Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 46

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ

Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ

“Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”—HEB. 13:5.

HADZIDZI 55 Migavɔ̃ Wo O!

NYA VEVIAWO *

1. Ame kae afa akɔ na mí ne míese le mía ɖokui me be ame aɖeke meli na mí o alo kuxiwo ɖe kpe na mí? (Psalmo 118:5-7)

ÐE NÈSE le ɖokuiwò me be ame aɖeke meli na ye si akpe ɖe ye ŋu le kuxi aɖe me o kpɔa? Ame geɖe se le wo ɖokui me nenema kpɔ, Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã le wo dome. (1 Fia. 19:14) Ne èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa, ke ɖo ŋku ŋugbe si Yehowa do la dzi. Egblɔ be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” Ale be míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.” (Heb. 13:5, 6) Apostolo Paulo ye ŋlɔ nya mawo ɖo ɖe Kristotɔ siwo le Yudea le ƒe 61 K.Ŋ. me. Eƒe nyawo na míeɖo ŋku nya siwo le Psalmo 118:5-7 la dzi.—Xlẽe.

2. Nu ka me míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae?

2 Nu siwo me Paulo to na wòka ɖe edzi be Yehowae nye yeƒe Kpeɖeŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ƒe eve aɖewo do ŋgɔ hafi Paulo nava ŋlɔ lɛta na Hebritɔwo la, ezɔ ƒudzimɔ dziŋɔ aɖe si me eƒe agbe ɖo afɔku me le. (Dɔw. 27:4, 15, 20) Ƒe aɖewo do ŋgɔ na mɔzɔzɔa kple le mɔzɔzɔa katã me la, Yehowa kpe ɖe Paulo ŋu le mɔ vovovowo nu. Míadzro mɔ siwo nu Yehowa kpe ɖe eŋu le la dometɔ etɔ̃ me. Yehowa zã Yesu kple mawudɔlawo, ame siwo le ŋusẽnɔƒewo kpakple nɔvi Kristotɔwo tsɔ kpe ɖe Paulo ŋu. Ne míedzro nu siwo me Paulo to kple ale si Yehowa kpe ɖe eŋu me la, ana míaka ɖe edzi be ŋugbe si Yehowa do be yeakpe ɖe míawo hã ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la dzi.

ALE SI YESU KPLE MAWUDƆLAWO KPENA ÐE MÍA ŊU

3. Nu ka ŋue Paulo anya nɔ bubum, eye nu ka tae?

3 Paulo ƒe agbe ɖo afɔku me. Le ƒe 56 K.Ŋ. me la, ameha aɖe hee do go le gbedoxɔa me le Yerusalem eye wodi be yewoawui. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi esi wokplɔe va Sanhedrin la la, eƒe futɔwo wui kloe. (Dɔw. 21:30-32; 22:30; 23:6-10) Le gaƒoƒo ma me la, Paulo anya nɔ sesem le eɖokui me be, ‘Va se ɖe ɣekaɣie mado dzi le nɔnɔme sesẽ sia me?’

4. Aleke Yehowa to Yesu dzi kpe ɖe Paulo ŋu?

4 Aleke Yesu kpe ɖe Paulo ŋu? Le zã si kplɔe ɖo me esi wolé Paulo la, “Aƒetɔ la,” si nye Yesu va tsi tsitre ɖe egbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Lé dzi ɖe ƒo! Elabena ale si ko nèle ɖase ɖim tsitotsito le ŋunye le Yerusalem la, nenema kee nàɖi ɖase le Roma hã.” (Dɔw. 23:11) Dzideƒonamenya ma va ɖe ɣeyiɣi dzi ŋutɔ! Yesu kafu Paulo ɖe ale si wòɖi ɖase le Yerusalem la ta. Eye wòka ɖe edzi na Paulo be aɖo Roma dedie, eye wòagaɖi ɖase le afi ma. Dzideƒonamenya mawo anya na Paulo nase le eɖokui me be yele dedie abe ɖevi si le fofoa ƒe abɔwo dome ene.

