Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

Nɔ Te Sesĩe Be Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa Ɣesiaɣi

Nɔ Te Sesĩe Be Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa Ɣesiaɣi

“Nɔ mo xexi le nuwo katã me.”—2 TIM. 4:5.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

NYA VEVIAWO a

1. Nu kae wòfia be míanɔ mo xexi? (2 Timoteo 4:5)

 KUXI aɖewo ate ŋu ado mo ɖa siwo ana wòasesẽ na mí be míawɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa. Aleke míawɔ anɔ te ɖe kuxi mawo nu? Eyae nye be míanɔ mo xexi, míanɔ ŋudzɔ eye míali ke le xɔse me. (Xlẽ 2 Timoteo 4:5.) Be míanɔ mo xexi fia be míanɔ te sesĩe, míafa tu, míabu nuwo ŋu nyuie, eye míana Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu nasu mía si. Ne míewɔ nu alea, míaƒe seselelãmewo makpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi o.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati si do ŋgɔ mea, míekpɔ ale si ame siwo mele hamea me o ƒe nuwɔna ate ŋu ado mí kpɔ be míawɔ nuteƒe hã. Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siwo ate ŋu ado mo ɖa le hamea me, si ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa la me. Woawoe nye (1) ne míese le mía ɖokui me be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o, (2) ne wohe to na mí, kple (3) ne esesẽ na mí be míatrɔ ɖe tɔtrɔ siwo habɔbɔa wɔ ŋu. Nu kawoe míate ŋu awɔ be míanɔ mo xexi eye míaku ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ ne nu mawo do mo ɖa?

NE MÍESE LE MÍA ÐOKUI ME BE NƆVI AÐE MEWƆ NU ÐE MÍA ŊU NYUIE O

3. Aleke míewɔa nui ɣeaɖewoɣi ne míese le mía ɖokui me be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o?

3 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be nɔvi aɖe, ɖewohĩ enye hamemetsitsi gɔ̃ ha, mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie oa? Anɔ eme be menye ɖe wòɖoe o. (Rom. 3:23; Yak. 3:2) Gake nu si wòwɔa ve wò. Ðewohĩ ètsi zãdomadɔlɔ̃e nɔ eŋu bum. Ànya bia ɖokuiwò gɔ̃ hã be, ‘Ne nɔvi awɔ nu alea, ke Mawu ƒe habɔbɔ ŋutɔŋutɔe nye esia?’ Aleae Satana di be míawɔ nui. (2 Kor. 2:11) Ne míebua nuwo ŋu nenemaa, ate ŋu ana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye míado le eƒe habɔbɔa me. Ne míese le mía ɖokui me be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie oa, aleke míawɔ anɔ mo xexi eye míabu nuwo ŋu nyuie?

4. Aleke Yosef fa tu esi womewɔ nu ɖe eŋu nyuie o, eye nu kae míesrɔ̃ tso egbɔ? (1 Mose 50:19-21)

4 Mègalé dziku ɖe dɔme o. Esi Yosef nye ƒewuivia, foawo wɔ ŋlɔmi le eŋu. Wolé fui, eye wo dometɔ aɖewo di be yewoawui gɔ̃ hã. (1 Mose 37:4, 18-22) Mlɔebaa, wodzra Yosef wòzu kluvi. Esia na wòkpe fu abe ƒe 13 sɔŋ ene. Yosef ate ŋu asusu be Yehowa melɔ̃ ye o eye be egblẽ ye ɖi esime yeɖo xaxa me. Gake Yosef melé dziku ɖe dɔme o. Ke boŋ, enɔ mo xexi eye wòfa tu. Esi mɔnukpɔkpɔ su esi be wòawɔ wɔɖenuia, mewɔe o, ke boŋ eɖee fia foawo be yelɔ̃ wo eye yetsɔ ke wo. (1 Mose 45:4, 5) Yosef te ŋu wɔ nu alea elabe ebu nuwo ŋu nyuie. Metsɔ susu ɖo eƒe kuxiwo ŋu o, ke boŋ etsɔ susu ɖo nu vevitɔ si nye Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu. (Xlẽ 1 Mose 50:19-21.) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne èle nɔnɔme sesẽwo me tomaa, mègado dziku ɖe Yehowa ŋu alo asusu be egblẽ ye ɖi o. Ke boŋ de ŋugble le ale si wòle kpekpem ɖe ŋuwò nèle dzi dom ŋu. Eye ne amewo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o hãa, wò ya lɔ̃ wo eye nàtsɔ ake wo, elabe “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Pet. 4:8.

