Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 45

Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖea Gbeƒã

Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖea Gbeƒã

“Woanyae be nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ.”EZE. 2:5.

HADZIDZI 67 “Ðe Gbeƒã Nya La”

NYA VEVIAWO a

1. Aleke ame geɖe wɔa nu ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, gake nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

 AME geɖe tsia tsitre ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye míenya be amewo agatsi tsitre ɖe mía ŋu geɖe wu le etsɔme. (Dan. 11:44; 2 Tim. 3:12; Nyaɖ. 16:21) Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Nu ka tae? Tso blema kea, Yehowa kpena ɖe esubɔlawo ŋu wowɔa dɔ siwo wòde wo si, aleke kee wosesẽe o. Kpɔɖeŋu ɖekae nye nyagblɔɖila Ezekiel si ɖe gbeƒã na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon. Míadzro nu siwo yi edzi le eƒe agbe me dometɔ aɖewo me.

2. Nya kae Yehowa gblɔ tso ame siwo Ezekiel ɖe gbeƒã na ŋu, eye nu kawo me míadzro le nyati sia me? (Ezekiel 2:3-6)

2 Ame kawo ƒomevie Ezekiel ɖe gbeƒã na? Yehowa gblɔ be wonye ‘ame dzeaglãwo’ kple ‘ame sẽdzimewo.’ Le woƒe nuwɔna taa, wotsɔ wo sɔ kple ŋùwo kple dziɖegbewo (alo akeklẽwo). Esia ta Yehowa de dzi ƒo na Ezekiel be: “Mègavɔ̃ wo o” eye ‘womegadzi ŋɔ na wò o.’ (Xlẽ Ezekiel 2:3-6.) Ezekiel te ŋu wɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔa de goe elabe (1) Yehowae dɔe, (2) Mawu ƒe gbɔgbɔa do ŋusẽe, eye (3) Mawu ƒe nyawo do ŋusẽ eƒe xɔse. Aleke nu etɔ̃ siawo kpe ɖe Ezekiel ŋui? Eye aleke woate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu egbea?

YEHOWAE DƆ EZEKIEL

3. Nya kae Yehowa gblɔ si do ŋusẽ Ezekiel, eye nu ka tae wòate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa anɔ kpli ye?

3 Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Mele dɔwòm.” (Eze. 2:3, 4) Nya sia anya do ŋusẽ Ezekiel. Nu ka tae? Ezekiel anya ɖo ŋku edzi be Yehowa gblɔ nya ma tɔgbi na Mose kple Yesaya esi wòɖo wo eƒe nyagblɔɖilawoe. (2 Mose 3:10; Yes. 6:8) Ezekiel nya ale si Yehowa kpe ɖe nyagblɔɖila mawo ŋu woɖu kuxi sesẽwo dzi. Eya ta esi Yehowa gblɔ na Ezekiel zi eve be, “mele dɔwòm” la, Ezekiel ate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe ye ŋu. Azɔ hã, Ezekiel gblɔ le eƒe agbalẽa me zi geɖe be: “Yehowa ƒe gbe va nam.” (Eze. 3:16) Egblɔ enuenu hã be: “Yehowa ƒe gbe gava nam.” (Eze. 6:1) Eya ta Ezekiel ka ɖe edzi be Yehowae dɔ ye. Azɔ hã, nyagblɔɖila ƒe vie Ezekiel nye, eya ta anɔ eme be fofoa fia nu geɖee tso ale si Yehowa ka ɖe edzi na eƒe nyagblɔɖilawo be yeli kpli wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Isak, Yakob, kple Yeremiya hã kpɔ be: “Meli kpli wò.”—1 Mose 26:24; 28:15; Yer. 1:8.

