Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

“Medi Be Mawɔ Dɔ Na Yehowa”

“Medi Be Mawɔ Dɔ Na Yehowa”

ƔEYIƔIA de be míadzo le ame ʋɛ siwo míeva srã kpɔ le Granbori kɔƒea gbɔ lɔƒo le Suriname ave dodowo me gbɔ. Míedo baibai na wo, eye míeɖo tɔdziʋu aɖe dze mɔ le Tapanahoni Tɔsisia dzi. Esi míeva ɖo teƒe si tɔa le sisim le kabakabaa, tɔdziʋua ƒe mɔ̃a lɔ kpe aɖe le tɔa me. Enumake mí kple ʋua katã míenyrɔ. Nye dzi tso eye mevɔ̃ ŋutɔ. Togbɔ be mezɔ tɔ dzi ƒe geɖe le nutome sue dzikpɔkpɔdɔa me hãa, nyemenya tsiƒuƒu o!

Hafi magblɔ nu si dzɔ kplɔe ɖo na wòa, na magblɔ ale si mewɔ va dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme na wò.

Wodzim le Karib-ƒukpo dzeani si nye Curaçao dzi le ƒe 1942 me. Tɔnye tso Suriname, gake dɔwɔɖui na wòʋu va nɔ ƒukpo ma dzi. Exɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo ƒe aɖewo hafi dzim; eya hã le ame gbãtɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒukpoa dzi dome. a Esrɔ̃a Biblia kpli mí viawo kwasiɖa sia kwasiɖa, togbɔ be míenana esia nɔa bɔbɔe nɛ o hã. Esi mexɔ ƒe 14 la, tɔnye na míetrɔ yi Suriname ale be wòate ŋu akpɔ nɔa tsitsia dzi.

XƆLƆ̃ NYUIWO DZEDZE ÐE VI NAM

Mede ha kple sɔhɛ siwo tsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu le hamea me le Suriname. Ðeko wotsi wum vie, gake wonye gbesiagbe mɔɖelawo. Ne wole nu ƒom tso nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si le gbeadzi ŋua, àkpɔe be dzi le wo dzɔm. Medze xɔ̃ wo, eye ne míekpa le hame ƒe kpekpewoa, nye kpli wo míenɔa xexe ɖoa dze tso Biblia me nyati vovovowo ŋu. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔ nu si medi be mawɔ le agbe me; medi be mawɔ dɔ na Yehowa. Eya ta mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 16. Eye mezu gbesiagbe mɔɖela esi mexɔ ƒe 18.

MESRƆ̃ NU VEVIWO LE MƆÐEÐEDƆA ME

Esime menye mɔɖela le Paramaribo

Tso esime medze mɔɖeɖedɔa gɔmea, mesrɔ̃ nu vevi geɖe siwo ɖe vi nam le agbe me. Ðekae nye ale si gbegbe wòle vevie be míana hehe amewo. Esi mezu mɔɖelaa, dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Willem van Seijl hem ɖe eɖokui ŋu. b Efiam ale si makpɔ dɔdeasi vovovowo gbɔ le hamea me. Nyemenya be hehe ma ava ɖe vi nam ale gbegbe o. Ƒe si kplɔe ɖo mea, woɖom mɔɖela vevi eye meva nɔ asi kpem ɖe ƒuƒoƒo saɖeaga aɖewo ŋu le Suriname ƒe avetsuwo me. Mekpɔe be hehe si nɔvi vovovowo nam la va ɖe ɣeyiɣi dzi, eye meda akpe ɖe eta. Tso ema dzia, nye hã medzea agbagba be masrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu ana hehe amewo.

Nu evelia si mesrɔ̃e nye be eɖea vi ne míenɔ agbe tsɛ eye míewɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie. Ɣleti ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedzea, nye kple nɔviŋutsu si nɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔm ɖekae míenɔa anyi wɔa ɖoɖo ɖe nu vevi siwo míazã le ɣleti si gbɔna me ŋu. Eyome mía dometɔ ɖeka zɔa mɔ yia keke dugãa me ke va ƒlea wo. Míekpɔa egbɔ be míezã ga kple nuɖuɖu yakayaka o, ale be woagavɔ hafi ɣletia nawu enu o. Ne nane vɔ le mía sia, asesẽ be míakpɔ ɖe le ame aɖe gbɔ le kɔƒea me. Meka ɖe edzi be ale si mesrɔ̃e tso ɖevime be manɔ agbe tsɛ eye mawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuiea kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ dɔ na Yehowa le nye agbe me katã.