5. Aleke Miqueas wɔ nu esi wòse le eɖokui me be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o?

5 Bu hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Miqueas si tso Anyiehe Amerika ŋu kpɔ. b Ese le eɖokui me ɣeaɖeɣi va yi be nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm dometɔ aɖewo mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie kura o. Egblɔ be: “Ete ɖe dzinye vevie, metsi dzimaɖi. Naneke mena mese veve nenema kpɔ o. Metsia zãdomadɔlɔ̃e nɔa avi fam, elabe nyemate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o.” Gake mía nɔviŋutsua fa tu eye wòdze agbagba ɖu eɖokui dzi. Edo gbe ɖa na Yehowa enuenu be wòado ŋusẽ ye eye wòana gbɔgbɔ kɔkɔea ye. Azɔ hã eku nu me di nyati siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne èse le ɖokuiwò me be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie oa, mègalée ɖe dɔme o, ke boŋ fa tu eye nàɖu ɖokuiwò dzi. Ðewohĩ mènya nu si tae nɔvia ƒo nu na wò alo wɔ nu ɖe ŋuwò nenema o. Eya ta, do gbe ɖa nàbia Yehowa wòakpe ɖe ŋuwò nàtsɔ ɖokuiwò aɖo nɔvia teƒe. Esia ana susu nyui nanɔ asiwò ɖe nɔviwòa ŋu be menye ɖe wòɖoe o, eye nàŋe aɖaba aƒu eƒe vodada dzi. (Lod. 19:11) Ðo ŋku edzi be Yehowa nya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me, eye ado ŋusẽ wò nàdo dzi.—2 Kron. 16:9; Nyagb. 5:8.

NE WOHE TO NA MÍ ALO ÐƆ MÍ ÐO

6. Nu ka tae wòle be míade dzesii be Yehowa hea to na mí le esi wòlɔ̃ mí ta? (Hebritɔwo 12:5, 6, 11)

6 Togbɔ be tohehe ɖea vi hãa, evena. Gake mele be míatsɔ susu aɖo vevesesea ŋu o, elabe ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be tohehea mesɔ o alo enu sẽ akpa. Esia ate ŋu awɔe be nu vevi si wòle be míade dzesi le tohehe ŋu nato mía ŋu; eyae nye be Yehowa hea to na mí le esi wòlɔ̃ mí ta. (Xlẽ Hebritɔwo 12:5, 6, 11.) Ne míaƒe susu katã le vevesesea ŋua, esia ana míadze Satana ƒe mɔ̃ me. Satana di be míagbe tohehea eye vɔ̃ɖitɔ wua, míate ɖa le Yehowa kple hamea gbɔ. Ne wohe to na wòa, aleke nàte ŋu aɖee afia be yele mo xexi?

Esi Petro lɔ̃ faa woɖɔe ɖo taa, Yehowa zãe le mɔ geɖe nu (Kpɔ memama 7 lia)

7. (a) Abe ale si wòdze le nɔnɔmetataa me enea, aleke Yehowa zã Petro esi woɖɔe ɖo megbe? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso Petro gbɔ?

7 Lɔ̃ woaɖɔ wò ɖo eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Yesu ɖɔ Petro ɖo le apostolo susɔeawo ŋkume zi eve ya teti. (Marko 8:33; Luka 22:31-34) Ŋu anya kpe Petro ya, gake eyi edzi wɔ nuteƒe na Yesu. Elɔ̃ woɖɔe ɖo eye wòsrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me. Yehowa yra Petro le eƒe nuteƒewɔwɔ ta, eye wòde dɔ veviwo esi le hamea me. (Yoh. 21:15-17; Dɔw. 10:24-33; 1 Pet. 1:1) Nu kae míesrɔ̃ tso Petro gbɔ? Ne ŋu kpe mí le esi woɖɔ mí ɖo taa, mele be míaƒe susu nanɔ ema ŋu o, ke boŋ míaxɔ aɖaŋuɖoɖoa eye míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ne míewɔe alea, aɖe vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo. Azɔ hã, ana Yehowa nazã mí eye míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu geɖe.

