Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

Ale Si Nàdo Dzi Ne Wowɔ Nu Madzɔmadzɔ Ðe Ŋuwò

Ale Si Nàdo Dzi Ne Wowɔ Nu Madzɔmadzɔ Ðe Ŋuwò

“Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.”ROM. 12:21.

TAÐODZINUA

Nu si nàwɔ ne womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, kple ale si màna nɔnɔmea nagblẽ ɖe edzi o.

1-2. Mɔ kawo nue wòate ŋu adzɔ le be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

 YESU wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe ahosi aɖe si nɔ ʋɔnudrɔ̃la aɖe biam enuenu be wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye la ŋu. Ðikeke mele eme o be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se ale si ahosia nɔ sesem le eɖokui me la gɔme elabe le ɣeyiɣi mawo mea, amewo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe ame tsɛwo ŋu zi geɖe. (Luka 18:​1-5) Nufiame le kpɔɖeŋu ma me na míawo hã elabe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mí katã ŋu kpɔ.

2 Egbea nazãbubu, ametafatafa kple ameteteɖeanyi bɔ ŋutɔ ɖe xexea me, eya ta mewɔa nuku na mí ne amewo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu o. (Nyagb. 5:8) Gake esi vea mí wue nye ne mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu ye wɔ nu manyomanyo ɖe mía ŋu. Ke hã le mía nɔviwo gomea, menye woƒe didie nye be yewoawɔ nu madzɔmadzɔwo ɖe mía ŋu o. Nya la koe nye be womede blibo o. Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si Yesu wɔ nui esi tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖiwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu la me. Ne míate ŋu agbɔ dzi ɖi na tsitretsiɖeŋula siwo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ke ɖe mele be míagbɔ dzi ɖi geɖe wu na míaƒe haxɔsetɔwo ya oa? Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne mía nɔvi xɔsetɔ alo ame bubuwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu? Ðe Yehowa tsɔa ɖe le nu si wowɔ ɖe mía ŋu la mea?

3. Aleke míewɔ nya be Yehowa tsia dzi ɖe mía ŋu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

3 Yehowa di be woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie eye edea dzesii ne amewo wɔ nu tovo ɖe mía ŋu. “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.” (Ps. 37:28) Yesu ka ɖe edzi na mí be Yehowa “ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe . . . kaba” ne ɣeyiɣia nya de ko. (Luka 18:​7, 8) Eteƒe madidi o, aɖe míaƒe fukpekpewo katã ɖa eye magaɖe mɔ gbeɖe be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu o.—Ps. 72:​1, 2.

4. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu egbeae?

4 Ahiã be míalala va se ɖe esime Yehowa naɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa. Fifia gɔ̃ hã ekpena ɖe mía ŋu be míado dzi ne amewo wɔ nu tovo ɖe mía ŋu. (2 Pet. 3:13) Efiaa ale si míawɔ nu le nunya me ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la mí. Yehowa to Via Yesu dzi ɖo kpɔɖeŋu deblibo na mí ale be míanya ale si míawɔ nui ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Azɔ hã eɖo aɖaŋu nyuiwo na mí le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu.

ÐU ÐOKUIWÒ DZI NE WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE ŊUWÒ

5. Nu ka tae wòle be míaɖu mía ɖokui dzi ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

5 Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ate ŋu ate ɖe mía dzi vevie. (Nyagb. 7:7) Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ te ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo abe Hiob kple Habakuk ene hã dzi. (Hiob 6:​2, 3; Hab. 1:​1-3) Togbɔ be ele dzɔdzɔme nu be míase le mía ɖokui me nenema hã, ele be míaɖu mía ɖokui dzi eye míakpɔ nyuie be míagawɔ nu si mesɔ o.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si Absalom wɔ la me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Ne ame aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, ate ŋu awɔ na mí be míatu nu kplii. Gake esia ate ŋu ana nyaa nagagblẽ ɖe edzi kura. Bu Fia David ƒe vi Absalom ŋu kpɔ. Dzi kui vevie esi wo fofo ƒe vi Amnon dɔ nɔvia Tamar gbɔ sesẽe. Le Mose ƒe Sea nu la, ele be woawu Amnon ɖe nu si wòwɔa ta. (3 Mose 20:17) Togbɔ be eme kɔ be Absalom nado dziku hã la, nu vɔ̃e wònye wòwɔ be wòtso le eɖokui si bia xlɔ̃ Amnon.—2 Sam. 13:​20-23, 28, 29.

