Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Onésime kple Géraldine

Yehowa Yra Ame Siwo Trɔ Yi Wo De

Yehowa Yra Ame Siwo Trɔ Yi Wo De

NƆVI gbogbo siwo ʋu le wo de yi yevuwode la dometɔ geɖe trɔ gbɔ va wo de. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple wo haviwo ʋã wo woʋu yi teƒe siwo gbeƒãɖela geɖewo hiã le. (Mat. 22:37-39) Nu kawoe wotsɔ sa vɔe, eye yayra kawoe wokpɔ? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa, na míatrɔ ɖe Afrika dukɔ si nye Cameroon ŋu.

“FIFIA MEKPƆE BE MELE LÃ ÐEM LE TEƑE NYUITƆ”

Le ƒe 1998 me la, nɔviŋutsu Onésime ʋu tso wo de Cameroon yi duta. Enɔ duta ƒe 14 sɔŋ. Esi wònɔ hame ƒe kpekpe me gbe ɖeka la, wowɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nuƒolaa gblɔ be, “Ne ame eve le lã ɖem le teƒe vovovo eye ame ɖeka le lã geɖe ɖem evɔ ame evelia ya mekpɔ lã boo aɖeke aɖe o la, ɖe mayi ɖe afi si ame gbãtɔ le be wòakpɔ lã aɖe oa?”

Kpɔɖeŋu sia na Onésime kpɔe be ele be yeatrɔ ayi yewo de Cameroon afi si amewo ɖoa to nya nyuia le la ale be yeavae kpe ɖe gbeƒãɖela siwo le afi ma la ŋu. Gake etsi dzi vie. Esi wònɔ yevuwode ʋuu ta la, ɖe wòagate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le wo dea? Be wòate ŋu anya la, etrɔ yi wo de Cameroon ɣleti ade. Emegbe le ƒe 2012 me la, eʋu va afi ma.

Onésime gblɔ be: “Ehiã be matrɔ ɖe yame ƒe nɔnɔme kple ale si agbea le le afi ma ŋu. Ehiã be magasrɔ̃ ale si wonɔa anyi ɖe bentsi dzi le Fiaɖuƒe Akpataa me.” Egblɔ fefetɔe be: “Ne metsɔ susu ɖo kpekpeawo ŋu nyuie la, ewɔnɛ be meɖea susu ɖa le zikpui bɔbɔe siwo dzi menɔ kpɔ le Fiaɖuƒe Akpata bubuwo me la dzi.”

Le ƒe 2013 me la, Onésime ɖe Géraldine, si nɔ France ƒe asieke si trɔ va Cameroon la. Yayra kawoe wokpɔ esi wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ? Onésime gblɔ be: “Míede Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku eye míesubɔ le Betel. Le ƒe si va yi me la, Biblia nusrɔ̃vi 20 ye xɔ nyɔnyrɔ le míaƒe hamea me. Fifia mekpɔe be mele lã (alo amewo) ɖem le teƒe nyuitɔ.” (Marko 1:17, 18) Srɔ̃anyɔnua gblɔ be: “Mekpɔ yayra geɖe wu ale si mekpɔ mɔe.”

DZIDZƆ SI LE NUSRƆ̃LAWƆWƆDƆA ME

Judith kple Sam-Castel

Judith ʋu yi Amerika gake edi vevie be yeawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Egblɔ be, “Ɣesiaɣi si meɖi tsa va mía de Cameroon eye ɣeyiɣia de be matrɔ adzo la, mefaa avi, elabe egahiã be magblẽ Biblia nusrɔ̃vi gbogbo aɖewo ɖi.” Gake esesẽ nɛ be wòatrɔ agbɔ va wo de Cameroon. Enɔ dɔ nyui aɖe wɔm si wɔe be wòtea ŋu kpɔa ga tsɔ kpɔa tɔa si le Cameroon ƒe atikewɔnyawo gbɔ nɛ. Ke hã, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòtrɔ gbɔ. Egblɔ be yesusua ale si agbea de ame dzi le yevuwode la ŋutɔ. Edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu eye nutome sue dzi kpɔla kple srɔ̃a de dzi ƒo nɛ.

