Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

Mègana Naneke Naɖe Wò Ða Le Yehowa Ŋu O

Mègana Naneke Naɖe Wò Ða Le Yehowa Ŋu O

“Ŋuwòe meɖoa ŋu ɖo, Oo Yehowa.”—PS. 31:14.

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

NYA VEVIAWO a

1. Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míate ɖe ye ŋu?

 YEHOWA kpe mí be míate ɖe ye ŋu. (Yak. 4:8) Edi be yeanye mía Mawu, mía Fofo, kple mía Xɔlɔ̃. Eɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòkpena ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Etoa eƒe habɔbɔa dzi fiaa nu mí hekpɔa mía ta. Gake nu kae míate ŋu awɔ be míate ɖe eŋu?

2. Aleke míawɔ ate ɖe Yehowa ŋu?

2 Míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ne míedoa gbe ɖa nɛ eye míexlẽa eƒe Nyaa hedea ŋugble le eŋu. Nu siawo ʋãa mí be míalɔ̃e eye míada akpe nɛ ɖe nu siwo wòwɔ na mí ta. Woʋãa mí hã be míaɖo toe eye míatsɔ kafukafu si wòdze na la anɛ. (Nyaɖ. 4:11) Ne míeva le Yehowa nyamaa, míagaka ɖe eya kple habɔbɔ si wòɖo be wòakpe ɖe mía ŋu dzi geɖe wu.

3. Aleke Abosam dzea agbagba be yeate mí ɖa tso Yehowa gbɔ, gake nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagagblẽ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ɖi o? (Psalmo 31:13, 14)

3 Abosam dzea agbagba be yeate mí ɖa tso Yehowa gbɔ, vevietɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Aleke wòwɔa esiae? Edzea agbagba be yeana be vivivia, míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o. Gake nu ka kee Satana ɖawɔ o, míate ŋu anɔ te sesĩe. Ne xɔse sẽŋu le mía si eye míeka ɖe Yehowa dzi bliboea, míagblẽ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ɖi o.—Xlẽ Psalmo 31:13, 14.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si Abosam toa ame siwo mele hamea me o dzi be yeana míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o. Míadzro mɔnu siwo wòzãna dometɔ etɔ̃ me, eye míaɖo biabia siawo ŋu: Aleke mɔnu siwo zãm Abosam le ate ŋu aɖe mí ɖa le Yehowa ŋu? Eye nu kawoe míate ŋu awɔ be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli?

NE KUXIWO ÐE KPE NA MÍ

5. Aleke kuxiwo ate ŋu awɔe be míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o?

5 Kuxi sesẽwo vaa mía dzi ɣeaɖewoɣi; le kpɔɖeŋu me, míaƒe ƒometɔwo ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu alo dɔ nage le mía si. Aleke míaƒe kuxiwo ate ŋu awɔe be míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o? Ne kuxiwo ɖe kpe na mí eteƒe didia, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí. Satana wɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ be yeana míasusu be Yehowa melɔ̃ mí o, eye be Yehowa kple eƒe habɔbɔae na míele fu kpem. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Egipte. Gbãa, woxɔe se be Yehowae dɔ Mose kple Aron ɖa be woaɖe yewo tso kluvinyenye me. (2 Mose 4:29-31) Gake emegbe esi Farao gawɔ fu Israel-viwo ɖe edzia, wogblɔ na Mose kple Aron be: “Miena míezu ame nyɔŋuwo na Farao kple eƒe subɔviwo, eye miede yi wo si be woawu mí.” (2 Mose 5:19-21) Israel-viwo bu fɔ Mose kple Aron siwo nye mawusubɔla wɔnuteƒewo ɖe woƒe fukpekpewo ta. Ewɔ nublanui loo! Ne kuxiwo ɖe kpe na wòa, aleke nàte ŋu ayi edzi aka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi?

6. Nu kae míesrɔ̃ tso nyagblɔɖila Habakuk gbɔ? (Habakuk 3:17-19)

6 Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa, eye nàna wòakpe ɖe ŋuwò. Nyagblɔɖila Habakuk to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Ɣeaɖeɣia, edze abe meka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye o ene. Eya ta edo gbe ɖa gblɔ ale si wòle sesem le eɖokui me na Yehowa. Egblɔ be: “Oo Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi manɔ ɣlidodo dzi be nàxɔ nam, gake nàgbe esese? . . . Nu ka tae nèle ameteteɖeanyi teƒe kpɔm?” (Hab. 1:2, 3) Yehowa ɖo eƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒea ƒe gbedodoɖaa ŋu. (Hab. 2:2, 3) Habakuk de ŋugble le ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo va yi ŋu, eye esia na wògakpɔ dzidzɔ ake. Eka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na ye eye akpe ɖe ye ŋu yeado dzi le xaxa ɖe sia ɖe me. (Xlẽ Habakuk 3:17-19.) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne kuxiwo ɖe kpe na wòa, do gbe ɖa na Yehowa nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me nɛ. Eyome, kpɔ esinu be wòakpe ɖe ŋuwò. Ne èwɔe alea, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ wò nàdo dzi. Eye ne èkpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwòa, àgaka ɖe edzi geɖe.

