Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

“Wò Ŋkuwo Nekpɔ Ŋgɔ Tẽe”

“Wò Ŋkuwo Nekpɔ Ŋgɔ Tẽe”

“Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽe, ɛ̃, wò ŋku nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò tẽe.”—LOD. 4:25.

HADZIDZI 77 Kekeli Aɖe Klẽ Le Xexe Doblukɔ Me

NYA VEVIAWO *

1-2. Aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 4:25 dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

BU KPƆÐEŊU siawo ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe le ŋku ɖom nu nyui siwo me wòto va yi la dzi. Togbɔ be ele tsitsimekuxiwo me tom fifia hã la, eyi edzi le etɔ sinua wɔm na Yehowa. (1 Kor. 15:58) Gbe sia gbe la, ekpɔa eɖokui kple eƒe ame veviwo le xexe yeyea me le susu me. Nɔvinyɔnu bubu aɖe ɖo ŋku ale si nɔvi aɖe wɔ nu wòvee la dzi, gake eɖe asi le nyaa ŋu. (Kol. 3:13) Nɔviŋutsu aɖe hã ɖo ŋku vodada aɖewo siwo wòwɔ va yi la dzi, gake eɖoe be yeayi edzi awɔ nuteƒe tso fifia.—Ps. 51:10.

2 Nu kae ɖe dzesi le nɔvi etɔ̃ siawo katã ŋu? Wo katã woɖo ŋku nu si dzɔ va yi la dzi, gake womenɔ nu mawo ŋu bum fũu o. Ke boŋ, ‘wokpɔ ŋgɔ tẽe.’—Xlẽ Lododowo 4:25.

3. Nu ka tae wòle vevie be ‘míakpɔ ŋgɔ tẽe’?

3 Nu ka tae wòle vevie be ‘míakpɔ ŋgɔ tẽe’? Ne ame aɖe le fli aɖe dzi zɔm eye wògale megbe kpɔm la, ke mate ŋu azɔ edzi o. Nenema kee mímate ŋu ayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me ne míele megbemegbe kpɔm o.—Luka 9:62.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia me la, míadzro nu etɔ̃ siwo ate ŋu awɔe be míaƒe susu katã nava nɔ nu siwo me míeto va yi la dzi la me. * Woawoe nye: (1) nu siwo me míeto va yi, (2) dzikuléleɖedɔme, kple (3) fɔbubuameɖokui fũu akpa. Ne míele wo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, míakpɔ ale si Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be mímatsɔ susu aɖo ‘nu siwo le megbe la’ dzi o, ke boŋ míaƒe susu nanɔ ‘nu siwo le ŋgɔ la dzi.’—Flp. 3:13.

NU NYUI SIWO ME MÍETO VA YI ŊU BUBU FŨU AKPA

Nu kawoe ate ŋu awɔe be míayi ŋgɔ le agbemɔa dzi zɔzɔ me o? (Kpɔ memama 5, 9, 13 lia) *

5. Nu kae Nyagblɔla 7:10 gblɔ be míagawɔ o?

5 Xlẽ Nyagblɔla 7:10. De dzesii be ŋɔŋlɔ sia megblɔ be egblẽ be míabia be: “Nu ka tae tsãŋkekewo nyo” hã, o? Yehowa na ŋutete mí be míaɖo ŋku nu siwo dzɔ va yi dzi. Ke boŋ, nya si ŋɔŋlɔa gblɔ ye nye: “Mègabia be, ‘Nu ka tae tsãŋkekewo nyo wu fifitɔwo? hã o.’” Ne míetsɔ nu siwo dzɔ va yi le sɔsɔm kple fifitɔwo eye míeƒo nya ta be nuwo de mía dzi ɣemaɣi wu fifia la, ke emae nye kuxia. Biblia bubu aɖe ɖe mawunyakpukpui sia me be: “Mègabia gbeɖe be, ‘Oo, nu ka tae nuwo nyo ɣemaɣi sãsãsã wu egbe o?’ Ne èbia nenema la, ke nunya mele eme o.”