Esi wodɔ Absalom nɔvi Tamar gbɔ sesẽe la, Absalom mete ŋu ɖu eƒe dziku dzi o (Kpɔ memama 6)


7. Aleke hakpala aɖe se le eɖokui me esi wòkpɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ teƒe?

7 Ne ewɔ na mí be womehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o la, míate ŋu ava susui be viɖe aɖeke mele nu dzɔdzɔe wɔwɔ me o. Psalmo ŋlɔla aɖe de dzesii be nu nɔa edzi dzem na ame vɔ̃ɖi siwo tea ame dzɔdzɔewo ɖe to. Eya ta egblɔ be: “Aleae ame vɔ̃ɖiwo le, wole dziɖeɖi me ɣesiaɣi.” (Ps. 73:12) Nu madzɔmadzɔ siwo teƒe wòkpɔ la te ɖe edzi ale gbegbe be ese le eɖokui me be viɖe mele Yehowa subɔsubɔ ŋu o, eye wògblɔ be: “Esi mebu tame be mase esia gɔme la, eɖe fu nam vevie.” (Ps. 73:​14, 16) Egblɔ kpee be: “Ke nye la, nye afɔ da kloe, nye afɔ ɖiɖi kloe.” (Ps. 73:2) Nu sia tɔgbie dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si míayɔ be Alberto dzi.

8. Aleke nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía nɔviŋutsu aɖe ŋu la gblẽ nu le eŋu?

8 Nɔvi aɖe tso Alberto nu be efi hamea ƒe ga, gake menye nyateƒee o. Esia na woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le esi eye hamea me tɔ geɖe siwo se nyaa megava dea bubu eŋu o. Egblɔ be: “Nyaa ku dzi nam ŋutɔ eye dzi ɖe le ƒonye vevie.” Nyaa te ɖe Alberto dzi ale gbegbe be megava tsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o, eye wòdzudzɔ kpekpeawo dede ƒe atɔ̃ sɔŋ. Esia na míekpɔ nu si ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míeɖe mɔ nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe mía ŋu la na míebi dzi vevie.

SRƆ̃ ALE SI YESU WƆ NUI ESI WOWƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE EŊU

9. Nu madzɔmadzɔ kawoe wowɔ ɖe Yesu ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

9 Ale si Yesu wɔ nui esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí. Bu nu manyomanyo siwo eƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo wɔ ɖe eŋu la ŋu kpɔ. Eƒe ƒometɔwo nɔ gbɔgblɔm be eƒe tagbɔ le gbegblẽm, subɔsubɔhakplɔlawo tso enu be gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽ zãmee wònɔ, eye Roma srafowo ɖe alɔme le eŋu, woƒoe vevie hewui mlɔeba. (Marko 3:​21, 22; 14:55; 15:​16-20, 35-37) Gake Yesu do dzi le nu madzɔmadzɔ mawo katã me eye mewɔ wɔɖenui o. Nu kae míesrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí si na míekpɔ ale ale si míawɔ nui ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu (Kpɔ memama 9-10)


10. Aleke Yesu wɔ nui esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu? (1 Petro 2:​21-23)

10 Xlẽ 1 Petro 2:​21-23. a Ale si Yesu wɔ nui esi wowɔ nu tovowo ɖe eŋu la nye kpɔɖeŋu deblibo na mí. Enya ɣeyiɣi si wòaƒo nu kple ɣeyiɣi si wòazi ɖoɖoe. (Mat. 26:​62-64) Wogblɔ alakpanya geɖe ɖe eŋu gake ɖeko wòzi kpi. (Mat. 11:19) Esi wòva ƒo nu gɔ̃ hã la, medzu eyometilawo alo do ŋɔdzi na wo o. Yesu ɖu eɖokui dzi elabe “etsɔ eɖokui de asi na Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” Enya be nu madzɔmadzɔ siwo katã wɔm wonɔ ɖe ye ŋu la nɔ nyanya na Yehowa. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ava kpɔ nyawo gbɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

11. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me le? (Kpɔ fotoawo hã.)