8-9. Aleke Bernardo se le eɖokui me esi wohe to nɛ, gake aleke wòwɔ ɖɔ eƒe nuŋububu ɖo?

8 Bu nu si dzɔ ɖe Nɔviŋutsu Bernardo si tso Mozambique dzi ŋu kpɔ. Woxɔ hamemetsitsidɔ le esi. Aleke Bernardo se le eɖokui me? Egblɔ be: “Nyemekpɔe be tohehea sɔ o, taa melé dziku ɖe dɔme.” Etsi dzi ɖe ale si hamea me tɔwo abui ŋu. Egblɔ be: “Exɔ ɣleti aɖewo hafi susu nyui va su asinye ɖe tohehea ŋu eye megava ka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi ake.” Nu kae kpe ɖe Bernardo ŋu?

9 Bernardo ɖɔ eƒe nuŋububu ɖo. Egblɔ be: “Esi menye hamemetsitsia, mezãa Hebritɔwo 12:7 tsɔna dea dzi ƒo na nɔviwo be susu nyuitɔ nanɔ wo si ɖe tohehe ŋu. Taa mebia ɖokuinye be, ‘Ame kawoe wòle be woawɔ ɖe kpukpui ma me nyawo dzi?’ Yehowa subɔlawo katãe; nye hã mele eme.” Bernardo wɔ nu bubuwo hã si na wògaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi ake. Exlẽa Biblia zi geɖe wu tsã, eye wòdea ŋugble le eŋu geɖe wu. Togbɔ be egatsi dzi ɖe ale si nɔviwo abui ŋu hãa, edea gbeadzi kpli wo eye wòdea kpekpeawo heɖoa nya ŋu. Ɣeyiɣi aɖe megbea, wogaɖoe hamemetsitsi. Ne wohe to na wò eye ŋu kpe wòa, mègatsɔ susu ɖo ema ŋu o, ke boŋ lɔ̃ nàxɔ aɖaŋuɖoɖoa eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. c (Lod. 8:33; 22:4) Ne èwɔe alea, àku ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu goŋgoŋ eye ayra wò.

NE ESESẼ NA MÍ BE MÍATRƆ ÐE TƆTRƆ SIWO HABƆBƆA WƆ ŊU

10. Tɔtrɔ kae do Israel ŋutsu aɖewo kpɔ?

10 Ne habɔbɔa wɔ tɔtrɔwoa, esia ate ŋu ado mí kpɔ alo ate mí ɖa tso Yehowa gbɔ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, bu tɔtrɔ aɖe si Yehowa wɔ le Israel ŋu kpɔ. Hafi Yehowa nana Sea woa, ƒome ƒe tawoe wɔa nunɔladɔwo. Woɖia vɔsamlekpuiwo eye wonɔa ƒomea teƒe saa vɔ na Yehowa. (1 Mose 8:20, 21; 12:7; 26:25; 35:1, 6, 7; Hiob 1:5) Gake esi Yehowa na Sea woa, womegaɖe mɔ be ƒome ƒe tawo nawɔ dɔ mawo o. Yehowa ɖo nunɔlawo tso Aron ƒe ƒomea me be woasa vɔwo. Tso ema dzia, ne ƒome ƒe ta aɖe si metso Aron ƒe ƒomea me o tee kpɔ be yeasa vɔa, woate ŋu awui. d (3 Mose 17:3-6, 8, 9) Ðe wòanye be tɔtrɔ ma hã nye susu siwo tae Kora, Datan, Abiram, kple tatɔ 250-awo dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋua dometɔ ɖeka? (4 Mose 16:1-3) Míenya o. Gake nu ka ke gbɔe wòɖatso o, Kora kple etɔwo meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Ne habɔbɔa trɔ nane eye wòle sesẽm na wò be nàtrɔ ɖe eŋua, nu kae nàte ŋu awɔ?

Kohat viwo lɔ̃ faa wɔ dɔ bubu siwo wode wo si; ɖewo nye hadzilawo, ɖewo nye agbonudzɔlawo, eye ɖewo wɔ dɔ le nudzraɖoƒewo (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Kohat vi aɖewo gbɔ?

