Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

‘Wu Nu Si Gɔme Nèdze La Nu’

‘Wu Nu Si Gɔme Nèdze La Nu’

“Miwu nu si gɔme miedze la nu.”—2 KOR. 8:11.

HADZIDZI 35 Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa ɖe mɔ na mí be míawɔ?

YEHOWA ɖe mɔ na mí be míawo ŋutɔwo míatia ale si míedi be míanɔ agbee. Efiaa ale si míatso nya me le nuwo ŋu la mí, eye ne míetso nya me be míawɔ nu siwo dzea eŋu la, ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu mawo dzidzedzetɔe. (Ps. 119:173) Zi ale si míewɔa nunya si le Mawu ƒe Nyaa me ŋu dɔ ne míele nyametsotso wɔm la, zi nenemae wònɔa bɔbɔe na mí be míawɔ nyametsotso nyuiwo.—Heb. 5:14.

2. Ne míetso nya me be míawɔ nane vɔ la, nu kae va nyea kuxia?

2 Gake ne míetso nya me nyuie le nane ŋu gɔ̃ hã la, ate ŋu asesẽ na mí be míawu nu si gɔme míedze la nu. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ: Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe tso nya me be yeaxlẽ Biblia bliboa. Edze egɔme le exlẽm nyuie kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko hedzudzɔ. Nɔvinyɔnu aɖe tso nya me be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gake ɖeko wònɔa ŋkeke si wòɖo be yeadze egɔme la hem ɖe megbe. Hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe wɔ nyametsotso si dzi wo katã woda asi ɖo be yewoalé fɔ ɖe nɔvi siwo le hamea me la sasrã kpɔ ŋu, gake ɣleti geɖe va yi evɔ womewɔ ɖe edzi o. Kpɔɖeŋu siawo to vovo na wo nɔewo, gake wowɔ ɖeka le nu ɖeka aɖe me. Eyae nye be, ame siwo ŋu woku ɖo la mewɔ nu siwo wotso nya me be yewoawɔ la de goe o. Kristotɔ siwo nɔ Korinto le ƒe alafa gbãtɔ me la do go kuxi ma tɔgbi. Na míadzro nu si míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe ŋutinyaa me la me.

3. Nu kae Kristotɔ siwo nɔ Korinto la tso nya me be yewoawɔ, gake nu kae va dzɔ?

3 Le ƒe 55 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo la, Kristotɔ siwo nɔ Korinto la wɔ nyametsotso vevi aɖe. Wose be yewo nɔvi siwo nɔ Yerusalem kple Yudea la ɖo hiã me henɔ fu kpem, eye hame bubuwo nɔ ga dzɔm be yewoatsɔ akpe ɖe nɔviawo ŋu. Korinto nɔviawo ɖe amenuveve kple dɔmenyonyo fia esi wotso nya me be ele be yewoadzɔ nu atsɔ akpe ɖe kpekpeɖeŋunana ƒe ɖoɖo sia ŋu, eye wobia apostolo Paulo be aleke yewoawɔe hã. Apostolo Paulo na mɔfiamewo hamea eye wòde dɔ asi na Tito be wòaƒo gadzɔdzɔawo nu ƒu. (1 Kor. 16:1; 2 Kor. 8:6) Gake ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Paulo se be Korinto nɔviawo metsɔ kpekpeɖeŋunu si wogblɔ be yewoana la na o. Le esia ta, anɔ eme godoo be woƒe nunanaa manɔ alɔdzi ale be woatsɔe akpe ɖe hame bubuawo ƒe gadzɔdzɔwo ŋu atsɔ ayi Yerusalem o.—2 Kor. 9:4, 5.

