Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Do Ŋusẽ Mí Le Aʋawɔɣi Kple Ŋutifafaɣi Siaa

Yehowa Do Ŋusẽ Mí Le Aʋawɔɣi Kple Ŋutifafaɣi Siaa

Paul: Dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ! November 1985 mee, eye míedze mɔ yina Liberia le Ɣetoɖoƒe Afrika. Afi mae woɖo mí ɖo be míawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le zi gbãtɔ. Yameʋu si míeɖo la va tɔ ɖe Senegal vie. Anne gblɔ be: “Esusɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ ko míaɖo Liberia!” Kasia míese gbeƒãɖeɖe aɖe be: “Ame siwo katã yina Liberia la naɖi le yameʋua me. Asrafoha aɖe tso ɖe Liberia dziɖuɖua ŋu be yeamui, eya ta yameʋua mate ŋu ayi afi ma o.” Aleae wòdzɔe be le ŋkeke ewo siwo kplɔe ɖo mea, míetsi dutanyanyuigblɔla siwo le Senegal gbɔ henɔ nyadzɔdzɔwo sem tso nu siwo nɔ edzi yim le Liberia ŋu. Wowu ame gbogbo aɖewo helɔ wo de agbatsɔʋu gãwo me, eye wode se be ame aɖeke nagado le aƒe me le fiẽ me o. Ame siwo da le sea dzi la, woda tu wo.

Anne: Le dzɔdzɔme nu la, tsaɖiɖi ayi duta medzroam o. Le nyateƒe mea, woyɔam be Annie Vɔvɔ̃nɔtɔ tso ɖevime ke. Elabe ne matso ʋumɔ me kura gɔ̃ hã mevɔ̃na ŋutɔ! Gake míeɖoe kplikpaa be míayi Liberia avae wɔ míaƒe dɔdeasia togbɔ be afɔku li hã.

Paul: Kilometa enyi pɛ koe tso afi si wodzim le kple afi si wodzi Anne lea dome, le England ƒe ɣetoɖoƒe. Mí ame evea míedze mɔɖeɖedɔa gɔme esi míedo le sekɛndrisuku (lycée) teti ko. Dzinyelawoe de esia ƒe dzi ƒo nam, eye Anne nɔ ye de esia ƒe dzi ƒo na eya hã. Wokpɔa dzidzɔ ŋutɔ be míedi be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa eye wokpe asi ɖe mía ŋu bliboe. Esi mexɔ ƒe 19 la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mava subɔ le Betel, eye esi míeɖe srɔ̃ le ƒe 1982 me megbea, Anne va wɔ ɖeka kplim le Betel.

Gilead sukunuwuwɔnaa le September 8, 1985 dzi

Anne: Míelɔ̃ Betel, gake edzroa mí tso gbe aɖe gbe ke be míasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le. Dɔwɔwɔ le Betel kple ame siwo nye dutanyanyuigblɔlawo tsã na didia gava sẽ ɖe mía me wu. Míedo gbe ɖa etɔxɛe tso nya sia ŋu fiẽ sia fiẽ ƒe etɔ̃ sɔŋ. Eya ta dzi dzɔ mí ale gbegbe esi wokpe mí le ƒe 1985 me be míava de Gilead sukua ƒe klass 79 lia! Esi sukua wu enua, woɖo mí ɖe Liberia le Ɣetoɖoƒe Afrika.

MÍA NƆVIWO ƑE LƆLƆ̃ DO ŊUSẼ MÍ

Paul: Tso esime woɖe mɔ be yameʋuwo agate ŋu ayi Liberia koa, míeɖo yameʋu gbãtɔ yi. Dukɔa me mefa o, eye se kpɔtɔ li be womado le aƒe me le ɣeyiɣi aɖewo me o. Ʋu ƒe gbeɖeɖe sesĩe gɔ̃ hã tea ŋu dea tɔtɔ kple vɔvɔ̃ amewo me le asi me. Be míate ŋu aɖe dzi ɖia, míexlẽa Psalmowo ƒe akpa aɖewo fiẽ sia fiẽ. Togbɔ be nɔnɔmea sesẽ hã la, dɔa nɔ mía nu vivim ale gbegbe. Anne ya dea gbeadzi gbe sia gbe, gake nye ya menɔ dɔ wɔm le Betel kple nɔviŋutsu John Charuk. a Mesrɔ̃ nu geɖe le egbɔ, elabe ele dukɔa me eteƒe didi, eye wòse nɔnɔme siwo me tom mía nɔviwo le la gɔme nyuie.

