Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 45

Ale Si Míakpe Ðe Amewo Ŋu Be Woawɔ Ðe Kristo Ƒe Sededea Dzi

Ale Si Míakpe Ðe Amewo Ŋu Be Woawɔ Ðe Kristo Ƒe Sededea Dzi

“Eya ta miheyi ɖawɔ . . . , nusrɔ̃lawo, . . . , miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”MAT. 28:19, 20.

HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

NYA VEVIAWO *

1. Se kae Yesu de le Mateo 28:18-20?

ESI wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu ɖe Galilea. Nya vevi aɖe le esi wòdi be yeagblɔ na wo. Nya kae? Nya siwo wògblɔ na wo la dze le Mateo 28:18-20.—Xlẽe.

2. Biabia kawo me míadzro?

2 Se si Yesu de be woawɔ nusrɔ̃lawo la yi na Mawu subɔla siwo li egbea hã. Eya ta, mina míadzro nyabiase etɔ̃ siwo ku ɖe dɔ sia si Yesu de asi na mí ŋu la me. Gbã, nu bubu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe Mawu ƒe nudidiwo fiafia nusrɔ̃la yeyewo ŋu? Evelia, nu kae gbeƒãɖela siwo katã le hamea me la ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woatsi le xɔse me? Etɔ̃lia, nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede la ŋu be woagadze nusrɔ̃lawɔwɔdɔa gɔme?

FIA WO BE WOAWƆ ÐE SE SI YESU DE LA DZI

3. Nu vevi kae Yesu di tso mía si ne míele amewo wɔm nusrɔ̃lawo?

3 Yesu ƒe sededeawo me kɔ. Ele be míafia nu siwo ƒe se Yesu de na mí la amewo. Ke hã, mele be míaŋlɔ sea me nya vevi aɖe be o. Yesu megblɔ be: ‘Miafia wo nu siwo katã ƒe se mede na mi’ ko o. Ke boŋ egblɔ be: Miafia wo “be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.” Be míawɔ ɖe Yesu ƒe sedede ma dzi la, ehiã be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃via nu si wòawɔ, kple ale si wòawɔe. (Dɔw. 8:31) Nu ka tae esia le vevie?

4. Nu kae wòfia be woawɔ ɖe sedede dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Na míawɔ ale si míate ŋu afia nu ame aɖe be wòawɔ ɖe se si Kristo de na mí dzi la ƒe kpɔɖeŋu. Aleke ame si le ʋukuku fiam ame aɖe la kpena ɖe ame si le ʋukukua srɔ̃m la ŋu be wòawɔ ɖe ʋukusewo dzi? Gbã la, efiaa ame si le ʋukukua srɔ̃m la se siwo dzi wòle be wòawɔ ɖo ne eva le ʋu kum le mɔ dodo dzi. Gake, be wòakpe ɖe ame si le ʋukukua srɔ̃m ŋu be wòanya ale si wòawɔ ɖe se mawo dzi la, ke ele be ame si le ʋukuku fiam la nagawɔ nu bubu aɖe. Ele be wòana ame si wòle ʋukukua fiamee la naku ʋua ayi mɔ dodo dzi, eye wòakpe ɖe eŋu esime wòle agbagba dzem be yeawɔ nu si wòsrɔ̃a dzi. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me?

5. (a) Le Yohanes 14:15 kple 1 Yohanes 2:3 ƒe nya nu la, nu kae wòhiã be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo be woawɔ? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woawɔ ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi?

5 Ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo la, míefiaa nu siwo Mawu di tso mía si la wo. Gake nu bubu aɖewo li wòle be míawɔ. Ele be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woawɔ nu siwo srɔ̃m wole la dzi le woƒe agbe me gbe sia gbe. (Xlẽ Yohanes 14:15; 1 Yohanes 2:3.) Ele be míato míawo ŋutɔwo míaƒe kpɔɖeŋuwo dzi akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ale si wòate ŋu awɔ ɖe nu siwo wòsrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me la dzi le suku, dɔ me kple le modzakaɖeɣiwo. Gblɔ ale si wɔwɔ ɖe Biblia me mɔfiame aɖe dzi ɖe vi na wòe esi nèdo go nɔnɔme aɖe kple ale si wòkpe ɖe ŋuwò nète ŋu tso nya me nyuie la nɛ. Ne míele nu srɔ̃m kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo la, míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wo.—Yoh. 16:13.