7. Nu kae Shirley ƒe ƒometɔ aɖewo dzea agbagba be yewoawɔ? Nu kae kpe ɖe Shirley ŋu wòyi edzi ka ɖe Yehowa dzi?

7 Yi edzi nàwɔ nu siwo ana nànɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Esia kpe ɖe Shirley si le Papua New Guinea ŋu esi wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. b Eƒe ƒomea da ahe; ɣeaɖewoɣia, womekpɔa nu ɖuna wòsua wo o. Eƒe ƒometɔ aɖewo ɖea alɔme le eŋu kple susu be wòagaka ɖe Yehowa dzi azɔ o. Wo dometɔ aɖe gblɔ nɛ be: “Ègblɔna be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe ye ŋu, gake kpekpeɖeŋua ɖe? Wò ƒomea ye nye ema da ahe. Eye nèle ɣeyiɣi gblẽm be yele mawunya gblɔm.” Shirley gblɔ be: “Mebia ɖokuinye be: ‘Mawu tsɔ ɖe le eme nam fia?’ Medo gbe ɖa na Yehowa enumake eye megblɔ nye dzimenyawo katã nɛ. Abe ale si mewɔnɛ xoxo enea, mexlẽa Biblia kple míaƒe agbalẽwo, eye medea gbeadzi kple kpekpeawo.” Eteƒe medidi o Shirley va kpɔe dze sii be Yehowa le kpekpem ɖe yewoƒe ƒomea ŋu. Wometsia dɔ o, eye wokpɔa dzidzɔ. Egblɔ be: “Mekpɔe be Yehowa nɔ nye gbedodoɖawo ŋu ɖom.” (1 Tim. 6:6-8) Ne èyi edzi wɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikplia, abe Shirley enea, màɖe mɔ kuxiwo alo ɖikeke naɖe wò ɖa le Yehowa ŋu o.

NE WOTI NƆVI SIWO LE ŊGƆ XƆM YOME

8. Nu kae tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu awɔ na nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm?

8 Tsitretsiɖeŋulawo toa Internet kple nyakakamɔnuwo dzi kakaa alakpanyawo tso nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋu ale be míagaka ɖe wo dzi o. (Ps. 31:13) Wolé nɔvi aɖewo eye wotso wo nu be wonye nu vlo wɔlawo. Esia tɔgbi dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me esime wolé apostolo Paulo eye wotso enu madzemadzee. Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi wɔ nui?

9. Aleke Kristotɔ aɖewo wɔ nui esime wode Paulo gaxɔ me?

9 Esi wode apostolo Paulo gaxɔ me le Romaa, nɔvi aɖewo megakpena ɖe eŋu o. (2 Tim. 1:8, 15) Nu ka tae? Ðe wòanye be ekpea ŋu na wo be amewo bua Paulo be enye nu vlo wɔla taea? (2 Tim. 2:8, 9) Alo ɖe wòanye be wovɔ̃ be amewo ava ti yewo hã yomea? Susu ka ke tae o, woƒe nuwɔna anya te ɖe Paulo dzi ŋutɔ. Ekpe fu geɖe eye wòde eƒe agbe afɔku me ɖe wo ta gɔ̃ hã. (Dɔw. 20:18-21; 2 Kor. 1:8) Mele be míawɔ nu abe nɔvi siwo gblẽ Paulo ɖi esime wòɖo xaxa me ene gbeɖe o. Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne woti nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm yome?

10. Ne woti nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm yomea, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui, eye nu ka tae?

10 Ðo ŋku nu si ta wole mía yome tim kple ame si le megbe nɛ dzi. Timoteo Ƒe Agbalẽ Evelia ta 3:12 gblɔ be: “Ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí be Satana tɔ ŋku nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm o. Edi be yeana woadzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Yehowa, eye míawo hã míavɔ̃.—1 Pet. 5:8.

