GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 3 va se ɖe 30, 2018 la le tata sia me.

Ƒe 1918—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esi Va Yi

Aʋa Gã la gakpɔtɔ nɔ edzi yim le Europa, gake nu siwo dzɔ le ƒea ƒe gɔmedzedze la na wòdze abe nuwo ayi edzi nyuie na Biblia Nusrɔ̃viwo kple xexea bliboa ene.

Mito Nyateƒe Na Mia Nɔewo

Nu ka tae amewo daa alakpa, eye nu kae dona tso eme? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míato nyateƒe na mía nɔewo?

Fia Nyateƒea Amewo

Le ɣeyiɣi si susɔ na mí be míatsɔ aɖi ɖase na amewo me la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míafia nyateƒea amewo. Aleke Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Yra Ðe Nye Nyametsotsoa Dzi Ale Gbegbe

Esime Charles Molohan nye ɖekakpui la, ekpe dɔwɔwɔ le Betel ƒe dɔbiagbalẽvi ɖo tsɔ keke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ƒe gbogbo aɖee nye esia. Yehowa yrae geɖe tso ɣemaɣi va de asi na fifia.

Ðo Ŋu Ðe Kristo, Míaƒe Kplɔla La, Ŋu

Esi Mawu ƒe habɔbɔa le ŋgɔ yim kabakaba la, susu kawo tae wòle be míaɖo ŋu ɖe Kristo, míaƒe Kplɔla la ŋu?

Ale Si Nàkpɔ Dzidzeme Ne Nuwo Trɔ Le Wò Agbe Me Gɔ̃ Hã

Ne nɔnɔmeawo trɔ kpata le míaƒe agbe me la, esia ate ŋu awɔe be dzi naɖe le mía ƒo. Aleke “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

Ènyaa?

Stefano ye nye Kristotɔ gbãtɔ si ku xɔsetaku, si ŋu nya woŋlɔ ɖi. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ esime wonɔ eyome tim?