se na Yosua be: “Gblɔ na Israel-viwo be: ‘Mitia sitsoƒeduwo . . . na mia ɖokuiwo.’” Wobu du siawo be wonye “du kɔkɔewo.” (Yos. 20:1, 2, 7, 8) Esi wònye be Yehowa ŋutɔe gblɔ be woatia du siawo hena taɖodzinu tɔxɛ aɖe ta la, míate ŋu abia be: Aleke ɖoɖo sia kpena ɖe mía ŋu be míase Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gɔme nyuie wu? Eye nu kae wòfia mí ku ɖe ale si míate ŋu asi Yehowa atso egbea ŋu?

ELE BE ‘WÒAGBLƆ EƑE NYA NA AMETSITSIAWO WOASE’

6, 7. (a) Ne ame aɖe meɖoe hafi wu ame o la, akpa kae ametsitsiwo wɔna le ʋɔnudɔdrɔ̃ amea me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae nunya le eme be sisilaa nayi ametsitsiwo gbɔ?

6 Ne ame aɖe meɖoe hafi wu ame o la, gbã la, ele be “wòagblɔ eƒe nya na dumemetsitsiawo woase” le sitsoƒedu si me wòsi yi ƒe agbo nu. Ele be ametsitsiawo naxɔe nyuie. (Yos. 20:4) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woakplɔe ayi du si me wòwu amea le la ƒe ametsitsiwo gbɔ, eye ametsitsi mawo adrɔ̃ eƒe nyaa. (Xlẽ 4 Mose 35:24, 25.) Ne ametsitsi mawo tso afia na sisilaa be menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o ko hafi woatrɔ akplɔe ayi sitsoƒedua me.

7 Nu ka tae wòle be wòayi ametsitsiawo gbɔ? Ametsitsiawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ egbɔ be Israel ƒe haa ŋu kɔ eye woakpe ɖe ame si meɖoe hafi wu ame o la ŋu be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ naɖe vi nɛ. Biblia ŋuti nunyala aɖe ŋlɔ bena ne sisilaa meyi ametsitsiawo gbɔ o la, “eƒe agbe le afɔku me.” Egblɔ hã be: “Eƒe ʋu ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi, elabena mewɔ ɖoɖo si Mawu wɔ be woakpɔ eta la ŋu dɔ o.” Eya ta togbɔ be ametakpɔkpɔ ƒe ɖoɖo li na ame si meɖoe hafi wu ame o hã la, ele be amea ŋutɔ nadze agbagba vevie awɔ eŋu dɔ be wòaɖe vi nɛ. Ne medi sitsoƒe le du siwo Yehowa ɖo ɖi la dometɔ ɖeka me o la, ame si wòwu la ƒe ƒometɔ kplikplikpli kpɔ mɔ awui.

8, 9. Nu ka tae wòle be Kristotɔ si wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la nate ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpe ɖe eŋu?

8 Egbea, ne Kristotɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, ele be wòabia hamemetsitsiwo woakpe ɖe eŋu be wòahaya. Nu ka tae esia le vevie? Gbã la, Yehowa ƒe ɖoɖoe wònye be hamemetsitsiwo nakpɔ nya siwo ku ɖe nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya la gbɔ, abe ale si wòdze le Biblia me ene. (Yak. 5:14-16) Evelia, hamemetsitsiwo kpena ɖe nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ŋu be wòadzra eya kple Mawu dome ɖo eye wòadzudzɔ nu vɔ̃ gbenɔnɔa. (Gal. 6:1; Heb. 12:11) Etɔ̃lia, wode dɔ asi na hamemetsitsiwo eye wona hehe wo be woana nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me naka ɖe edzi be Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee; esia akpe ɖe eŋu wòadzudzɔ nuxaxa kple fɔbubu eɖokui. Yehowa yɔ hamemetsitsi siawo be “bebeƒe tso tsidzadza gã nu.” (Yes. 32:1, 2) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ɖoɖo sia ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ fia oa?

