Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 45

HADZIDZI 138 Ta Ƒowɔ Ƒe Atsyɔ̃

Srɔ̃ Nu Tso Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ƒe Nya Mamlɛwo Me

Srɔ̃ Nu Tso Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ƒe Nya Mamlɛwo Me

“Menye ame tsitsiwo gbɔe nunya tso aƒe ɖo oa? Eye menye agbe didie hea gɔmesese vanɛ oa?”HIOB 12:12.

TAÐODZINUA

Yehowa Mawu do ŋugbe be ne míeɖo to ye la, yeayra mí fifia eye míakpɔ agbe mavɔ hã le etsɔme.

1. Nu ka tae míate ŋu asrɔ̃ nu tso nɔvi tsitsiwo gbɔ?

 MÍ KATÃ míehiã aɖaŋuɖoɖo be míatso nya me nyuie. Hamemetsitsiwo kple nɔvi kpɔnuteƒe bubu siwo le hamea me la ate ŋu aɖo aɖaŋu na mí. Ne wotsi wu mí sãsãsã hã la, mele be míasusui be woƒe aɖaŋuɖoɖowo mate ŋu aɖe vi na mí egbea o. Yehowa di be míasrɔ̃ nu tso nɔvi tsitsiwo gbɔ. Wokpɔ nu teƒe eye gɔmesese kple nunya geɖe hã su wo si elabe wotsi wu mí.—Hiob 12:12.

2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Le blema la, Yehowa to ame tsitsi wɔnuteƒewo dzi de dzi ƒo na eƒe amewo hefia mɔ wo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Mose, David kple apostolo Yohanes. Wonɔ agbe le ɣeyiɣi vovovowo me eye nu siwo me woto hã to vovo. Esi wòsusɔ vie woaku la, woɖo aɖaŋu nyuiwo na megbeviwo. Ame tsitsi wɔnuteƒe siawo dometɔ ɖe sia ɖe te gbe ɖe edzi be ele vevie be míaɖo to Mawu. Yehowa na woŋlɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo nyui mawo ɖi be míawo hã míasrɔ̃ nu tso eme egbea. Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, aɖaŋuɖoɖo mawo ate ŋu aɖe vi na mí. (Rom. 15:4; 2 Tim. 3:16) Le nyati sia me la, míakpɔ nya mamlɛ siwo ŋutsu tsitsi etɔ̃ siawo gblɔ kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.

“ANA NÀNƆ AGBE DIDI”

3. Dɔ vovovo kawoe Mose wɔ?

3 Mose do vevie nu wɔ dɔ na Yehowa le eƒe agbe me katã. Enye nyagblɔɖila, ʋɔnudrɔ̃la, kplɔla, eye wòŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖewo hã. Mose kpɔ nu geɖe teƒe le agbe me! Ekplɔ Israel-viwo dzoe le kluvinyenye me le Egipte eye ekpɔ Yehowa ƒe nukunu geɖe teƒe. Yehowa zãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo, Psalmo 90 lia kple ɖewohĩ Psalmo 91 lia hã. Anɔ eme be eya kee ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa.

4. Ame kawoe Mose de dzi ƒo na, eye nu ka tae?

4 Esi Mose xɔ ƒe 120 eye wòsusɔ vie wòaku la, eƒo Israel-viwo nu ƒu eye wòɖo ŋku nu siwo Yehowa wɔ, siwo teƒe wokpɔ la dzi na wo. Ƒe geɖe do ŋgɔ la, Israel-vi mawo dometɔ aɖewo kpɔ nukunu geɖe siwo Yehowa wɔ kple ale si wòhe to na Egiptetɔwo la teƒe. (2 Mose 7:​3, 4) Wokpɔ eteƒe Yehowa ma Ƒudzĩa me wozɔ to eme eye wòtsrɔ̃ Farao kple eƒe aʋakɔ bliboa. (2 Mose 14:​29-31) Esime wonɔ gbea dzi la, Yehowa kpɔ wo ta eye wòlé be na wo. (5 Mose 8:​3, 4) Azɔ esusɔ vie woaɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi, eye esi Mose nyae be yegbɔna kuku ge ta la, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ de dzi ƒo na wo. a