4. Nya kawoe anya fa akɔ na Ezekiel hedo ŋusẽe?

4 Aleke Israel-vi akpa gãtɔ axɔ Ezekiel ƒe gbedeasiae? Yehowa gblɔ be: “Israel ƒe aƒe la ya agbe toɖoɖo wò, le esi womedi be yewoaɖo tom o ta.” (Eze. 3:7) Esi wogbe Ezekiel la, efia be wogbe Yehowa. Nya mawo na Ezekiel kpɔe be ale si amewo gbe gbedeasia mefia be yedo kpo nu o. Yehowa ka ɖe edzi na Ezekiel be ne nya siwo wògblɔ ɖi va emea, Israel-viawo anyae be “nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ.” (Eze. 2:5; 33:33) Ðikeke mele eme o be nya mawo fa akɔ na Ezekiel eye wodo ŋusẽe wòwɔ dɔa de goe.

YEHOWAE DƆ MÍAWO HÃ

Abe Ezekiel enea, amewo ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu, gake míenyae be Yehowa li kpli mí (Kpɔ memama 5-6 lia)

5. Nya kae Yehowa gblɔ le Yesaya 44:8 si doa ŋusẽ mí?

5 Míenyae be Yehowae dɔ mí. Eyɔ mí be yeƒe “ɖasefowo.” (Yes. 43:10) Esia nyanya doa ŋusẽ mí, eye wònye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe na mí! Ale si ko Yehowa de dzi ƒo na Ezekiel be ‘wòagavɔ̃ o’ la, nenema kee wòle dzi dem ƒo na míawo hã be “ŋɔ megadzi [mí] o.” Nu ka tae mele be míavɔ̃ o? Elabe abe Ezekiel enea, Yehowae dɔ mí eye ele megbe na mí.—Xlẽ Yesaya 44:8.

6. (a) Nya kae Yehowa gblɔ tsɔ ka ɖe edzi na mí be yeakpe ɖe mía ŋu? (b) Nyateƒenya kae faa akɔ na mí hedoa ŋusẽ mí?

6 Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeakpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, hafi wòagblɔ be “Miawoe nye nye ɖasefowo” la, egblɔ be: “Ne èto tsi me la, manɔ kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èzɔ dzo me la, mamè wò loo, alo dzoƒaɖe nafiã wò o.” (Yes. 43:2) Ɣeaɖewoɣia, míedoa go kuxi kple dodokpɔ sesẽwo le míaƒe subɔsubɔdɔa me, siwo míate ŋu atsɔ asɔ kple tɔsisi alo dzo. Gake Yehowa kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi ɖea gbeƒã. (Yes. 41:13) Abe ale si wònɔ le Ezekiel ƒe ŋkekea me enea, ame geɖe meɖoa to mí o. Gake ema mefia be míedo kpo nu o. Míenya be Yehowa kpɔa dzidzɔ ne míeyi edzi ɖe gbeƒã, eye esia faa akɔ na mí hedoa ŋusẽ mí. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ame sia ame axɔ eya ŋutɔ ƒe fetu le eƒe agbagbadzedze nu.” (1 Kor. 3:8; 4:1, 2) Nɔvinyɔnu aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe gblɔ be: “Nyanya be Yehowa ɖoa míaƒe agbagbadzedzewo teƒe la nana mekpɔa dzidzɔ.”

MAWU ƑE GBƆGBƆA DO ŊUSẼ EZEKIEL

Ezekiel kpɔ Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam le ŋutega me, eye esia na wòka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe (Kpɔ memama 7 lia)

7. Ɣesiaɣi si Ezekiel ɖo ŋku ŋutega si wòkpɔ dzia, nu ka dzie wògakana ɖo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

7 Ezekiel kpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe gbɔgbɔa sẽ ŋui. Le ŋutega aɖe si Mawu ɖe fiae mea, ekpɔ ale si gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ fiam gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖewo kple dziƒotasiaɖam aɖe ƒe afɔ gãgãwo. (Eze. 1:20, 21) Ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe Ezekiel dzi? Egblɔ be: “Esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi.” Nu si Ezekiel kpɔa wɔ nuku nɛ ale gbegbe be edze anyi. (Eze. 1:28) Ɣesiaɣi si Ezekiel ɖo ŋku ŋutega wɔdɔɖeamedzi ma dzia, ɖikeke mele eme o be, enana wògakana ɖe edzi geɖe be Mawu ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe ye ŋu yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe.