Esi Israel-viwo dzo le Egipte vɔ megbe la, vodada kae wowɔ? (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu ka tae nunya mele eme be míasusu be nuwo de mía dzi tsã wu fifia o? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Nu ka tae nunya mele eme be míasusu be nuwo de mía dzi tsã wu fifia o? Nuwo ŋu bubu nenema ana míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo me míeto va yi la ko ŋu. Alo ate ŋu awɔe be míaŋlɔ nɔnɔme sesẽ siwo me míeto va yi la be. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel-viwo dzo le Egipte la, woŋlɔ fu siwo wokpe le afi ma la be kaba. Ke boŋ, wona woƒe susu katã va le nu nyui siwo woɖuna le afi ma la dzi. Wogblɔ be: “Aleke míeheɖo ŋku tɔmelã siwo míeɖuna le Egipte femaxee kpakple aŋanyi, adzamatre, sabala vovovowo kple gbegãdzi dzii ale!” (4 Mose 11:5) Gake nyateƒee wònye be woɖu nu mawo ‘fu aɖeke makpemakpeea?’ Kura o. Israel-viwo kpe fu vevie ɣemaɣi; wozi wo dzi abe kluviwo ene le Egipte. (2 Mose 1:13, 14; 3:6-9) Ke hã, emegbe la, woŋlɔ fu siwo gbegbe wokpe va yi la be eye wogblɔ be nuwo de yewo dzi ɣemaɣi wu. Wona woƒe susu nɔ nu nyuiawo ɖeɖe ko ŋu. Womena woƒe susu nɔ nu nyui siwo Yehowa wɔ na wo la ŋu o. Yehowa mekpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu o.—4 Mose 11:10.

7. Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu be eƒe susu katã menɔ nu nyui siwo me wòto va yi la ko ŋu o?

7 Nu ka tae mele be míana míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo me míeto va yi la ko ŋu o? Bu nɔvinyɔnu aɖe si dze subɔsubɔ le Betel gɔme le ƒe 1945 me la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ƒe aɖewo megbe la, eya kple nɔviŋutsu aɖe si hã le subɔsubɔm le Betel la ɖe wo nɔewo. Gake le ƒe 1970-awo me la, srɔ̃aŋutsua va dze dɔ. Nɔvinyɔnua gblɔ be, esi eƒe kuɣi nɔ gogom la, eɖo aɖaŋu na ye si va ɖe vi na ye le eƒe ku megbe. Egblɔ nɛ be: “Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Menɔ na ame geɖewo alea o.” Gake ede dzi ƒo nɛ hã be: “Mègana ɣeyiɣi siwo va yi ŋu bubu naxɔ susu me na wò o—togbɔ be màŋlɔ wo be o hã. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, wò nuxaxa dzi aɖe akpɔtɔ. Mègaxa nu vevie eye nàlé blanui o. Tso aseye be dzidzɔ kple yayra siawo su ye si. . . . Ŋkuɖoɖo nuwo dzi nye Mawu ƒe nunana.” Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye ema oa?

8. Esi mía nɔvinyɔnua metsɔ susu ɖo nu nyui siwo me wòto va yi la ko ŋu o la, vi kae wòɖe nɛ?

8 Mía nɔvinyɔnua wɔ ɖe aɖaŋu si srɔ̃a ɖo nɛ la dzi. Eyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe esime wòku esi wòxɔ ƒe 92. Ƒe aɖewo do ŋgɔ la, egblɔ be: “Ne meɖo ŋku ƒe 63 kple edzivɔ siwo metsɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm na Yehowae dzi la, mate ŋu agblɔ be menɔ agbe si me dzidzeme le vavã.” Nu ka tae? Eɖe eme be: “Nu si koŋ naa dzidzeme ame le agbe mee nye míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔnuku la kple mɔkpɔkpɔ si nye agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi kple nɔviŋutsuwo kpakple nɔvinyɔnuwo ahasubɔ mía Wɔla Gã, Mawu vavã ɖeka kolia, Yehowa, tegbetegbee.” * Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso mía nɔvinyɔnua gbɔ le ale si wòtsɔ susu ɖo ŋugbe siwo Yehowa do na mí la dzi.