Anne: Nu ka tae míelɔ̃ Liberia kaba nenema gbegbe? Mía nɔviawo tae. Wolɔ̃a ame, woɖea woƒe susu gblɔna faa, eye wowɔa nuteƒe. Míeva ku ɖe wo ŋu ale gbegbe; wova zu ƒometɔ yeyewo na mí. Woƒe aɖaŋuɖoɖowo do ŋusẽ mí be míayi edzi asubɔ Yehowa. Gbeƒãɖeɖedɔa vivina ko. Amewo ate ŋu ado dziku ɖe ŋuwò ne mènɔ wo gbɔ didi o! Amewo lɔ̃a dzeɖoɖo tso Biblia me nyawo ŋu le ablɔwo dzi henɔa nyabiasewo me dzrom. Ame sia ame tea ŋu dea nu dzeɖoɖoa me faa. Nusrɔ̃viwo sɔ gbɔ ɖe mía si ale gbegbe be ɣeyiɣi meli míasrɔ̃ nu kpli wo katã o. Kuxi sia ya nɔ etɔxɛ ŋutɔ!

YEHOWA DO ŊUSẼ MÍ TOGBƆ BE MÍENƆ VƆVƆ̃M HÃ

Míele sitsoƒedilawo gbɔ kpɔm le Liberia Betel, le ƒe 1990 me

Paul: Ŋutifafa aɖe sinu nɔ anyi ƒe ene, gake le ƒe 1989 mea, nuwo gava trɔ kpata: dukɔmeviʋa dzɔ. Le July 2 lia, ƒe 1990 dzia, asrafo dzeaglãwo xɔ nuto si me Betel lea hã. Ɣleti etɔ̃ sɔŋ míete ŋu ƒoa nu kple ame bubu aɖeke le duta o, míaƒe ƒometɔwo kple habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Amerika hã le eme. Amewo nɔ nu si dze wo ŋu wɔm, nuɖuɖu nɔ vevem, eye wodɔa amewo gbɔ sesẽe. Zitɔtɔ sia yi edzi ƒe 14 sɔŋ, eye wògblẽ nu le dukɔa me nɔlawo katã ŋu.

Anne: To aɖewo me tɔwo nɔ to bubuwo me tɔwo wum. Aʋawɔlawo doa awu manyatalenuwo heléa tu ɖe asi nɔa tsatsam le dua me heyia aƒe sia aƒe me xɔa nu sia nu si wodi le amewo si. Amewuwu nɔ na wo dometɔ aɖewo abe ale si wowua koklo ene. Aʋawɔlawo xe mɔwo hewu ame gbogbo aɖewo tsɔ li kɔ ɖe teƒeteƒewo, ɖewo hã gogo alɔdzedɔwɔƒea. Wowu dutanyanyuigblɔla eve kple Ðasefo wɔnuteƒe bubuwo hã.

Ðasefo aɖewo tsɔ woƒe agbe de afɔku me heɣla to si me tɔwo wum wole la dometɔ aɖewo. Dutanyanyuigblɔlawo kple Betel-ƒomea me tɔwo hã ɣla ame aɖewo. Ðasefo siwo si le wo ƒeme dometɔ aɖewo va tsi Betel xɔ si le gɔmea me, eye bubuwo nɔ mía gbɔ le dziƒoxɔawo me. Ƒome aɖe si me ame adre le ye va dze mía gbɔ le xɔa me.

Paul: Aʋawɔlaawo dzea agbagba gbe sia gbe be yewoage ɖe Betel-ƒea me akpɔe ɖa be ɖe míeɣla amewo aɖewo hã. Ame enee kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ: ame eve nɔa fesre nu kpɔm, eye eve susɔea yia agboa nu vae ƒoa nu kple aʋawɔlawo. Ne ame eve siwo le agboa nu do woƒe asiwo ɖe ŋgɔa, efia be afɔku aɖeke meli o. Gake ne wodo woƒe asiwo ɖe megbea, efia be aʋawɔlaawo di godogodo be yewoage ɖe aƒea me akpa sesẽe, eya ta ele be ame siwo le fesreawo nu nawɔ kaba aɣla mía nɔviawo.

