Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Kristo, Míaƒe Kplɔla La, Ŋu

Ðo Ŋu Ðe Kristo, Míaƒe Kplɔla La, Ŋu

“Ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la.”—MAT. 23:10.

HADZIDZI: 16, 14

1, 2. Dɔ sesẽ kae dze ŋgɔ Yosua le Mose ƒe ku megbe?

YEHOWA gblɔ na Yosua be: “Nye subɔla Mose ku. Azɔ tso nàtso Yordan, wò kple dukɔ blibo sia katã, ne miayi anyigba si metsɔ le Israel-viwo nam la dzi.” (Yos. 1:1, 2) Esi wònye be Yosua nye Mose ƒe subɔvi ƒe 40 kloe ta la, esia nye tɔtrɔ gã aɖe na Yosua vavã!

2 Esi wònye be Mose ye kplɔ Israel dukɔa ƒe geɖe ta la, Yosua anya nɔ eŋu bum nenye be dukɔa alɔ̃ abɔbɔ wo ɖokui ɖe yeƒe kpɔkplɔ te. (5 Mose 34:8, 10-12) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Yosua 1:1, 2 me nyawo ŋu be: “Le blema kple egbea siaa la, ɣeyiɣi si me dukɔwo ƒe dedienɔnɔ ɖoa afɔku me wue nye ne eva hiã be kplɔla yeye nava xɔ ɖe kplɔla xoxoa teƒe.”

3, 4. Aleke Mawu yra Yosua le esi wòɖo ŋu ɖe eŋu ta, eye nya kae míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

3 Yosua anya vɔ̃, eye gɔmesese le eŋu, ke hã, le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, etso heɖe afɔ. (Yos. 1:9-11) Mawu yra Yosua le esi wòɖo ŋu ɖe eŋu ta. Biblia me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be Yehowa to mawudɔla aɖe si nye eteƒenɔla la dzi fia mɔ Yosua kple Eƒe dukɔ Israel. Anɔ eme be mawudɔla sia ye nye Nya la, Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la.—2 Mose 23:20-23; Yoh. 1:1.

4 Yehowa kpe ɖe Israel dukɔa ŋu wote ŋu wɔ tɔtrɔ siwo hiã esime Yosua va zu woƒe kplɔla ɖe Mose teƒe. Míawo hã míele ɣeyiɣi si me tɔtrɔ ɖedzesiwo le edzi yim le Mawu ƒe habɔbɔa me la me, eye ɖewohĩ míabia be, ‘Esi Mawu ƒe habɔbɔa le ŋgɔ yim kabakaba eye wole tɔtrɔ geɖewo wɔm la, ɖe susu nyuiwo li siwo tae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yesu, Kplɔla si Mawu tsɔ ɖo mía nu la ŋua?’ (Xlẽ Mateo 23:10.) Be míaɖo nya sia ŋu la, na míadzro ale si Yehowa kplɔ eƒe amewo le blema le tɔtrɔ ɖedzesiwo ƒe ɣeyiɣiwo me la me.

AME KAE KPLƆ MAWU ƑE AMEWO YI ŊUGBEDODONYIGBAA DZI?

5. Esime Yosua gogo Yeriko la, ame kae wòdo goe? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Esi Israel dukɔa tso Yordan-tɔsisia eteƒe medidi o la, nane si Yosua menɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Esi Yosua gogo Yeriko la, edo go ŋutsu aɖe si lé yi ɖe asi. Esi Yosua menya ame si wònye o ta la, ebiae be: “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔwo dzie nèle?” Yosua ƒe nu ku esi ŋutsua gblɔ nɛ be yee nye “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã,” si le klalo be yeaxɔ na Mawu ƒe amewo. (Xlẽ Yosua 5:13-15.) Togbɔ be ŋutinyaa yɔ Yehowa ŋkɔ le kpukpui bubuwo me be eyae ƒo nu kple Yosua tẽe hã la, ɖikeke mele eme o be mawudɔla aɖe dzie Yehowa to ƒo nu kplii abe ale si wòwɔe zi geɖe va yi ene.—2 Mose 3:2-4; Yos. 4:1, 15; 5:2, 9; Dɔw. 7:38; Gal. 3:19.