5. Nu ka dzie Mose ka ɖo na Israel-viwo esi wònɔ eƒe nya mamlɛ siwo le 5 Mose 30:​19, 20 gblɔm na wo?

5 Nya kae Mose gblɔ? (Xlẽ 5 Mose 30:​19, 20.) Etsɔme nyui aɖe nɔ ŋgɔ na Israel dukɔa. Yehowa ayra wo eye woanɔ agbe didi le anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo la dzi. Anyigba nyui aɖee wònye eye ewɔa nu hã! Mose ɖɔ anyigbaa na dukɔa ale: “Afi si du gã nyui siwo menye wòe tso wo o la le, kple aƒe siwo me nu nyuiwo katã yɔ fũu, evɔ menye wòe wɔ dɔ kpɔ wo o, kple vudo siwo menye wòe ɖe wo o, waingble kple amiti siwo menye wòe do wo o.”—5 Mose 6:​10, 11.

6. Nu ka tae Mawu ɖe mɔ dukɔ bubuwo ɖu Israel-viwo dzi le aʋa me?

6 Mose xlɔ̃ nu Israel-viawo hã. Egblɔ na wo be ele be woawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi hafi woate ŋu ayi edzi anɔ agbe le anyigba nyui ma dzi. Ede dzi ƒo na wo be woaɖo to Yehowa eye ‘woaku ɖe eŋu,’ ema afia be ‘wotia agbe.’ Gake Israel-viwo mewɔe nenema o, wogbe Yehowa. Eya ta Yehowa ɖe mɔ Asiriatɔwo kple emegbe Babilontɔwo va ɖu wo dzi le aʋa me eye woɖe aboyo wo.—2 Fia. 17:​6-8, 13, 14; 2 Kron. 36:​15-17, 20.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso Mose ƒe nyawo me? (Kpɔ fotoa hã.)

7 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Toɖoɖo ana míakpɔ agbe. Woxlɔ̃ nu Israel-viwo esime wòsusɔ vie woage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Egbea, míawo hã míele xexe yeye si ŋugbe Mawu do na mí la ƒe agbo nu. Madidi o, anyigba bliboa azu paradiso. (Yes. 35:1; Luka 23:43) Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo maganɔ anyi o. (Nyaɖ. 20:​2, 3) Alakpasubɔsubɔha aɖeke maganɔ anyi akplɔ amewo atra tso Yehowa gbɔ o. (Nyaɖ. 17:16) Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke magate ame aɖeke ɖe to o. (Nyaɖ. 19:​19, 20) Yehowa maɖe mɔ ame aɖeke naɖe fu na amewo le paradisoa me o. (Ps. 37:​10, 11) Amewo katã awɔ ɖe Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo dzi, eye esia ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ anyi. Ame sia ame alɔ̃ nɔvia eye wòaka ɖe edzi. (Yes. 11:9) Eye ne míeɖo to Yehowa la, menye ƒe alafa aɖewo koe míanɔ agbe le paradisoa me le anyigba dzi o, ke boŋ yi ɖe mavɔmavɔ me. Nu kae ganyo wu esia!—Ps. 37:29; Yoh. 3:16.

Ne míeɖo to Yehowa la, menye ƒe alafa aɖewo koe míanɔ agbe le paradisoa me le anyigba dzi o, ke boŋ yi ɖe mavɔmavɔ me (Kpɔ memama 7)


8. Aleke agbe mavɔ nɔnɔ ƒe ŋugbedodoa kpe ɖe dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ ƒe geɖe la ŋu? (Yuda 20, 21)

8 Ne míaƒe susu nɔa ŋugbe si Mawu do be míava nɔ agbe tegbee ŋu la, esia akpe ɖe mía ŋu míaɖo toe ɣesiaɣi, kuxi ka ke me tom míele o. (Xlẽ Yuda 20, 21.) Ŋugbedodo ma ado ŋusẽ mí hã be míaɖu numame gbegblẽwo dzi. Dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ le Afrika ƒe geɖe la nɔ avu wɔm kple numame gbegblẽ aɖe. Egblɔ be: “Esi mede dzesii be numame ma ate ŋu awɔe be nyemava akpɔ agbe mavɔ o la, medze agbagba ɖe sia ɖe be madzudzɔ eye medo gbe ɖa vevie ɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Ekpe ɖe ŋunye hã meva dzudzɔ numame ma mlɔeba.”