Esime ahom sesẽ aɖe tu le atsiaƒua dzi la, mawudɔla aɖe ka ɖe edzi na Paulo be ame siwo katã le tɔdziʋua me atsi agbe (Kpɔ memama 5 lia)

5. Aleke Yehowa to mawudɔla aɖe dzi kpe ɖe Paulo ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

5 Kuxi bubu kawo mee Paulo gato? Le nu siwo me Paulo to le Yerusalem ƒe eve megbe la, eɖo tɔdziʋu ɖota Italia eye ahom sesẽ aɖe tu le ƒua dzi si wɔe be ʋua me nɔlawo katã susu be yewole kuku ge. Ke hã, Paulo mevɔ̃ o. Nu ka tae? Nu si tae la dze le nya siwo wògblɔ na wo me. Egblɔ be: “Le zã sia me la, Mawu, ame si tɔ menye, si mesubɔna la, ƒe dɔla va tɔ ɖe gbɔnye gblɔ be: ‘Paulo, mègavɔ̃ o. Àtsi tsitre ɖe Kaisaro ŋkume, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ ame siwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.’” Nya si Yehowa to Yesu dzi gblɔ na Paulo va yi la, egato mawudɔla aɖe dzi ka ɖe edzi nɛ. Eye Paulo vae ɖo Roma hã nyateƒe.—Dɔw. 27:20-25; 28:16.

6. Ŋugbe kae Yesu do si ate ŋu ado ŋusẽ mí, eye nu ka tae?

6 Aleke Yesu kpena ɖe mía ŋui? Yesu akpe ɖe mía ŋu abe ale si wòkpe ɖe Paulo ŋu ene. Le kpɔɖeŋu me, Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo katã be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Yesu ƒe nya mawo dea dzi ƒo na mí. Nu ka tae? Nu si tae nye be míetoa kuxi sesẽwo me ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, míesea veve ɖewohĩ ƒe geɖe. Tsitsimekuxiwo ɖea fu na ame bubuwo. Nuteɖeamedzi wɔnɛ be blanuiléledɔ ɖea fu na ame bubuwo hã. Le esiawo katã me la, míeyia edzi doa dzi, elabena míenyae be Yesu li kpli mí “ŋkekeawo katã,” le ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me.—Mat. 11:28-30.

Mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu eye wofiaa mɔ mí ne míele gbeƒã ɖem (Kpɔ memama 7 lia)

7. Le Nyaɖeɖefia 14:6 ƒe nya nu la, aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu egbea?

7 Mawu ƒe Nyaa ka ɖe edzi na mí be Yehowa toa mawudɔlawo dzi kpena ɖe mía ŋu. (Heb. 1:7, 14) Mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu ne míele gbeƒã ɖem “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ.”—Mat. 24:13, 14; xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6.

KPEKPEÐEŊU SI MÍEKPƆNA TSO ŊUSẼTƆWO GBƆ

8. Aleke Yehowa to asrafomegã aɖe dzi kpe ɖe Paulo ŋu?

8 Kpekpeɖeŋu kae wona Paulo? Le ƒe 56 K.Ŋ. me la, Yesu ka ɖe edzi na Paulo be aɖo Roma. Ke hã, Yudatɔ aɖewo siwo nɔ Yerusalem la ɖo nugbe be yewoade xa ɖe mɔa dzi awu Paulo. Esime Romatɔwo ƒe asrafomegã Klaudio Lisia se nugbe si woɖo ɖe Paulo ŋu la, exɔ nɛ. Enumake Klaudio na asrafowo dzɔ Paulo ŋu, eye wokplɔe yi Kaisarea si didi abe kilometa 105 ene tso Yerusalem gbɔ. Esi woɖo Kaisarea la, Nutodziɖula Felike ɖe gbe be ‘woadzɔ Paulo ŋu le Herodes ƒe fiasã la me.’ Paulo ƒe futɔwo ƒe asi magate ŋu asu edzi o.—Dɔw. 23:12-35.