DZIKULÉLEÐEDƆME

9. Le 3 Mose 19:18 ƒe nya nu la, ɣekaɣi koŋue wòate ŋu asesẽ na mí be míaɖe asi le dziku ŋu?

9 Xlẽ 3 Mose 19:18. Esesẽna na mí be míaɖe asi le dziku ŋu ne ame si dze agɔ le mía dzi la nye mía nɔvi Kristotɔ, mía xɔlɔ̃ kplikplikpli alo míaƒe ƒometɔ. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe tso nɔvinyɔnu bubu nu be efi yeƒe ga. Emegbe la, nɔvinyɔnu si tso enu la va ɖe kuku nɛ, gake esesẽ na nɔvinyɔnu si dzi wòdze agɔa le la be wòaɖe asi le nyaa ŋu. Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ne míeto nɔnɔme ma tututu me kpɔ o hã la, anɔ eme be mía dometɔ geɖe do dziku kpɔ eye míese le mía ɖokui me be míate ŋu aɖe asi le dziku ma ŋu o.

10. Nu kae míate ŋu awɔ ne ame aɖe do dziku na mí?

10 Nu kae míate ŋu awɔ ne ame aɖe do dziku na mí? Ðo ŋku edzi be Yehowa le nu sia nu kpɔm. Enya nu sia nu si me tom míele, enya nu madzɔmadzɔ siwo amewo wɔ ɖe mía ŋu. (Heb. 4:13) Esea veve ɖe mía nu ne míele nɔnɔme mawo me tom. (Yes. 63:9) Eye edo ŋugbe be yeava ɖe fu siwo kpem míele kple nu siwo me tom míele la ɖa.—Nyaɖ. 21:3, 4.

11. Ne míeɖe asi le dziku ŋu la, aleke wòɖea vi na mí?

11 Ele be míaɖo ŋku edzi hã be ne míeɖe asi le dziku ŋu la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo. Nu mae nɔvinyɔnu si dzi wodze agɔ le la va de dzesii. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva ɖe asi le nyaa ŋu. Eva ɖo ŋku edzi be ne míetsɔ ke amewo la, Yehowa hã atsɔe ake mí. (Mat. 6:14) Mebu nu si nɔvia wɔ ɖe eŋu la nu tsɛ ya o, ke hã, etiae be yeatsɔ ake. Esia wɔe be eva nɔ dzidzɔ kpɔm eye wòte ŋu yi edzi subɔ Yehowa.

FƆBUBUAMEÐOKUI FŨU AKPA

12. Nu kae míesrɔ̃ le 1 Yohanes 3:19, 20 me?

12 Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20. Mí katã míebua fɔ mía ɖokuiwo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo bua fɔ wo ɖokuiwo le nu siwo wowɔ hafi va srɔ̃ nyateƒea ta. Ame bubuwo hã bua fɔ wo ɖokuiwo le nu gbegblẽ siwo wova wɔ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la ta. (Rom. 3:23) Míedina be míawɔ nu si le eteƒe, gake “mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yak. 3:2; Rom. 7:21-23) Togbɔ be medzɔa dzi na mí ne míele fɔ bum mía ɖokuiwo o hã la, ate ŋu aɖe vi na mí le mɔ aɖe nu. Nu ka tae? Elabena ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã eye míaɖoe kplikpaa be míagawɔ vodada mawo ake o.—Heb. 12:12, 13.

13. Nu ka tae mele be míanɔ fɔ bum mía ɖokui fũu akpa o?

13 Le go bubu me la, ate ŋu adzɔ be míanɔ fɔ bum mía ɖokuiwo fũu akpa, si fia be míayi edzi anɔ fɔ bum mía ɖokuiwo nenye be míetrɔ dzi me eye Yehowa tsɔe ke mí gɔ̃ hã. Ema ya ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. (Ps. 31:10; 38:3, 4) Le mɔ ka nu? Bu nɔvinyɔnu aɖe si bua fɔ eɖokui le nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ va yi ta ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be mele be mado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me hã o, elabena ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ aɖeke megali nam o.” Mía dometɔ geɖe ate ŋu ase le mía ɖokui me nenema. Eya ta, ele be míanɔ ŋudzɔ be míagava nɔ fɔ bum mía ɖokui fũu akpa o. Aleke gbegbee dzi adzɔ Satana ye nye esi ne míena ta, evɔ Yehowa ya kpɔtɔ lɔ̃ mí!—Tsɔe sɔ kple 2 Korintotɔwo 2:5-7, 11.

