Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Nyateƒea Amewo

Fia Nyateƒea Amewo

“Oo Yehowa, . . . wò nyawo katã nye nyateƒe.”—PS. 119:159, 160.

HADZIDZI: 29, 53

1, 2. (a) Dɔ kae nɔ vevie na Yesu wu le agbe me, eye nu ka tae? (b) Nu kae wòle be míawɔ be míanye ‘Mawu ƒe hadɔwɔla’ kpɔdzidzedzewo?

ESIME Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, enye atikpala, eye emegbe eva zu nufiala. (Marko 6:3; Rom. 15:8) Ebi ɖe dɔ evea siaa me ale gbegbe. Esime wònye atikpala la, esrɔ̃ ale si wòawɔ atikpalawo ƒe dɔwɔnuwo ŋu dɔ atsɔ akpa atinu siwo ŋu viɖe le na amewo. Esime wònye nya nyuia fiala la, ezã Ŋɔŋlɔawo me sidzedze deto si le esi la aɖaŋutɔe tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wose nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me la gɔme. (Mat. 7:28; Luka 24:32, 45) Esi Yesu xɔ ƒe 30 la, eɖe asi le atikpakpadɔa ŋu, elabe enyae be nya nyuia fiafia amewo ye nye dɔ vevitɔ kekeake. Egblɔ be gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la nye susu siwo tae Mawu dɔ ye ɖo ɖe anyigba dzi la dometɔ ɖeka. (Mat. 20:28; Luka 3:23; 4:43) Eya ta, Yesu na nya nyuia fiafia amewo va zu eƒe agbemedɔ vevitɔ, eye edi be ame bubuwo nava wɔ ɖeka kpli ye yewoawɔ dɔ sia.—Mat. 9:35-38.

2 Ðewohĩ menye atikpalawoe míenye ya o, gake mí katã míenye subɔla siwo fiaa nya nyuia amewo. Dɔ sia le vevie ale gbegbe be Mawu ŋutɔ ƒe asi le eme, elabe Biblia gblɔ be, míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo.” (1 Kor. 3:9; 2 Kor. 6:4) Míelɔ̃ ɖe edzi be “[Yehowa ƒe] nyawo katã nye nyateƒe.” (Ps. 119:159, 160) Esia tae míekpɔa egbɔ be ‘míewɔa nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ’ le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ɖo. (Xlẽ 2 Timoteo 2:15.) Eya ta, míeyia edzi kua kutri vevie be míabi ɖe Biblia, si nye dɔwɔnu vevitɔ si míezãna tsɔ fiaa nyateƒea amewo tso Yehowa, Yesu kple Fiaɖuƒea ŋu la zazã me. Eye Yehowa ƒe habɔbɔa hã trɔ asi le dɔwɔnu vevi bubuwo ŋu na mí be woakpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me, eye ele be míanya wo zazã nyuie. Míeyɔa dɔwɔnu siawo be Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui.

3. Nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le ɣeyiɣi si susɔ na mí be míaɖi ɖase na amewo la me, eye aleke Dɔwɔwɔwo 13:48 kpena ɖe mía ŋu be míawɔ esiae?

3 Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, nu ka tae míeyɔa dɔwɔnuawo be Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui, ke menye Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Ðea Gbeƒãe o? “Gbeƒãɖeɖe” fia be woakaka gbedeasi aɖe; gake “nufiafia” ya fia be woana gbedeasia nage ɖe amewo ƒe dzi kple susu me, ale be woawɔ nu si wosrɔ̃ la dzi. Le ɣeyiɣi si susɔ na mí be míatsɔ aɖi ɖase na amewo me la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme kple amewo ahafia nyateƒea wo. Esia fia be míaku kutri vevie adi ame siwo katã si “dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ,” eye míakpe ɖe wo ŋu woava zu Yehowa subɔlawo.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 13:44-48.