8-9. (a) Nu kae dzɔ esi Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòatso? (b) Nu kawoe Yehowa wɔ tsɔ do ŋusẽ Ezekiel na dɔa?

8 Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Amegbetɔvi, tso ɖe wò afɔwo dzi, ne maƒo nu kpli wò.” Nya mawo na ŋusẽ ɖo Ezekiel ŋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔea hã do ŋusẽe. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Gbɔgbɔ ɖo menye hena metso ɖe nye afɔwo dzi.” (Eze. 2:1, 2) Emegbea, Mawu ƒe “asi,” si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔe le eƒe subɔsubɔdɔa katã me. (Eze. 3:22; 8:1; 33:22; 37:1; 40:1) Mawu ƒe gbɔgbɔa do ŋusẽ Ezekiel be wòawɔ dɔ si wode esi, si nye be wòaɖe gbeƒã na ame siwo nye “tosẽlawo kple dzimesẽlawo.” (Eze. 3:7) Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Mena wò ŋkume sẽ abe woƒe ŋkume ene, eye wò ŋgonu lia abe woƒe ŋgonu ke ene. Mena wò ŋgonu le abe lotamekpe ene, eye wòsesẽ wu ahliha. Mègavɔ̃ wo o, eye woƒe mo megatso dzika ƒo na wò o.” (Eze. 3:8, 9) Enɔ ko abe Yehowa nɔ gbɔgblɔm na Ezekiel be: ‘Mègana woƒe totitri naɖe dzi le ƒowò o. Mado ŋusẽ wò.’

9 Esia megbea, Mawu ƒe gbɔgbɔa kɔ Ezekiel yi afi si wòaɖe gbeƒã le. Ezekiel gblɔ be: “Yehowa ƒe asi sẽ ɖe dzinye.” Exɔ kwasiɖa ɖeka hafi Ezekiel te ŋu se gbedeasi si wòaɖe gbeƒãe gɔme bliboe eye dzi ɖo eƒo na dɔa wɔwɔ. (Eze. 3:14, 15) Eyome Yehowa gblɔ nɛ be wòayi bali aɖe me; le afi maa, “gbɔgbɔ ɖo [eme].” (Eze. 3:23, 24) Ezekiel su te azɔ be wòadze dɔa gɔme.

MAWU ƑE GBƆGBƆA DOA ŊUSẼ MÍAWO HÃ

Abe ale si wònɔ le Ezekiel gome enea, nu kae kpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã? (Kpɔ memama 10 lia)

10. Nu kae míehiã be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã, eye nu ka tae?

10 Nu kae míehiã be wòakpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me? Be míaɖo nya ma ŋua, bu nu si dzɔ ɖe Ezekiel dzi ŋu kpɔ. Hafi wòadze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔmea, Mawu ƒe gbɔgbɔa do ŋusẽe wòsu te nyuie. Abe Ezekiel enea, Mawu ƒe gbɔgbɔa koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã. Nu ka tae? Elabe Satana ho aʋa ɖe mía ŋu kple susu be yeatɔ te gbeƒãɖeɖedɔa. (Nyaɖ. 12:17) Le amegbetɔwo ƒe susu nua, manya wɔ be míaɖu Satana dzi o. Gake nyateƒeae nye be míetoa gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɖua edzi! (Nyaɖ. 12:9-11) Le mɔ ka nu? Ɣesiaɣi si míeɖe gbeƒãa, míele eɖem fia be míele Satana vɔ̃m o, eye esia fia be míeɖu edzi. Eya ta, nu ka dzie ale si míeyi edzi le gbeƒã ɖem togbɔ be amewo tsia tsitre ɖe mía ŋu hã la ɖo kpee? Eɖo kpe edzi be gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ mí eye Yehowa le megbe na mí.—Mat. 5:10-12; 1 Pet. 4:14.

11. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu, eye aleke míawɔ wòasu mía si?