14. Aleke míawɔ anya be Yehowa di be yeatsɔe ake mí?

14 Gake, agate ŋu anɔ wɔwɔm na mí be, ‘Ðe Yehowa gakpɔtɔ lɔ̃ma?’ Ne èbia nya ma ɖokuiwò la, efia be Yehowa ate ŋu atsɔe ake wò. Ƒe aɖewo va yi la, Gbetakpɔxɔ aɖe gblɔ be: “Ate ŋu adzɔ be míawɔ vodada aɖe si míewɔ va yi la ake. Ðewohĩ míete ŋu ɖe asi le nu ma ŋu hafi va dze Yehowa subɔsubɔ gɔme o. Dzi megaɖe le ƒowò o. Mègasusui be Mawu matsɔ vodada ma ake ye gbeɖe o. Nenemae Satana di be nàse le ɖokuiwò me. Ale si nèsea veve ne ègawɔ vodada ma ake la ɖee fia be mevɔ na wò o, Mawu ate ŋu atsɔe ake wò. Ne èbɔbɔ ɖokuiwò eye nèyi edzi bia Mawu be wòatsɔe ake ye yeaganɔ vodada ma ke wɔm o, eye dzitsinya nyui nanɔ ye si la, akpe ɖe ŋuwò. Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa enuenu tso kuxi ma ŋu abe ale si ko ɖevi yina fofoa gbɔ enuenu be wòakpe ɖe ye ŋu la ene, eye Yehowa alɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò.” *

15-16. Aleke ame aɖewo se le wo ɖokui me esi wova nyae be Yehowa mena ta le yewo ŋu o?

15 Efa akɔ na Yehowa subɔla gbogbo aɖewo esi wova nyae be Yehowa mena ta le yewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe aɖewoe nye esi va yi la, nuteƒekpɔkpɔ aɖe si dze le “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” me la wɔ dɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi. Le nyati ma me la, nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be nu gbegblẽ siwo yewɔ va yi na wòsesẽ na ye be yeaxɔe ase be Yehowa lɔ̃ ye. Esi wòxɔ nyɔnyrɔ ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã la, eganɔ sesem le eɖokui me nenema. Ke hã, esi wòde ŋugble le tafea ŋu la, ekpe ɖe eŋu wòva xɔe se be Yehowa lɔ̃ ye. *

16 Aleke eƒe nuteƒekpɔkpɔa kpe ɖe nɔviŋutsua ŋu? Nɔviŋutsua gblɔ be: “Esi menye sɔhɛ la, amamaɖeɖenuwo kpɔkpɔ va zu numame nam. Nyitsɔ laa la, megakpɔe ake. Mebia hamemetsitsiwo be woakpe ɖe ŋunye eye mete ŋu va ɖu edzi. Hamemetsitsiawo ka ɖe edzi nam be Mawu lɔ̃m eye wòdi be yeatsɔe akem. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, megasena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o, eye Yehowa mate ŋu atsɔe akem o. Nɔvinyɔnu sia ƒe nuteƒekpɔkpɔa kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Fifia meva se egɔme be ne mele bubum be Mawu mate ŋu atsɔe akem o la, efia be mele gbɔgblɔm be Via ƒe tafe ma gbegbe mate ŋu atutu nye nu vɔ̃a ɖa o. Medzra nyati ma ɖo ale be maxlẽe ɣesiaɣi si mese le ɖokuinye me nenema.”