‘NU SIA NU ADZE EDZI NA WÒ’

9. Nɔnɔme sesẽ kawo mee David to?

9 David nye fia nyui aɖe. Enye hakpala, hakpanyaŋlɔla, aʋawɔla kple nyagblɔɖila. Eto nɔnɔme sesẽ geɖe me. Enɔ sisim le Fia Saul nu ƒe geɖe elabe Saul nɔ ŋu ʋãmee eye wòdi be yeawui. Esi David va zu fia gɔ̃ hã la, eva hiã be wòasi le via Absalom nu elabe eya hã di be yeawui axɔ zia le esi. Togbɔ be David to nɔnɔme sesẽ siawo me eye eya ŋutɔ da vo aɖewo hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe eƒe kugbe. Yehowa ɖɔ David be enye “ŋutsu si ƒe nu dze [yeƒe] dzi ŋu.” Eya ta anyo be míawɔ ɖe David ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi!—Dɔw. 13:22; 1 Fia. 15:5.

10. Nu ka tae wòle be David naɖo aɖaŋu na via Salomo?

10 David ɖo aɖaŋu aɖewo na via Salomo, ame si ava zu fia ɖe eteƒe. Yehowa tia ɖekakpui Salomo be wòatu gbedoxɔ na ye eye wòado tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ. (1 Kron. 22:5) Dɔ gã aɖe ŋutɔe nye ema Yehowa de Salomo si. Aɖaŋu kae fofoa David ɖo nɛ? Na míakpɔe ɖa.

11. Le 1 Fiawo 2:​2, 3 ƒe nya nu la, aɖaŋu kae David ɖo na Salomo, eye aleke eƒe nyawo va emee? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

11 Nya kae David gblɔ? (Xlẽ 1 Fiawo 2:​2, 3.) David gblɔ na via be ne eɖo to Yehowa la, nu sia nu adze edzi nɛ. Eye nu dze edzi na Salomo ŋutɔ ƒe geɖe. (1 Kron. 29:​23-25) Etu gbedoxɔ gã la, eŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖewo, eye eƒe nyawo dze le Biblia-gbalẽ bubuwo hã me. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo na wòxɔ ŋkɔ ŋutɔ. (1 Fia. 4:34) Gake David na eme kɔ na Salomo be ne eyi edzi ɖo to Yehowa Mawu ko hafi eme anyo nɛ. Nublanuitɔe la, Salomo mete ŋu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o eye wòva nɔ alakpamawuwo subɔm. Salomo ƒe nu megava dze Yehowa ŋu o, si wɔe be nunya si wòatsɔ akplɔ dukɔa le mɔ dzɔdzɔe nu hã bɔe.—1 Fia. 11:​9, 10; 12:4.

Nya mamlɛ siwo David gblɔ na via Salomo la na míekpɔe be ne míeɖo to Yehowa la, ana nunya si míehiã be míatso nya me nyuie la mí (Kpɔ memama 11-12) b


12. Nu kae míesrɔ̃ tso David ƒe nyawo me?

12 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Toɖoɖo ana Yehowa nayra mí eye wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 1:​1-3) Le nyateƒe me la, Yehowa medo ŋugbe be yeana míazu kesinɔtɔwo eye míaxɔ ŋkɔ abe Salomo ene o. Gake ne míeɖo toe la, ana nunya mí eye esia akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. (Lod. 2:​6, 7; Yak. 1:5) Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míanya nu nyuitɔ si wòle be míawɔ le dɔwɔɖui, ga, modzakaɖeɖe kple sukudede ƒe nyawo me. Ne míewɔ aɖaŋu siwo Mawu ɖo dzi la, mía kplii dome anɔ nyuie eye míava kpɔ agbe mavɔ. (Lod. 2:​10, 11) Míadze xɔlɔ̃ nyuiwo, eye dzidzɔ anɔ míaƒe ƒomewo me.

