Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Hamemetsitsiwo Ƒe Dɔa Minyama?

Nɔviŋutsuwo​—Ðe Miele Hamemetsitsiwo Ƒe Dɔa Minyama?

“Ne ŋutsu aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui minyam.”1 TIM. 3:1.

TAÐODZINUA

Le nyati sia mea, míadzro Ŋɔŋlɔawo me nudidi aɖewo siwo gbɔ wòle be nɔviŋutsuwo naɖo ale be woadze anye hamemetsitsiwo la me.

1-2. “Dɔ nyui” siwo hamemetsitsiwo wɔna dometɔ aɖewo ɖe?

 NE ÈNYE subɔsubɔdɔwɔla ɣeyiɣi aɖee nye esia la, ke anɔ eme be èdze agbagba ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo ana nàdze anye hamemetsitsi la dometɔ geɖewo gbɔ. Ðe nàdi be yeawɔ “dɔ nyui” siwo hamemetsitsiwo wɔna?—1 Tim. 3:1.

2 Dɔ kawoe hamemetsitsiwo wɔna? Woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, wodoa vevie alẽkpɔkplɔ kple nufiafia dɔa, eye wotoa woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi ɖoa kpɔɖeŋu le hamea me. Esɔ ŋutɔ be Biblia yɔ hamemetsitsi dovevienu siawo be “nunana siwo nye amewo.”—Ef. 4:8.

3. Aleke nɔviŋutsu awɔ anye hamemetsitsi? (1 Timoteo 3:1-7; Tito 1:5-9)

3 Aleke nɔviŋutsu awɔ adze anye hamemetsitsi? Menye dzɔdzɔmeŋutete siwo le ame si ye ana wòadze anye hamemetsitsi o. Zi geɖe ne ame aɖe le dɔ dim eye ŋutete si dim dɔtɔa le nya le esi ko la, dɔa asu esi. Gake be ame nanye hamemetsitsi ya to vovo kura. Menye gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ɖaŋu koe hiã o. Ahiã be nàɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo wodi tso hamemetsitsiwo si la gbɔ. Nudidi mawo dze le 1 Timoteo 3:​1-7 kple Tito 1:​5-9. (Xlẽe.) Le nyati sia mea, míadzro nu vevi etɔ̃ aɖewo siwo wodi tso hamemetsitsiwo si la me. Gbã, ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso ame siwo le hamea me kple ame siwo le egodo siaa gbɔ. Evelia, wòanye ƒome ƒe ta si ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Etɔ̃lia, wòalɔ̃ faa be yeasubɔ hamea.

ELE BE ŊKƆ NYUI NANƆ EŊU

4. Nu kae wòfia be ame nanye “mokakamanɔŋutɔ”?

4 Be nàdze anye hamemetsitsi la, ele be nànye “mokakamanɔŋutɔ.” Esia fia be ŋkɔ nyui nanɔ ŋuwò le hamea me. Azɔ hã, ele be nàkpɔ “ɖaseɖiɖi nyui tso ame siwo le egodo la hã gbɔ.” Ele eme be ame siwo mesubɔa Yehowa o aƒo nu gbegblẽ tso wò dzixɔsewo ŋu ya, gake mele be woakpɔ nya aɖeke agblɔ tso wò anukwareɖiɖi alo agbenɔnɔ ŋu o. (Dan. 6:​4, 5) Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ŋkɔ nyui le ŋunye le hamea me kple egodo siaa?’

5. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yenye “nu nyui lɔ̃la”?

5 Ele be nànye “nu nyui lɔ̃la.” Nɔnɔme sia awɔe be nàde dzesi amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ahanɔ wo kafum. Àlɔ̃ faa awɔ nyui na amewo, ne womebia tso asiwò o gɔ̃ hã. (1 Tes. 2:8) Nu ka ta wòle vevie be hamemetsitsi nanye “nu nyui lɔ̃la”? Elabe hamemetsitsiwo ƒe dɔa bia be woazã ɣeyiɣi geɖe ɖe alẽkpɔkplɔdɔa kple dɔdeasiwo dzadzraɖo ŋu. (1 Pet. 5:​1-3) Togbɔ be wotsɔa nu geɖe saa vɔe alea hã la, wokpɔa dzidzɔ geɖe elabe wotsɔ wo ɖokui na faa subɔa ame bubuwo.—Dɔw. 20:35.