Anne: Edzɔ be le kwasiɖa geɖe megbea, aʋawɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe te ŋu ge ɖe aƒea me sesẽe. Eya ta metu ʋɔ ɖe ɖokuinye kple nɔvinyɔnu aɖe nu le tsilekpɔ me. Aɖakago aɖe nɔ afi ma, si me míedzraa nuwo ɖo. Míewɔ bebeƒe sue aɖe ɖe aɖakagoa ŋu abe ke ɖe dzi kple gɔme le eŋu ene. Nɔvinyɔnua yi ɖabe ɖe afi ma. Esi metso dziƒoxɔa gɔme gbɔna dzia, aʋawɔlaawo lé woƒe tuwo ɖe asi kplɔm ɖo. Woƒo míaƒe ʋɔa gbagbagba. Paul ɖe kuku na wo be: “Srɔ̃nye le tsi lem le kpɔa me.” Esi metu nu ɖe aɖaka si me nɔvinyɔnua be ɖo nu la, eɖi wose. Eya ta mewɔ abe ɖe megbugbɔ le nuwo ɖom ɖe aɖakagoa me ene ale be womanya be ame ɣlam menɔ o, ke hã menɔ vɔvɔ̃m, metɔtɔ henɔ ƒoƒom kpakpakpa. Aleke mawɔ aʋu ʋɔ ma? Eya ta medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Emegbe meʋu ʋɔa hedo gbe na wo vividoɖeameŋutɔe. Enumake wo dometɔ ɖeka tutum ɖa heto ŋunye zɔ tẽe yi aɖakagoa gbɔ, eʋui heɖe nu sia nu si le emea ɖa. Gake mekpɔ naneke o, eya ŋutɔ hã mese egɔme o. Emegbe eya kple eƒe ameawo tsa xɔ bubuawo kple xɔtaxɔa me, gake womekpɔ naneke le afi mawo hã o.

NYATEƑEA ƑE KEKELI LE KEKLẼM ÐE EDZI

Paul: Ɣleti geɖe va yi eye nuɖuɖu nɔ vɔvɔm le mía si, esia na míetsi dzi. Gake gbɔgbɔmenuɖuɖuwo lé mí ɖe te. Betel ŋditadedeagu wɔnawo koe nyea míaƒe “ŋdinuɖuɖu” zi geɖe, eye mí katã míekpɔe be esia do ŋusẽ mí le ememe ale gbegbe.

Ne ɖe nuɖuɖu kple tsi vɔ le mía si keŋkeŋ eye wòava hiã be mí katã míadzo le alɔdzedɔwɔƒea la, anye ne ɖewohĩ woawu ame siwo si va be ɖe mía gbɔ la. Ɣeaɖewoɣi ale si Yehowa wɔa nui kple ɣeyiɣi si me wòwɔnɛ ye wɔa nuku ale gbegbe! Yehowa kpɔ míaƒe hiahiãwo gbɔ hekpe ɖe mía ŋu míete ŋu ɖu míaƒe vɔvɔ̃wo dzi.

