Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 46

Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Kple Dzidzɔ

Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Kple Dzidzɔ

“Yehowa [le] lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu, eye wòatso be yeakpɔ nublanui na mi.”—YES. 30:18.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

NYA VEVIAWO a

1-2. (a) Biabia kawo mee míadzro? (b) Nu kae ɖee fia be Yehowa dina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu?

 YEHOWA ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míakpɔ dzidzɔ le esubɔsubɔ me. Nu kawoe wòwɔna tsɔna kpena ɖe mía ŋu? Eye nu kawoe míawɔ be eƒe kpekpeɖeŋu naɖe vi na mí bliboe? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati sia me. Gake gbãa, na míade ŋugble le nyabiase sia ŋu: Ðe Yehowa dina ŋutɔŋutɔ be yeakpe ɖe mía ŋua?

2 Nya aɖe si apostolo Paulo gblɔ tso Yehowa ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia ma ŋu. Egblɔ be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o. Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?” (Heb. 13:6) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya “kpeɖeŋutɔ” si wozã le kpukpui sia me fia ame si le du dzi be yeakpe ɖe ame aɖe si le ɣli dom be woaxɔ na ye ŋu. Kpɔe ɖa le susu me be Yehowa le du dzi be yeaxɔ na ame aɖe si ɖo xaxa me. Kpɔɖeŋu ma ɖe ale si gbegbe Yehowa dina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu fia. Ɛ̃, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le míaƒe xaxawo me kple dzidzɔ.

3. Mɔ etɔ̃ kawo dzie Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu be míado dzi kple dzidzɔ?

3 Mɔ kawo dzie Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu be míado dzi kple dzidzɔ? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Yesaya ƒe agbalẽa me. Nu ka tae? Elabe Yesaya ƒe nyagblɔɖi geɖe ku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu egbea. Azɔ hã, Yesaya zã nya siwo gɔmesese le bɔbɔe tsɔ ƒo nu tso Yehowa ŋu zi geɖe. Esia ƒe ɖewo dze le Yesaya ta 30 lia me. Le afi maa, Yesaya zã kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedziwo tsɔ ƒo nu tso mɔ siwo dzi Yehowa tona kpena ɖe eƒe amewo ŋua dometɔ etɔ̃ ŋu. Woawoe nye: (1) eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo nyuie eye wòɖoa wo ŋu, (2) efiaa mɔ mí, eye (3) eyraa mí fifia eye ava yra mí le etsɔme hã. Na míadzro wo me ɖekaɖeka.

YEHOWA ÐOA TO MÍAƑE GBEDODOÐAWO

4. (a) Nya kae Yehowa gblɔ tso Yudatɔ siwo nɔ agbe le Yesaya ƒe ŋkekea me ŋu, eye nu kae va dzɔ ɖe wo dzi? (b) Ŋugbe kae Yehowa do na Yudatɔ wɔnuteƒewo? (Yesaya 30:18, 19)

4 Le Yesaya ta 30 lia ƒe gɔmedzedzea, Yehowa gblɔ tso Yudatɔwo ŋu be wonye “vi sẽtowo,” ame siwo “[dzia] nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi.” Egblɔ hã be: “Dukɔ dzeaglã, [kple] vi siwo gbe Yehowa ƒe se la sese wonye.” (Yes. 30:1, 9) Esi wogbe toɖoɖo taa, Yesaya gblɔe ɖi be Yehowa aɖe mɔ vɔ̃ nava wo dzi. (Yes. 30:5, 17; Yer. 25:8-11) Nenema tututue wòdzɔe hã. Babilontɔwo va kplɔ wo yi aboyo me. Gake Yudatɔ aɖewo wɔ nuteƒe, eya ta Yesaya na mɔkpɔkpɔ wo be Yehowa ave wo nu eye wòana woatrɔ ava wo de gbe ɖeka. (Xlẽ Yesaya 30:18, 19.) Eva eme nenema pɛpɛpɛ. Yehowa ɖe wo tso aboyo me, gake ƒe geɖe va yi hafi. Nya si kpukpuia gblɔ be, “Yehowa anɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu” ɖee fia be axɔ ɣeyiɣi hafi woaɖe nuteƒewɔlawo tso aboyo me. Le nyateƒe mea, Israel-viwo nɔ Babilon ƒe 70 sɔŋ hafi wova ɖe asi le wo dometɔ aɖewo ŋu wotrɔ yi Yerusalem. (Yes. 10:21; Yer. 29:10) Esi wotrɔ gbɔ va wo dea, woƒe konyifafa trɔ zu dzidzɔ sɔŋ.