9. Mɔ ka nue Nutodziɖula Festo kpe ɖe Paulo ŋu le?

9 Ƒe eve megbe la, Paulo gakpɔtɔ nɔ gaxɔ me le Kaisarea. Nutodziɖula bubu si ŋkɔe nye Festo va xɔ ɖe Felike teƒe. Yudatɔwo ɖe kuku na Festo be wòaɖo Paulo ɖe Yerusalem ne woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ nɛ, gake Festo gbe. Ðewohĩ, Festo nyae be Yudatɔwo ‘ɖoe be yewoade xa ɖi awu Paulo le mɔa dzi.’—Dɔw. 24:27–25:5.

10. Esi Paulo bia be Kaisaro nagbugbɔ adrɔ̃ nyaa na ye la, nu kae Nutodziɖula Festo wɔ?

10 Emegbe la, wogbugbɔ nyaa drɔ̃ na Paulo le Kaisarea. Esi Festo “di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu ta la,” ebia Paulo be: “Èdi be yeayi Yerusalem ne madrɔ̃ nya siawo na wò le afi ma?” Paulo nyae be woate ŋu awu ye le Yerusalem, ke hã, enya nu si wòle be wòawɔ atsɔ akpɔ eƒe agbe ta ale be wòaɖo Roma awɔ subɔsubɔdɔa le afi ma. Egblɔ be: “Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam!” Esi Festo lé nyaa kpɔ kple eƒe aɖaŋudelawo vɔ la, egblɔ na Paulo be: “Èbe Kaisaro negbugbɔ nya la drɔ̃ na ye; eya ta àyi Kaisaro gbɔ.” Ale si Festo tso nya me la ɖe Paulo tso eƒe futɔwo si me. Eteƒe madidi o, Paulo aɖo Roma—afi si Yudatɔ siwo di be yewoawui la ƒe asi mate ŋu asu edzi le o.—Dɔw. 25:6-12.

11. Yesaya ƒe nya dedziƒoname kawo ŋue Paulo anya de ŋugble le?

11 Esime Paulo nɔ lalam be yeadze mɔ ayi Italia la, anɔ eme be enɔ ŋugble dem le nuxlɔ̃amenya si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wògblɔ na ame siwo tsia tsitre ɖe Yehowa ŋu la ŋu. Nyagblɔɖi ma gblɔ be: “Mide adaŋu, gake woagblẽ eme. Migblɔ nya sia nya si dze mia ŋu, gake madze edzi o, elabena Mawu li kpli mí.” (Yes. 8:10) Paulo nyae be Mawu akpe ɖe ye ŋu, eye esia do ŋusẽe be wòte ŋu nɔ te ɖe nu siwo le ŋgɔ nɛ la nu.

Ale si Yehowa to ame siwo le ŋusẽnɔƒewo dzi kpe ɖe mía nɔviwo ŋu la, akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke egbea (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke Yulio wɔ nu ɖe Paulo ŋu, eye nu kae Paulo anya de dzesii?

12 Le ƒe 58 K.Ŋ. me la, Paul ɖo tɔdziʋu ɖo ta Italia. Esi Paulo nye gamenɔla ta la, wotsɔe de asi na Roma srafo aɖe si ŋkɔe nye Yulio. Tso ema dzi la, ŋusẽ le Yulio si be wòasẽ tame le Paulo ŋu loo alo wòawɔ nu ɖe eŋu nyuie. Aleke Yulio awɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔe? Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi esi wova ɖi go la, “Yulio nyo dɔme na Paulo ŋutɔ, eye wòɖe mɔ nɛ be wòayi exɔlɔ̃awo gbɔ.” Emegbe la, Yulio xɔ Paulo ɖe agbe. Le mɔ ka nu? Asrafoawo ɖoe be yewoawu gamenɔla siwo katã nɔ tɔdziʋua me, gake Yulio meda asi ɖe edzi o. Nu ka tae? Nu si tae nye be edi be “yeakpɔ Paulo ta.” Anɔ eme be, Paulo kpɔe be Yehowa ye nɔ asrafo dɔmenyotɔ ma zãm be wòakpe ɖe ye ŋu akpɔ ye ta.—Dɔw. 27:1-3, 42-44.