Esi xexea yi edzi le viviti dom ɖe edzia, nyateƒea ƒe kekeli ya le keklẽm ɖe edzi. Mía nɔvi geɖe si le wo nɔƒewo enuenu le woƒe agbe ta, gake woƒe xɔse megbɔdzɔ o. Woléa wo ɖokuiwo kpoo. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be aʋa si teƒe yewokpɔ la le abe “dzadzraɖo ɖe xaxa gã la ŋu ene.” Dzi nɔ hamemetsitsiwo kple nɔviŋutsu ɖekakpuiwo ƒo woxɔ ŋgɔ kpe ɖe wo nɔviawo ŋu. Ne nɔviawo si dzo hã, wokuna ɖe wo nɔewo ŋu le afi sia afi si woyi. Wodzea gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le nuto mawo me, eye wodia teƒe aɖe wòzua woƒe Fiaɖuƒe Akpata le ave siwo me wobe ɖo me. Kpekpeawo va zu afi si wodea dzi ƒo na wo nɔewo le le ɣeyiɣi sesẽ mawo me, eye gbeƒãɖeɖedɔa kpe ɖe Ðasefoawo ŋu wodo dzi. Ne míetsɔ kpekpeɖeŋununana yi na nɔviawoa, womebiaa nudodowo o, ke boŋ gbeadzidekplo wobiana. Esia wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ! Ame siwo lé blanui hetɔtɔ le aʋaa ta lɔ̃na faa ɖoa to nya nyuia. Ewɔa nuku na wo be dzi kpɔtɔ le Ðasefowo dzɔm, eye woɖe dzi ɖi. Ɛ̃, nyateƒea na Ðasefoawo nɔ keklẽm le viviti me. (Mat. 5:​14-16) Nɔviawo ƒe veviedodo kple dzonɔameme wɔe be aʋawɔla ŋutasẽla mawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã va zu Ðasefowo.

YEHOWA DO ŊUSẼ MÍ ESI MÍAƑE DZI GBÃ

Paul: Ɣeaɖewoɣia, eva hiãna be míadzo le dukɔa me. Edzɔ be míedzo zi etɔ̃ hena ɣeyiɣi kpui aɖe gatrɔ gbɔ, eye zi eve aɖewo ya míedzo hena ƒe ɖeka sɔŋ. Mía nɔvinyɔnu aɖe si hã nye dutanyanyuigblɔla ɖe míaƒe seselelãmewo gblɔ nyuie ale: “Wofia mí le Gilead Sukua be míana míaƒe dzi katã naku ɖe míaƒe dɔa ŋu, eye míewɔe nenema hã. Eya ta dzodzo le mía nɔviwo gbɔ alea le ko abe ale si woagbã dzi na mí ene!” Gake enyo be míenɔ dukɔ siwo te ɖe Liberia ŋu me nɔ asi kpem ɖe dɔa ŋu tso afi ma.

Dzi dzɔ mí be míetrɔ yina Liberia, le ƒe 1997 me

Anne: Le May 1996 mea, mí ame ene míetsɔ alɔdzedɔwɔƒea ƒe ʋu aɖe si me alɔdzea ƒe nuŋlɔɖi veviwo yɔ fũu dze mɔ. Míedi be míayi teƒe aɖe si didi kilometa 16 tso alɔdzedɔwɔƒea ne míadzra wo ɖo ɖe afi ma. Kasia wova dze míaƒe nutoa dzi. Aʋawɔla siwo adã le mo na nɔ tu dam ɖe ya me, eye wotɔ mí he mí ame etɔ̃ do goe, gake wogblẽ Paul ya ɖe ʋua me heku ʋua dzoe le mía gbɔ. Ðeko míaƒe mo tsi dãa míetɔ ɖe afi ma. Kasia Paul ye nye ema to amehaa dome zɔ gbɔna, eye ʋu le ɖuɖum le eƒe ŋgonu. Míetɔtɔ hesusu be ɖe woda tui, gake míegblɔ be, ne ɖe woda tui la, ke mate ŋu anɔ zɔzɔm o ɖe! Sigbeɖe aʋawɔlaawo dometɔ ɖeka tutui do go le ʋua me heƒo ŋkume nɛ. Míeda akpe be abi vi aɖe koe wòxɔ.

Le vɔvɔ̃ taa, ame siwo le afi ma ge ɖe asrafowo ƒe ʋu aɖe si wotɔ ɖi la me. Míawo hã míedze agbagba be míage ɖe eme, gake esi mɔ meli o taa, ɖeko míeku ɖe ʋua ŋu. Kasia ʋukulaa ho ʋua kple ŋusẽ, eye míege kloe. Míeɖe kuku nɛ be wòatɔ, gake eya hã nɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be metɔ o. Eya ta míedze agbagba ku ɖe ʋua ŋu goŋgoŋ, gake míaƒe dzi menɔ dɔ me na mí o. Esi míeva ɖoa, míenɔ ƒoƒom kpakpakpa.