4. Aleke míawɔ anya ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ,” eye aleke míawɔ ake ɖe wo ŋu?

4 Aleke míawɔ anya ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ”? Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, mɔ si ko dzi míato ake ɖe ame siawo ŋue nye be míaɖi ɖase na amewo. Eya ta, ele be míawɔ abe ale si tututu Yesu gblɔ ene, esi wògbɔ be: “Du sia du alo kɔƒe sia kɔƒe si me mieyi la, midi ame siwo dze le eme la.” (Mat. 10:11) Le nyateƒe me la, míekpɔa mɔ be ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui mele o, dadalawo, alo ame siwo metsɔ ɖeke le Mawu ƒe nyaa me o la naɖo to nya nyuia o. Dzi anukwaretɔwo, ɖokuibɔbɔlawo kple ame siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum la dim míele. Míate ŋu atsɔ amewo didi alea asɔ kple ale si Yesu dia ati nyuitɔ si wòatsɔ akpa xɔmenuwo, ʋɔtruwo, kɔkutiwo, alo nu bubuwo esime wònye atikpala. Ne enya ke ɖe ati nyuitɔ ŋu ko la, ekema ate ŋu azã eƒe dɔwɔnuawo kple aɖaŋu si le esi la atsɔ akpa nu si wòdi. Ele be míawo hã míawɔ nenema ke esime míele agbagba dzem be míawɔ dzi nyuitɔwo woanye nusrɔ̃lawo.—Mat. 28:19, 20.

5. Nu kae wòle be míanya tso míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Taɖodzinu aɖe tae wozãa dɔwɔnu ɖe sia ɖe ɖo. Le kpɔɖeŋu me, bu atikpalawo ƒe dɔwɔnu siwo Yesu zã ŋu kpɔ. * Ehiã dɔwɔnu si wòatsɔ adzidze atikpo alo atsɔ awɔ dzeside ɖe eŋu; esi wòatsɔ atso ati, esi wòatsɔ aɖe do ɖe eme kple esi wòatsɔ akpa atia; esi wòatsɔ adzidze nu si kpam wòle ahakpɔe be meviã o ke boŋ edzɔ kã, kple dɔwɔnu siwo wòatsɔ alé ati vovovowo akpe nyuie. Nenema kee wòle le míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la gome; taɖodzinu aɖe tae míezãa wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo. Eya ta, na míalé ŋku ɖe míaƒe dɔwɔnawo ŋu ahakpɔe ɖa be aleke wòle be míazã dɔwɔnu vevi siawoe hã.

DƆWƆNU SIWO NANA AMEWO NYANA AME SIWO MÍENYE

6, 7. (a) Aleke nèzãa kadodogbalẽviawoe? (b) Nu ka tae míezãa hame ƒe kpekpewo ƒe amekpegbalẽvia ɖo?

6 Kadodogbalẽviwo. Togbɔ be dɔwɔnu siawo le sue ŋutɔ hã la, wowɔa akpa vevi aɖe, elabe míetea ŋu zãa wo tsɔ nana amewo nyaa ame siwo míenye, eye míetsɔa wo hea amewo ƒe susu yia míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒea hã dzi. Ne woyi nyatakakadzraɖoƒea la, woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso mía ŋu eye woate ŋu abia be míava srɔ̃ Biblia kpli yewo gɔ̃ hã. Va de asi na fifia la, ame siwo wu 400,000 sɔŋ bia to jw.org dzi be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo, eye ame alafa geɖe toa mɔ sia dzi gbe sia gbe biana be míava srɔ̃ Biblia kpli yewo! Anyo ŋutɔ be kadodogbalẽvi ʋɛ aɖewo nanɔ ŋuwò ale be nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na wò le wò gbe sia gbe dɔwɔnawo me be nàɖi ɖase la ŋu dɔ nyuie.

7 Amekpegbalẽviwo. Dɔwɔnu si míeyɔna be hamea ƒe kpekpewo ƒe amekpegbalẽvi la wɔa dɔ eve. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Míele kpewòm be nàva kpɔ gome le Biblia sɔsrɔ̃ me kple Yehowa Ðasefowo.” Eyome agbalẽvia tsɔ tiatia eve ɖo amea ŋkume be, ate ŋu awɔ esia “le míaƒe kpekpewo me,” alo wòana ‘mía dometɔ ɖeka nava srɔ̃e kplii.’ Eya ta, menye ɖeko dɔwɔnu sia nana amewo nyana ame siwo míenye ko evɔ o, ke míegazãnɛ hã tsɔ kpea ame siwo “nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” la be woava wɔ ɖeka kpli mí míasrɔ̃ Biblia. (Mat. 5:3) Ke hã, amewo ate ŋu ade míaƒe kpekpewo faa, woɖalɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo alo womelɔ̃ o. Ne wode míaƒe kpekpeawo la, ana mɔnukpɔkpɔ wo woakpɔ nu si gbegbe woate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me.

8. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be amewo nade míaƒe kpekpewo zi ɖeka ya teti? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Ele vevie be míayi edzi anɔ amewo kpem be woade míaƒe kpekpewo, neglonegloa, zi ɖeka ya teti. Nu ka tae? Nu si tae nye be, woakpɔe be Yehowa Ðasefowo fiaa nyateƒe si tso Biblia me eye wokpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu, gake mele nenema le alakpasubɔsubɔhawo ya gome o. (Yes. 65:13) Ray kple Linda, siwo nye atsu kple asi siwo le Amerika la de dzesi esia ƒe aɖewoe nye esi va yi. Wotso nya me be ele be yewoate sɔlemedede. Woxɔ Mawu dzi se eye wodi be yewoanya nu geɖe tso eŋu, eya ta wodze sɔlemeha siwo katã le woƒe dugãa me la dede gɔme ɖekaɖeka. Sɔlemehawo kple tsɔtsiwo sɔ gbɔ le afi ma ŋutɔ. Woɖoe be yewoade dzesi nu eve aɖewo le sɔlemeha si me yewoanɔ la ŋu hafi aɖo eme. Gbãtɔe nye be, ele be yewoasrɔ̃ nu nyui aɖe le woƒe subɔsubɔwɔnaa me, eye eveliae nye be, ele be sɔlemehaa me tɔwo ƒe awudodo nasɔ ɖe ame siwo gblɔna be Mawu subɔlawoe yewonye la ƒe dzedzeme nu. Wowɔ esia hena ƒe aɖewo, eye wote ŋu de sɔleme siwo katã le woƒe dugãa me la ɖekaɖeka, gake ete ɖe wo dzi ŋutɔ be yewomeke ɖe nu si dim yewonɔ ŋu o. Womesrɔ̃ nu nyui aɖeke o, eye sɔlemedelawo medoa awu ɖe nɔnɔme nyui me kura o. Esi wode tsɔtsi mamlɛtɔ si wode dzesi ɖi vɔ la, Linda dzo yi dɔme, eye Ray ya trɔ ɖo ta aƒe me. Esi wònɔ mɔa dzi eye wòku eƒe ʋua va to Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋu la, egblɔ na eɖokui be, ‘Nu ka tae nyemayi aɖakpɔ nu si wɔm ame siawo hã le ɖa o?’ Esi wòyi la, afi mae dze edzi nɛ wu teƒe siwo katã wode va yi! Ame sia ame si le Fiaɖuƒe Akpataa me la xɔe nyuie hedo vivi ɖe eŋu eye woƒe awudodo hã sɔ nyuie ŋutɔ. Ray nɔ ŋgɔgbezikpuiawo dometɔ ɖeka dzi eye nu siwo wòsrɔ̃ la do dzidzɔ nɛ ŋutɔ! Ðeko wònɔ abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene be, ame si de Kristotɔwo ƒe kpekpewo zi gbãtɔ la agblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.” (1 Kor. 14:23-25) Tso gbe ma gbe la, Ray dea kpekpeawo Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe; emegbe eva te kwasiɖa domedome kpekpe ɖe sia ɖe hã dede. Linda hã va dze kpekpeawo dede gɔme, eye togbɔ be woxɔ ƒe 70 kple edzivɔ hã la, wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo eye wova xɔ nyɔnyrɔ.

DƆWƆNU SIWO MÍEZÃNA TSƆ DZEA DZEÐOÐO GƆME

9, 10. (a) Nu ka tae míaƒe traktwo zazã le bɔbɔe? (b) Gblɔ ale si míate ŋu azã trakt si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? atsɔ aɖi ɖasee.