Nu etɔ̃lia si mesrɔ̃e nye be eɖea vi ne míefia nu amewo le wo degbe me. Medoa Netherlandgbe, Eŋlisigbe kple Papiamentogbe. Medoa Sranantongogbe hã (si wogayɔna be Sranangbe), si nye gbe si koŋ wodona le Suriname. Gake le aveawo mea, mekpɔ be amewo xɔa nyaa nyuie ne woɖe gbeƒã na wo le wo degbe me. Woƒe gbeawo sesẽ ŋutɔ eye ɖewo metoa mɔ ɖeka o. Gake medze agbagba srɔ̃ wo. Esia na mete ŋu fia nyateƒea ame geɖe le wo degbe me.

Gake ema mefia be meɖu tu na gbeawo nyuie o. Edzɔ gbe ɖeka be medi be mabia Biblia nusrɔ̃vi aɖe be aleke wòfɔe hã, elabe mese be dɔme nɔ eɖum. Gake nya si mebiae boŋue nye be ɖe wòfɔ fu hã. Esia medo dzidzɔ nɛ kura o. Taa, magblɔ be meda vo zi geɖe, gake nyemena ta o; medze agbagba ɣesiaɣi be maƒo nu kple amewo le wo degbe me.

WODE DƆ BUBUWO ASI NAM

Woɖom nutome sue dzikpɔla le ƒe 1970 me. Le ƒe ma mea, habɔbɔa de fotoɖeɖefia ƒe ɖoɖo aɖe to me si wona ŋkɔe be “Tsaɖiɖi Le Yehowa Ðasefowo Ƒe Xexea Me Katã Ƒe Dɔwɔƒegã.” Nye kple nɔvi aɖewo míeɖoa tɔdziʋu lɔbɔɔ aɖe yia teƒe saɖeagawo vɛ ɖea fotoawo fiaa amewo. Míedea elɛktrikŋusẽnamɔ̃ (alo generator), petrol, akaɖiwo, kple mɔ̃ si míatsɔ aɖe fotoawo tɔdziʋua me. Ne míeva ɖi vɔa, fifia hafi míagafɔ nu mawo katã ayi teƒe si míakpe kple ameawo le. Gake nu si dzi meɖoa ŋkui le ɖoɖo ma ŋue nye ale si ame siwo le teƒe saɖeagawo lɔ̃ fotoawo kpɔkpɔ. Dzi dzɔam be makpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi ŋu. Nu nyui siwo do tso dɔ si mewɔ na Yehowa mea ƒo nu siwo metsɔ sa vɔe ta sãsãsã.

MEÐE SRƆ̃

Nye kple Ethel míeɖe srɔ̃ le September 1971 me

Togbɔ be trenɔnɔ na wònɔ bɔbɔe nam be mawɔ nye dɔdeasiwo nyuie hãa, mekpɔe be mehiã kpeɖeŋutɔ. Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòanam nyɔnu nyui aɖe si alɔ̃ faa be yeado dzi awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa kplim le anyigbamama sesẽ sia me kple dzidzɔ. Abe ƒe ɖeka ene megbea, mete zɔzɔ kple Ethel, si nye mɔɖela vevi aɖe si tsɔa eɖokui saa vɔ wɔa Yehowa ƒe dɔa. Tso ɖevime kea, apostolo Paulo ƒe ŋutinyaa wɔa dɔ ɖe Ethel dzi eye wòdina be yeawɔ subɔsubɔdɔa abe eya ene. Míeɖe srɔ̃ le September 1971 me eye Ethel va wɔ ɖeka kplim le nutome sue dzikpɔkpɔdɔa me.