6. Nu bubu kae wòhiã be míawɔ ne míele nu fiam amewo be woawɔ ɖe Yesu ƒe sededewo dzi?

6 Nu bubu kae wòhiã be míawɔ ne míele nu fiam amewo be woawɔ ɖe Yesu ƒe sededewo dzi? Ele be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woawo hã woadi be yewoawɔ amewo nusrɔ̃lawo. Le nusrɔ̃vi aɖewo gome la, wovɔ̃na be yewoaɖe gbeƒã na amewo. Ele be míakpe ɖe wo ŋu be woagase Biblia me nyateƒewo gɔme wòade to ɖe edzi wu. Esia aʋã wo woadi be yewoaɖe gbeƒã na amewo. Nu bubu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu be woawo hã woadi be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo?

7. Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòadi be yeaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo?

7 Míate ŋu abia nyabiase siawo tɔgbi míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo: “Esi nèwɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ le Biblia me dzi la, aleke wò agbenɔnɔ va nyo ɖe edzi? Ðe nèsusu be ehiã be ame bubuwo hã nase Biblia me gbedeasi sia? Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?” (Lod. 3:27; Mat. 9:37, 38) Tsɔ trakt siwo le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la me la fia nusrɔ̃via ne wòatia esiwo eƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo kple dɔwɔhatiwo adi be yewoaxlẽ. Tsɔ trakt siwo wòatia la ƒe agbɔsɔsɔme aɖe nɛ. Wò kplii miwɔ ale si wòate ŋu ana trakt mawo ŋuɖɔɖotɔe la ƒe wɔwɔfiawo. Ne wova da asi ɖe nusrɔ̃via dzi be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ la, ele be míanɔ gbeadzi yim kplii ale be míanɔ kpekpem ɖe eŋu.—Nyagb. 4:9, 10; Luka 6:40.

ALE SI AME SIWO LE HAMEA ME ATE ŊU AKPE ÐE BIBLIA NUSRƆ̃VIWO ŊU BE WOAYI ŊGƆ

8. Nu ka tae wòle vevie be lɔlɔ̃ si le nusrɔ̃vi si na Mawu kple ehavi nagade to ɖe edzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Kpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Be Lɔlɔ̃ Si Le Wo Si Na Mawu La Nade To Ðe Edzi” hã.)

8 Ðo ŋku edzi be Yesu de se be míafia nu amewo “be woawɔ nu siwo katã ƒe se” yede la dzi. Nu siwo ƒe se Yesu de dometɔ eve ye nye sedede gãtɔ eveawo, siwo gblɔ be míalɔ̃ Mawu kple mía havi. Kadodo le sedede eve siawo kpakple gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dome. (Mat. 22:37-39) Nu kae nye kadodoa? Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi koŋue ʋãa mí míeɖea gbeƒã. Gake le Biblia nusrɔ̃vi aɖewo gome la, wovɔ̃na be yewoaɖe gbeƒã na amewo. Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi na wo be vivivi la, Yehowa akpe ɖe wo ŋu woaɖu vɔvɔ̃ ma dzi. (Ps. 18:1-3; Lod. 29:25) Aɖaka si le nyati sia me la ƒo nu tso afɔ siwo míate ŋu aɖe atsɔ akpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu la nagade to ɖe edzi la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu kae ame siwo le hamea me la ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃la yeyewo ŋu be woagalɔ̃ Mawu kple wo haviwo wu?

