Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mito Nyateƒe Na Mia Nɔewo

Mito Nyateƒe Na Mia Nɔewo

“Mito nyateƒe na mia nɔewo.”​—ZAK. 8:16.

HADZIDZI: 56, 124

1, 2. Nu kae gblẽ nu le amegbetɔwo ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, eye ame kae toe vɛ?

TELEFON, elektrikkaɖi, ʋu kple nufamɔ̃ nye nutovɛ siwo na agbea va le bɔbɔe wu la dometɔ ʋɛ aɖewo. Gake nutovɛ bubu geɖewo abe tu, tomebɔmb, sigaret, kple atɔmikbɔmb ene ya de amegbetɔwo ƒe agbe afɔku me wu tsã. Ke hã, nane si do ŋgɔ na nu siawo la gagblẽ nu le amegbetɔwo ŋu wu wo katã. Nu kae wònye? Eyae nye aʋatsokaka! Aʋatsokaka fia be ame nagblɔ nya si wònya be menye nyateƒe o kple susu be yeaflu ame aɖe. Ke ame kae ka aʋatso gbãtɔ? Eyae nye “Abosam.” Yesu Kristo yɔe be “aʋatsokafofo.” (Xlẽ Yohanes 8:44.) Ɣekaɣie wòka aʋatso gbãtɔ la?

2 Esia dzɔ ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi le Eden-bɔa me. Ɣemaɣi la, atsu kple asi gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa nɔ vivi sem le Paradiso si wo Wɔla na wo la me. Gake Abosam va ge ɖe toa me. Enyae be Mawu de se na atsu kple asia be woagaɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia” o, eye ne wogbe toɖoɖo la, woaku. Ke hã, Satana to da aɖe dzi gblɔ na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.” Emae nye aʋatsokaka gbãtɔ. Eye wògagblɔ kpee be: “Elabena Mawu nyae be gbe si gbe miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—1 Mose 2:15-17; 3:1-5.

3. Nu ka tae aʋatso si Satana ka la nye alakpa vɔ̃ɖi, eye nu kae do tso eme?

3 Satana ƒe aʋatsokakaa nye alakpa vɔ̃ɖi, elabe enyae nyuie be, ne Xawa xɔ yeƒe nyaa dzi se heɖu atikutsetsea la, aku. Eye nu ma tututue dzɔ. Xawa kple Adam siaa da Yehowa ƒe sededea dzi eye wova ku mlɔeba. (1 Mose 3:6; 5:5) Gawu la, nu vɔ̃ sia si wowɔ la wɔe be “ku la kaka ɖe amewo katã dome.” Le nyateƒe me la, “ku ɖu fia . . . ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la gɔ̃ hã dzi.” (Rom. 5:12, 14) Eye fifia, le esi teƒe be amegbetɔwo nade blibo ahanɔ agbe tegbee abe ale si Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me ene la, bebli hafi wonɔa agbe “ƒe blaadre, alo ƒe blaenyi, ne ŋusẽ tɔxɛ le ame ŋue nye ema.” Ke hã, zi geɖe la, agbea yɔna “fũu kple fukpekpe kple nuxaxa.” (Ps. 90:10) Esiawo katã dzɔna le Satana ƒe aʋatsokakaa ta. Ewɔ nublanui loo!

4. (a) Biabia kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na? (b) Le Psalmo 15:1, 2 ƒe nya nu la, ame kawo koe ate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃wo?

4 Yesu gblɔ tso Abosam ŋu be: “Meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o.” Eye va de asi na egbea la, nyateƒe mele Satana me o, elabe egakpɔtɔ “le anyigbadzinɔlawo katã blem” kple eƒe alakpanyawo. (Nyaɖ. 12:9) Míawo ya míedi be Abosam nable mí o. Azɔ, na míadzro biabia etɔ̃ siawo me: Aleke Satana le amewo blem egbeae? Nu ka tae amewo daa alakpa ɖo? Eye esi míedi be mía kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dome nagblẽ abe ale si wòdzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi ene o ta la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be ‘míato nyateƒe’ ɣeawokatãɣi?—Xlẽ Psalmo 15:1, 2.

