Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Yehowa Meŋlɔm Be O”

“Yehowa Meŋlɔm Be O”

WODZIM le Orealla, kɔƒe aɖe si me ame 2,000 le le Guyana, le Anyiehe Amerika. Kɔƒea tso abo eye yameʋu sue alo akro koe nàte ŋu aɖo hafi ava afi ma.

Wodzim le ƒe 1983 me. Esi menɔ ɖevime la, menɔ lãmesẽ me, gake esi mexɔ ƒe ewo la, meva te vevesese le nye lãme katã. Anɔ abe ƒe eve megbe ene la, mefɔ ŋdi gbe ɖeka eye nyemegate ŋu zɔ o. Togbɔ be medze agbagba be mazɔ hã, nyemete ŋui o. Tso gbe ma gbe la, nyemegate ŋu zɔ o. Dɔlélea wɔe hã be nyemegate ŋu va nɔ kɔkɔm esi menɔ tsitsim o. Va se ɖe egbea, ɖeko megale sue abe ɖevi ene.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe tso esime medze dɔ la, Yehowa Ðasefo eve aɖewo va gbɔnye. Zi geɖe ne amedzrowo va aƒea me la, meɣlana ɖokuinye, gake gbe ma gbe la, meva ɖo dze kple nyɔnu eve siwo nye Ðasefoawo. Esi woƒo nu nam tso Paradiso ŋu la, meɖo ŋku nya siwo mese va yi esime mexɔ ƒe atɔ̃ la dzi. Ɣemaɣi la, dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Jethro, si le Suriname vaa míaƒe kɔƒea me zi ɖeka le ɣletia me va srɔ̃a Biblia kple tɔnye. Jethro wɔa nu ɖe ŋunye nyuie ŋutɔ. Melɔ̃e ale gbegbe. Meɖo ŋku edzi hã be tɔgbuinye kple mamanye kplɔam yia Ðasefowo ƒe kpekpe si wowɔna le míaƒe kɔƒea me. Eya ta, esi nɔvinyɔnu eve siwo va gbɔnye gbe ma gbe dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Florence biam nenye be madi be masrɔ̃ Biblia hã la, melɔ̃ piam.

Florence kple srɔ̃a Justus va te Biblia sɔsrɔ̃ kplim. Esi wokpɔe be nyemenya nu xexlẽ o la, wokpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ nu xexlẽ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, mexlẽa nu le ɖokuinye si. Gbe ɖeka, atsu kple asia va gblɔ nam be woɖe yewo yi Suriname be yewoavae wɔ gbeƒãɖeɖedɔa le afi ma. Nublanuitɔe la, ame aɖeke megali asrɔ̃ Biblia kplim o. Gake dzidzɔtɔe la, Yehowa meŋlɔm be o.

Eteƒe medidi o, mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Floyd va Orealla, eye eva ke ɖe ŋunye esime wònɔ gbeƒã ɖem le kɔƒea me. Esi wògblɔ nam be yedi be yeava nɔ Biblia srɔ̃m kplim la, meko alɔgbɔnu. Ebiam be, “Nu ka tae nèle alɔgbɔnu kom?” Megblɔ nɛ be mesrɔ̃ agbalẽ gbadza si nye Nu kae Mawu Di tso Mía Si? wu enu eye medze Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me gbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme. * Mena wònya nu si tae nusɔsrɔ̃a megate ŋu yi edzi o. Floyd srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa ƒe akpa susɔea kplim, gake wova ɖe eya hã dzoe yi teƒe bubu. Egadzɔ ake; ame aɖeke meli agasrɔ̃ Biblia kplim o.

Ke hã le ƒe 2004 me la, woɖo mɔɖela vevi eve siwo ŋkɔe nye, Granville kple Joshua, ɖe Orealla. Wonɔ gbeƒã ɖem le kɔƒea me eye wova ke ɖe ŋunye. Esi wobiam nenye be madi be masrɔ̃ Biblia la, meko alɔgbɔnu. Megblɔ na wo be woasrɔ̃ Sidzedze-gbalẽ bliboa kplim. Ðeko medi be makpɔ ɖa be nu siwo woafiam la sɔ kple nu siwo Ðasefo kemɛeawo fiam va yi hã. Granville gblɔ nam be yewowɔa kpekpewo le kɔƒea me. Togbɔ be ƒe ewo sɔŋ ye nye ema nyemegado le aƒe me kpɔ o hã la, medi be mayi kpekpea. Eya ta, Granville kɔm ɖe bunɔkeke me eye wòtutum yi Fiaɖuƒe Akpataa me.