11 Míate ŋu asrɔ̃ Yesu aɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Ɣeaɖewoɣia, menye nya gãe wònyena o eye míate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi. Alo míate ŋu atiae be míazi ɖoɖoe kple susu be míagava gblɔ nya aɖe si ava gblẽ nyaa ɖe edzi o. (Nyagb. 3:7; Yak. 1:​19, 20) Ɣeaɖewoɣi hã, ahiã be míaƒo nu atsɔ aʋli ame aɖe si ŋu wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo la ta alo ahiã be míaƒo nu atsɔ aʋli nyateƒea ta. (Dɔw. 6:​1, 2) Ne eva hiã nenema la, ele be míadze agbagba be míaƒo nu le tufafa kple bubu deto me.—1 Pet. 3:15. b

Ne wowɔ nu manyomanyo ɖe mía ŋu la, míate ŋu asrɔ̃ Yesu abu ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be míaƒo nu kple ale si míaƒo nui ŋu nyuie (Kpɔ memama 11-12)


12. Aleke míate ŋu atsɔ mía ɖokui ade asi na “Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la”?

12 Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ Yesu ne míetsɔ mía ɖokui de asi na “Ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” Ne amewo bu susu vɔ̃ ɖe mía ŋu alo womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o la, míekana ɖe edzi be Yehowa nya nu si le edzi yim. Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ado dzi elabe míeka ɖe edzi be Yehowa aɖɔ nuwo ɖo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ne míegblẽ nyawo ɖe Yehowa si me la, míabi dzi alo alé dziku ɖe dɔme o. Dzikuléleɖedɔme ate ŋu ana míawɔ nu gbegblẽ, dzi magava nɔ mía dzɔm o, eye mía kple Yehowa dome nagblẽ.—Ps. 37:8.

13. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míado dzi ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu?

13 Ele eme be míate ŋu awɔ nu wòade blibo abe Yesu ene ya o. Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu adzɔ be míagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si ava ve mí emegbe. (Yak. 3:2) Eye anɔ eme be nu si gbegbe nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe mía ŋu gblẽ le mía ŋu la maɖɔ ɖo keŋkeŋ le nuɖoanyi sia me o. Ne aleae wòle le gowòme la, ka ɖe edzi be Yehowa nya nu siwo me tom nèle. Yesu, ame si hã kpe fu madzemadzee la, sea veve ɖe nuwò. (Heb. 4:​15, 16) Tsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋu deblibo si Yesu ɖo na mí ŋu la, Yehowa toa eƒe Nya la dzi ɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí siwo kpena ɖe mía ŋu ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu. Na míadzro mawunyakpukpui eve me le Romatɔwo ƒe agbalẽa me be míakpɔ ale si woakpe ɖe mía ŋui ɖa.

“MIÐE MƆ NA DZIKU LA”

14. Nu kae wòfia be ‘míaɖe mɔ na dziku la’? (Romatɔwo 12:19)

14 Xlẽ Romatɔwo 12:19. Ame ka ƒe dzikue apostolo Paulo wɔnɛ esi wògblɔ na Kristotɔwo be “miɖe mɔ na dziku la”? Mawunyakpukpuia dzi yiyi na míekpɔe be Yehowa ƒe dzikue wòwɔnɛ. Míeɖea mɔ na Yehowa ƒe dziku ne míena eya ŋutɔ tso nya me le ɣeyiɣi si wòakpɔ nyaa gbɔ kple ale si wòawɔe ŋu. Esi nɔvi aɖe wɔ nu manyomanyo ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye John ŋu la, egblɔ be: “Avu kple kɔe wònye nam be magatsɔe ɖo ɖokuinye dzi be nye ŋutɔ makpɔ nyaa gbɔ o. Romatɔwo 12:19 kpe ɖe ŋunye mekpɔ Yehowa sinu.”