4. Abe ale si wòdze le 2 Korintotɔwo 8:7, 10, 11 ene la, nu kae Paulo de dzi ƒo na Korinto nɔviawo be woawɔ?

4 Korinto nɔviawo tso nya me nyuie, eye Paulo kafu wo ɖe xɔse ɖedzesi si le wo si kple didi vevi si le wo me be yewoanyo dɔme na yewo nɔviawo la ta. Ke hã, ede dzi ƒo na wo be woawu nu si gɔme wodze la nu. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 8:7, 10, 11.) Woƒe ŋutinyaa na míekpɔe be ate ŋu asesẽ na Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã be woawɔ nu si wotso nya me be yewoawɔ la.

5. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

5 Abe ale si wònɔ le Korinto nɔviawo gome ene la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu siwo míetso nya me be míawɔ la. Nu ka tae? Nu si tae nye be, esi míede blibo o ta la, ɖeko míenɔa nu siwo míeɖo be míawɔ la hem ɖe megbe. Alo nuɖiɖeamewo ate ŋu awɔe be manya wɔ na mí be míawɔ nu siwo míeɖo be míawɔ la o. (Nyagb. 9:11; Rom. 7:18) Ne míeva kpɔe be ehiã be míagbugbɔ alé ŋku ɖe nyametsotso aɖe si míewɔ va yi ŋu eye míadae akpɔ nenye be míawɔ tɔtrɔ aɖewo le eŋu hã la, nu kae míate ŋu awɔ? Eye afɔ kawoe míate ŋu aɖe be míawu nu sia nu si gɔme míedze la nu?

HAFI MÍATSO NYA ME LE NANE ŊU

6. Ɣekaɣie wòate ŋu ahiã be míawɔ tɔtrɔwo le nyametsotso aɖe si míewɔ va yi ŋu?

6 Míate ŋu atrɔ naneke le nyametsotso vevi aɖewo ŋu gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, míeléa nyametsotso si míewɔ be míasubɔ Yehowa la me ɖe asi goŋgoŋ, eye nenema kee míeɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe na mía srɔ̃. (Mat. 16:24; 19:6) Gake míate ŋu awɔ tɔtrɔwo le míaƒe nyametsotso bubuwo ya ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, nɔnɔmeawo ate ŋu atrɔ. Ne edzɔ alea la, nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be míetso nya me nyuie?

7. Nu kae wòle be míado gbe ɖa abia, eye nu ka tae?

7 Do gbe ɖa nàbia nunya. Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã Yakobo wòŋlɔ bena: “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa.” (Yak. 1:5) Mí katã ‘míehiã nunya’ le nanewo gome. Eya ta, èɖale nya me tsom le nane ŋu loo alo èle tɔtrɔ wɔm le nyametsotso aɖe si nèwɔ va yi ŋu o, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me le nunya me.

8. Numekuku kae wòle be míawɔ hafi atso nya me?

8 Ku nu me tsitotsito. Dzro Mawu ƒe Nyaa me, xlẽ agbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ta, eye ɖo dze kple ame siwo dzi nàte ŋu aka ɖo. (Lod. 20:18) Ele vevie ŋutɔ be nàwɔ numekuku sia tɔgbi hafi atso nya me ne èdi be yeaɖɔli wò dɔwɔɖuia, ne èdi be yeaʋu aɖanɔ teƒe bubu, alo ne èdi be yeatia sukudede ƒe ɖoɖo si asɔ na wò be nàte ŋu akpɔ ɖokuiwò dzi le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