Esi Paulo nɔ gaxɔ mea, dzi nɔ Onesiforo ƒo wòkpe ɖe eŋu. Egbea, mía nɔviwo kpea asi ɖe haxɔsetɔ siwo wolé de gaxɔ me ŋu, abe ale si wòdze le wɔwɔfia ƒe foto sia me ene (Kpɔ memama 11-12 lia)

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Onesiforo gbɔ? (2 Timoteo 1:16-18)

11 Yi edzi nàkpe ɖe nɔviwò Kristotɔwo ŋu eye nàku ɖe wo ŋu. (Xlẽ 2 Timoteo 1:16-18.) Onesiforo, si hã nye Kristotɔ le ƒe alafa gbãtɔ me, ya mewɔ nu abe ame susɔeawo ene o. Paulo ƒe “kɔsɔkɔsɔwo mekpe ŋu nɛ o,” ke boŋ edi Paulo ke ɖe eŋu eye wòwɔ nu vovovowo tsɔ kpe ɖe eŋu, togbɔ be esia bia be wòade eya ŋutɔ ƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã. Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Eyae nye be mele be míana amegbetɔvɔvɔ̃ nawɔe be míagblẽ mía nɔvi siwo yome tim wole ɖi o. Ele be míalɔ̃ wo, míaʋli wo ta, eye míakpe ɖe wo ŋu. (Lod. 17:17) Wohiã esia vevie.

12. Nu kae míesrɔ̃ tso mía nɔvi siwo le Russia gbɔ?

12 Bu ale si mía nɔvi siwo le Russia kpea asi ɖe woƒe haxɔsetɔ lɔlɔ̃awo siwo wolé de gaxɔ me ŋua ŋu kpɔ. Ne woadrɔ̃ nya na nɔvi aɖea, nɔvi geɖe yina va kpea asi ɖe nɔvia ŋu. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne woda alakpa ɖe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm si, wolé wo, alo wole wo yome timaa, mègavɔ̃ o. Do gbe ɖa ɖe wo ta, lé be na woƒe ƒometɔwo, eye nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui atsɔ akpe asi ɖe wo ŋu.—Dɔw. 12:5; 2 Kor. 1:10, 11.

NE WOÐE ALƆME LE MÍA ŊU

13. Ne woɖe alɔme le mía ŋua, aleke wòate ŋu awɔe be míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi o?

13 Míaƒe dɔwɔhati, sukuhati alo ƒometɔ siwo menye Ðasefo o ate ŋu aɖe alɔme le mía ŋu le esi míeɖea gbeƒã alo nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu ta. (1 Pet. 4:4) Woate ŋu agblɔ be: “Wò ŋutɔ ya ame nyuie nènye, melɔ̃ wò nya; gake miaƒe tsɔtsia le kpaɖii akpa eye tsãnuwo me koe mieléna ɖe asi.” Woate ŋu aɖe alɔme le mía ŋu le ale si míewɔa nu ɖe ame siwo woɖe le hamea me ŋu ta, agblɔ be: “Ðe nuwɔwɔ nenema ɖe lɔlɔ̃ fia?” Nya mawo ate ŋu ana míake ɖi Yehowa ƒe mɔfiamewo eye míabia mía ɖokui be: ‘Ðe wòanye be Yehowa le nu geɖe akpa biam tso asinyea? Ðe wòanye be eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo le kpaɖii akpaa?’ Ne èle nɔnɔme sia tɔgbi me tomaa, aleke nàwɔ anɔ Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu kplikplikpli?

Hiob mexɔ alakpanya siwo yeaɖi xɔlɔ̃wo gblɔ tsɔ ɖe alɔme le eŋu dzi se o. Ke boŋ, eɖoe kplikpaa be yeayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa (Kpɔ memama 14 lia)

14. Ne amewo ɖe alɔme le mía ŋu le esi míewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi taa, aleke wòle be míawɔ nui? (Psalmo 119:50-52)

14 Ðoe kplikpaa nàwɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Hiob wɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi togbɔ be esia na amewo ɖe alɔme le eŋu gɔ̃ hã. Eƒe yeaɖi xɔlɔ̃ ɖeka dze agbagba gɔ̃ hã be yeana wòaxɔe ase be eƒe nuteƒewɔwɔ mele vevie na Mawu o. (Hiob 4:17, 18; 22:3) Gake Hiob mexɔ alakpanya mawo dzi se o. Enya be Yehowa ƒe nudidiwo le nyui kple vɔ̃ ŋu le eteƒe eye eɖoe kplikpaa be yeawɔ wo dzi. Meɖe mɔ ame aɖeke na wòdzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu o. (Hiob 27:5, 6) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Mègana amewo ƒe alɔmeɖenyawo nana nàke ɖi Yehowa ƒe nudidiwo o. De ŋugble le nu siwo dzɔ le wò ŋutɔ wò agbe me ŋu kpɔ. Ðe mèkpɔe be Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ ɖe vi na wò oa? Ðoe kplikpaa nànɔ habɔbɔ si dea asixɔxɔ nudidi mawo ŋu me. Ne èwɔe alea, aleke kee amewo aɖu fewu le ŋuwò o, esia maɖe wò ɖa le Yehowa ŋu gbeɖe o.—Xlẽ Psalmo 119:50-52.