ALE SI SATANA LE AMEWO BLEM

5. Aleke Satana le amewo blem egbeae?

5 Apostolo Paulo nyae be míate ŋu awɔ mía tɔ sinua be “Satana ƒe asi nagasu mía dzi o, elabena eƒe susuwo mele ɣaɣla ɖe mí o.” (2 Kor. 2:11; etenuŋɔŋlɔ) Míenyae be xexe bliboa—alakpasubɔsubɔhawo, dunyahehe me nu fitifiti wɔwɔ kple ŋukeklẽ ƒe asitsanuɖoanyia siaa—le Abosam ƒe ŋusẽ te. (1 Yoh. 5:19) Eya ta, mewɔa nuku na mí be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo able ame siwo le ŋusẽnɔƒewo be woanye “aʋatsokalawo” o. (1 Tim. 4:1, 2) Esia nye nyateƒe le asitsala gã siwo toa amebeble ƒe boblododowo dzi doa adzɔnu siwo gblẽa nu le amewo ŋu kple gakpɔmɔnu fitifitiwo ɖe ŋgɔ la gome.

6, 7. (a) Nu ka tae subɔsubɔhakplɔla siwo daa alakpa la ɖi fɔ ŋutɔ? (b) Alakpanya siwo subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna la dometɔ aɖewo ɖe?

6 Subɔsubɔhakplɔla siwo daa alakpa la ɖi fɔ ŋutɔ, elabena woate ŋu awɔe be agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa nato ame siwo xɔ woƒe alakpanyawo dzi se la ŋu. Ne ame aɖe xɔ woƒe alakpanufiafiawo dzi se hewɔa nu si Mawu lé fui la, ate ŋu awɔe be amea makpɔ agbe mavɔ o. (Hos. 4:9) Yesu nyae be subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le yeƒe ŋkekea me la daa alakpa mawo tɔgbi. Eya ta, egblɔ na wo kã be: “Baba na mi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena miezɔ to ƒu dzi kple anyigba dzi be miatrɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui vɔ la, miewɔnɛ wòdzena na Gehena [tsɔtsrɔ̃ mavɔ me] yiyi wu miawo ŋutɔwo zi gbɔ zi eve.” (Mat. 23:15; etenuŋɔŋlɔ) Yesu he nya ɖe alakpasubɔsubɔhakplɔla mawo ŋu vevie. Wole abe wo ‘fofo Abosam si nye amewula la’ ene.—Yoh. 8:44.

7 Subɔsubɔhakplɔlawo va bɔ ɖe xexea me egbea ŋutɔ. Amewo tea ŋu yɔa wo be osɔfowo, nunɔlawo, rabiwo kple bubuawo. ‘Wotea nyateƒe’ si tso Mawu ƒe Nyaa me la “ɖe to” eye “wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔli aʋatso,” abe ale si wo hati siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔe ene. (Rom. 1:18, 25) Woƒe alakpanufiafia aɖewoe nye, “ne ènya xɔ se ko la, àkpɔ ɖeɖe godoo,” luʋɔ makumaku, gbugbɔgadzɔ, kple bometsinya si nye be Mawu da asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ kpakple woƒe srɔ̃ɖeɖe dzi.

8. Alakpanya kae míele mɔ kpɔm be dunyahelawo ava gblɔ kpuie, gake aleke wòle be míawɔ nui?

8 Dunyahelawo to woƒe alakpanyawo dzi ble ame geɖe ŋutɔ. Wodaa alakpa gãgãwo, eye alakpa gã si woagava da le etsɔme kpuie la anye be yewohe “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” va xexea me azɔ! Gake kasia, “tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi.” Eya ta, mele be míaxɔ wo dzi ase o. Woanɔ alakpa dam be ŋutifafa kple dedienɔnɔ li togbɔ be xexea ɖo afɔku gã aɖe me hã! Gake “[míenyae] nyuie be, Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.”—1 Tes. 5:1-4.