11 Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa do ŋusẽ Ezekiel be wòasu te aɖe gbeƒã me? Eyae nye be Mawu ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi ɖe sia ɖe si míado goe le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi. (2 Kor. 4:7-9) Ke nu kae míate ŋu awɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa nanɔ kpekpem ɖe mía ŋu ɣesiaɣi? Ele be míanɔ gbe dom ɖa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam edziedzi, eye míaka ɖe edzi be Yehowa ana mí. Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ebiabia dzi, . . . minɔ edidi dzi, . . . minɔ ʋɔƒoƒo dzi.” Elabe Yehowa ana “gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ.”—Luka 11:9, 13; Dɔw. 1:14; 2:4.

MAWU ƑE NYAWO DO ŊUSẼ EZEKIEL ƑE XƆSE

12. Afi kae agbalẽ xatsaxatsa si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel 2:9–3:3 tso, eye nya kawoe le edzi?

12 Menye gbɔgbɔ kɔkɔea koe do ŋusẽ Ezekiel o, Mawu ƒe nyawo hã do ŋusẽ eƒe xɔse. Le ŋutega aɖe si woɖe fia Ezekiel mea, ekpɔ asi aɖe wòdo agbalẽ xatsaxatsa aɖe ɖe egbɔ. (Xlẽ Ezekiel 2:9–3:3.) Afi kae agbalẽ xatsaxatsaa tso? Etso Mawu ƒe fiazikpui gbɔ. Anɔ eme be mawudɔla ene siwo Ezekiel kpɔ va yi dometɔ ɖekae Yehowa zã wòdo agbalẽ xatsaxatsaa ɖe Ezekiel gbɔ. (Eze. 1:8; 10:7, 20) Nya kawoe woŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsaa dzi? Mawu ƒe nyawoe woŋlɔ ɖe edzi; wonye ʋɔnudrɔ̃gbedeasi gbogbo siwo wòhiã be Ezekiel nagblɔ na aboyome dzeaglãawo. (Eze. 2:7) Woŋlɔ wo ɖe agbalẽ xatsaxatsaa me kple egodo siaa. Ke aleke agbalẽ xatsaxatsaa me nyawo do ŋusẽ Ezekiel ƒe xɔsee?

13. Nu kae Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòawɔ? Nu ka tae agbalẽ xatsaxatsaa vivi le nu me nɛ?

13 Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Ðu agbalẽ xatsaxatsa sia . . . nàtsɔ ayɔ wò dɔgboe.” Ezekiel wɔe nenema pɛpɛpɛ. Nu kae ŋutegaa ƒe akpa sia fia? Efia be ehiã be Ezekiel nase gbedeasia gɔme bliboe, wòaxɔ edzi ase eye esia naʋãe wòaɖe gbeƒãe dzinɔameƒotɔe. Esi Ezekiel ɖu agbalẽ xatsaxatsaa vɔa, nu wɔmoyaa aɖe dzɔ. ‘Evivi le nu me nɛ abe anyitsi ene.’ (Eze. 2:9–3:3) Nu ka tae? Nu si tae nye be mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòanɔ Yehowa teƒea vivi enu, alo ebui nu xɔasii. (Ps. 19:8-11) Edo dzidzɔ nɛ be Yehowa tia ye be yeanye eƒe nyagblɔɖila.

14. Nu kae na Ezekiel te ŋu su te na eƒe dɔdeasia?

14 Emegbe Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Ðo to eye nàlé nya siwo katã magblɔ na wò la ɖe dzi me.” (Eze. 3:10) Yehowa nɔ gbɔgblɔm na Ezekiel be wòalé nya siwo le agbalẽ xatsaxatsaa me ɖe susu me eye wòade ŋugble le wo ŋu be woatsi dzi me nɛ. Ezekiel wɔe nenema, eye esia do ŋusẽ eƒe xɔse eye wòna wòte ŋu ɖo ŋku ʋɔnudrɔ̃gbedeasia dzi bɔbɔe. (Eze. 3:11) Esi Mawu ƒe gbedeasia tsi dzi me na Ezekiel eye wòle eƒe aɖe dzi taa, esu te nyuie be wòawɔ dɔ si wode esi ade goe.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 19:14.