9. Le kpɔɖeŋu si ku ɖe ame si le ʋukukua srɔ̃m ŋu me la, mɔ kawo nue wògasrɔ̃a nu vevi aɖewo le?

9 Gabu kpɔɖeŋu si míewɔ ku ɖe ame si le ʋukuku srɔ̃m la ŋu kpɔ. Ne ame si le ʋukuku srɔ̃m le ʋua kum le mɔdodo dzi eye ame si le ʋukukua fiamee la nɔ anyi ɖe eƒe axadzi la, mɔ kawo nue wògasrɔ̃a nu le? Egasrɔ̃a nu nenye be eɖoa to ame si le ʋukukua fiamee eye wòléa ŋku ɖe ʋukula bubu siwo ɖɔa ŋu ɖo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame si le ʋukukua fiamee la ate ŋu ahe eƒe susu ayi ale si ʋukula aɖe ɖe mɔ ʋukula bubu aɖe va ge ɖe flia me le eŋgɔ la dzi. Alo ate ŋu ahe ame si le ʋukukua srɔ̃m la ƒe susu ayi ʋukula aɖe si bu ʋukula bubuwo ŋu eye wòɖiɖi eƒe ʋua ƒe akaɖi ƒe keklẽ ale be ʋukula bubuwo nate ŋu akpɔ nu ava yi la dzi. Esiawo nye nu vevi aɖewo siwo dzi ame si le ʋukukua srɔ̃m la ate ŋu awɔ ne eva le ʋu kum.

10. Nu kae akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòayi ŋgɔ?

10 Nenema kee Biblia nusrɔ̃vi si dze agbemɔa dzi zɔzɔ gɔme la srɔ̃a nu tso Yehowa subɔla bubuwo gbɔ, ke menye tso eƒe Biblia nufiala ɖeɖe ko gbɔ o. Eya ta, nu kae akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòatsi le xɔse me kabakaba? Eyae nye be ne edea hamea ƒe kpekpewo. Nu ka tae? Ŋɔŋlɔawo me nufiame siwo wòase le kpekpeawo me la ana be wòaganya nu geɖe akpee, eƒe xɔse agasẽ ɖe edzi eye lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la agade to ɖe edzi. (Dɔw. 15: 30-32) Azɔ hã, le kpekpeawo me la, Biblia nufialaa aɖe nusrɔ̃via afia nɔvi bubu siwo to nɔnɔme siwo me tom nusrɔ̃via le. Kpɔɖeŋu nyui kawoe nusrɔ̃via ate ŋu akpɔ le hamea me? Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ.

11. Nɔviwo ƒe kpɔɖeŋu kawoe Biblia nusrɔ̃vi ate ŋu akpɔ le hamea me, eye ŋusẽ kae wòate ŋu akpɔ ɖe edzi?

11 Biblia nusrɔ̃vi aɖe si nye dzilaɖekɛ de dzesi nɔvinyɔnu aɖe hã si nye dzilaɖekɛ le kpekpeawo me. Esi nusrɔ̃via kpɔ agbagba siwo nɔvinyɔnua dzena kplɔa via sueawo vaa kpekpea la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Nusrɔ̃vi aɖe si le agbagba dzem be yeadzudzɔ sigarɛtnono la va nya nɔviŋutsu aɖe si le hamea me si ku kutri vevie hafi va dzudzɔ sigarɛtnono. Nɔviŋutsua gblɔ ale si lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãe wòwɔ ɖe eƒe sedede dzi eye wòdzudzɔ sigarɛtnono la nɛ. (2 Kor. 7:1; Flp. 4:13) Esi nɔviŋutsua gblɔ ale si wòwɔ te ŋu dzudzɔ sigarɛtnono na nusrɔ̃via vɔ la, egblɔ nɛ be, “Wò hã àte ŋu adzudzɔ enono.” Dzi ɖo nusrɔ̃via ƒo eye wòka ɖe edzi be yeate ŋu adzudzɔ. Ðetugbui aɖe si nye Biblia nusrɔ̃vi la kpɔ nɔvinyɔnu aɖe wòle dzidzɔ kpɔm le esi wònye Ðasefo ta. Esi nusrɔ̃via de dzesi ale si nɔvinyɔnua kpɔa dzidzɔe la, edi be yeanya nu si tae nɔvinyɔnua kpɔa dzidzɔ ɖo.

12. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be mía dometɔ ɖe sia ɖe si le hamea me la ate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu?