6. Nu kae wòfia be ame nanye “amedzrowɔla”? (Hebritɔwo 13:2, 16; kpɔ fotoa hã.)

6 Ele be nànye “amedzrowɔla.” Esia bia be nàwɔ nyui na amewo katã, ame siwo menye xɔ̃wò kplikplikpliwo o gɔ̃ hã. (1 Pet. 4:9) Numekugbalẽ aɖe ɖɔ amedzrowɔla ale: “Eʋua eƒe aƒe kple eƒe dzi ƒe ʋɔtru na amedzrowo.” Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe amewo nyam be menye amedzrowɔla?’ (Xlẽ Hebritɔwo 13:​2, 16.) Amedzrowɔla nyoa dɔme na ame ƒomevi vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, enyoa dɔme na ame siwo dzi nu mede o kple nɔvi siwo tso hame bubu me va ƒo nuƒo le woƒe hamea me. Azɔ hã ewɔa amedzro na nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo kpakple nɔvi bubu siwo doa vevie nu.—1 Mose 18:​2-8; Lod. 3:27; Luka 14:​13, 14; Dɔw. 16:15; Rom. 12:13.

Kristotɔ atsu kple asi aɖe na dzikpɔla mɔzɔla aɖe kple srɔ̃a va dze wo gbɔ (Kpɔ memama 6)


7. Aleke hamemetsitsi aɖee afia be yemenye “galɔ̃la o”?

7 Mele be ame si le agbagba dzem be yeanye hamemetsitsi nanye “galɔ̃la o.” Esia fia be mele be ŋutilãmenuwo nye nu vevitɔ nɛ o. Ganyawo de edzi alo mede edzi o, atsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le nu sia nu me. (Mat. 6:33) Azã eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye wòalé be na eƒe ƒomea kple hamea siaa. (Mat. 6:24; 1 Yoh. 2:​15-17) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mebua gae? Ðe nu siwo le asinye dzea ŋunyea? Alo ɖe mevu ɖe ga kple nunɔamesi geɖe didi ŋua?’—1 Tim. 6:​6, 17-19.

8. Nu kae wòfia be ame ‘nada asɔ le nuwɔna me’? Nu kae wòfia be ame nanye “ɖokuidziɖula”?

8 Ele be ame si di be yeanye hamemetsitsi la ‘nada asɔ le nuwɔna me’ eye wòanye “ɖokuidziɖula.” Esia fia be eɖɔa ŋu ɖo; mewɔa nu wògbɔa eme o. Le kpɔɖeŋu me, meɖua nu tsu alo noa aha tsu o. Eƒe awudodo kple dzadzraɖo hã megbɔa eme o, eye ewɔa tiatia nyui le modzakaɖenyawo me. Meɖea mɔ ame siwo mesubɔa Yehowa o ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o. (Luka 21:34; Yak. 4:4) Alé eɖokui kpoo ne amewo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o gɔ̃ hã. Ame si nye “ahamula,” alo ame si wonya be enoa aha geɖe, madze anye hamemetsitsi o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ale si menɔa agbee ɖenɛ fiana be medana sɔna le nuwɔna me heɖua ɖokuinye dzia?’

9. Nu kae wòfia be ame nanye “ame ɖɔŋuɖo”? Nu kae wòfia be ame nanye “ame si wɔa nu le ɖoɖo nu”?

9 Hafi ame aɖe nadze anye hamemetsitsi la, ele be wòanye “ame ɖɔŋuɖo.” Esia fia be edea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu nyuie ale be gɔmesese deto va sua esi. Esia wɔnɛ be wòtsoa nya me nyuie. Matsɔ dzitsitsi aƒo nya ta le nuwo ŋu o, ke boŋ aku nu me akpɔ nyateƒenyawo katã hafi atso nya me. (Lod. 18:13) Ne míeɖɔa ŋu ɖo la, míaƒe nyametsotsowo awɔ ɖeka kple Yehowa ƒe susuwo. Nɔnɔme nyui bubu si wòle be ame natu ɖo be wòadze anye hamemetsitsi ye nye be wòanye “ame si wɔa nu le ɖoɖo nu.” Ame sia mewɔa nu yakayaka o; ewɔna ɖe game dzi. Amewo nyae be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo eye wòwɔna ɖe mɔfiame dzi. Nɔnɔme siawo ana ŋkɔ nyui nanɔ ŋuwò. Azɔ̃ na míadzro Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo yi na ƒome ƒe tawo la me.

NYE ƑOME ƑE TA NYUI

10. Nu kae wòfia be ‘ame nakpɔ eƒe aƒe dzi nyuie’?

10 Ne ènye srɔ̃ŋutsu eye nèdi be yeadze ava nye hamemetsitsi la, kpɔɖeŋu si wò ƒomea ɖona ate ŋu ana nàdze alo màdze o. Efia be nànye “ame si kpɔa [wò ŋutɔ wò] aƒe dzi nyuie.” Ele be woanya wò be èlɔ̃a ame eye nètsoa nya me nyuie na wò ƒomea. Esia fia be èxɔa ŋgɔ na ƒomea le míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa. Nu ka tae esia le vevie? Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne ame aɖe menya ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame la dzi?”—1 Tim. 3:5.