9 Traktwo. Trakt enyi siwo zazã le bɔbɔe, siwo sɔ nyuie na dzeɖoɖowo gɔme dzedze la le mía si. Tso esime habɔbɔa dze trakt siawo tata gɔme le ƒe 2013 me va de asi na fifia la, wota ɖekaɖeka miliɔn 5,000 sɔŋ! Nu si nyo le dɔwɔnu siawo ŋue nye be, ne èsrɔ̃ wo dometɔ ɖeka zazã ko la, ànya ale si nàzã mamlɛawo katã hã, elabe wo nana ƒe mɔnu to mɔ ɖeka. Aleke nàte ŋu azã trakt aɖe atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe?

10 Ðewohĩ ètiae be yeazã trakt si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? Tsɔ nyabiase si le trakt la ƒe axa gbãtɔ fia amea eye nàbiae be: “Ðe nèbu nu si Mawu Fiaɖuƒea nye ŋu kpɔa? Ðe nàgblɔ be enye . . . ?” Eyome biae be ŋuɖoɖo etɔ̃awo dometɔ kae wòatia hã. Mehiã be nàgblɔe nenye be eƒe ŋuɖoɖo sɔ alo mesɔ o, ke boŋ ɖeko nàʋu axa si woŋlɔ ɖo be, “Nya Si Biblia Gblɔ,” eye nàxlẽ Daniel 2:44 kple Yesaya 9:6 si me nyawo dze le afi ma la nɛ. Ne anya wɔ la, yi dzeɖoɖoa dzi kplii. Mlɔeba, he eƒe susu yi nyabiase si me miagava dzro la dzi, si dze le axa mamlɛa, afi si woŋlɔ ɖo be, “Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ”: “Aleke agbenɔnɔ anɔ le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te?” Emae anye nyabiase si me nàgava dzro kple amea emegbe. Ne ègayi amea gbɔ ake la, àte ŋu ahe susu ayi agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe nusɔsrɔ̃ 7 lia dzi. Agbalẽ gbadza sia nye dɔwɔnu siwo míetsɔ dzea Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la dometɔ ɖeka.

DƆWƆNU SIWO NANA AMEWO KANA ÐE BIBLIA DZI

11. Susu ka tae míetaa míaƒe magazinewo ɖo, eye nu kae wòle be míanya tso wo ŋu?

11 Magazinewo. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ye nye magazine siwo wotana le agbɔsɔsɔme kple esiwo gɔme woɖena ɖe gbe bubuwo me wu bubu ɖe sia ɖe le xexea me godoo! Esi wònye be amewo xlẽa magazine siawo le dukɔ geɖe me ta la, wotrɔ asi le woƒe tanyawo ŋu be woasɔ na amewo le afi sia afi. Ele be míazã dɔwɔnu siawo be míatsɔ ahe amewo ƒe susu ayi nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ le agbe me la dzi. Gake hafi míate ŋu ana magazine siawo naɖo ame siwo tututu hiã wo gbɔ la, ele be míanya ame siwo koŋ wotrɔ asi le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu na.

12. (a) Ame kawoe wotrɔ asi le Nyɔ! ŋu na, eye taɖodzinu ka tae wotanɛ ɖo? (b) Nuteƒekpɔkpɔ nyui kae su asiwò nyitsɔ laa le dɔwɔnu sia zazã me?

12 Wotrɔ asi le Nyɔ! la ŋu koŋ na ame siwo menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Ðewohĩ womenya naneke tso Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu o, alo ɖewohĩ womegakana ɖe subɔsubɔhawo dzi o, alo womenya be Biblia me nyawo ate ŋu aɖe vi na yewo o. Taɖodzinu vevi aɖe si le Nyɔ! ŋue nye be wòana nuxlẽlaa naka ɖe edzi be Mawu li. (Rom. 1:20; Heb. 11:6) Wogatrɔ asi le eŋu hã be wòakpe ɖe nuxlẽlaa ŋu wòaxɔe ase be Biblia nye “Mawu ƒe nya . . . abe ale si tututu wòle hã ene.” (1 Tes. 2:13) Nyɔ! etɔ̃ siwo wota le ƒe 2018 me ƒe tanyawoe nye: “Nu Si Nana Wokpɔa Dzidzɔ,” “Nu 12 Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze,” kple “Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam La Ŋu.”