Judith gblɔ be, “Dzi dzɔm ŋutɔ be le ƒe etɔ̃ me la, mekpe ɖe ame ene ŋu wova xɔ nyɔnyrɔ.” Judith va zu mɔɖela vevi. Fifia, eya kple srɔ̃a, Sam-Castel, wole nutome sue dzi kpɔla dɔa wɔm. Ke Judith tɔ ya ɖe? Judith kple nɔviawo te ŋu ke ɖe kɔdzi aɖe ŋu le yevuwode si lɔ̃ faa be yewoawɔ dɔ na tɔa femaxee. Dzidzɔtɔea, wowɔ dɔ na tɔa dzidzedzetɔe.

ALE SI YEHOWA KPE ÐE MÍA ŊU

Caroline kple Victor

Nɔviŋutsu si ŋkɔe nye Victor ʋu yi Canada. Esi wòxlẽ Gbetakpɔxɔ aɖe si ƒo nu tso suku kɔkɔ dede ŋu vɔ la, ebu tame tso eŋu. Edzudzɔ yunivɛsiti dede eye wòsrɔ̃ asinudɔ aɖe. Egblɔ be: “Esia kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ kaba eye wòna mete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔ si menɔ didim xoxoxo be mawɔ.” Emegbe Victor ɖe Caroline, eye woɖi tsa yi Cameroon. Esi woɖi tsa yi Cameroon ƒe alɔdzedɔwɔƒea la, wode dzi ƒo na wo be woabu eŋu kpɔ be yewoate ŋu ava subɔ le dukɔa me hã. Victor gblɔ be, “Susu aɖeke meli si ta míagbe o, eye esi míenɔa agbe tsɛ taa, míelɔ̃.” Togbɔ be lãmesẽnyawo ɖea fu na Caroline vie hã la, woʋu yi Cameroon.

Victor kple Caroline dze mɔɖeɖedɔa gɔme nɔ kpekpem ɖe ame gbogbo siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia ŋu. Le gɔmedzedzea, wonɔ agbe ɖe ga si wodzra ɖo la nu. Emegbe la, woyi vae wɔ dɔ le Canada ɣleti ʋɛ aɖewo si na wokpɔ ga vi aɖe si kpe ɖe wo ŋu wogatrɔ gbɔ va yi mɔɖeɖedɔa dzi le Cameroon. Yayra kawoe wokpɔ? Wode Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua, wova zu mɔɖela veviwo, eye fifia wonye ɣeyiɣiawo katã ƒe xɔtudɔwɔlawo. Victor gblɔ be: “Esi míelɔ̃ faa ɖe asi le agbe si me dzidzeme le ŋu la, Yehowa kpe ɖe mía ŋu.”

DZIDZƆ SI MÍEKPƆNA NE MÍEKPE ÐE AMEWO ŊU WOVA LE YEHOWA SUBƆM

Stéphanie kple Alain

Le ƒe 2002 me la, Alain, si le yunivɛsiti dem le Germany la xlẽ trakt si nye Sɔhɛwo—Agbemedɔ Kae Miawɔ? Emenyawo ʋãe wòɖo taɖodzinu yeyewo. Le ƒe 2006 me la, ede Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasukua eye woɖoe ɖe wo de Cameroon.

Le Cameroon la, ekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ nɔ wɔwɔm. Emegbea, ekpɔ dɔ aɖe si ana wòakpɔ ga geɖe, gake ekpɔe be dɔ ma wɔwɔ ana yemagawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me o. Eya ta, esi wokpee be woava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa la, elɔ̃ enumake. Eƒe dɔtɔ gblɔ be yeada ɖe ga dzi nɛ, gake Alain gbe. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe Stéphanie, si nɔ France ƒe geɖe. Kuxi kawoe Stéphanie do goe esi wòʋu va Cameroon?