5. Aleke Yesaya 30:19 me nyawo dea dzi ƒo na mí?

5 Nya si Yesaya gblɔ be Yehowa ‘ave nuwò godoo ne ese wò ɣlidodo la dea dzi ƒo na mí egbea. (Yes. 30:19) Eka ɖe edzi na mí be Yehowa atɔ na mí ne míeyɔe eye ase míaƒe gbedodoɖawo. Yesaya gblɔ kpee be: “Ne esee ko la, atɔ na [wò].” Dzideƒonya sia ɖoa ŋku edzi na mí be mía Fofoa dina vevie be yeaxɔ na ame siwo biae be wòakpe ɖe yewo ŋu. Esia nyanya dea dzi ƒo na mí míedoa dzi kple dzidzɔ.

6. Aleke Yesaya ƒe nyawo ɖee fia be Yehowa ɖoa to esubɔla ɖe sia ɖe ƒe gbedodoɖa?

6 Nu bubu kae Yesaya 30:19 fia mí tso gbedodoɖa ŋu? Eyae nye be Yehowa sea mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gbedodoɖa. Nu ka tae míegblɔe nenema? Le kpukpui siwo do ŋgɔ mea, Biblia zã nya “mi” elabe Yehowa nɔ nu ƒom na eƒe amewo abe ƒuƒoƒo ene. Gake le kpukpui 19 lia mea, Biblia zã nya ‘wò’ elabe nya mawo yi na ame ɖekaɖekawo. Yesaya gblɔ be: ‘Màgafa avi azɔ o. Ave nuwò godoo . . . , atɔ na wò.’ Esi Yehowa nye Fofo lɔ̃ame taa, megblɔna na via si ƒo dzi ɖe le be, “Ele be nàsẽ ŋu abe nɔviwò ene” o. Ke boŋ etsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe etɔxɛe eye wòɖoa to míaƒe gbedodoɖawo.—Ps. 116:1; Yes. 57:15.

Nu kae nya si Yesaya gblɔ be, “Migana gbɔdzɔe [Yehowa] o” fia? (Kpɔ memama 7 lia)

7. Aleke Yesaya kple Yesu ɖee fia be ehiã be míanɔ gbe dom ɖa enuenu?

7 Ne míedo gbe ɖa na Yehowa tso míaƒe kuxi aɖe ŋua, ate ŋu ana ŋusẽ si míehiã be míado dzia mí enumake. Ne kuxia nu meyi abe ale si míekpɔ mɔ ene oa, míate ŋu ayi edzi anɔ ebiam be wòado ŋusẽ mí míado dzi. Eya ŋutɔ kpe mí be míawɔe nenema. Yesaya de dzi ƒo na mí be: “Migana gbɔdzɔe [Yehowa] o.” (Yes. 62:7) Nu kae esia fia? Efia be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi ale gbegbe be wòanɔ ko abe ɖe míele mɔ namee be wòaɖi ɖe eme vie gɔ̃ hã o ene. Esia na míeɖo ŋku Yesu ƒe kpɔɖeŋu si dze le Luka 11:8-10, 13 ku ɖe gbedodoɖa ŋu dzi. Yesu de dzi ƒo na mí be míanɔ gbe dom ɖa “atraɖii” eye ‘míayi edzi anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam.’ Azɔ hã, míate ŋu abia Yehowa be wòafia mɔ mí míatso nya me nyuie.