11 Kpe asi ɖe tɔtrɔ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ ŋu bliboe. Esi Israel-viwo nɔ mɔ zɔm le gbea dzia, wode dɔ vevi aɖe asi na Kohat viwo be ɣesiaɣi si dukɔa nahoa, woakɔ Nubablaɖakaa adze dukɔa ŋgɔ. (4 Mose 3:29, 31; 10:33; Yos. 3:2-4) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye ema! Gake nuwo trɔ esi Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi. Megahiãna edziedzi be woakɔ Nubablaɖakaa ayi teƒe bubu o. Eya ta kaka Salomo ƒe fiaɖuɣi naɖoa, wode dɔ bubuwo asi na Kohat vi aɖewo be woanye hadzilawo, agbonudzɔlawo, kple nudzraɖoƒewo dzi kpɔlawo. (1 Kron. 6:31-33; 26:1, 24) Gake Biblia megblɔ be Kohat viwo to nyatoƒoe alo bia be woade dɔ tɔxɛwo asi na yewo le esi yewowɔ dɔ veviwo va yi ta o. Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Ne Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ tɔtrɔwoa, kpe asi ɖe eŋu bliboe, ne tɔtrɔa mede dziwò o hã. Wɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode asiwò la kple dzidzɔ. Ðo ŋku edzi be menye míaƒe dɔdeasiwoe nana míexɔa asi na Yehowa o. Edea asixɔxɔ míaƒe toɖoɖo ŋu wu dɔdeasi ɖe sia ɖe si su mía si.—1 Sam. 15:22.

12. Aleke Zaina se le eɖokui me esi wode dɔ bubu asi nɛ?

12 Bu Nɔvinyɔnu Zaina ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esubɔ le Betel ƒe 23 kple edzivɔ eye dɔ ma dzɔ dzi nɛ ŋutɔ. Gake wova de dɔ yeye asi nɛ be wòazu mɔɖela vevi. Egblɔ be: “Ðeko wòdzem kpo; nyemenɔ mɔ kpɔm nɛ kura o. Mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Mebia ɖokuinye be, ‘Agɔ kae medze?’” Nublanuitɔea, hamea me tɔ aɖewo na wògase veve ɖe edzi esi wogblɔ nɛ be: “Ne ɖe nèdoa vevie nua, anye ne habɔbɔa meɖe asi le ŋuwò le Betel o.” Zaina ƒe dzi gbã eye wòfaa avi zã sia zã. Gake egblɔ be: “Nyemeɖe mɔ naneke na meke ɖi be Yehowa lɔ̃m alo eƒe habɔbɔae nye esia o.” Nu kae kpe ɖe Zaina ŋu?

13. Nu kae kpe ɖe Zaina ŋu?

13 Zaina te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmea nu eye eƒe dzi dze eme. Aleke wòwɔe? Exlẽ nyati siwo ƒo nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu le míaƒe agbalẽwo me. Ðekae nye nyati si nye “Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Dziɖeleameƒo Nu!” si dze le February 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Nyatia ƒo nu tso ale si wòanya te ɖe Biblia ŋlɔla Marko dzi vevie esime woɖɔ li dɔ nɛ kple nu si kpe ɖe eŋua ŋu. Zaina gblɔ be: “Marko ƒe kpɔɖeŋua nye nu si tututu mehiã be wòakpe ɖe ŋunye maɖu dziɖeleameƒo dzi.” Azɔ hã, Zaina dea ha kple nɔviawo eye wòdea gbeadzi kpli wo. Meɖea eɖokui ɖe aga o, eye menana eƒe nu wɔa nublanui na eɖokui o. Ekpɔe dze sii be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae le mɔ fiam habɔbɔa eye nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm tsɔ ɖe le eme na ye vevie. Ede dzesii hã be nu vevitɔe nye be míawɔ Yehowa ƒe dɔa ade goe; ema ŋue habɔbɔa tsia dzi ɖo.