13. (a) Ame kawoe wotrɔ asi le Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana ŋu na? (b) Nuteƒekpɔkpɔ nyui kawoe su asiwò le dɔwɔnu sia zazã me?

13 Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana me nyawo kuna ɖe nya siwo ku ɖe Biblia ƒe nufiafia siwo ado dzidzɔ na ame siwo dea bubu Mawu kple eƒe Nyaa ŋu la ŋu. Togbɔ be wonya nanewo tso Biblia ŋu hã la, womese Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie o. (Rom. 10:2; 1 Tim. 2:3, 4) Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míemana etɔ̃ siwo wota le ƒe 2018 me ƒe tanyawoe nye: “Ðe Biblia Gaɖea Vi Egbea?,” “Nu Kae Ava Dzɔ Le Etsɔme?,” kple “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Wòa?

DƆWƆNU SIWO ƲÃA AME

14. (a) Nu kawoe nye video ene siwo le míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui dome la ƒe taɖodzinu? (b) Nuteƒekpɔkpɔ nyui kawoe su asiwò le video siawo zazã me?

14 Videowo. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, atikpalawo mezãa elektrikdɔwɔnuwo o. Gake egbea la, atikpalawo zãa elektrikdɔwɔnu siwo wotsɔ dzea ati, esiwo wotsɔ ɖea do ɖe ati me, esiwo wotsɔ zrɔ̃a ati ŋu, esiwo wotsɔ ƒoa gatagbadzɛwo ɖe ati me, kple bubuawo. Nenema kee egbea la, menye agbalẽwo koe nye dɔwɔnu siwo míezãna o, ke video nyuiwo hã li míeɖena fiana amewo. Wo dometɔ ene siwo le míaƒe dɔwɔnuawo domee nye: Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?, Aleke Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e?, Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?, kple Yehowa Ðasefowo—Ame Kawoe Míenye? Míaƒe video siwo ƒe didime mede miniti 3 o la ɖea vi ŋutɔ ne míele ɖase ɖim na ame aɖe zi gbãtɔ. Míate ŋu awɔ esiwo didi wu la ŋu dɔ ne míele tɔtrɔyiwo wɔm alo ne vovo le amea ŋu. Dɔwɔnu nyui siawo ate ŋu aʋã amewo woalɔ̃ míasrɔ̃ Biblia kpli yewo alo ade míaƒe kpekpewo.

15. Ne ame aɖe kpɔ míaƒe videoawo le wo degbe me la, dɔ kae wòate ŋu awɔ ɖe edzi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

15 Le kpɔɖeŋu me, esi nɔvinyɔnu aɖe do go nyɔnu aɖe si nye Yapesegbedola, si ʋu tso Micronesia la, eɖe video si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?  fiae le wo degbea me. Esi wòdze videoa ɖeɖe gɔme la, nyɔnua gblɔ be: “Ei, mía degbee nye esia. Ewɔ nuku ŋutɔ! Ale si amea le nu ƒomee la fia be míaƒe ƒukpoa dzi tɔe wònye. Mía degbe domee wòle!” Esia megbe la, nyɔnua gblɔ be yeaxlẽ nu sia nu si le yewo degbe me le jw.org ahakpɔ videoawo hã. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 2:8, 11.) Bu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si le Amerika la tsɔ afi si woakpɔ video ma ke si le wo degbe me le jw.org dzi la ɖo ɖe tasiyɔvia (alo teyɔvia) be wòaʋui le eƒe mɔ̃ dzi. Ekpɔ videoa eye wòɖo email-a ŋu na tasia be: “Akpa si gblɔ be vɔ̃ɖitɔ aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe xexea dzi la koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye. Mebia be woava srɔ̃ Biblia kplim.” Dukɔ aɖe si me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le mee tasiyɔvia le!

DƆWƆNU SIWO MÍETSƆ FIAA NYATEƑEA

16. Gblɔ taɖodzinu si le agbalẽ gbadza siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu: (a) Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee. (b) Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! (d) Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?