YEHOWA FIAA MƆ MÍ

8. Aleke nya siwo le Yesaya 30:20, 21 va eme le blema?

8 Xlẽ Yesaya 30:20, 21. Esi Babilontɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ƒe ɖeka kple afãa, nu te ɖe dua me nɔlawo dzi ale gbegbe be ɖeko nuxaxa va le na wo abe abolo kple tsi ene. Gake Yehowa do ŋugbe na wo le kpukpui 20 kple 21 lia be ne wotrɔ dzi me eye wotrɔ nɔnɔmea, yeaxɔ na wo. Yesaya gblɔ be Yehowa nye woƒe “Nufiala Gãtɔ,” eye edo ŋugbe na wo be Yehowa afia ale si woasubɔe wòadze eŋua wo. Nya mawo va eme esime Yudatɔwo trɔ gbɔ tso aboyo me. Yehowa ɖee fia be yenye woƒe Nufiala Gãtɔ; efia mɔ wo eye wòkpe ɖe wo ŋu wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi. Míekpɔa dzidzɔ be Yehowa nye míawo hã míaƒe Nufiala Gãtɔ egbea.

9. Mɔ gbãtɔ si dzi Yehowa tona fiaa mɔ mí ye nye ka?

9 Eyome Yesaya tsɔ mí sɔ kple sukuviwo, eye wògblɔ be Yehowa fiaa nu mí le mɔ eve nu. Egblɔ mɔ gbãtɔ si dzi Yehowa tona fiaa nu mí esi wògblɔ be, “Miaƒe ŋkuwo akpɔ miaƒe Nufiala Gãtɔ la.” Le afi sia la, nufialaa le sukuviawo ŋgɔ. Enye mɔnukpɔkpɔ na mí be Yehowa le nu fiam mí alea egbea. Aleke wòwɔa esiae? Etoa eƒe habɔbɔa dzi. Habɔbɔa naa mɔfiame siwo me kɔ mí to mɔ vovovowo dzi, le kpɔɖeŋu me, hame ƒe kpekpewo, takpekpewo, nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo, míaƒe agbalẽwo, kple mɔnu bubu geɖewo. Míedaa akpe ɖe mɔfiame siawo ta elabe wokpena ɖe mía ŋu míedoa dzi kple dzidzɔ.

10. Mɔ ka nue míesea Mawu ƒe gbe ‘le mía megbe’ le?

10 Yesaya gblɔ mɔ evelia si dzi Yehowa tona fiaa nu mí esi wògblɔ be: “Miaƒe to ase nya . . . le mia megbe.” Esia fia be Yehowa le abe nufiala ene, le eƒe sukuviwo megbe eye eƒe ŋku le wo ŋu wòle mɔ fiam wo. Egbea, míesea Mawu ƒe gbe le mía megbe. Le mɔ ka nu? Woŋlɔ Mawu ƒe nyawo ɖe Biblia me ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi. Eya ta ne míexlẽ Bibliaa, ele ko abe míele Mawu ƒe gbe sem le mía megbe ene.—Yes. 51:4.

11. Nu eve kawoe míawɔ be míado dzi kple dzidzɔ, eye nu ka tae wole vevie?

11 Nu kawoe míawɔ be mɔfiame siwo Yehowa nana to eƒe habɔbɔa kple eƒe Nyaa dzi naɖe vi na mí bliboe? De dzesi nya eve si Yesaya gblɔ. Gbã, “mɔ lae nye esi.” Evelia, “mito edzi.” (Yes. 30:21) Eya ta, ‘mɔ la’ nyanya ɖeɖe mesu o; ehiã be ‘míato edzi’ hã. Míesrɔ̃a Yehowa ƒe Nyaa kple agbalẽ siwo habɔbɔa nana mí ale be míate ŋu anya nu si Yehowa di tso mía si. Eye míedzea agbagba be míawɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzi. Ehiã be míawɔ evea siaa hafi míate ŋu ado dzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Ema ko hafi míaka ɖe edzi be Yehowa ayra mí.