9 Mawu subɔla geɖe nya gbɔdzɔe si gbegbe ame kpɔna ne edi kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Daniel la wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya, gake ɣleti geɖe va yi si megblɔe na hamemetsitsiwo o. Egblɔ be: “Esi wònye be ɣeyiɣi geɖe va yi ta la, ewɔ nam be naneke megali hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋunye o. Ke hã, menɔa vɔvɔ̃m ɣesiaɣi be ame aɖe ava nya nu tso nu vɔ̃ si mewɔ ŋu eye nyemate ŋu asi le nye nuwɔnaa me tsonuwo nu o. Azɔ hã, ɣesiaɣi si mele gbe dom ɖa la, mesena le ɖokuinye me be ele be maɖe kuku na Yehowa ɖe nu si mewɔ la ta.” Mlɔeba, Daniel te ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Eva gblɔ emegbe be: “Le nyateƒe me la, menɔ vɔvɔ̃m be mate ɖe wo ŋu. Gake esi meɖe afɔ ma la, ɖeko wòwɔ abe agba kpekpe aɖee woɖe ɖa le dzinye ene. Fifia, mesena le ɖokuinye me be mate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu faa mɔxenu aɖeke manɔmee.” Fifia, dzitsinya dzadzɛ va le Daniel si, eye nyitsɔ laa la, woɖoe subɔsubɔdɔwɔlae.

“ELE BE WÒASI AYI DU SIAWO DOMETƆ ÐEKA ME”

10. Afɔ kae wòle be ame si meɖoe hafi wu ame o la naɖe ale be woakpɔ nublanui nɛ?

10 Hafi woakpɔ nublanui na ame si meɖoe hafi wu ame o la, ele be wòaɖe afɔ aɖe. Ele be wòasi ayi sitsoƒedu si te ɖe eŋu wu la me. (Xlẽ Yosua 20:4.) Edze ƒãa be mahe ɖe megbe kura o, elabena ne mesi yi sitsoƒedua me henɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã la ku o la, woawui! Gake esia abia be wòatsɔ nanewo asa vɔe. Ele be wòagblẽ dɔ si wòwɔna ɖi, agblẽ eƒe aƒe hã ɖi, eye ablɔɖe maganɔ esi be wòazɔ mɔ o—va se ɖe esime nunɔlagã la ku. * (4 Mose 35:25) Gake agbagbadzedze mawo ɖea vi geɖe. Ne sisilaa do le sitsoƒedua me la, esia aɖee afia be mete ɖe ye dzi be yeɖe ame aɖe ƒe agbe ɖa o, eye eya ŋutɔ ƒe agbe aɖo afɔku me.

11. Afɔ kawoe Kristotɔ si trɔ dzi me la aɖe atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu?

11 Egbea hã, ele be nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la naɖe afɔ aɖewo be Mawu natsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee. Ele be wòaɖe asi le nu vɔ̃ gbenɔnɔa ŋu keŋkeŋ, eye menye nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya la nu koe wòle be wòasi le o, ele be wòasi le nu vɔ̃ suesuesue siwo hea ame dea nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya me la hã nu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ nu tso afɔ siwo Korinto Kristotɔwo ɖe esi wotrɔ dzi me la ŋu. Egblɔ be: “Mikpɔ nu si gbegbe do tso miaƒe mawumenuxaxa me la ɖa, ɛ̃, ena miekɔ mia ɖokui ŋu, ɛ̃, ena mielé fu nu manyomanyo, ɛ̃, ena vɔvɔ̃ ɖo mi, ɛ̃, ena didi vevie nɔ mia me, ɛ̃, ena mietsɔ dzo ɖe nu ŋu, ɛ̃ ena mieɖɔ nu si gblẽ la ɖo!” (2 Kor. 7:10, 11) Agbagbadzedze vevie be míaɖe asi le nu vɔ̃ gbenɔnɔ ŋu ana Yehowa nakpɔe be nu si míewɔ la te ɖe mía dzi eye mímebua eƒe nublanuikpɔkpɔ nu tsɛe o.