Paul: Míaƒe awuwo ƒo ɖi hevuvu le mía ŋu hafi míeva ɖo gake ɖeko míekpɔ mía nɔewo ƒe ŋkume dũu. Ewɔ nuku na mí be míetsi agbe. Míetsi gbe me dɔ gbe ma gbe, le helikɔpta aɖe si tukpe lɔ wòdze abe ɖe wògblẽ ene la gbɔ. Esi ŋu kea, helikɔpta mae kɔ mí yi Sierra Leone. Míeda akpe be míetsi agbe, gake míetsi dzi ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu vevie.

YEHOWA DO ŊUSẼ MÍ MÍEDO DZI LE KUXI BUBUWO ME

Anne: Esi míeva ɖo Betel le Freetown le Sierra Leone la, míenɔ dedie. Nɔviawo kpɔ míaƒe hiahiãwo gbɔ na mí. Gake nu dziŋɔ siwo katã me míeto le Liberia la te nye susu me vava. Menɔa ŋudzɔ le ɖokuinye me ɣesiaɣi henɔa vɔvɔ̃m, eye ewɔna nam be drɔ̃e kum mele abe ɖe nu siwo ƒo xlãm la menye nu ŋutɔŋutɔwo o ene. Le zã me la, meɖia vo nyɔna le alɔ̃ me henɔa ƒoƒom kpakpakpa. Metea fifia vlevlevle hesusuna be meku vɔ. Gbɔgbɔtsixe tsia ƒonye. Paul léam, eye míedoa gbe ɖa. Míedzia Fiaɖuƒehawo va se ɖe esime nye dzi dze eme vie. Ewɔna nam be mele aɖaʋa dze ge, eye be nyemagate ŋu ayi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi o.

Nyemaŋlɔ nu si dzɔ kplɔe ɖoa be gbeɖe o. Kwasiɖa ma tututu mea, míexɔ magazine eve. Ðekae nye June 8, 1996 ƒe Nyɔ! Nyati aɖe le eme si ƒe tanyae nye “Ale Si Nànɔ Te Dzidziƒoame Nu” (ele yevugbe me). Nyatia kpe ɖe ŋunye mese nu si me tom melea gɔme. Eveliae nye May 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ. Nyati aɖe le eme si ƒe tanyae nye “Afikae Wokpɔa Woƒe Ŋusẽa Tsonɛ?” Kpakpaluʋui aɖe si nu vevi wɔ ƒe foto le Gbetakpɔxɔ ma me. Nyatia ɖe eme be, ale si ko kpakpaluʋui yia edzi ɖua nu, eye wògadzona ne eƒe aʋalawo gblẽ hãa, nenema kee Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu ana míawo hã míayi edzi akpe ɖe ame bubuwo ŋu ne nane na nu te ɖe mía dzi vevie hã. Magblɔ be esia nye nuɖuɖu tso Yehowa gbɔ, si do ŋusẽm le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mat. 24:45) Meku nu me di nyati siwo ƒo nu tso nu si me tom melea ŋu heƒo wo nu ƒu, eye esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nye dzidziƒoamea ƒe dzesiawo va nɔ bubúm vivivi.

YEHOWA DO ŊUSẼ MÍ MÍETRƆ ÐE NƆNƆMEAWO ŊU

Paul: Ɣesiaɣi si míetrɔ yi Liberia la, dzi dzɔa mí ŋutɔ. Kaka ƒe 2004 ƒe nuwuwu lɔƒo naɖoa, míenɔ dukɔa me abe ƒe 20 kloe nye ema. Aʋaa va ke mlɔeba. Wonɔ ɖoɖo wɔm be woatu xɔ bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Gake kaka míanya la, wode dɔ asi na mí le dukɔ bubu me.

Dodokpɔ gã aɖee ema nye na mí. Mía kple nɔviawo dome va le kplikplikpli eye wova zu míaƒe ƒometɔwo, eya ta míedi be míadzo le wo gbɔ o. Gake míekpɔ ale si Yehowa yra mí esi míedzo le mía de yi Gilead ta míelɔ̃ xɔ dɔdeasi yeyea. Woɖo mí ɖe Ghana, si medidi boo tso Liberia gbɔ o.