6-8. (a) Nu ka tae mɔfiame siwo Yehowa na Israel-viwo la dometɔ aɖewo adze le amegbetɔwo ƒe susu nu abe nu si mesɔ o ene? (b) Aleke míewɔ nya be nunya le Yehowa ƒe mɔfiameawo me eye wosɔ ɖe ɣeyiɣia nu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

6 Mawudɔlaa gblɔ ale si tututu Yosua awɔ be wòaxɔ Yeriko dua la nɛ. Gbã la, awɔ nɛ be mɔfiameawo dometɔ aɖewo mesɔ tututu o. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de se be woatso aʋa na ŋutsuwo katã. Ne wotso aʋa na wo la, womanɔ klalo na aʋawɔwɔ o hena ŋkeke aɖewo. Ɣemaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me woatso aʋa na ŋutsu mawoa?—1 Mose 34:24, 25; Yos. 5:2, 8.

7 Anɔ eme be Israel-viwo ƒe aʋawɔla mawo anya bu ale si woawɔ akpɔ woƒe ƒomewo ta ne futɔwo va dze wo dzi le asaɖaa me ŋu. Gake nane si womenɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Yerikotɔwo “[do] Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋ le Israel-viwo ta.” (Yos. 6:1) Ðe nudzɔdzɔ sia mana woagaka ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi geɖe wu oa?

8 Gakpe ɖe eŋu la, Mawu de se na Israel-viwo be woagawɔ aʋa kple Yerikotɔwo o, ke boŋ woazɔ aƒo xlã dua gbe ɖeka zi ɖeka hena ŋkeke ade eye woaƒo xlãe zi adre le ŋkeke adrelia dzi. Aʋawɔla aɖewo anya bia wo ɖokuiwo be, ‘Ɣeyiɣi gbegblẽ kple agbagbadzedze dzodzro kae nye esi?’ Gake Yehowa, Israel ƒe Kplɔla la, nya nu si tututu wɔm wòle. Menye ɖeko Yehowa ƒe mɔfiafiaa do ŋusẽ Israel-viwo ƒe xɔse ko o, ke ewɔe hã be womekpe aʋa kple Yeriko ƒe aʋakalẽawo o.—Yos. 6:2-5; Heb. 11:30. *

9. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiafiawo dzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me? Ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ míase susu siwo tae habɔbɔa dze ɖoɖo yeye aɖe gɔme ɖo la gɔme tututu o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ gbã la, míesusui be masɔ be míazã elektrɔnikmɔ̃wo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me, le gbeadzi kple hamea ƒe kpekpewo me o. Gake fifia, anɔ eme be míekpɔ viɖe siwo wòanye be míawɔ wo ŋu dɔ ne anya wɔ na mí. Ne míekpɔ nu nyui siwo le dodom tso tɔtrɔ yeye siawo me togbɔ be míesusui nenema tsã o la, míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi eye mía kple mía nɔviwo dome gava nɔa kplikplikpli wu.

ALEKE KRISTO KPLƆ HAMEA LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME?

10. Ame kae na wòva eme be dɔdzikpɔhaa wɔ kpekpe vevi aɖe le Yerusalem?

10 Esi Kornelio va zu Kristotɔ anɔ abe ƒe 13 ene megbe la, Yudatɔ Kristotɔ aɖewo ganɔ gbɔgblɔm kokoko be ehiã be woatso aʋa na trɔ̃subɔla siwo va zu Kristotɔwo. (Dɔw. 15:1, 2) Esi nyaʋiʋli ɖo nɔviawo dome le Antiokia le nya sia ta la, wowɔ ɖoɖo be Paulo natsɔ nyaa ayi na dɔdzikpɔhaa le Yerusalem. Gake ame kae nɔ megbe na ɖoɖo sia? Paulo gblɔ be: “Nyaɖeɖefia aɖe si mexɔ tae meyi ɖo.” Eya ta, eme kɔ ƒãa be, Kristoe de asi nyaa me ale be dɔdzikpɔhaa nakpɔ nyaa gbɔ.—Gal. 2:1-3.