MAWU ƑE NYAA DOA ŊUSẼ MÍAWO HÃ MÍAƑE XƆSE

15. Nu kae wòle be míawɔ be míado dzi?

15 Be míado dzi ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzia, ele be míawo hã míana Mawu ƒe nyawo nado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ele be ‘míaɖo to Yehowa ƒe nyawo eye míalé wo ɖe dzi me.’ Míekpɔa Yehowa ƒe nyawo le Biblia me egbea. Nu kae míawɔ be Mawu ƒe nyawo nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe didiwo, seselelãmewo, kple tamesusuwo dzi?

16. Aleke Mawu di be míawɔ Biblia ŋu dɔe? Aleke míasrɔ̃ Biblia be wòaɖe vi na mí bliboe?

16 Ne míeɖu nua, nunyiamewo gena ɖe míaƒe lãme eye wonana míenɔa lãmesẽ me. Nenema kee ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa eye míedea ŋugble le eŋua, enana míaƒe xɔse sẽna. Nufiame vevi mae le agbalẽ xatsaxatsaa me na mí. Yehowa di be ‘míaɖu yeƒe Nyaa wòayɔ míaƒe dɔgbo,’ si fia be míasrɔ̃e ase egɔme nyuie. Míate ŋu awɔ esia ne míedoa gbe ɖa, míexlẽa eƒe Nyaa eye míedea ŋugble le eŋu. Hafi míaxlẽ Bibliaa, ele be míado gbe ɖa atsɔ adzra míaƒe dzi ɖo gbã. Eyome míaxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe. Ema yomea, míatɔ sẽe ade ŋugble le nu si míexlẽ ŋu vevie. Aleke ewɔwɔ alea ate ŋu aɖe vi na mí? Ana míase Mawu ƒe Nyaa gɔme nyuie, eye wòado ŋusẽ míaƒe xɔse.

17. Nu ka tae wòle be míade ŋugble ne míexlẽ Biblia?

17 Nu ka tae wòle vevie be míaxlẽ Biblia ade ŋugble le eŋu? Nu si tae nye be esia ado ŋusẽ mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia fifia, eye wòadzra mí ɖo be míate ŋu aɖe gbeƒã ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ si anɔ eme be míagblɔ na amewo le etsɔme. Azɔ hã, ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋua, míagate ɖe eŋu geɖe wu. Esia ana míase vivi le Yehowa subɔsubɔ me eye míaƒe dzi adze eme.—Ps. 119:103.

YEHOWA ADO ŊUSẼ MÍ MÍAYI EDZI AÐE GBEƑÃ VA SE ÐE NUWUWU

18. Nu kae amewo ava de dzesii, eye nu ka tae?

18 Míawo ya míenye nyagblɔɖilawo abe Ezekiel ene o. Gake míeɖoe kplikpaa be míayi edzi agblɔ Yehowa ƒe gbedeasi si le Biblia me na amewo va se ɖe esime míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa de goe abe ale si Yehowa dii ene. Ne ɣeyiɣia de be Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnua, amewo mate ŋu ado taflatsɛ be Mawu mena woxlɔ̃ nu yewo o. (Eze. 3:19; 18:23) Ke boŋ woakpɔe adze sii kɔtɛ be Mawu gbɔe gbedeasi si míeɖe gbeƒãe la tso.

19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ gbeƒãɖeɖedɔa va se ɖe nuwuwu?

19 Nu kae ado ŋusẽ mí míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe? Nu etɔ̃ siwo kpe ɖe Ezekiel ŋu la kee. Yehowa kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi ɖea gbeƒã elabe eyae dɔ mí, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea doa ŋusẽ mí, eye eƒe Nyaa doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Mina esia naʋã mí míayi edzi aɖe gbeƒã eye míado dzi “va se ɖe nuwuwu.”—Mat. 24:13.

HADZIDZI 65 Yi Ŋgɔgbe!

a Yehowa to mɔ etɔ̃ aɖewo dzi kpe ɖe nyagblɔɖila Ezekiel ŋu wòɖe gbeƒã. Le nyati sia mea, míadzro mɔ etɔ̃ mawo me. Esia ana míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe be akpe ɖe míawo hã ŋu míaɖe gbeƒã.