9. Ne míedzro mía ɖokui me nyuie be míanya nu si ʋã mí míedi be míawɔ nane la, nu ka tae esia aɖe vi na mí?

9 Dzro ɖokuiwò me nyuie nànya nu si ʋã wò nèdi be yeawɔ nu ma. Nu siwo ʋãa mí míewɔa nu sia nu si míewɔna la le vevie na Yehowa. (Lod. 16:2) Edi be míaɖi anukware le nu sia nu me. Eya ta, ne míele nya me tsom le nane ŋu la, míawo hã míedina be míanya nu si tututu ʋã mí míedi be míawɔ nu ma, ale be míaɖi anukware na mía ɖokui kple ame bubuwo. Ne míeɖi anukware bliboe le nya sia nya me o la, esia ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mí be míawu nu si gɔme míedze la nu ne kuxiwo do mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ate ŋu atso nya me be yeazu gbesiagbe mɔɖela. Gake esi wòdze egɔme ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva le sesẽm nɛ be wòaɖo gaƒoƒonudidia gbɔ eye megava le dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me o. Ðewohĩ, esusui le gɔmedzedzea me be nu si koŋ ʋã ye yetso nya me be yeawɔ mɔɖeɖedɔa ye nye didi be yeadze Yehowa ŋu. Gake ɖe wòanye be didi vevi si nɔ eme be yeadze ye dzilawo alo ame bubu aɖe si ŋu wòdea bubui ŋu la koŋue ʋãe wòdze mɔɖeɖedɔa gɔmea?

10. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã?

10 Bu Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si tso nya me be yeadzudzɔ sigarɛtnono la ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Togbɔ be esesẽ nɛ ŋutɔ le gɔmedzedzea me hã la, edze agbagba ɖu eɖokui dzi kwasiɖa ɖeka eve aɖewo. Ke hã, esia megbe la, egava no sigarɛt ake. Gake eva ɖe asi le sigarɛtnono ŋu keŋkeŋ mlɔeba! Lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa kple didi be yeadze eyama ŋu kpe ɖe eŋu wòɖu numame gbegblẽ ma dzi.—Kol. 1:10; 3:23.

11. Nu ka tae wòle be nàɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò?

11 Ðo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò. Ne èɖo taɖodzinu aɖewo koŋ na ɖokuiwò la, esia ana wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàwɔ nu si nèɖo be yeawɔ la. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atso nya me be yeanɔ Biblia xlẽm edziedzi wu tsã. Gake ne mèɖoe wò taɖodzinu be yeazɔ ɖe ɖoɖowɔɖi aɖe koŋ dzi o la, ate ŋu asesẽ na wò be nàxlẽ Biblia abe ale si nèdii ene. * Alo hame aɖe ƒe hamemetsitsiwo ate ŋu atso nya me be yewoanɔ nɔviawo srãm kpɔ edziedzi wu tsã, gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpɔe be yewomewɔ yewoƒe nyametsotsoa dzi o. Hafi woakpɔ dzidzedze la, woate ŋu abia nya siawo tɔgbi wo ɖokuiwo be: “Ðe míede dzesi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo sasrãkpɔa aɖe vi na wua? Ðe míeɖo ŋkeke si dzi míaɖasrã wo kpɔ la ɖia?”

12. Nu kae wòhiã be míawɔ, eye nu ka tae?

12 Da sɔ. Ɣeyiɣi, ŋutete, alo ŋusẽ mele mía dometɔ aɖeke si be wòawɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ o. Eya ta, ehiã be nàda asɔ. Ne èkpɔe be ele sesẽm na wò be nàwɔ nu si nètso nya me be yeawɔ la, ɖewohĩ, ahiã be nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. (Nyagb. 3:6) Gake, tsɔe be, ègbugbɔ lé ŋku ɖe wò nyametsotsoa ŋu hewɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye èkpɔe be yeate ŋu awɔ nu si yeɖo be yeawɔ la azɔ. Afɔɖeɖe atɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwu nu si gɔme nèdze la nu?

AFƆÐEÐE SIWO AKPE ÐE ŊUWÒ BE NÀWU NU SI GƆME NÈDZE LA NU

13. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàkpɔ ŋusẽ si nèhiã atsɔ awɔ nu si nètso nya me be yeawɔ la?