YEHOWA YRAA MÍ

12. Le Yesaya 30:23-26 ƒe nya nua, aleke Yehowa yra eƒe amewoe?

12 Xlẽ Yesaya 30:23-26. Aleke nyagblɔɖi sia va eme na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me le Babilon va Israel-nyigba dzi? Yehowa yra wo geɖe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa. Ena woƒe anyigbaa wɔ nu eye wokpɔ nuɖuɖu geɖe. Vevietɔ wua, ena nu sia nu si akpe ɖe wo ŋu woate ɖe eŋu eye woasubɔe le mɔ nyuitɔ nu la wo. Gbɔgbɔmeyayra si Yehowa na wo la ƒo ɖe sia ɖe si wòna eƒe amewo va yi la ta sãsãsã. Kpukpui 26 lia ɖee fia be Yehowa na kekeli geɖe wo, si fia be ena wogase eƒe nyaa gɔme nyuie wu. (Yes. 60:2) Yehowa ƒe yayrawo na esubɔlawo “ƒe dzi kpɔ dzidzɔ” eye ŋusẽ ɖo wo ŋu woyi edzi subɔe kple dzidzɔ.—Yes. 65:14.

13. Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu va eme le míaƒe ŋkekea me?

13 Ðe nya si Yesaya gblɔ ɖi be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi la va eme le míaƒe ŋkekea hã mea? Ɛ̃! Le mɔ ka nu? Tso ƒe 1919 mea, ame miliɔn geɖe kpɔ ablɔɖe tso Babilon Gãa, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã, si me. Wova le teƒe si nyo wu Israel-viwo ƒe Ŋugbedodonyigbaa sãsãsã. Teƒe mae nye gbɔgbɔmeparadiso. (Yes. 51:3; 66:8) Nu kae gbɔgbɔmeparadiso ma nye?

14. Nu kae nye gbɔgbɔmeparadiso, eye ame kawoe le eme? (Kpɔ Nyameɖeɖe.)

14 Tso ƒe 1919 mea, amesiaminawo va le gbɔgbɔmeparadisoa me. b Ɣeyiɣi aɖe megbea, ‘alẽ bubuawo’ hã va wɔ ɖeka kpli wo le gbɔgbɔmenyigba ma dzi. Yehowa tsɔ nu geɖe yra ƒuƒoƒo evea siaa eye wo katã wole dzidzɔ kpɔm.—Yoh. 10:16; Yes. 25:6; 65:13.

15. Afi kae gbɔgbɔmeparadisoa le?

15 Afi kae gbɔgbɔmeparadisoa le egbea? Yehowa subɔlawo le anyigba ƒe akpa sia akpa. Eya ta gbɔgbɔmeparadiso si me wolea le xexea me katã. Egbea, anyigba ƒe akpa ka kee míeɖale o, zi ale si míele asi kpem ɖe tadedeagu dzedzea ŋu koa, míate ŋu anɔ gbɔgbɔmeparadisoa me.

Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe eŋu be gbɔgbɔmeparadisoa nanya kpɔ? (Kpɔ memama 16-17 lia)

16. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ susu aɖo ale si gbɔgbɔmeparadisoa nya kpɔe ŋu?

16 Ehiã be míawɔ nanewo hafi míate ŋu akpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmeparadisoa me. Ðekae nye be míade asixɔxɔ gã Kristo hame si le xexea me godoo ŋu. Aleke míate ŋu awɔ esia? Eyae nye be míatsɔ susu aɖo mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o. (Yoh. 17:20, 21) Nu ka tae esia le vevie? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne èyi abɔ dzeani aɖe mea, àkpɔ ati ƒomevi vovovowo gake wo katã wonana abɔa nya kpɔna. Nenema kee le míaƒe hamewo mea, míakpɔ nɔvi vovovo siwo míate ŋu atsɔ asɔ kple atiwo. (Yes. 44:4; 61:3) Ne èkpɔ be nane gblẽ le ati ɖekaɖeka aɖewo ŋu hãa, màtsi dzi ɖe ema ŋu o, ke boŋ wò susu anɔ ale si abɔ bliboa nya kpɔe ŋu. Nenema kee wòle be míatsɔ míaƒe susu aɖo ale si Kristo hame bliboa wɔ ɖeka le xexea me godoo eye gbɔgbɔmeparadisoa nya kpɔe ŋu, ke menye míawo ŋutɔwo alo hamea me tɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu o.

17. Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me?