16 Agbalẽ gbadzawo. Ne ame aɖe menya nuxexlẽ tututu o alo míaƒe agbalẽwo mele wo degbe me o la, aleke nàwɔ afia nyateƒeae? Dɔwɔnu si sɔ nyuie na esia wɔwɔ la le mía si—eyae nye agbalẽ gbadza si nye Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee. * Eye dɔwɔnu aɖe si sɔ nyuie ŋutɔ na nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze lae nye agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! Àte ŋu atsɔ nyati 14 siwo dze le megbekpaa dzi la afia amea eye nàgblɔ nɛ be ate ŋu atia wo dometɔ si do dzidzɔ nɛ wu. Eyome nàzã nyati si wòtia la atsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔme kplii. Ðe nèwɔ mɔnu sia ŋu dɔ le wò tɔtrɔyiwo me kpɔa? Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea? ye nye agbalẽ gbadza etɔ̃lia le míaƒe dɔwɔnuawo dome. Wotrɔ asi le eŋu be wòahe nusrɔ̃viwo ƒe susu ayi habɔbɔa dzi. Kpɔ March 2017 Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa  be nàsrɔ̃ ale si nàwɔ eŋu dɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me.

17. (a) Taɖodzinu kae le agbalẽ siwo míetsɔ srɔ̃a nu kple amewo la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu? (b) Nu kae wodi tso nusrɔ̃vi siwo yi ŋgɔ ɖo ta nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ la katã si, eye nu ka tae?

17 Agbalẽwo. Ne ètsɔ agbalẽ gbadza aɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe la, àte ŋu atrɔ nusɔsrɔ̃a ayi Nu Kae Biblia Fia Mí? gbalẽa me ɣesiaɣi si nèkpɔ be esɔ. Dɔwɔnu sia akpe ɖe amea ŋu wòase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme nyuie. Ne nusrɔ̃via le ŋgɔyiyi nyui wɔm eye wòwu agbalẽ ma sɔsrɔ̃ nu la, zã agbalẽ si nye Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me nàtsɔ ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii. Dɔwɔnu sia afia nusrɔ̃via ale si wòawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le eƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Ðo ŋku edzi be, ne nusrɔ̃vi aɖe xɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã la, agayi eƒe nusɔsrɔ̃a dzi va se ɖe esime wòwu agbalẽ eve siawo sɔsrɔ̃ nu. Esia akpe ɖe eŋu be wòali ke nyuie le nyateƒea me.—Xlẽ Kolosetɔwo 2:6, 7.

18. (a) Nu kae 1 Timoteo 4:16 de dzi ƒo na mí nyateƒea fialawo be míawɔ, eye nu kae dona tso eme? (b) Ne míele míaƒe Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui ŋu dɔ wɔm la, nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu?

18 Yehowa tsɔ “nya nyui la ŋuti nyateƒea,” si ate ŋu ana amewo nakpɔ agbe mavɔ la de asi na mí ame siwo nye eƒe Ðasefowo. (Kol. 1:5; xlẽ 1 Timoteo 4:16.) Susu sia tae wona dɔwɔnu siwo tututu míehiã la mí le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la me ɖo. (Kpɔ “ Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui.”) Mina míabi ɖe dɔwɔnu siawo zazã me ale si míate ŋui. Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu atso nya me le agbalẽ si wòana ɖetsɔlemetɔ aɖe le míaƒe dɔwɔnuawo dome kple ɣeyiɣi si me wòanae ŋu. Ke hã, menye míaƒe taɖodzinue nye be míanɔ agbalẽwo mam ko evɔ o; eye mele be míatsɔ agbalẽawo ana ame siwo metsɔ ɖeke le míaƒe gbedeasia me hã o. Ke boŋ míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ ame siwo nye dzi anukwaretɔwo, ɖokuibɔbɔlawo, kple ame siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum, “siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la nusrɔ̃lawoe.—Dɔw. 13:48; Mat. 28:19, 20.

^ mm. 5 Kpɔ nyati si nye “Atikpala,” kple aɖaka si ƒe tanyae nye “Dɔwɔnu Siwo Nɔa Atikpala Ƒe Aɖaka Me,” si dze le August 1, 2010, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 16 Ne amea menya nuxexlẽ o la, àte ŋu ana wòakplɔ nusɔsrɔ̃a ɖo le agbalẽ gbadza si nye Ðo To Mawu, si me nɔnɔmetatawo koŋ le la me.