15. Nu ka tae amewo ɖu fewu le Brizit ŋu?

15 Bu nu si me Nɔvinyɔnu Brizit si le India to ŋu kpɔ. Eƒe ƒometɔwo ɖu fewu le eŋu le esi wòɖoe be yeasubɔ Yehowa ta. Esi wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1997 me megbe kpuiea, dɔ ge le srɔ̃a, si menye Ðasefo o si. Eya ta ŋutsua tso nya me be ye kple Brizit, kpakple yewo vinyɔnuawo yewoaʋu ava nɔ ye dzilawo gbɔ le du bubu me. Esia na mía nɔvinyɔnua gado go kuxi bubuwo. Esi srɔ̃a mekpɔ dɔ o taa, ewɔa dɔ kwasiɖa bliboa tsɔna kpea asi ɖe ƒomea ŋu. Azɔ hã, hame si te ɖe eŋu wua gbɔ didi kilometa 350 sɔŋ. Nublanuitɔea, ŋutsua ƒe ƒometɔwo ti mía nɔvinyɔnua yome le eƒe xɔse ta. Yometitia nu va sẽ ale gbegbe be wogaʋu yi teƒe bubu. Ɣeyiɣi aɖe megbea, ŋutsua va ku kpata. Eyome kansa wu wo vinyɔnuvi etɔ̃lia esi wòxɔ ƒe 12 pɛ ko. Nu si gagbã dzi na mía nɔvia wue nye be eƒe ƒometɔwo bu fɔe be eyae na nu mawo dzɔ. Wogblɔ be ne ɖe mezu Ðasefo oa, afɔku mawo madzɔ ɖe edzi o. Le esiawo katã mea, mía nɔvia yi edzi ka ɖe Yehowa dzi eye wònɔ habɔbɔa ŋu kplikplikpli.

16. Aleke Yehowa yra Brizit ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta?

16 Esi Brizit gbɔ didi tso hamea gbɔ taa, nutome sue dzikpɔla de dzi ƒo nɛ be wòanɔ gbeƒã ɖem le woƒe nutoa me eye wòanɔ kpekpeawo wɔm le aƒe me. Gbãa, mía nɔvia kpɔe be manya wɔ na ye o. Gake ewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Eɖe gbeƒã nya nyuia na amewo, ewɔ kpekpeawo le aƒe me, eye eɖo ɣeyiɣi wɔa ƒometadedeagu kple viawo. Nu kae do tso eme? Eva nɔ Biblia srɔ̃m kple ame geɖe eye wo dometɔ geɖe va xɔ nyɔnyrɔ. Le ƒe 2005 mea, ezu gbesiagbe mɔɖela. Yehowa yra mía nɔvia ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta. Vianyɔnuawo le Yehowa subɔm eye hame eve le nuto ma me egbea! Brizit ka ɖe edzi be Yehowae do ŋusẽ ye be yete ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye yenɔ te sesĩe esime ƒometɔwo ɖe alɔme le ye ŋu.

NƆ YEHOWA KPLE EƑE HABƆBƆA ŊU ÐAA

17. Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?

17 Satana di be míaxɔe ase be ne míele xaxawo me tomaa, Yehowa agblẽ mí ɖi, eye ɖeko eƒe habɔbɔa ana agbea nasesẽ na mí. Satana di be míavɔ̃ ne wogblẽ nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm ŋu, woti wo yome, alo wode wo gaxɔ me. Eye edi be amewo naɖe alɔme le mía ŋu ale be míagaka ɖe Yehowa ƒe nudidiwo kple habɔbɔa dzi o. Gake míenya Satana ƒe tameɖoɖo vɔ̃awo nyuie, eye míana eƒe mɔ̃ naɖe mí o. (2 Kor. 2:11) Ðoe kplikpaa nàgbe Satana ƒe alakpanyawo eye nàku ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa magblẽ wò ɖi akpɔ o. (Ps. 28:7) Ɛ̃, mègana naneke nama wò kple Yehowa dome o!—Rom. 8:35-39.

18. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Le nyati sia mea, míekpɔe be ame siwo mele hamea me o ƒe nuwɔna ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi. Gake nanewo ate ŋu adzɔ le hamea me hã si ado mí kpɔ. Ne edzɔ nenemaa, aleke míawɔ anɔ te sesĩe aku ɖe Yehowa ŋu? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 118 Na Xɔse Geɖe Mí

a Hafi míate ŋu ado dzi awɔ nuteƒe le ŋkeke mamlɛ siawo mea, ele be míaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi. Abosam dzea agbagba toa mɔ vovovowo dzi be yeana míagawɔ esia o. Míadzro mɔ mawo dometɔ etɔ̃ me, eye míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.