12 Ne Biblia nusrɔ̃via va nya nɔvi wɔnuteƒe vovovo siwo le hamea me la, asrɔ̃ ale si wòawɔ ɖe Kristo ƒe se si nye be míalɔ̃ Mawu kple mía haviwo la tso wo gbɔ. (Yoh. 13:35; 1 Tim. 4:12) Azɔ hã, abe ale si míegblɔe va yi ene la, Biblia nusrɔ̃via ate ŋu asrɔ̃ ale si wòawɔ anɔ te ɖe kuxi siwo me tom wòle la nu tso nɔvi siwo to kuxi mawo tɔgbi me la gbɔ. Nusrɔ̃via va srɔ̃e tso nɔvi mawo ƒe kpɔɖeŋuawo me be, yeate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be yeava nye Kristo ƒe nusrɔ̃la. (5 Mose 30:11) Mía dometɔ ɖe sia ɖe si le hamea me la ate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ. (Mat. 5:16) Nu kawoe wò ŋutɔ nèwɔna tsɔ dea dzi ƒo na Biblia nusrɔ̃vi siwo vaa kpekpeawo?

KPE ÐE NƆVI SIWO DZUDZƆ GBEADZIDEDE LA ŊU BE WOAGADZE GBEADZIDEDE GƆME

13-14. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu esime dzi ɖe le wo ƒo?

13 Míedi be míakpe ɖe mía nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede la ŋu be woagadze gbeadzidede gɔme ake, ale be woawɔ ɖe Kristo ƒe sedede si nye be míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe la dzi. Ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostolo siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu la na míekpɔ nu siwo míawo hã míate ŋu awɔ egbea.

14 Esi Yesu nɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu wum eye wòsusɔ vie woawui la, eƒe apostoloawo “katã gblẽe ɖi hesi dzo.” (Marko 14:50; Yoh. 16:32) Nu kae Yesu wɔ esime dzi ɖe le eƒe apostoloawo ƒo? Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe teti la, egblɔ na eyomedzela aɖewo be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo [be wofɔm ɖe tsitre].” (Mat. 28:10a) Yesu meklɔ asi le eƒe apostoloawo ƒe nya me o. Togbɔ be wogblẽe ɖi hã la, eyɔ wo be “nɔvinyewo.” Yesu srɔ̃ Yehowa, ekpɔ nublanui na wo eye wòtsɔ nu si wowɔ ɖe eŋu la ke wo.—2 Fia. 13:23.

15. Aleke míesena le mía ɖokui me tso mía nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu?

15 Míawo hã míetsɔ ɖe le eme na mía nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede la vevie. Wonye mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo eye míelɔ̃ wo! Míegaɖoa ŋku dɔ sesẽ siwo mía nɔvi mawo wɔ na Yehowa va yi la dzi; mía nɔvi siawo dometɔ aɖewo subɔ Yehowa ƒe gbogbo aɖewo. (Heb. 6:10) Míele nɔvi siawo susum ŋutɔ! (Luka 15:4-7) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo?

16. Aleke míate ŋu aɖee afia mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dzudzɔ gbeadzidede la be míetsɔ ɖe le eme na wo?

16 Kpe wo vividoɖeameŋutɔe be woava kpekpea. Mɔ ɖeka aɖe si dzi Yesu to de dzi ƒo na eƒe apostolo siwo ƒo dzi ɖe le lae nye be ekpe wo na kpekpe aɖe. (Mat. 28:10b; 1 Kor. 15:6) Nenema kee egbea hã, míawo hã míate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede la be woade kpekpeawo nenye be womele kpekpeawo dem o. Ele be wòanɔ susu me na mí be ele be míakpe wo enuenu hafi woalɔ̃ be yewoava. Ðikeke mele eme o be, dzi anya dzɔ Yesu ŋutɔ esi eƒe nusrɔ̃lawo va kpekpe ma.—Tsɔe sɔ kple Mateo 28:16 kpakple Luka 15:6.

17. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nɔvi aɖe si dzudzɔ gbeadzidede si va kpekpea ŋu?