Edze ƒãa be Kristoe nɔ mɔ fiam hamea le ƒe alafa gbãtɔ me (Kpɔ memama 10, 11 lia)

11. (a) Susu kae gakpɔtɔ nɔ Yudatɔ Kristotɔwo si tso aʋatsotso ƒe nyaa ŋu? (b) Aleke Paulo ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui ɖe hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la ƒe mɔfiafia te? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

11 Le Kristo ƒe mɔfiafia te la, dɔdzikpɔhaa na eme kɔ nyuie be mehiã be woatso aʋa na trɔ̃subɔla siwo va zu Kristotɔwo o. (Dɔw. 15:19, 20) Gake ƒe aɖewo megbe gɔ̃ hã la, Yudatɔ Kristotɔ geɖewo gakpɔtɔ nɔ aʋa tsom na wo viwo. Esi hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la se be amewo nɔ gbɔgblɔm tso Paulo ŋu be mewɔna ɖe Mose ƒe Sea dzi o la, wobia tso esi be wòawɔ nane si menɔ mɔ kpɔm na o. * (Dɔw. 21:20-26) Wogblɔ na Paulo be wòakplɔ ŋutsu ene ɖe asi ayi gbedoxɔa me ale be amewo nakpɔe be ‘eléa Se la me ɖe asi.’ Paulo ate ŋu agblɔ be mesɔ be woabia nu sia tso ye si o, eye wòagblɔ be Yudatɔ Kristotɔ siwo menɔ aʋatsotso ƒe nyaa gɔme sem o la koŋ gbɔe kuxia tso. Ke hã, esi Paulo di be yeakpe asi ɖe agbagba si dzem hamemetsitsiawo nɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ haxɔsetɔwo dome ŋu ta la, ebɔbɔ eɖokui hewɔ ɖe woƒe mɔfiafiaa dzi. Ðewohĩ míabia mía ɖokui be, ‘Esi wònye be Yesu ƒe kua ɖe Mose ƒe Sea ɖa ta la, nu ka tae Yesu ɖe mɔ be aʋatsotso ƒe nya sia nɔ anyi eteƒe didi nenema ɖo?’—Kol. 2:13, 14.

12. Anɔ eme be susu ka tae Kristo ɖe mɔ aʋatsotso ƒe nyaa nɔ anyi hena ɣeyiɣi aɖe hafi wòkpɔ egbɔ?

12 Le ame aɖewo gome la, exɔa ɣeyiɣi hafi wotrɔna ɖe gɔmesese yeyewo ŋu. Yudatɔ Kristotɔwo hiã na ɣeyiɣi be woatrɔ ɖe nyateƒe si wònye be womegale Sea te o la ŋu. (Yoh. 16:12) Esesẽ na ame aɖewo hã be woalɔ̃ ɖe edzi be aʋatsotso meganye dzesi be ame le ƒomedodo tɔxɛ me kple Mawu o. (1 Mose 17:9-12) Ame bubuwo hã nɔ vɔvɔ̃m be Yudatɔ siwo dome yewole la ati yewo yome ne yewoto vovo. (Gal. 6:12) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kristo gana mɔfiame bubuwo to lɛta siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na hameawo la dzi.—Rom. 2:28, 29; Gal. 3:23-25.

KRISTO GAKPƆTƆ LE EƑE HAMEA KPLƆM

13. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míabɔbɔ ɖe Kristo ƒe kpɔkplɔ te egbea?

13 Ne míese susu siwo tae habɔbɔa wɔ tɔtrɔ aɖewo ɖo la gɔme nyuie o la, anyo be míade ŋugble le ale si Kristo kplɔ Mawu ƒe amewo le blema ŋu. Eɖanye le Yosua ŋɔli alo le ƒe alafa gbãtɔ me o, Kristo naa mɔfiame nyuiwo Mawu ƒe amewo ɣesiaɣi, ale be yeakpɔ wo ta, ado ŋusẽ woƒe xɔse ahana ɖekawɔwɔ nanɔ Mawu ƒe amewo dome.—Heb. 13:8.