Ƒome si dzi nu mede tututu o mee Ethel tsi le, eya ta mesesẽ nɛ be wòatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu le mɔzɔzɔdɔa me o. Le kpɔɖeŋu me, ne míeyina hame aɖe srã ge kpɔa, nu ʋɛ aɖewo koe míetsɔna. Tɔ mee míelea tsi le, eye emee míenyaa nu le. Míeɖua nu sia nu si wona mí, eɖanye tɔmelã alo lã si woda ade lé; ete ŋu nyea tɔmelã si woyɔna be piranha, alo adoglo aɖe ƒomevi si woyɔna be iguana. Ne agba kple gati meli oa, míetsɔa asi ɖua nu le akɔɖuŋgba me. Nye kple Ethel míekpɔe be mía ɖokui tsɔtsɔ sa vɔ be míawɔ dɔ na Yehowa ɖekae na míegate ɖe eya amea kple mía nɔewo ŋu geɖe abe ka etɔ̃ si wogbi ene. (Nyagb. 4:12) Míede asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si ŋu ŋutɔ!

Esi míevɛ srã nɔviwo kpɔ le teƒe saɖeaga aɖe eye míetrɔ gbɔna ye nu si ŋu meƒo nu tsoe le ŋutinyaa ƒe gɔmedzedze dzɔ ɖe mía dzi. Esi tɔdziʋua nyrɔa, eteƒe medidi o egaho ɖe dzi. Míeda akpe be míedo awu si wodona ɖe awu dzi be woaganyrɔ o, eye mía dometɔ aɖeke mege le ʋua me o. Gake tsi ɖɔ míaƒe tɔdziʋua. Eya ta míetrɔ míaƒe nuɖuɖuwo ƒu gbe ɖe tɔa me eye míezã agbaawo tsɔ kpa tsia le ʋua me.

Esi nuɖuɖu megale mía si o taa, míedze agbagba ʋuu be míaɖe lã le tɔa me gake míaƒe asi meka ɖeke o. Míedo gbe ɖa na Yehowa be wòana nu si míaɖu gbe ma gbe mí. Esi míenya do gbe ɖa vɔ koa, nɔviŋutsu ɖeka da ƒu eye wòɖe lã gã aɖe si mí ame atɔ̃a míete ŋu ɖu fiẽ ma ɖi ƒo.

MÍEDZI VI, GAKE MÍEGAYI MƆZƆZƆDƆA DZI

Esi nye kple Ethel míewɔ mɔzɔzɔdɔa ƒe atɔ̃ megbea, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si míenɔ mɔ kpɔm na o mí; eyae nye be míazu dzilawo. Esi mese be Ethel fɔ fua, dzi dzɔm ŋutɔ togbɔ be nyemenya ale si nuwo ava nɔ na mí o hã. Míaƒe didi vevie nye be míayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi ne anya wɔ. Le ƒe 1976 mea, míedzi mía viŋutsu gbãtɔ Ethniël. Ƒe eve kple afã megbea, míedzi ŋutsuvi evelia si nye Giovanni.

Mele eteƒe wole amewo nyrɔm le Tapanahoni Tɔsisi si te ɖe Godo Holo ŋu me le Suriname ƒe ɣedzeƒe, le ƒe 1983 me

Esi kpekpeɖeŋu hiã le Suriname ɣemaɣi taa, alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be mayi nutome sue dzikpɔkpɔdɔa dzi togbɔ be viwo le mía si hã. Esi ɖeviawo le suea, wona mesubɔ nutome sue siwo ƒe hamewo mesɔ gbɔ o. Esia wɔe be mesubɔa hamewo kwasiɖa eve alo etɔ̃ le ɣletia me, eye mezãa kwasiɖa susɔea tsɔna wɔa mɔɖeɖedɔa le míaƒe hamea me. Ethel kple ɖeviawo kplɔam ɖo ne meyina hame siwo gbɔ medidi o subɔ ge. Gake ne hamea gbɔ didi alo meyina takpekpe aɖe dzi kpɔ gea, nye ɖeka meyina.