17. Nu kae kpe ɖe apostolo Paulo ŋu be meva nɔ fɔ bum eɖokui fũu akpa o?

17 Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi nana míeɖoa ŋku apostolo Paulo dzi. Hafi wòava zu Kristotɔ la, ewɔ nu gbegblẽ geɖe. Paulo ɖo ŋku nu siwo wòwɔ va yi la dzi, gake meyi edzi nɔ nu mawo ŋu bum o. (1 Tim. 1:12-15) Ebu tafea be enye Mawu ƒe nunana na ye. (Gal. 2:20) Esia wɔe be meva nɔ fɔ bum eɖokui fũu akpa o, eye wòkpɔ ŋgɔ tẽe wɔ etɔ sinua le Yehowa subɔsubɔ me.

WÒ SUSU NENƆ XEXE YEYEA DZI!

Mina míaɖoe kplikpaa be míakpɔ ŋgɔ tẽe (Kpɔ memama 18-19 lia) *

18. Nu kawoe míesrɔ le nyati sia me?

18 Nu kae míesrɔ̃ esi míedzro nyati sia me? (1) Yehowae na ŋutete mí be míaɖo ŋku nu nyui siwo me míeto va yi la dzi; gake nu nyui ka ke mee míeɖato va yi o, nu nyui siwo le ŋgɔ le xexe yeyea me la ƒo wo ta sãsãsã. (2) Amewo adze agɔ le mía dzi, gake ne míetsɔe ke wo la, míatsɔ dzidzɔ ayi Yehowa subɔsubɔ dzi. (3) Ne míebua fɔ mía ɖokui fũu akpa la, míagava nɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me o. Eya ta, abe Paulo ene la, ele be míaka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke mí.

19. Aleke míewɔ nya be le xexe yeyea me la, míaɖo ŋku naneke si ana míase veve dzi o?

19 Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míava nɔ agbe tegbee. Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, míaɖo ŋku naneke si ana míase veve la dzi o. Biblia gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu be: ‘Tsãnuwo magava susu me na ame o.’ (Yes. 65:17) Wò ya bu eŋu kpɔ: Mía nɔvi Yehowa subɔla aɖewo tsi, gake le xexe yeyea me la, woagazu ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo. (Hiob 33:25) Eya ta, mina míaɖoe kplikpaa be míaganɔ nu siwo me míeto va yi la ŋu bum fũu akpa o. Ke boŋ, mina míakpɔ ŋgɔ tẽe eye míawɔ mía tɔ sinua be míate ŋu age ɖe xexe yeyea me!

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

^ mm. 5 Naneke megblẽ le eŋu be míaɖo ŋku nu siwo me míeto va yi la dzi o. Gake mímadi be míaƒe susu katã nanɔ nu mawo ŋu o, elabe esia ate ŋu awɔe be míaƒe susu mava nɔ nu siwo le dzɔdzɔm fifia kple nu siwo ava dzɔ le etsɔme la dzi o. Nyati sia adzro nu etɔ̃ siwo ate ŋu awɔe be míaƒe susu katã nava nɔ nu siwo me míeto va yi dzi la me. Azɔ hã, míadzro ale si Biblia me mɔfiamewo kple mía nɔvi aɖewo ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nu mawo la me.

^ mm. 4 NYAMEÐEÐE: Le nyati sia me la, be ame nanɔ nu siwo me wòto va yi ŋu bum la fia be ame nanɔ nu mawo ŋu bum, anɔ nu ƒom tso wo ŋu, anɔ eɖokui kpɔm le nɔnɔme mawo me fũu akpa alo anɔ esusum be nuwo de ye dzi ɣemaɣi wu fifia.

^ mm. 14 Kpɔ February 15, 1954 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 123 le Eŋlisigbe me. (June 15, 1954 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 185 le Fransegbe me.)

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Nu nyui siwo me míeto va yi ŋu bubu fũu akpa, dzikuléleɖedɔme, kple fɔbubuameɖokui fũu akpa le ko abe agba kpekpe aɖe hemee míele ene, eye woate ŋu awɔe be míayi ŋgɔ le agbemɔa dzi zɔzɔ me o.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Ne míeɖe asi le nuwɔna mawo ŋu la, míekpɔa gbɔdzɔe kple dzidzɔ eye ŋusẽ yeye ɖoa mía ŋu. Ekema míate ŋu akpɔ ŋgɔ tẽe.