Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe ŋutinyagbalẽwo ƒo nu tso Mordekai ŋua?

YUDATƆ aɖe si ŋkɔe nye Mordekai ƒe ŋkɔ dze zi geɖe le nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Esta mea me. Enye Yudatɔ aboyome si nɔ dɔ wɔm le Persia-fia ƒe fiasã me le ƒe alafa atɔ̃lia D.Y. me lɔƒo, “le [Fia] Ahasweros . . . ŋɔli.” (Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi egbea be fia ma kee nye Xerxes Gbãtɔ.) Mordekai gblẽ nugbe si woɖo be woawu fiaa me. Fiaa wɔ ɖoɖo be woade bubu Mordekai ŋu le dutoƒo atsɔ ada akpe nɛ. Emegbe wowu Haman, si lé fu Mordekai kple Yudatɔ bubuwo, eye fiaa do Mordekai ɖe ŋgɔ wòzu dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ. Esia wɔe be Mordekai te ŋu de se si kpɔ Yudatɔwo ta be wometsrɔ̃ wo ɖa le Persia Fiaɖuƒea me o.—Esta 1:1; 2:5, 21-23; 8:1, 2; 9:16.

Le ƒe alafa 20 lia mea, ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be nyakpakpae Esta ƒe agbalẽa nye, eye Mordekai menɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ o. Gake le ƒe 1941 mea, tomenukulawo ke ɖe nanewo ŋu, si anya ɖo kpe edzi be nya si Biblia gblɔ tso Mordekai ŋu nye nyateƒe. Nu kawo ŋue woke ɖo?

Numekulawo ke ɖe anyikpe aɖe si dzi Persiatɔwo ŋlɔ nu ɖo ŋu. Ŋkɔ Marduka (Eʋegbe Mordekai) dze le edzi; enye dɔdzikpɔla, alo gadzikpɔla, le Susan. Arthur Ungnad, si nya nu tso Asia Ɣedzeƒetɔwo ƒe ŋutinya ŋu, gblɔ be “tsɔ kpe ɖe Biblia ŋua,” anyikpe ma “dzi koe wogakpɔ ŋkɔ Mordekai le” ɣemaɣi.

Tso esi Ungnad gblɔ nya maa, agbalẽnyalawo va ɖe Persiatɔwo ƒe anyikpedzinuŋɔŋlɔ akpe geɖe gɔme ɖe gbe bubuwo me. Esiwo ŋu woke ɖo le Persepolis dudoa ƒe akpa si nye Kesinɔnudzraɖoƒe, si te ɖe dua ƒe gliwo ŋu, hã le wo dome. Xerxes Gbãtɔ ƒe fiaɖuɣi kee woŋlɔ wo. Woŋlɔ wo ɖe Elamgbe me, eye ŋkɔ siwo woyɔ le Esta ƒe agbalẽa me dometɔ geɖe dze le woawo hã me. a

Ale si Persiatɔwo ŋlɔ ŋkɔ Mordekai (Marduka) ɖe anyikpe dzi

Ŋkɔ Marduka dze le Persepolis nuŋlɔɖiawo dometɔ geɖe me, eye wogblɔ be enye agbalẽŋlɔla siwo nɔ Susan fiasãa me le Xerxes Gbãtɔ ƒe fiaɖuɣi dometɔ ɖeka. Nuŋlɔɖi ɖeka gblɔ be Marduka nye gbegɔmeɖela. Esia wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ tso Mordekai ŋu. Enye fiaŋume si subɔ le Fia Ahasweros (Xerxes Gbãtɔ) ƒe fiasãa me, eye wòse gbe eve ya teti. Mordekai nɔa anyi ɖe fia ƒe agbo nu le Susan fiasãa me. (Esta 2:19, 21; 3:3) Agboa nye xɔ gã nyadri aɖe, eye afi mae fiaŋumewo wɔa dɔ le.

Nu geɖe ɖi wo nɔewo le Marduka si ŋu nya wogblɔ le nuŋlɔɖiawo me kple Mordekai si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu. Wonɔ agbe le ɣeyiɣi ɖeka me le teƒe ɖeka, eye wo ame evea siaa nye fiaŋumewo wɔ dɔ le teƒe ɖeka. Esiawo katã na wòdze ƒãa be Mordekai si ŋu Esta ƒe agbalẽa ƒo nu tsoe ŋue tomenukulawo anya ke ɖo.

a Le ƒe 1992 mea, Agbalẽnyalagã Edwin M. Yamauchi ŋlɔ agbalẽ aɖe, si me wòyɔ ŋkɔ ewo siwo dze le Persepolis nuŋlɔɖiawo kple Esta ƒe agbalẽa me siaa le.