Emegbea, ede dzi ƒo nam be maŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Egblɔ nam be: “Màte ŋu azɔ o, gake àte ŋu aƒo nu. Gbe ɖekaa, àƒo dutoƒonuƒo. Ava eme godoo.” Eƒe nya mawo de dzi ƒo nam ŋutɔ.

Nye kple Granville míeva nɔ gbeƒã ɖem ɖekae. Ke hã, mɔ siwo le kɔƒea mea dze-kpo-dze-ʋe si wɔe be nye kekea zazã sesẽ. Ta megblɔ na Granville be wòakɔm ɖe agbatsɔkeke me eye wòanɔ nye tem. Ema de mía dzi ŋutɔ. Mexɔ nyɔnyrɔ le April 2005 me. Eteƒe medidi o, nɔviawo na hehem be manɔ agbalẽwo kple nuƒomɔ̃wo dzi kpɔm le Fiaɖuƒe Akpataa me.

Nublanuitɔe le ƒe 2007 mea, tɔnye ku esime eƒe akroa nyrɔ. Eƒe kua dze mí kpo. Granville do gbe ɖa kpli mí eye wòzã Biblia tsɔ fa akɔ na mí. Ƒe eve megbe la, nya gbãdziname bubu aɖe gadzɔ, Granville hã ku, esime eƒe akroa nyrɔ.

Hamemetsitsi aɖeke meganɔ míaƒe hame sue si nɔ nu xam la me o, negbe subɔsubɔdɔwɔla ɖeka koe susɔ. Granville ƒe kua vem ale gbegbe, elabe xɔlɔ̃ vevi aɖee wònye nam. Etsɔ eɖokui ɖo anyi kpɔ nye ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ nam. Kwasiɖa si kplɔ eƒe kua ɖo mea, wode dɔ asi nam be maxlẽ Gbetakpɔxɔ le kpekpea me. Medze agbagba xlẽ memama gbãtɔ eveawo, gake ɖeko metsɔe na avi eye aɖatsiawo nɔ dodom blobloblo. Eva hiã be maɖi le kplɔ̃a ta.

Megava te dzidzɔkpɔkpɔ ake esi nɔviŋutsu aɖewo tso hame bubu me va kpea asi ɖe mía ŋu le Orealla. Azɔ hã, alɔdzedɔwɔƒea ɖo mɔɖela vevi aɖe si ŋkɔe nye Kojo ɖe mía gbɔ. Dzidzɔm ŋutɔ esi nɔnye kple nɔvinyeŋutsua va srɔ̃ Biblia hexɔ nyɔnyrɔ. Emegbe le March 2015 me la, woɖom subɔsubɔdɔwɔlae. Ɣeyiɣi aɖe megbea, meƒo dutoƒonuƒo zi gbãtɔ. Gbe ma gbea, meko alɔgbɔnu vie, aɖatsi hã ge le mo nam eye meɖo ŋku nya si Granville gblɔ nam be: “Gbe ɖekaa, àƒo dutoƒonuƒo, ava eme godoo,” la dzi.

Mekpɔ nɔvi siwo ƒe nɔnɔmea sɔ kple tɔnyea le JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo me. Togbɔ be nɔvi mawo nye nuwɔametɔwo hã la, wote ŋu le geɖe wɔm na Yehowa, eye wole dzidzɔ kpɔm. Nye hã nu geɖewo li mate ŋu awɔ. Eya ta didi si le menye be mazã nye ŋusẽ atsɔ awɔ geɖe na Yehowa ʋãm medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Màhase o ɖe, mese dzidzɔnya aɖe le September 2019 me! Le ɣleti ma me la, woɖom hamemetsitsi le míaƒe hame si me gbeƒãɖela 40 le la me.

Medi be mada akpe na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo srɔ̃ Biblia kplim eye wokpe ɖe ŋunye mele Yehowa subɔm la. Vevietɔ wu la, meda akpe gã aɖe na Yehowa be meŋlɔm be o.

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.