13. Nu kae kpe ɖe Carmen ŋu wòde dzesi nu ŋutɔŋutɔ si ana nu nadze edzi nɛ le agbe me?

13 Nɔvinyɔnu Carmen, si le Mozambique susui be suku kɔkɔ dede ye ana nu nadze edzi na ye le agbe me. Eya ta eyi yunivɛsiti be yeasrɔ̃ nu tso xɔtutu ŋu. Egblɔ be: “Nu siwo srɔ̃m menɔ la dzɔ dzi nam ale gbegbe. Gake exɔa nye ɣeyiɣi ŋutɔ eye ɖeɖi tea ŋunye belibeli. Meyia suku ŋdi ga adre kple afã eye mekpãna fiẽ ga ade. Esia wɔe be kpekpeawo dede sesẽ nam, eye nye kple Yehowa dome megava nɔ nyonyom o. Le nye dzi me la, mekpɔe be menɔ aƒetɔ eve subɔm.” (Mat. 6:24) Nɔvinyɔnua do gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu eye wòku nu me le míaƒe agbalẽwo me. Egblɔ yi edzi be: “Esi nɔnye kple nɔvi tsitsiwo ɖo aɖaŋu nyuiwo nam la, metiae be madzudzɔ yunivɛsitia dede eye masubɔ Yehowa ɣeyiɣiawo katã. Mekpɔe be nu nyuitɔe nye ema mewɔ eye mevem kpɔ gbeɖe o.”

14. Nya vevi kae Mose kple David gblɔ?

14 Mose kple David lɔ̃ Yehowa eye wokpɔe be ele vevie be míaɖo toe. Le nya mamlɛ siwo wogblɔ hafi ku me la, wode dzi ƒo na amewo be woasrɔ̃ yewoƒe kpɔɖeŋu aku ɖe Yehowa woƒe Mawu la ŋu goŋgoŋ. Woxlɔ̃ nu amewo hã be ne wogbe Yehowa la, woƒe nu magadze eŋu o eye mayra wo abe ale si wòdo ŋugbe na wo ene hã o. Nuteƒewɔla siawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo aɖe vi na míawo hã egbea. Ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa subɔla bubu aɖe hã na míekpɔ ale si wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu.

“NYEMEKPƆ DZIDZƆ GÃ WU ESIA O”

15. Nu kawo teƒe apostolo Yohanes kpɔ?

15 Yohanes nye apostolo si Yesu Kristo lɔ̃ vevie. (Mat. 10:2; Yoh. 19:26) Enɔ Yesu ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa katã me, ekpɔ Yesu ƒe nukunuwo teƒe eye megblẽ eƒe Aƒetɔ la ɖi le nɔnɔme sesẽwo me o. Enɔ eteƒe esi wohe Yesu ɖe ati ŋu eye wòkpɔe esi wofɔe ɖe tsitre. Ekpɔ ale si Kristo hamea dze egɔme le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si nya nyuia kaka eye woɖe gbeƒãe le “nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te dome.”—Kol. 1:23.

16. Ame kawoe Yohanes ƒe lɛtawo ɖe vi na?

16 Le Yohanes ƒe agbenɔƒewo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ aɖewo. Eŋlɔ nu wɔnuku siwo ‘Yesu Kristo ɖe fiae.’ (Nyaɖ. 1:1) Yohanes ŋlɔ Nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖeka. Eye gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ lɛta etɔ̃ aɖewo hã. Eŋlɔ lɛta etɔ̃lia na Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Gayo; elɔ̃e abe via ene. (3 Yoh. 1) Anɔ eme be ame bubu aɖewo hã nɔ nyateƒea me si Yohanes lɔ̃ vevie abe viawo ene. Agbalẽ siwo nuteƒewɔla tsitsi Yohanes ŋlɔ la dea dzi ƒo na Yesu yomedzela siwo li egbea hã.

17. Le 3 Yohanes 4 ƒe nya nu la, nu kae na Yohanes kpɔ dzidzɔ geɖe?

17 Nya kae Yohanes gblɔ? (Xlẽ 3 Yohanes 4.) Le Yohanes ƒe lɛta etɔ̃lia me la, egblɔ be dzi dzɔ ye ŋutɔ esi yekpɔe be ye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo yi edzi nɔ to ɖom Mawu. Ɣemaɣi la, ame aɖewo nɔ alakpanufiafiawo kakam eye wonɔ mama dem hamea me hã. Gake ame aɖewo ya yi edzi nɔ “zɔzɔm le nyateƒe la me.” Woɖo to Yehowa eye ‘wozɔ le eƒe sededewo nu.’ (2 Yoh. 4, 6) Kristotɔ wɔnuteƒe mawo ƒe nuwɔnawo na Yohanes kple Yehowa siaa kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.—Lod. 27:11.