Meɖo tɔdziʋu enuenu vɛ srã hame saɖeagawo kpɔ le mɔzɔzɔdɔa me

Ehiã be mawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu nyuie ale be mate ŋu atsɔ nye agbanɔamedziwo katã. Mekpɔa egbɔ be míewɔ ƒomenusɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne mezɔ mɔ yi hame siwo le adzɔge srã ge kpɔa, Ethel srɔ̃a nu kple ɖeviawo. Gake zi geɖea, ƒomea wɔa nu ɖekae ne anya wɔ. Mía kple ɖeviawo míeɖea modzaka ɖekae; ɣeaɖewoɣia, mía kpli wo míefea fefe alo ɖia tsa. Menɔa zã dzi zi geɖe nɔa nye dɔdeasiwo gbɔ kpɔm. Ethel le abe nyɔnu zãzɛ si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 31:15 ene; efɔna kaba dzraa nu sia nu ɖo nyuie ale be míate ŋu axlẽ gbesiagbe mawunyakpukpuia eye míaɖu nu ɖekae hafi ɖeviawo nayi suku. Medaa akpe be srɔ̃nye tsɔa eɖokui saa vɔ kpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi ale be mate ŋu akpɔ asinu awɔ dɔ siwo Yehowa de asi nam!

Míedze agbagba kpe ɖe mía viawo ŋu be woalɔ̃ Yehowa kple subɔsubɔdɔa. Míaƒe didie nye be woava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, gake míedi be míazii ɖe wo dzi o, ke boŋ woawo ŋutɔ natiae be yewoawɔe. Míegblɔa ale si ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔe na wo. Míeɖea eme na wo be togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽwo me ɣeaɖewoɣi hãa, Yehowa kpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu eye wòyra mí. Azɔ hã, míekpɔa egbɔ be wode ha kple nɔvi siwo tsɔ Yehowa subɔsubɔ nu vevii.

Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na mí. Gake nye ŋutɔ hã medzea agbagba wɔa tɔnye sinua. Esime menye tre nɔ mɔɖeɖedɔa wɔmaa, mesrɔ̃e be mawɔ ɖoɖo ɖe nu ŋu eye mazã ga nyuie. Gake aleke kee míedze agbagbae o, nuwo meyina ale si míekpɔ mɔe ɣesiaɣi o. Ne edzɔ alea, Yehowa kpena ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1980-awo ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒoa, ʋunyaʋunya yi edzi le Suriname. Ƒe mawo mea, esesẽ be míakpɔ agbemenuhiahiã veviwo gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. Gake Yehowa kpɔ wo gbɔ na mí.—Mat. 6:32.

MÍEKPƆTƆ LE DƆ DZI VEVIE LE MÍAƑE TSITSIME

Tso miame yi ɖusime: Nye kple srɔ̃nye Ethel

Mía viŋutsu tsitsitɔ Ethniël kple srɔ̃a Natalie

Mía viŋutsu Giovanni kple srɔ̃a Christal

Yehowa lé be na mí le míaƒe agbe me katã; ena míekpɔ dzidzɔ eye míaƒe dzi dze eme. Mía viawo nye nunana nyui aɖe tso Yehowa gbɔ eye mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míehe wo wole esubɔm. Edzɔ dzi na mí be woawo hã wotiae be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le woƒe agbe me katã. Ethniël kple Giovanni siaa de habɔbɔa ƒe sukuwo eye woxɔ hehe geɖe; fifia wole subɔsubɔm kple wo srɔ̃wo le Suriname alɔdzedɔwɔƒea.

Fifia nye kple Ethel míetsi ŋutɔ, gake míeganye mɔɖela veviwo. Míegale Yehowa ƒe dɔa dzi vevie ale gbegbe be va se ɖe fifia, nyemekpɔ srɔ̃ tsiƒuƒu o! Gake mevem kpɔ o. Ne metrɔ kpɔ megbea, mate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be tiatia si mewɔ le nye sɔhɛmenɔɣi be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le nye agbe me katã ye nye nyametsotso vevitɔ si mewɔ le agbe me.

b Àkpɔ Nɔviŋutsu Willem van Seijl ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Yehowa Yram Wu Ale Si Mekpɔ Mɔe” le October 8, 1999 ƒe Nyɔ! me (ele yevugbe me).