11-12. Aleke nɔviŋutsu aɖe ƒe aƒemetɔwo ƒe nuwɔna ate ŋu ana wòadze alo madze o? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Ne vifofoe nènye la, ke ele be nàkpɔ egbɔ be viwò siwo mexɔ ƒe wuienyi haɖe o la, “bɔbɔa wo ɖokui anukwaretɔe.” Ele be nàfia nu wo eye nàna hehe wo le lɔlɔ̃ me. Ðeviwo lɔ̃a fefe kple nukoko; esia nana wokpɔa dzidzɔ, ta ɖe mɔ na wo woafe. Gake ehiã be nàfia nu wo woanye vi ɖoto siwo dea bubu ame ŋu heléa wo ɖokui nyuie le ame dome. Azɔ̃ hã, ele be nàdze agbagba akpe ɖe viwòwo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli, woawɔ ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi, eye woayi ŋgɔ axɔ nyɔnyrɔ.

12 “Ame si si vi xɔsetɔ siwo nu wometso ɖe agbe baɖa nɔnɔ alo aglãdzedze ta o la le.” Ne nɔviŋutsu aɖe ƒe vi xɔnyɔnyrɔ si mexɔ ƒe wuienyi o wɔ nu vɔ̃ aɖe la, aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe nɔviŋutsua ƒe dzedze anye hamemetsitsi dzi? Ne nɔviŋutsua metsɔ eƒe agbanɔamedzi na hehe ɖevia hefia nui o la, ekema madze anye hamemetsitsi o.—Kpɔ October 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21, memama 6-7.

Ƒome ƒe tawo naa hehe wo viwo be woawɔ nu siwo adze Yehowa ŋu eye wòaɖe vi na hamea (Kpɔ memama 11)


LƆ̃ FAA NÀSUBƆ HAMEA

13. Aleke nàɖee afia be yenye “nugɔmesela” ke menye “ɖokuiŋudzela” o?

13 Nɔviŋutsu siwo ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fiana la nye yayra na hamea. Ele be nɔviŋutsu si di be yeanye hamemetsitsi la nanye “nugɔmesela.” Nugɔmesela doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Ne èdi be woanya ye be yesea nu gɔme la, ke ɖo to amewo nàdze agbagba ase woƒe susuwo gɔme. Tsɔe be ènye hamemetsitsi eye miele hamemetsitsiwo ƒe kpekpe. Ðe nàlɔ̃ faa ada asi ɖe ame akpa gãtɔ ƒe susu dzi nenye be esia metsi tre ɖe Biblia ƒe se alo gɔmeɖose aɖeke ŋu oa? “Ðokuiŋudzela” ye tea tɔ ɖe edzi be woawɔ nu ale si yedi. Melɔ̃na sea ame bubuwo ƒe susuwo o. Eya ta ɖokuiŋudzela madze anye hamemetsitsi o. (1 Mose 13:​8, 9; Lod. 15:22) Mele be ame si di be yeanye hamemetsitsi nanye “dzrehela” alo “ame si doa dɔmedzoe kabakaba” o. Mele be hamemetsitsi nanye ame si ƒe nya me sẽ alo ame si melɔ̃na ɖe amewo ƒe susu dzi o, ke boŋ wòafa tu eye wòawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Esi hamemetsitsi nye ame si wɔa ŋutifafa ta la, aɖe afɔ siwo ahe ŋutifafa vɛ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. (Yak. 3:​17, 18) Ne wò nyawo dzea to la, ate ŋu awɔe be amewo, tsitretsiɖeŋulawo gɔ̃ hã, ƒe nɔnɔme natrɔ.—Ʋɔn. 8:​1-3; Lod. 20:3; 25:15; Mat. 5:​23, 24.

14. Nya si nye “ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o” gɔme ɖe? Nu kae wòfia be ame nanye “nuteƒewɔla”?

14 Nɔviŋutsu si dze anye hamemetsitsi manye “ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o.” Esia mefia be ame naxɔ nyɔnyrɔ ƒe gbogbo aɖe hafi adze o. Gake hafi ame nayi ŋgɔ azu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la, ebia ɣeyiɣi. Hafi nàdze azu hamemetsitsi la, ele be wòadze ƒãa le ŋuwò be èbɔbɔa ɖokuiwò, abe ale si Yesu wɔe ene. Azɔ hã ele be nàlɔ̃ faa akpɔ Yehowa sinu be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, woade dɔ aɖewo asiwò le hamea me. (Mat. 20:23; Flp. 2:​5-8) Ne èkuna ɖe Yehowa ŋu eye nèléa eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi hewɔna ɖe eƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi la, esia aɖee afia be ènye “nuteƒewɔla.1 Tim. 4:15.