Kpɔ memama 13 lia

13. Aleke Yehowa ate ŋu azã ame siwo le ŋusẽnɔƒewo?

13 Aleke ŋusẽtɔwo kpena ɖe mía ŋu? Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋua dzi aʋã ŋusẽtɔwo be woawɔ nu si wòdi. Fia Salomo gblɔ be: “Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me. Afi sia afi si Wòlɔ̃ lae wòtrɔnɛ ɖo.” (Lod. 21:1) Nu kae lododo sia fia? Amegbetɔwo ate ŋu aɖe tsimɔwo atsɔ atrɔ mɔ na tɔsisi ayi afi si wodi. Nenema kee Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔa atsɔ atrɔ susu na dziɖulawo be woawɔ nu si wɔ ɖeka kple yeƒe tameɖoɖo. Ne Yehowa wɔe alea la, dziɖuɖuwo dina be yewoawɔ nyametsotso si aɖe vi na Mawu ƒe amewo.—Tsɔe sɔ kple Ezra 7:21, 25, 26.

14. Le Dɔwɔwɔwo 12:5 ƒe nya nu la, ame kawo hã tae míate ŋu ado gbe ɖa ɖo?

14 Nu kae míate ŋu awɔ? Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe “fiawo kple ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo la ta,” ne eva hiã be woatso nya me ku ɖe míaƒe mawusubɔsubɔ ŋu. (1 Tim. 2:1, 2; Neh. 1:11) Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía nɔvi siwo le gaxɔ me la ta abe ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔe ene. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 12:5; Heb. 13:3.) Azɔ hã, míate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame siwo le mía nɔviwo ŋu dzɔm le gaxɔ me la ta. Míate ŋu aɖe kuku na Yehowa vevie be wòaʋã dzi na ame siawo ale be ‘woanyo dɔme na’ mía nɔvi siwo wolé de gaxɔ me la abe ale si Yulio wɔe ene.—Dɔw. 27:3.

ALE SI MÍA NƆVI KRISTOTƆWO KPENA ÐE MÍA ŊU

15-16. Aleke Yehowa to Aristarko kple Luka dzi kpe ɖe Paulo ŋui?

15 Aleke nɔvi Kristotɔwo kpe ɖe Paulo ŋui? Esime Paulo nɔ mɔ dzi yina Roma la, Yehowa to nɔvia Kristotɔwo dzi kpe ɖe eŋu enuenu. Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

16 Paulo xɔlɔ̃ wɔnuteƒe eve siwo ŋkɔe nye Aristarko kple Luka ɖoe be yewoazɔ mɔ kplii ayi Roma. * Biblia megblɔ be Yesu do ŋugbe na Aristarko kple Luka be woaɖo Roma dedie o. Eya ta wode woƒe agbe afɔku me esi wozɔ mɔ ma si me afɔku le la kple Paulo. Gake wolɔ̃ faa be yewoayi le Paulo ta. Emegbe hafi wova nyae be yewoatsi agbe le mɔzɔzɔ ma me. Eya ta esime Aristarko kple Luka va ɖo tɔdziʋua le Kaisarea la, Paulo anya do gbe ɖa tso dzi me tsɔ da akpe na Yehowa be wòna ye xɔlɔ̃ eve mawo siwo ƒo dzi le la va ye gbɔ.—Dɔw. 27:1, 2, 20-25.

17. Aleke Yehowa to nɔvi Kristotɔwo dzi kpe ɖe Paulo ŋui?

17 Le Paulo ƒe mɔzɔzɔwo me la, nɔvia Kristotɔwo kpe ɖe eŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime wova ɖi go ɖe Sidon dua me la, Yulio ɖe mɔ na Paulo be “wòayi exɔlɔ̃awo gbɔ ne woakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ nɛ.” Eye emegbe esime wova ɖo Puteoli dua me la, Paulo kple exɔlɔ̃awo ‘kpɔ nɔvi aɖewo le afi ma, eye woɖe kuku na wo vevie be woanɔ yewo gbɔ ŋkeke adre.’ Esi nɔvi siwo wodo goe le teƒe mawo kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la, Paulo hã anya gblɔ nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo na wo si wɔe be wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:2, 3.) Esi wotu wo nɔewo ɖo nyuie alea vɔ la, Paulo kple exɔlɔ̃awo gayi woƒe mɔzɔzɔa dzi.—Dɔw. 27:3; 28:13, 14.