Anne: Esi míenɔ dzodzom le Liberia la, míefa avi vevie. Ewɔ nuku na mí esi nɔviŋutsu tsitsi Frank, gblɔ na mí be: “Ele be miaŋlɔ mí be!” Eɖe eme be: “Míenyae be miaŋlɔ mí be gbeɖe o, gake ele be miaƒe dzi katã naku ɖe miaƒe dɔ yeyea ŋu. Yehowa gbɔe wòtso, eya ta miaƒe dzi kple susu nenɔ nɔvi siwo le afi ma ŋu.” Nya siawo siwo me nunya lea do ŋusẽ mí be míatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu le afi si ame geɖe menya mí le o, eye míawo hã míenya wo o.

Paul: Gake medidi o míeva lɔ̃ mía nɔvi siwo le Ghana hã vevie eye wova zu míaƒe ƒometɔwo. Ðasefowo sɔ gbɔ le Ghana ale gbegbe! Míesrɔ̃ nu geɖe tso mía xɔlɔ̃ siawo ƒe xɔse kple veviedodo mawusubɔsubɔ me. Eye esi míesubɔ le Ghana ƒe 13 megbea, míegase nya bubu si wɔ nuku na mí. Wobia be míayi aɖasubɔ le Ɣedzeƒe Afrika alɔdzedɔwɔƒea le Kenya. Togbɔ be míesusua mía xɔlɔ̃ siawo vevie hã, eteƒe medidi o míeva dze xɔlɔ̃ yeyewo le Kenya. Eye míekpɔtɔ le subɔsubɔm le anyigbamama gã sia si me hiahiã geɖe lea me.

Mía kple mía xɔlɔ̃ yeyewo le Ɣedzeƒe Afrika alɔdzedɔwɔƒea, le ƒe 2023 me

NE MÍETRƆ KPƆ MEGBE

Anne: Meto nɔnɔme sesẽ geɖe me le ƒe siwo va yi me, siwo na dzidzi ƒom eye vɔvɔ̃ ɖom medzo nyanyanya. Nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ siwo me afɔku le ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le ŋutilãme eye wòagblẽ nu le míaƒe seselelãmewo siaa ŋu. Yehowa mekpɔa mía ta nukutɔe tso esiawo me o. Va se ɖe fifia ne mese tu ƒe ɖiɖia, nye dɔme katã ʋua dzo hɛ̃ɛ, eye nye asiwo kuna le ŋunye. Gake mesrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ŋunye ahado ŋusẽm, eye etoa mía nɔviwo dzi wɔa esia ɣeaɖewoɣi. Mekpɔe be ne míezɔna ɖe míaƒe gbɔgbɔme ɖoɖowo dzi heléa eme ɖe asi la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi dɔ si wòde mía si la dzi.

Paul: Ame aɖewo abia be: “Ðe wòdoa dzidzɔ na mi be miele subɔsubɔm le afi sia?” Dukɔwo me ate ŋu anya kpɔ, gake zitɔtɔwo hã ate ŋu ava, eye woava zu afɔkuteƒe. Eya ta nu kae doa dzidzɔ na mí wu le dukɔ si me míele subɔsubɔm le? Eya koe nye mía nɔvi lɔlɔ̃awo, siwo nye míaƒe ƒometɔwo. Togbɔ be míetso teƒe vovovowo hã, susu ɖekae le mía si. Míesusui be ɖe wodɔ mí be míava de dzi ƒo na wo, gake nyateƒeae nye be woawo boŋue doa ŋusẽ mí.

Ɣesiaɣi si míeyi dukɔ aɖe mea, míekpɔa nukunu si nye ɖekawɔwɔ sẽŋu si le nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Zi ale si míekpɔtɔ le hamea me koa, nɔviwoe nye míaƒe ƒometɔwo eye wo gbɔe míeɖea dzi ɖi le. Míeka ɖe edzi be ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua, ado ŋusẽ mí ale si dze.—Flp. 4:13.

a Àkpɔ John Charuk ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Medaa Akpe Na Mawu Kple Kristo,” le March 15, 1973 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Ele yevugbe me.