14. Tɔtrɔ kae te ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi, gake nu kae kpe ɖe eŋu wòtrɔ ɖe eŋu?

14 Bu Nɔviŋutsu Vlado si xɔ ƒe 73 eye wònye hamemetsitsi le Slovenia hã ŋu kpɔ. Habɔbɔa tso nya me be woƒe hamea magawɔ kpekpe le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me azɔ o eye wotsɔ wo kpe ɖe hame bubu ŋu. Menɔ bɔbɔe nɛ be wòatrɔ ɖe ɖoɖo yeyea ŋu o. Egblɔ be: “Nyemese susu si tae habɔbɔa agbe be woagazã Akpata dzeani sia azɔ o la gɔme o. Ete ɖe dzinye ŋutɔ, elabe nyitsɔ laa koe míegbugbɔ asi trɔ le eŋu. Kapitae menye, eye nyee kpa kplɔ kple zikpui yeyeawo dometɔ aɖewo. Azɔ hã, ɖoɖo yeyea bia be míawɔ tɔtrɔ aɖewo, siwo mele bɔbɔe na mí ame tsitsiwo o.” Gake nu kae kpe ɖe mía nɔvia ŋu wòwɔ ɖe mɔfiamea dzi? Egblɔ be: “Ne habɔbɔa trɔ nane eye míawo hã míetrɔ ɖe eŋua, nu nyuiwo dona tsoa eme ɣesiaɣi. Tɔtrɔ siawo le mía dzram ɖo ɖe bubu geɖe siwo ava le etsɔme ŋu.” Ðe woɖɔ li dɔ na wò alo wotsɔ miaƒe hamea kpe ɖe hame bubu ŋu eye wòle sesẽm na wò be nàtrɔ ɖe eŋua? Ka ɖe edzi be Yehowa se egɔme na wò. Ne èkpe asi ɖe tɔtrɔ mawo ŋu eye nèku ɖe Yehowa kple habɔbɔ si zãm wòle ŋua, ayra wò godoo.—Ps. 18:25.

NƆ MO XEXI LE NUWO KATÃ ME

15. Aleke míate ŋu aɖee afia be míele mo xexi ne nanewo dzɔ le hamea me si do mí kpɔ?

15 Esi xexea ƒe nuwuwu le aƒe tumaa, míenya be nanewo ate ŋu adzɔ le hamea me si ado mí kpɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa hã. Eya ta ele be míanɔ mo xexi. Ne èse le ɖokuiwò me be nɔvi aɖe mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie oa, mègalé dziku ɖe dɔme o. Ne wohe to na wò eye ŋu kpe wòa, wò susu meganɔ ema ŋu o, ke boŋ xɔ aɖaŋuɖoɖoa eye nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ne habɔbɔa wɔ tɔtrɔwo eye woka wò tẽea, xɔ ɖoɖo yeyea de eme eye nàwɔ ɖe mɔfiamea dzi.

16. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nàyi edzi aka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi?

16 Àte ŋu ayi edzi aka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi ne nanewo dzɔ siwo do wò xɔse kpɔ. Gake hafi nàte ŋu awɔ esia, ehiã be nànɔ mo xexi, si fia be nànɔ te sesĩe, nàfa tu, nàbu nuwo ŋu nyuie, eye nàna Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu nasu asiwò. Ðoe kplikpaa nàsrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo to nɔnɔme mawo tɔgbi me ŋu, eye nàde ŋugble le woƒe kpɔɖeŋua ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso nɔviwo gbɔ o. Ne èwɔ nu siawoa, nu ka kee ɖadzɔ o, Satana mate ŋu ate wò ɖa tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa gbɔ o.—Yak. 4:7.

HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu

a Ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa, vevietɔ ne nane dzɔ le hamea me si medzɔ dzi na mí o. Míadzro nu mawo dometɔ etɔ̃ me le nyati sia me, eye míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be míayi edzi aku ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Be nàkpɔ mɔfiame bubuwo ku ɖe nya sia ŋua, kpɔ nyati si nye “Subɔsubɔ Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Aɖe Su Asiwò Kpɔa? Agate Ŋu Asu Asiwòa?” le August 15, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30.

d Sea bia be ne ƒome ƒe tawo di be yewoawu lã aɖe aɖua, ele be woatsɔe ayi Mawu ƒe aƒea me. Gake woɖe mɔ na ame siwo gbɔ didi be woate ŋu awui le afi si wole.—5 Mose 12:21.