15. Ðe wòle be hamemetsitsi nanye nuƒola bibi kokokoa? Ðe eme.

15 Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be ele be hamemetsitsi nanye “ame si nya nufiafia.” Ðe esia fia be ele be wòanye nuƒola bibi kokokoa? Ao. Togbɔ be nɔviŋutsu geɖe siwo dze nye hamemetsitsi menye nufiala bibiwo o hã la, wofiaa nu nyuie le gbea dzi kple ne wole nɔviwo srãm kpɔ. (Tsɔe sɔ kple 1 Korintotɔwo 12:​28, 29 kple Efesotɔwo 4:11.) Togbɔ be ele alea hã, ele be nàyi edzi anɔ dɔ wɔm tso wò nufiafia ŋu be wòanɔ nyonyom ɖe edzi. Aleke nàwɔ esiae?

16. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàva zu nufiala nyui? (Kpɔ fotoa hã.)

16 “Ame si léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ.” Be nànye nufiala nyui la, ele be nàtu wò nufiafia kple wò aɖaŋuɖoɖowo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi. Lé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ ŋu. (Lod. 15:28; 16:23) Ne èle míaƒe agbalẽwo srɔ̃m la, de dzesi ale si woɖe Ŋɔŋlɔawo me kple ale si nàwɔ wo ŋu dɔe wòaɖe vi. Ne èle nu fiam la, dze agbagba nàɖo amewo ƒe dzi gbɔ eye nàʋã wo be woalɔ̃ Yehowa awɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Wò nufiafia agate ŋu anyo ɖe edzi ne èbiaa aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsi kpɔnuteƒewo gbɔ. (1 Tim. 5:17) Ele be hamemetsitsiwo ‘nade dzi ƒo’ na nɔviawo. Gake ɣeaɖewoɣi hã, ele be hamemetsitsiwo naxlɔ̃ nu nɔviawo alo ‘agbe nya’ na wo gɔ̃ hã. Le wo katã me la, ele be woawɔe le tufafa me. Ne ènye hamemetsitsi si lɔ̃a nɔviawo, èfa tu eye nètua wò nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi la, ale si nèfiaa nui anyo ɖe edzi elabe èle Yesu, si nye Nufiala Gãtɔ la srɔ̃m.—Mat. 11:​28-30; 2 Tim. 2:24.

Hamemetsitsi aɖe kple subɔsubɔdɔwɔla aɖe yi ɖasrã nɔvi aɖe kpɔ. Subɔsubɔdɔwɔlaa wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ le ale si wòawɔ Biblia ŋu dɔ atsɔ afia nu nyuie la srɔ̃m. Subɔsubɔdɔwɔla ma ke tɔ ɖe ahuhɔ̃e ŋgɔ le eƒe nuƒo me tom (Kpɔ memama 16)


YI EDZI NÀMINYA SUBƆSUBƆ MƆNUKPƆKPƆ GEÐE

17. (a) Nu kae akpe ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu be woayi ŋgɔ? (b) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na hamemetsitsiwo ne wole nɔvi aɖe ƒe dzedze me dzrom? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Mida Sɔ Ne Miele Nɔviŋutsuwo Ƒe Dzedze Me Dzrom.”)

17 Esi míedzro hamemetsitsiwo ƒe nudidiawo me va ɖo afi sia la, subɔsubɔdɔwɔla aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be manya wɔ be yewoaɖo nudidiawo gbɔ o. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa alo eƒe habɔbɔa mele mɔ kpɔm be nàɖo nudidi siawo katã gbɔ bliboe o. (1 Pet. 2:21) Azɔ hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye akpe ɖe ŋuwò be nàtu nɔnɔme siawo ɖo. (Flp. 2:13) Ðe nède dzesi nudidiawo dometɔ aɖe si ŋu wòle be nàwɔ dɔ tsoea? Ke do gbe ɖa na Yehowa tso eŋu. Ku nu me tso eŋu eye nàbia hamemetsitsi aɖe be wòaɖo aɖaŋu na wò tso ale si nàwɔ ayi ŋgɔe ŋu.

18. Nu kae wole dzi dem ƒo na subɔsubɔdɔwɔlawo katã be woawɔ?

18 Neva eme be mí katã, ame siwo nye hamemetsitsiwo xoxo hã, míayi edzi atu nɔnɔme siwo me míedzro le nyati sia me la ɖo. (Flp. 3:16) Subɔsubɔdɔwɔlae nènyea? Yi ŋgɔ nàdze axɔ agbanɔamedzi geɖe! Bia Yehowa be wòana hehe wò ahatrɔ asi le ŋuwò be nàsubɔ eyama kple nɔviawo nyuie. (Yes. 64:8) Neva eme be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo katã dzem nèle be nàdze ava nye hamemetsitsi la dzi.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me