12. Nu ka ŋue wòle be Kristotɔ naɖe asi le ale be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nakpɔtɔ anɔ vi ɖem nɛ?

12 Nu ka ŋue wòle be Kristotɔ naɖe asi le ale be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nakpɔtɔ anɔ vi ɖem nɛ? Ele be wòalɔ̃ aɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ gɔ̃ hã ŋu, nenye be nu mawo ate ŋu akplɔe ade nu vɔ̃ me. (Mat. 18:8, 9) Ne xɔ̃wò aɖewo ƒonɛ ɖe nuwò be nàwɔ nu siwo medzea Yehowa ŋu o la, ɖe nèdzudzɔa hadede kpli woa? Ne èle ʋiʋlim vevie be yeada asɔ le aha sesẽ nono me la, ɖe nèƒoa asa na nɔnɔme siwo ate ŋu awɔe be nàva ƒo ɖokuiwò ɖe aha geɖe nono mea? Ne èle avu wɔm be yeaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo dzi la, ɖe nèƒoa asa na film, alo Internet ƒe teƒeteƒewo kple nu bubu ɖe sia ɖe si ate ŋu ana wò susu nanɔ nu makɔmakɔwo ŋua? Ðo ŋku edzi be, nu sia nu si míatsɔ asa vɔe be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la manye dzodzro o. Naneke mevena wu be ame nase le eɖokui me be Yehowa megali kpli ye o. Nenema kee, naneke menaa dzidzeme ame wu be wòase le eɖokui me be Mawu tsɔ “lɔlɔ̃ si nu metsina o” la lɔ̃ ye o.—Yes. 54:7, 8.

“WOANYE SITSOƑE NA MI”

13. Ðe nu si tae sisilaa ate ŋu akpɔ dzidzɔ ahase le eɖokui me be yele dedie le sitsoƒedua me la me.

13 Ne sisilaa nya ge ɖe sitsoƒedua me ko la, anɔ dedie. Yehowa gblɔ tso du mawo ŋu be: “Woanye sitsoƒe na mi.” (Yos. 20:2, 3) Yehowa mebia be woagadrɔ̃ ʋɔnu amewulaa ake ɖe nu si dzɔ va yi la ta o, eye womeɖe mɔ na hlɔ̃bialaa be wòage ɖe dua me ahawu sisilaa o. Eya ta, mehiã kura be sisilaa nanɔ vɔvɔ̃m be woava bia hlɔ̃ ye o. Zi ale si sisilaa nya le dua me ko la, anɔ dedie le Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ te. Esia mele abe gaxɔ me nɔnɔ ene o. Le sitsoƒedua me la, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòawɔ dɔ, akpe ɖe ame bubuwo ŋu ahasubɔ Yehowa le ŋutifafa me. Ɛ̃, ate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le afi ma!

Ka ɖe edzi be Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò (Kpɔ memama 14-16)

14. Nu ka dzie Kristotɔ si trɔ dzi me la ate ŋu aka ɖo?

14 Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya eye wotrɔ dzi me, gake woƒe dzitsinya gakpɔtɔ bua fɔ wo ɖe nu si wowɔ va yi la ta, eye wosena le wo ɖokuiwo me gɔ̃ hã be Yehowa maŋlɔ nu gbegblẽ si yewowɔ la be gbeɖe o. Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, míeɖe kuku, ka ɖe edzi be, ne Yehowa tsɔ wò nu vɔ̃ ke wò la, megahiã be nànɔ fɔ bum ɖokuiwò o! Daniel, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la kpɔe be esia nye nyateƒe. Esi hamemetsitsiwo ɖɔe ɖo hekpe ɖe eŋu dzitsinya nyui gasu esi la, eƒe dzi dze eme. Egblɔ be: “Esi wokpɔ nyaa gbɔ nyuie vɔ la, nye dzitsinya megabua fɔm azɔ o. Esi Yehowa tutu nye nu vɔ̃a ɖa ko la, megali o. Abe ale si Yehowa gblɔe ene la, ne eɖe agba kpekpe ma ɖa le mía dzi la, etenɛ ɖe adzɔge boo tso mía gbɔ. Ðeko wòle abe ɖe wòɖee ɖa le míaƒe ŋkuta kura ene.” Ne sisilaa nya ge ɖe sitsoƒedua me ko la, megahiã be wòanɔ vɔvɔ̃m be hlɔ̃bialaa ava wu ye o. Nenema kee, ne Yehowa tsɔ nu vɔ̃ ke mí la, mele be míaganɔ vɔvɔ̃m be agabia akɔnta mí ɖe nu vɔ̃ ma ta alo agadrɔ̃ ʋɔnu mí ɖe eta o.—Xlẽ Psalmo 103:8-12.