13 Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana ŋusẽ wò. Mawu ate ŋu ana ‘ŋusẽa wò’ be nàwɔ nu si nèɖo be yeawɔ la, ale be nàte ŋu awɔ “nu si dzea eŋu.” (Flp. 2:13) Eya ta, bia Yehowa be wòana be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana ŋusẽ si nèhiã la wò. Yi edzi nànɔ gbe dom ɖa ne edze abe wò gbedodoɖaa ƒe ŋuɖoɖo mele vavam kabakaba o ene gɔ̃ hã. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, ‘Nɔ ebiabia dzi, eye woana wò; nɔ edidi dzi, eye àkpɔe; nɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na wò.’—Luka 11:9, 13.

14. Aleke mɔfiame si dze le Lododowo 21:5 la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwu nu si gɔme nèdze la nu?

14 Wɔ ɖoɖo ɖe eŋu. (Xlẽ Lododowo 21:5.) Hafi ame aɖe ate ŋu awɔ nu sia nu si wòɖo be yeawɔ la ade goe la, ehiã be wòawɔ ɖoɖo ɖe eŋu. Eyome, ehiã be wòazɔ ɖe eƒe ɖoɖowɔɖia dzi. Nenema kee ne ètso nya me be yeawɔ nane la, ehiã be nàŋlɔ afɔ ɖe sia ɖe si wòahiã be nàɖe hafi ate ŋu awɔe ade goe la ɖi. Ne ètso nya me be yeawɔ nane si nèkpɔ be enye nu si sesẽ be woawɔ la, ɖo eŋuti taɖodzinu suesuesue siwo gbɔ wòle be nàɖo vivivi be nàte ŋu awɔe la na ɖokuiwò. Ɣesiaɣi si nèɖo taɖodzinu suesuesueawo dometɔ aɖe gbɔ la, àte ŋu akpɔ afi si nèyi ŋgɔ va se ɖo. Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la be, anyo be woanɔ ga si wodi be yewoana la ƒe ɖe dzram ɖo “le kwasiɖa ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi” tsɔ wu be woalala va se ɖe esime yeava hafi woadze agbagba be yewoadzɔ ga la katã. (1 Kor. 16:2) Ne èɖo nu si nètso nya me be yeawɔ la ŋuti taɖodzinu suesuesuewo na ɖokuiwò la, awɔe be ewɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wò wu.

15. Ne èwɔ ɖoɖoa vɔ la, nu kae nàte ŋu awɔ?

15 Ne èwɔ ɖoɖo ɖe nu si nètso nya me be yeawɔ la ŋu nyuie heŋlɔe ɖi la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be edzi wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wò. (1 Kor. 14:40) Le kpɔɖeŋu me, habɔbɔa na mɔfiame hamemetsitsiwo ƒe hawo be, ne wole kpekpe wɔ ge la, woatia wo dometɔ ɖeka be wòawɔ nuŋlɔɖi—awɔ nuŋlɔɖi ku ɖe nyametsotso siwo hamemetsitsiwo ƒe haa awɔ, hamemetsitsi siwo woade dɔ asi na, kple ŋkeke si woanɔ mɔ kpɔm be woawu dɔa nu la ŋu. Anɔ bɔbɔe na hamemetsitsi siwo wɔna ɖe mɔfiame sia dzi la be woawu nu si gɔme wodze la nu. (1 Kor. 9:26) Wò hã àte ŋu awɔ mɔfiame sia ŋu dɔ le wò gbe sia gbe dɔ ɖe sia ɖe gome. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aŋlɔ nu siwo nèɖo be yeawɔ le ŋkekea me la ɖi eye nàɖo wo ɖe ɖoɖo si nu nèle wo wɔ ge le la nu. Menye ɖeko esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwu nu si gɔme nèdze la nu ko o, ke akpe ɖe ŋuwò hã be nàwɔ nu geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

16. Nu ka hãe wòle vevie be nàwɔ, eye aleke nya si dze le Romatɔwo 12:11 la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia?