17 Nu kae mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu be ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ hamea me? Eyae nye be míanye ŋutifafawɔlawo. (Mat. 5:9; Rom. 12:18) Ɣesiaɣi si míewɔ nane tsɔ do ŋutifafa ɖe ŋgɔ le hamea mea, míele asi kpem ɖe eŋu be gbɔgbɔmeparadisoa nanya kpɔ. Míeɖoa ŋku edzi be Yehowae he gbɔgbɔmeparadisoa me tɔ ɖe sia ɖe va tadedeagu dzadzɛa me. (Yoh. 6:44) Yehowa kpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔe be míele mía tɔ sinua wɔm be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ ye subɔlawo siwo xɔ asi na ye dome.—Yes. 26:3; Hag. 2:7.

18. Nu kawo ŋue wòhiã be míanɔ ŋugble dem le, eye nu ka tae?

18 Nu kawoe míawɔ be Yehowa ƒe yayrawo naɖe vi na mí bliboe? Ele be míanɔ Biblia kple míaƒe agbalẽwo xlẽm eye míanɔ ŋugble dem le nu siwo míesrɔ̃ ŋu vevie. Nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede alea ana míatu Kristo ƒe nɔnɔmewo ɖo, eye aʋã mí míaɖe “nɔvilɔlɔ̃ [kple] dadavilɔlɔ̃” afia mía nɔewo le hamea me. (Rom. 12:10) Ŋugbledede le nu nyui siwo Yehowa na mí fifia ŋu ana míagate ɖe eŋu wu, eye ŋugbledede le nu nyui siwo ŋugbe wòdo be yeava wɔ na mí ŋu ana míagadi vevie wu be míasubɔe tegbee. Esiawo katã akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ fifia.

YI EDZI NÀDO DZI

19. (a) Le Yesaya 30:18 ƒe nya nua, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo? (b) Nu kae míawɔ be míado dzi kple dzidzɔ?

19 Yehowa ‘atso’ axɔ na mí ne ele xexe vɔ̃ɖi sia tsrɔ̃m. (Yes. 30:18) Míeka ɖe edzi be ne ɣeyiɣia de be woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea, Yehowa, “Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe,” malala ŋu nake ɖe edzi o. (Yes. 25:9) Míewɔ ɖeka kple Yehowa le lalam dzigbɔɖitɔe na ŋkeke ma si dzi wòaɖe mí. Gake hafi ɣemaɣi naɖoa, míeɖoe kplikpaa be míayi edzi ade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa, asrɔ̃ Biblia ahawɔ ɖe emenyawo dzi, eye míade ŋugble le míaƒe yayrawo ŋua ŋu vevie. Ne míewɔe nenema, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi asubɔe kple dzidzɔ.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

a Le nyati sia mea, míakpɔ mɔ etɔ̃ siwo dzi Yehowa tona kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woado dzi le nɔnɔme sesẽwo me kple dzidzɔ. Míadzro Yesaya ta 30 lia me be míade dzesi mɔ etɔ̃ mawo. Eye míakpɔ ale si wòle vevie be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa, míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m eye míanɔ ŋugble dem le ale si wòle mía yram fifia kple ale si wòava yra mí le etsɔme ŋu.

b NYAMEÐEÐE: “Gbɔgbɔmeparadiso” nye nɔnɔme tɔxɛ aɖe si me míenɔa dedie hesubɔa Yehowa ɖekae le. Yehowa fiaa nu geɖe mí le gbɔgbɔmeparadisoa me be míate ŋu asubɔe ale si dze; eƒe nufiafiawo dza eye aʋatsonufiafia aɖeke mele eme o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, dɔ geɖe li míewɔna le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me, si nana míaƒe dzi dzea eme. Le gbɔgbɔmeparadisoa mea, mía kple Yehowa dome nɔa kplikplikpli, míenɔa ŋutifafa me kple mía nɔvi lɔlɔ̃awo siwo kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi kple dzidzɔ. Míevaa gbɔgbɔmeparadisoa me ne míete Yehowa subɔsubɔ le mɔ nyuitɔ nu eye míedzea agbagba srɔ̃nɛ.