Egblɔ be: “Lãmesẽnyawo meva de dzinye o, gake medea kɔdzi edziedzi eye meva kpɔ gbɔdzɔe vie.” Yehowa yra wo ɖe woƒe dzidodo ta. Alain gblɔ be: “Esi míeva ɖe gbeƒã le kɔƒe totroe aɖe si nye Katé me la, míekpɔ ame geɖe siwo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia. Emegbe la, míeva nɔ Biblia srɔ̃m kpli wo le telefon dzi. Biblia nusrɔ̃viawo dometɔ eve xɔ nyɔnyrɔ eye míeɖo gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe hã.” Stéphanie gblɔ be: “Naneke mesɔ kple dzidzɔ si gbegbe ame kpɔna ne ekpe ɖe amewo ŋu wova le Yehowa subɔm o. Subɔsubɔ le afi sia na míele dzidzɔ ma tɔgbi kpɔm.” Egbea, Alain kple Stéphanie le nutome sue dzi kpɔla ƒe dɔa wɔm.

“NU SI TUTUTU WÒLE BE MÍAWƆE NYE EMA MÍEWƆ”

Léonce kple Gisèle

Gisèle xɔ nyɔnyrɔ esi wònɔ ɖɔktasuku le Italy. Ale si mɔɖela atsu kple asi siwo srɔ̃ Biblia kplii nɔa agbe tsɛ la wɔ dɔ ɖe edzi eye wòdi be yeasrɔ̃ wo awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Eya ta, esi wòsusɔ vie wòawu suku ma nu la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme.

Gisèle di vevie be yeawɔ geɖe na Yehowa le Cameroon, gake etsi dzi vie. Egblɔ be: “Ehiã be maɖe asi le Italy ƒe dukɔmevinyenyea ŋu, agblẽ xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ɖi.” Togbɔ be enɔ alea hã la, Gisèle ʋu va tsi Cameroon le May 2016 me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eɖe Léonce. Cameroon alɔdzedɔwɔƒea tsɔe ɖo wo ŋkume be woaʋu yi Ayos, afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le.

Aleke agbea nɔ le Ayos? Gisèle gblɔ be: “Zi geɖe la akaɖinyawo ɖea fu kwasiɖa geɖe, eye míete ŋu daa míaƒe asitelefonwo ɖe dzo dzi o. Ta míetea ŋu zãa wo zi geɖe o. Mesrɔ̃ ale si maɖa nu le mlekpui dzi, eye zã mee míetsɔa tɔtsi ɖe asi tsɔa agbatsɔkeke ɖadea tɔ me, elabe ɣemaɣie amewo mesɔa gbɔ ɖe tɔa to o.” Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? Gisèle gblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔa, srɔ̃nye lɔlɔ̃a, kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo ƒe dzideƒonamenyawo kple ga kpekpeɖeŋu si wonana mí lae kpe ɖe mía ŋu.”

Ðe dzi dzɔ Gisèle be yetrɔ gbɔ va yewo dea? Eɖo eŋu kakaɖedzitɔe be: “Ɛ̃! Míeto nɔnɔme sesẽ aɖewo me eye dzi ɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi, gake esi míenya ɖu seselelãme mawo dzi ko la, nye kple srɔ̃nye míekpɔe be nu si tututu wòle be míawɔe nye ema míewɔ. Míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye fifia míeva te ɖe eŋu wu.” Léonce kple Gisèle de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua eye fifia wole ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔɖela veviwo ƒe dɔa wɔm.

Abe tɔƒodela siwo ƒo dzi nɔna wonɔa te ɖe nɔnɔme sesẽ vovovowo nu be yewoakpɔ lã geɖe aɖe ene la, nenema kee ame siwo trɔ yi wo de hã lɔ̃na faa be yewoatsɔ nu vovovowo asa vɔe be yewoakpe ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu be woase Fiaɖuƒe nya nyuia. Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si mía nɔvi siawo ɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta la be o. (Neh. 5:19; Heb. 6:10) Ne èle duta eye nèse be wohiã Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe le mia de la, ɖe nàlɔ̃ agbɔa? Ne èwɔe alea la, àkpɔ yayra geɖe.—Lod. 10:22.