16 Ku kutri vevie. Ebia kutrikuku vevie hafi nàte ŋu awɔ ɖoɖo si nèwɔ la dzi ahawu nu si gɔme nèdze la nu. (Xlẽ Romatɔwo 12:11.) Paulo gblɔ na Timoteo be ‘wòayi edzi ado vevie nu’ eye wòaku kutri vevie ale be wòava zu nufiala bibi. Míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo ma ŋu dɔ le nu sia nu si míedi be míawɔ le Yehowa subɔsubɔ me la me.—1 Tim. 4:13, 16.

17. Aleke nya siwo le Efesotɔwo 5:15, 16 la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu si míeɖo be míawɔ la?

17 Wɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ le nunya me. (Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Ðo ɣeyiɣi ɖi ɖe nu si nèɖo be yeawɔ la ŋu eye mègahee ɖe megbe o. Mèganɔ lalam be ɣeyiɣi nyuitɔ nasu ye si hafi o; nya lae nye be, ate ŋu adzɔ be ɣeyiɣi nyuitɔ la masu asiwò gbeɖe o. (Nyagb. 11:4) Nɔ ŋudzɔ be nu siwo mele vevie tututu o la nagava xɔ wò ɣeyiɣiwo keŋkeŋ eye woaxɔ ŋusẽ si nèhiã be nàtsɔ awɔ nu siwo le vevie wu la le asiwò o. (Flp. 1:10) Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖoa da ɖe gaƒoƒo si dzi nu bubuwo mava do kplamatsɛ wò bɔbɔe le o la dzi. Na ame bubuwo nanya be yedi be yeƒe susu nanɔ nu si wɔm yele dzi. Àte ŋu atiae be yeatsi yeƒe asitelefon la eye yeaxlẽ yeƒe email-wo ɣebubuɣi alo yemazã hahoo kadodomɔnuwo o, va se ɖe esime yewɔ vɔ hafi. *

18-19. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ agbagba dzem be yeawɔ nu si yetso nya me be yeawɔ la ade goe ne esesẽ gɔ̃ hã?

18 Wò susu nenɔ emetsonu nyuiawo dzi. Nu nyui siwo ado tso nu si nèɖo be yeawɔ me la le abe ale si nàzɔ mɔ ʋuu ava ɖo afi si nèɖo tae la mlɔeba ene. Ne mɔ zɔm nèle eye nèdi vevie be yeaɖo afi si nèɖo tae la, àyi wò mɔzɔzɔa dzi, eye ne woxe mɔ aɖe si to ge nàla gɔ̃ hã la, àtrɔ ato mɔ bubu. Le gɔmesese ma ke nu la, ne míaƒe susu le nu si míetso nya me be míawɔ la me tsonu nyuiawo dzi la, míayi edzi anɔ agbagba dzem be míawɔe ade goe, ne esesẽ gɔ̃ hã.—Gal. 6:9.

19 Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míawɔ nyametsotso nyuiwo o, eye wo dzi wɔwɔ hã nyea avu kple kɔ ɣeaɖewoɣi. Gake, Yehowa ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ si nèhiã la wò be nàwu nu si gɔme nèdze la nu.

HADZIDZI 65 Yi Ŋgɔgbe!

^ mm. 5 Ðe nyametsotso aɖewo siwo nèwɔ va yi la vea wòa? Alo ɖe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàwɔ nyametsotso nyuiwo eye eyome nàwɔ nu si nètso nya me be yeawɔ la? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò be nàɖu kuxi mawo dzi eye nàwu nu si gɔme nèdze la nu.

^ mm. 11 Àte ŋu azã “Biblia Xexlẽ Ƒe Ðoɖowɔɖi” ƒe agbalẽvi si le jw.org® la be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo ɖe ɖokuisi Biblia xexlẽ ŋu nyuie. Àkpɔe le AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO.

^ mm. 17 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe ale si nàwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie ŋu la, kpɔ nyati si nye, “Nu 20 Siwo Nàwɔ Be Nàkpɔ Ɣeyiɣi Geɖe Wu,” si dze le April 2010 ƒe Nyɔ! me.