17 Do wòezɔ na wo tso dzi me ke. Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ƒe dzi dze eme esi woyi vae do goe; eyae te ɖe wo ŋu ƒo nu na wo gbã. (Mat. 28:18) Aleke míawɔ nui ne nɔvi aɖe si dzudzɔ gbeadzidede la va do ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me? Ele be míate ɖe eŋu ado wòezɔ nɛ vividoɖeameŋutɔe. Gbãa, míate ŋu atsi dzimaɖi, elabe míenya nya si míagblɔ nɛ o. Gake be míagagblɔ nya aɖeke si ado ŋukpee o la, míate ŋu agblɔ ko be edzɔ dzi na mí be míekpɔ wò.

18. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede?

18 De dzi ƒo na wo. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anya se le wo ɖokuiwo me be dɔ si wòde asi na yewo be yewoaɖe gbeƒã le xexea me godoo la wu tsɔtsɔ na yewo. Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo. Egblɔ na wo be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã.” (Mat. 28:20) Ðe nya ma de dzi ƒo na woa? Ɛ̃. Eteƒe medidi o, “woyi edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm” moveviɖoɖotɔe. (Dɔw. 5:42) Ehiã be míawo hã míade dzi ƒo na gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede. Ate ŋu asesẽ na wo be woagadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Míate ŋu aka ɖe edzi na wo be míakpe ɖe wo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne wodi be yewoayi gbeadzi la, míate ŋu awɔ ɖoɖo ayi kpli wo. Ðikeke mele eme o be, woakpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míekpe ɖe yewo ŋu yewo gadze gbeadziyiyi ake. Ne míebua nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede be wonye mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo la, ana dzo nagaɖo wo me eye hame bliboa akpɔ dzidzɔ.

MÍEDI BE MÍAWU DƆ SI YESU DE ASI NA MÍ LA NU

19. Nu kae míedi vevie be míawɔ, eye nu ka tae?

19 Ɣeyiɣi didi kae míawɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ase ɖo? Va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi. (Mat. 28:20; kpɔ Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi.”) Ðe míate ŋu ayi dɔ sia dzi va se ɖe nuwuɣia? Míeɖoe kplikpaa be míawɔe nenema! Edzɔa dzi na mí be míazã míaƒe ga, ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ adi “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.” (Dɔw. 13:48) Ne míewɔe alea la, ke míele Yesu srɔ̃m. Egblɔ be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòde asi nam la nu.” (Yoh. 4:34; 17:4) Nu mae míawo hã míedi be míawɔ. Míedi be míawu dɔ si wode asi na mí la nu. (Yoh. 20:21) Eye mí katã kple nɔvi siwo dzudzɔ gbeadzidede la siaa míedi be míado dzi awɔ dɔ sia awu enu.—Mat. 24:13.

20. Le Filipitɔwo 4:13 ƒe nya nu la, nu ka tae míate ŋu awɔ dɔ si Yesu de asi na mí la awu enu?

20 Nyateƒee, dɔ gã si Yesu de asi na mí la wɔwɔ mele bɔbɔe o. Ke hã, menye míawo ɖeɖee le dɔ sia wɔm o. Yesu do ŋugbe na mí be yeli kpli mí. Ne míele nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa wɔm la, míeva nyea “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” eye míeva nɔa “ɖekawɔwɔ me kple Kristo.” (1 Kor. 3:9; 2 Kor. 2:17) Le susu mawo ta la, míate ŋu awɔ dɔa awu enu. Mɔnukpɔkpɔ kple dzidzɔ gãe wònye na mí be míawɔ dɔ sia eye míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe!—Xlẽ Filipitɔwo 4:13.

HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

^ mm. 5 Yesu de se na eyomedzelawo be woawɔ nusrɔ̃lawo eye woafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se yede na wo la dzi. Le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu awɔ Yesu ƒe sea dzi la me. Woɖe nyati sia me nya aɖewo tso July 1, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 14-19 lia me.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu si le Biblia nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la le nu siwo wòhiã be nusrɔ̃via nawɔ be lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la nagade to ɖe edzi la me ɖem nɛ. Emegbe la, nusrɔ̃via le wɔwɔm ɖe aɖaŋu siwo eƒe Biblia fiala ɖo nɛ la dzi.