15, 16. Aleke akpa si Yesu wɔna abe Tafexela kple Nunɔlagã ene la nyanya ate ŋu ana nàgaka ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dzi geɖe wu?

15 Le nyateƒe me la, susu siwo tae míaka ɖe edzi egbea be Yehowa kpɔa nublanui na mí la de ŋgɔ wu Israel-viwo tɔ. Esi Paulo gblɔ be yeƒe nu wɔ nublanui le esi yemetea ŋu ɖoa to Yehowa bliboe o vɔ la, egblɔ dzidzɔtɔe be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi!” (Rom. 7:25) Ɛ̃, togbɔ be Paulo nɔ ʋiʋlim vevie kple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo eye wòwɔ nu gbegblẽwo va yi hã la, etrɔ dzi me, eye wòka ɖe edzi be Mawu tsɔe ke ye to Yesu dzi. Yesu, si nye míaƒe Tafexela la, klɔa míaƒe dzitsinyawo ŋu eye wònana míekpɔa ŋutifafa le ememe. (Heb. 9:13, 14) Esi wònye míaƒe Nunɔlagã ta la, “ate ŋu aɖe ame siwo le tetem ɖe Mawu ŋu to eya amea dzi la bliboe hã, elabena ele agbe ɣesiaɣi, be wòaxɔ woƒe nya ɖe akɔ.” (Heb. 7:24, 25) Ne akpa si nunɔlagãa wɔna le blema la na Israel-viwo ka ɖe edzi be woatsɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ake yewo la, ɖe mele be subɔsubɔdɔ siwo míaƒe Nunɔlagã, Yesu, wɔna la nana míaka ɖe edzi geɖe wu be ‘woakpɔ nublanui na mí, eye woave mía nu le hiahiãgbe’ oa?—Heb. 4:15, 16.

16 Be nàtsɔ Yehowa awɔ wò sitsoƒee la, ehiã be nàxɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi ase. Megawɔ na wò be asixɔxɔ si le tafevɔsaa ŋu koe nye be wòaɖe vi na amegbetɔwo katã o. Ke boŋ, ka ɖe edzi be wona tafea ɖe tawò. (Gal. 2:20, 21) Ka ɖe edzi be tafe la ŋu dɔe wowɔna hetsɔa nu vɔ̃wo kea wò. Ka ɖe edzi be tafe lae wɔe be agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa su asiwò. Ɛ̃, Yesu ƒe vɔsa la nye nunana si tso Yehowa gbɔ na wò.

17. Nu ka tae nèdi be yeatsɔ Yehowa awɔ wò sitsoƒee?

17 Sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fia. Ðoɖo sia na míekpɔe be agbea nye nu kɔkɔe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ena míekpɔ ale si hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋui, nu si dzimetɔtrɔ vavã bia kple nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔa nu vɔ̃ kena keŋkeŋ. Ðe nètsɔ Yehowa wɔ wò sitsoƒeea? Teƒe bubu aɖeke megale dedie wu o! (Ps. 91:1, 2) Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ ale si sitsoƒeduwo ƒe ɖoɖoa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta la.

^ mm. 10 Yudatɔwo ƒe numekugbalẽwo ɖee fia be, anɔ eme be ame si meɖoe hafi wu ame o la ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo va nɔa egbɔ le sitsoƒedua me.