14-16. Aleke “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe mɔfiamewo ɖenɛ fiana be Kristo di be yeakpe ɖe mía ŋu míalé xɔse la me ɖe asi goŋgoŋ?

14 Egbea, “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe mɔfiame siwo míexɔna le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ɖenɛ fiana be Yesu léa be na mí lɔlɔ̃tɔe. (Mat. 24:45) Nɔviŋutsu Marc, si si vi ene le la gblɔ be: “Satana le ƒomewo dzi dzem ale be yeato esia dzi agblẽ nu le hamewo ŋu. Fifia, esi wole dzi dem ƒo na ƒomewo be woawɔ ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa la, esia na nya vevi aɖe me kɔ na ƒome ƒe tawo—eyae nye be, mikpɔ miaƒe ƒomewo ta!”

15 Ne míede dzesi ale si Kristo le mɔ fiam míi la, míekpɔnɛ be edi be yeakpe ɖe mía ŋu míali ke le xɔse me. Nɔviŋutsu Patrick, si nye hamemetsitsi la gblɔ be: “Tsã la, enɔ sesẽm na nɔvi aɖewo be woakpe le ƒuƒoƒo suewo me hena gbeadziyiyi le kwasiɖanuwuwuwo. Gake Yesu ƒe nɔnɔme veviawo dometɔ ɖeka, si nye ale si wòtsɔ ɖe le eme na ame tsɛwo la, dze ƒãa le ɖoɖo sia me. Ewɔe be nɔvi siwo ŋu kpena alo esiwo medea gbeadzi edziedzi tsã o la va le sesem le wo ɖokuiwo me azɔ be yewo hã yewole akpa vevi aɖe wɔm, eye wova le geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me.”

16 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristo kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nɔa gbeƒãɖeɖedɔa, si nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le anyigba dzi egbea la ŋu. (Xlẽ Marko 13:10.) Nɔviŋutsu André, si zu hamemetsitsi nyitsɔ laa la dzea agbagba ɣeawokatãɣi be yeawɔ ɖe mɔfiame yeye ɖe sia ɖe si tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ la dzi. Egblɔ be: “Ale si woɖe dɔwɔlawo dzi kpɔtɔ le alɔdzedɔwɔƒewo la ɖoa ŋku edzi na mí be ɣeyiɣi si me míele la bia nuwɔwɔ kpata eye ele be míado vevie gbeƒãɖeɖedɔa.”

ALE SI MÍAÐEE AFIA BE MÍEBƆBƆ ÐE KRISTO ƑE MƆFIAFIA TE

17, 18. Nu ka tae wònyo be míanɔ ŋugble dem le viɖe siwo míekpɔna ne míetrɔ ɖe trɔtrɔ yeye siwo le vavam ŋu la ŋu?

17 Mɔfiame siwo míexɔna tso míaƒe Fia, Yesu Kristo, si le dzi ɖum gbɔ la aɖe vi na mí fifia kple le etsɔme siaa. Eya ta, mina míanɔ dzidzɔ kpɔm ɖe viɖe siwo kpɔm míele le esi míele mɔfiame yeyewo dzi wɔm ta la ŋu. Ne miele ƒometadedeagu wɔm la, miate ŋu adzro ale si asitɔtrɔ siwo wowɔ le míaƒe kpekpewo alo gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la le vi ɖem na mi la me be wòade dzi ƒo na mi.

