Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TE ESIA KPƆ

Di Teƒe Si Sɔ Nàte Ŋu Asrɔ̃ Nu Le

Di Teƒe Si Sɔ Nàte Ŋu Asrɔ̃ Nu Le

Àdi be ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi na ye geɖe wua? Ekema te mɔnu siawo kpɔ ale be wò nusɔsrɔ̃a nanɔ bɔbɔe eye wòayi nyuie:

  • Di teƒe si sɔ nyuie. Ne anya wɔa, di teƒe si sɔ hele dzadzɛ, afi si akaɖi le be nàkpɔ nu nyuie ate ŋu axlẽ nu. Àte ŋu anɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu, alo nàdi teƒe nyui aɖe le gota si nàɖe dzi ɖi le.

  • Di afi si ame aɖeke mele o. Yesu tiae be yeayi “afi si ame aɖeke mele o” avae do gbe ɖa eye ewɔ esia “ŋdi kanya.” (Marko 1:35) Ne manya wɔ be nàkpɔ teƒe si wò ɖeka nànɔ oa, ke àte ŋu ana wò ƒomea alo aƒea me tɔwo nanya ɣeyiɣi siwo me nèsrɔ̃a nu ale be woagaɖe fu na wò ɣemaɣi o.

  • Wò susu nenɔ nu si srɔ̃m nèle ŋu. Ƒo asa na susuhenuwo. Ne wò fon alo tablɛt dzie nèle nua srɔ̃ ge lea, ekema trɔ asi le eŋu ale be naneke mava edzi si ahe wò susu o. Eye ne èɖo ŋku nane si gbɔ wòle be nàkpɔ dzia, ŋlɔ̃e ɖi, ale be nàva kpɔ egbɔ emegbe. Ne wò susu mele nusɔsrɔ̃a ŋu oa, ekema tso nàzɔ alo nàde kame vie.