15. Nu ka tae wònyo wu be míakpɔ Yehowa sinu be wòakpɔ nyawo gbɔ?

15 Eɖea vi ne míekpɔ Yehowa sinu be eya boŋ nakpɔ nya aɖe gbɔ. Ne míewɔe alea la, míaƒo asa na dzivee kple vevesese si me míato ne mía ŋutɔwo míete kpɔ be míakpɔ nyaa gbɔ. Yehowa di be yeakpe ɖe mía ŋu. Ðeko wòle abe ele gbɔgblɔm na mí be, ‘Wò ya ɖe asi le nyaa ŋu nam ko; nye ŋutɔ makpɔ egbɔ,’ ene. Ne míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do be “maɖo eteƒe” dzi la, míaɖe asi le nyaa ŋu eye míaka ɖe edzi be akpɔ egbɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Esiae kpe ɖe John si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la ŋu. Egblɔ be: “Ne mekpɔ Yehowa sinu la, menya be ale si wòakpɔ nyaa gbɔ anyo sãsãsã wu.”

“YI EDZI NÀTSƆ NU NYUI ANƆ NU VƆ̃ÐI DZI ÐUM”

16-17. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míayi edzi atsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum’? (Romatɔwo 12:21)

16 Xlẽ Romatɔwo 12:21. Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woayi edzi atsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.’ Yesu gblɔ le eƒe todzimawunyaa me be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mat. 5:44) Esia tututue eya ŋutɔ wɔ. Anɔ eme be míede ŋugble le fu si gbegbe Yesu kpe esi Roma-srafowo klãe ɖe fuwɔameti ŋu la ŋu. Vlodoame si gbegbe wohe va edzi, nu madzɔmadzɔ si wowɔ ɖe eŋu, kple veve si wòse la wu gbɔgblɔ.

17 Yesu yi edzi wɔ nuteƒe togbɔ be ekpe fu geɖe madzemadzee hã. Esi wòdo gbe ɖa na Yehowa la, mebia be wòahe to na asrafoawo o, ke boŋ egblɔ be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.” (Luka 23:34) Ne míedo gbe ɖa ɖe ame siwo wɔ nu manyomanyo ɖe mía ŋu ta la, esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi eye míaƒe dziku nu nafa. Ate ŋu awɔe hã be susu nyui nanɔ mía si ɖe wo ŋu.

18. Aleke gbedodoɖa kpe ɖe Alberto kple John ŋu wodo dzi esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu?

18 Gbedodoɖa kpe ɖe mía nɔvi eve siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ŋu be wodo dzi esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu. Alberto gblɔ be: “Medo gbe ɖa ɖe nɔvi siwo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋunye la ta. Mebia Yehowa zi geɖe be wòakpe ɖe ŋunye maɖe asi le nyaa ŋu.” Dzidzɔtɔe la, Alberto gava le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. John gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe be wòakpe ɖe nɔvi si wɔ nu wòvem la ŋu eye wòakpe ŋunye be matsɔ akee. Gbedodoɖa mawo wɔe be susu nyui va le asinye ɖe nɔvia ŋu. Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye be nye dzi dze eme.”

19. Nu kae wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm esime míekpɔtɔ le xexe vɔ̃ɖi sia me? (1 Petro 3:​8, 9)

19 Míenya nu madzɔmadzɔ siwo woagawɔ ɖe mía ŋu hafi xexe vɔ̃ɖi sia nawu enu o. Gake nu ka kee woɖawɔ ɖe mía ŋu o, ele be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Neva eme be míasrɔ̃ ale si Yesu wɔ nu esi amewo wɔ nu tovo ɖe eŋu eye míayi edzi awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra mí.—Xlẽ 1 Petro 3:​8, 9.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

a Petro Ƒe Agbale Gbãtɔ ta 2 kple 3 lia ƒo nu tso ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ aɖewo kpe fu le woƒe aƒetɔ siwo ƒe tame sẽ kple wo srɔ̃ siwo nye dzimaxɔsetɔwo si me la ŋu.—1 Pet. 2:​18-20; 3:​1-6, 8, 9.

b Ʋu jw.org nàkpɔ video si nye Ale Si Lɔlɔ̃ Nana Míekpɔa Ŋutifafa Vavãtɔ.