Ðe nèle kpekpem ɖe wò ƒomea kple ame bubuwo ŋu be woanɔ akasa nu kple Yehowa ƒe habɔbɔa? (Kpɔ memama 17, 18 lia)

18 Ne míeɖoa ŋku edzi be susu nyuiwo tae Yehowa ƒe habɔbɔa naa mɔfiamewo mí eye míekpɔ ale si woɖea vi na míi la, enɔa bɔbɔe na mí be míawɔ wo dzi kple dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, enye dzidzɔ na mí be míeɖe míaƒe gazazãwo dzi kpɔtɔ le esi míele mɔ̃ɖaŋunu yeyewo ŋu dɔ wɔm, si wɔe be míegataa agbalẽ geɖewo abe tsã ene o ta. Azɔ hã, mɔ̃ɖaŋunu siawo wɔe be Fiaɖuƒe nya nyuia le ame geɖe wu gbɔ ɖom le xexea me godoo. Ne esia le susu me na mí la, awɔe be míawɔ míaƒe agbalẽ siwo le mɔ̃ dzi la ŋu dɔ geɖe wu ne anya wɔ. Esia wɔwɔ aɖee afia be míele nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple ale si Kristo di be míazã habɔbɔa ƒe nuwoe.

19. Nu ka tae wòle be míawɔ ɖe Kristo ƒe mɔfiafia dzi?

19 Ne míewɔa Kristo ƒe mɔfiafiawo dzi la, esia doa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe xɔse eye míaƒe ɖekawɔwɔa me gasẽna ɖe edzi. Nɔviŋutsu André gblɔ tso ale si woɖe Betel-ƒomea me tɔwo ƒe xexlẽme dzi kpɔtɔ le xexea me godoo nyitsɔ laa la ŋu be: “Nɔnɔme nyui si nɔvi siwo wɔa dɔ le Betel tsã la ɖe fia esi wotrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu la na megaka ɖe Kristo ƒe mɔfiafia dzi geɖe wu eye megadea bubu nɔvi mawo ŋu ŋutɔ. Wonɔa akasa nu kple Yehowa ƒe tasiaɖam la, eye esia wɔnɛ be wokpɔa dzidzɔ le dɔ ɖe sia ɖe si wode asi na wo la wɔwɔ me.”

ÐO ŊU ÐE MÍAƑE KPLƆLA LA ŊU LE XƆSE ME

20, 21. (a) Nu ka tae míate ŋu aɖo ŋu ɖe Kristo, míaƒe Kplɔla la ŋu? (b) Biabia ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Eteƒe madidi o, míaƒe Kplɔla, Yesu Kristo, si Mawu ɖo mía nu la, ‘awu eƒe aʋadziɖuɖu la nu’ eye “awɔ nu dziŋɔwo.” (Nyaɖ. 6:2; Ps. 45:4) Gake fifia la, ele mía dzram ɖo ɖe ale si míanɔ agbe le xexe yeyea me kple dɔ siwo míawɔ le afi ma ŋu, esime míafia nu ame siwo woafɔ ɖe tsitre ahakpe asi ɖe eŋu be woatrɔ anyigba wòazu paradiso.

21 Nu ka kee ɖadzɔ o, míaƒe Fia si Mawu si ami na la akplɔ mí ayi xexe yeyea me dedie, ne míenya ɖo ŋu ɖe eŋu tso dzi blibo me ko. (Xlẽ Psalmo 46:1-3.) Ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu, vevietɔ ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me le mɔ si míele mɔ kpɔm na kura o nu. Gake ne edzɔ alea la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe dzi nadze eme eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 8 Blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖe agblemenuku siwo dua me tɔwo dzra ɖo la ŋu le Yeriko ƒe gli gbagbãwo te, si ɖee fia be womeɖe to ɖe dua eteƒe didi o; eye nuɖuɖu hã mevɔ le dua me o. Esi wònye be Mawu meɖe mɔ na Israel-viwo be woaha Yeriko dua o ta la, ɣeyiɣia sɔ nyuie be woaxɔ anyigba la, elabe nuŋeɣi ɖo ɣemaɣi eye nukuwo nɔ agbleawo dzi fũu.—Yos. 5:10-12.

^ mm. 11 Kpɔ aɖaka si nye “Paulo Tsɔ Ðokuibɔbɔ Nɔ Te Ðe Dodokpɔ Aɖe Nui,” si dze le March 15, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 24.