GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 30, 2019 va se ɖe February 2, 2020 la le tata sia me.

Dze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava

Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yeremiya gbɔ. Exɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋu wòdo dzi to ɣeyiɣi sesẽ siwo do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ la me.

Ale Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Kpena Ðe Mía Ŋu

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le kuxiwo me. Gake hafi gbɔgbɔ kɔkɔea nate ŋu akpe ɖe mía ŋu bliboe la, ele be míawɔ nu ene aɖewo.

Èle Be Lém Na Wò “Xɔse Ƒe Akpoxɔnu Gã” La?

Míaƒe xɔse le abe akpoxɔnu ene be wòakpɔ mía ta. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míaƒe xɔse ƒe akpoxɔnu la le nɔnɔme nyui me?

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

Se siwo Yehowa de na blema Israel lae le Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me. Esi míenye Kristotɔwo ta la, míele se mawo te o, gake woate ŋu aɖe vi na mí.

‘Wu Nu Si Gɔme Nèdze La Nu’

Ne míetso nya me nyuie le nane ŋu gɔ̃ hã la, ate ŋu asesẽ na mí be míawu nu si gɔme míedze la nu. Xlẽ nu tso aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nu si gɔme nèdze la ade goe la ŋu.

Ènyaa?

Le Biblia-ŋlɔɣiwo la, dɔ kae aƒedzikpɔla wɔna?