Yehowa toa mía nɔvi Kristotɔwo dzi kpena ɖe mía ŋu abe ale si wòwɔe na Paulo ene (Kpɔ memama 18 lia)

18. Nu kae na Paulo da akpe na Mawu eye dzi ɖo eƒo?

18 Esi Paulo zɔ ɖo ta Roma dua me la, anya ɖo ŋku nya siwo wòŋlɔ ɖo ɖe hamea ƒe etɔ̃ do ŋgɔ va yi la dzi. Eŋlɔ bena: “Ƒe geɖee nye esia wòle dzroyem vevie be mava mia gbɔ.” (Rom. 15:23) Gake mebui kpɔ be gamenɔlae yeanye hafi ava wo gbɔ o. Gake bu ale si wòanya de dzi ƒo nɛ esi wòkpɔ be nɔvi siwo le Roma nɔ lalam be yewoava kpe ye la ŋu kpɔ! “Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo.” (Dɔw. 28:15) De dzesii be esi Paulo kpɔ nɔviawo la, eda akpe na Mawu. Nu ka tae? Elabena egakpɔe be Yehowa to ye nɔvi Kristotɔwo dzi le kpekpem ɖe ye ŋu.

Kpɔ memama 19 lia

19. Abe ale si 1 Petro 4:10 gblɔe ene la, aleke Yehowa ate ŋu azã mí atsɔ akpe ɖe mía nɔvi siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu?

19 Nu kae míate ŋu awɔ? Ðe nènya nɔvi aɖewo le miaƒe hamea me siwo le fu kpem le esi wole dɔ lém alo le kuxi sesẽwo me tom ta alo woƒe ame vevi aɖe kua? Ne míeva nya be mía nɔvi aɖe le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si ade dzi ƒo nɛ. Anɔ eme be nya si míagblɔ alo nu si míawɔ la tututue mía nɔvia hiã. (Xlẽ 1 Petro 4:10.) * Ame siwo ŋu míakpe ɖo la agava ka ɖe ŋugbe si Yehowa do be, “nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o,” la dzi. Ðe esia mana nàkpɔ dzidzɔ oa?

20. Nu ka tae míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be: ‘Yehowa ye nye míaƒe kpeɖeŋutɔ’?

20 Abe ale si wònɔ le Paulo kple exɔlɔ̃awo gome ene la, míawo hã míetoa nɔnɔme sesẽwo me le agbe me. Togbɔ be ele alea hã la, míenyae be míate ŋu ado dzi, elabe Yehowa li kpli mí. Etoa Yesu kple mawudɔlawo dzi kpena ɖe mía ŋu. Eye ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu ato ame siwo le ŋusẽnɔƒewo dzi akpe ɖe mía ŋu. Abe ale si Yehowa wɔe na mía dometɔ geɖe ene la, Yehowa ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ aʋã esubɔlawo be woakpe ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu. Eya ta abe Paulo ene la, míawo hã míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?”—Heb. 13:6.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

^ mm. 5 Le nyati sia me la, míadzro mɔ etɔ̃ siwo nu Yehowa to kpe ɖe apostolo Paulo ŋu wònɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siwo me wòto la nu. Azɔ hã, míadzro ale si Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema la me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe míawo hã ŋu egbea be míado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me míetona le agbe me la me.

^ mm. 16 Aristarko kple Luka nye Paulo xɔlɔ̃wo eye wozɔa mɔ kplii xoxoxo. Ŋutsu siawo siwo dzi woate ŋu aka ɖo la yi edzi nɔ Paulo ŋu esime wodee gaxɔ me le Roma.—Dɔw. 16:10-12; 20:4; Kol. 4:10, 14.