18. Nu kae míesrɔ̃ tso Yohanes ƒe nyawo me?

18 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Nuteƒewɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ. (1 Yoh. 5:3) Le kpɔɖeŋu me, dzi dzɔa mí elabe míenyae be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu. Ekpɔa dzidzɔ elabe ekpɔnɛ be míedzea agbagba be míatsri nu si menyo o eye míeɖoa to ye. (Lod. 23:15) Mawudɔlawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu. (Luka 15:10) Míawo hã míekpɔa dzidzɔ ne míekpɔ ale si mía nɔviwo yi edzi le nuteƒe wɔm le nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo gɔ̃ hã me. (2 Tes. 1:4) Eye ne wova tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia mlɔeba la, dzi adzɔ mí ŋutɔ be míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa.

19. Nya kae nɔvinyɔnu Rachel gblɔ tso nyateƒea fiafia amewo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

19 Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne míefia nyateƒea amewo. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rachel, si le Dominican Republic kpɔe be mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be míafia nu amewo tso mía Mawu lɔ̃ame la ŋu. Ekpe ɖe ame geɖe ŋu wova le Yehowa subɔm. Egblɔ be: “Ne mekpɔe be ame siwo mefia nui va lɔ̃ Yehowa, woɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe eye wotrɔ woƒe agbenɔnɔ be wòadze eŋu la, dzidzɔ si mekpɔna la wua gbɔgblɔ. Dzidzɔ ma ƒo agbagba ɖe sia ɖe si medze kple nu siwo metsɔ sa vɔe hafi fia nu wo la ta sãsãsã.”

Dzi dzɔa mí ne míefia nu amewo be woalɔ̃ Yehowa eye woaɖo toe (Kpɔ memama 19)


NA NYA MAMLƐ SI NUTEƑEWƆLA TSITSIWO GBLƆ NAÐE VI NA WÒ

20. Nu kawo mee míeɖi Mose, David kple Yohanes le?

20 Enye nyateƒe be Mose, David kple Yohanes ƒe ɣeyiɣiawo kple nɔnɔmewo to vovo kura na mía tɔ egbea. Gake míeɖi wo le nanewo me. Le kpɔɖeŋu me, míesubɔa Mawu vavã la abe ale si woawo hã wowɔe ene. Abe woawo ke ene la, míedoa gbe ɖa na Yehowa, míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe mía ŋu afia mɔ mí. Eye míeka ɖe edzi be Yehowa yraa ame siwo ɖoa toe, abe ale si ko nuteƒewɔla tsitsi mawo hã ka ɖe edzi ene.

21. Yayra kawoe ame siwo wɔ ɖe nuteƒewɔla Mose, David kple Yohanes ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la akpɔ?

21 Eya ta mina míawɔ ɖe nya mamlɛ siwo ŋutsu tsitsi siawo gblɔ la dzi aɖo to Yehowa. Esia ana wòayra mí eye wòakpe ɖe mía ŋu. Míakpɔ agbe eye ‘míava nɔ agbe didi,’ ɛ̃, míanɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me. (5 Mose 30:20) Míakpɔ dzidzɔ hã elabe míenyae be míaƒe nu dze mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu, eye awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi wòawu ale si míele mɔ kpɔm nɛ gɔ̃ hã.—Ef. 3:20.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

a Israel-vi akpa gãtɔ siwo kpɔ nukunu siwo Yehowa wɔ le Ƒudzĩa nu la meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (4 Mose 14:​22, 23) Yehowa gblɔ be ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe 20 siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ la aku le gbea dzi. (4 Mose 14:29) Gake Yosua, Kaleb, Lewi-viwo kple ame siwo mexɔ ƒe 20 haɖe o ya tsi agbe kpɔ eteƒe Yehowa ƒe ŋugbedodowo va eme eye wotso Yordan Tɔsisia yi Kanaan.—5 Mose 1:​24-40.

b NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOA ME: Miame: Hafi David naku la, eɖo aɖaŋu na via Salomon. Ðusime: Nɔviwo le Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku eye Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo le vi ɖem na wo.