NU SI TAE AMEWO DAA ALAKPA

9, 10. (a) Nu ka tae amewo daa alakpa ɖo, eye nu kae dona tso eme? (b) Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ku ɖe Yehowa ŋu?

9 Ne woto nu yeye aɖe vɛ eye ame geɖe va kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu la, wova nɔa ewɔm le agbɔsɔsɔ gã aɖe me mlɔeba. Alea kee wòle le aʋatsokaka alo alakpadada hã gome. Alakpadada va bɔ le xexea me egbea ŋutɔ, eye menye ame ŋkutawo koe blea amewo o. Nyati aɖe si Aƒetɔ Y. Bhattacharjee ŋlɔ, si ƒe tanyae nye “Nu Si Ta Míedaa Alakpa” la gblɔ be, “alakpadada nye nɔnɔme aɖe si ƒo ke ɖe to ɖe amegbetɔwo me ale gbegbe.” Zi geɖe la, amewo daa alakpa be yewoakpɔ yewo ɖokui ta alo ado yewo ɖokui ɖe ŋgɔ. Wodaa alakpa be yewoatsyɔ nu yewoƒe vodadawo kple nu gbegblẽ siwo yewowɔ la dzi alo kple susu be nu nade yewo dzi le ganyawo gome alo viɖe bubuwo nasu yewo si. Nyatia gblɔ hã be amewo “daa alakpa bɔbɔe le nu suewo kple nu gãwo me tsɔ blea amedzrowo, woƒe dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo kple woƒe ame lɔlɔ̃wo.”

10 Nu kae dona tso alakpadada alea me? Amewo megava kana ɖe wo nɔewo dzi o eye kadodowo me gblẽna. Le kpɔɖeŋu me, bu dzivenya si gbegbe wòanye ne srɔ̃ŋutsu wɔnuteƒe aɖe va nyae be ye srɔ̃ wɔ ahasi eye wòda alakpa be yeatsɔ atsyɔ nu gbegblẽ si wòwɔa dzi ŋu kpɔ. Alo bu eŋu kpɔ ko be ŋutsu aɖe wɔa ŋlɔmi le srɔ̃a kple viawo ŋu le aƒe me, evɔ wòava nɔ nu wɔm ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe le ame dome abe srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui ene. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be ameflula mawo tɔgbi mate ŋu aɣla naneke ɖe Yehowa o, elabe “woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle” le eŋkume.—Heb. 4:13.

11. Nufiame kae le Anania kple Safira ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me na mí? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 Biblia me kpɔɖeŋu aɖe na míekpɔ ale si “Satana na” atsu kple asi Kristotɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ‘do dzi’ da alakpa na Mawu. Anania kple Safira ɖoe le woƒe dzi me be yewoaflu apostoloawo. Wodzra woƒe nunɔamesi aɖe hetsɔ gaa ƒe ɖe ko vɛ na apostoloawo. Atsu kple asia di be yewoƒe nu nawɔ dɔ ɖe hamea me tɔwo dzi. Wodi be wòadze be yewodzɔ nu geɖe wu ga home si ŋutɔŋutɔ wodzɔ. Ke hã, Yehowa kpɔ nu si wowɔ, eye wòhe to na wo ɖe eteƒe.—Dɔw. 5:1-10.

12. Nu kae le dzɔdzɔ ge ɖe ame siwo daa alakpa vɔ̃ɖi dzimematrɔmatrɔe la dzi, eye nu ka tae?

12 Aleke Yehowa bua alakpadadae? Satana kple alakpadala matrɔdzime siwo katã srɔ̃a eyama la siaa ɖo ta “dzota” la me. (Nyaɖ. 20:10; 21:8; Ps. 5:6) Nu ka tae? Nu si tae nye be, le Yehowa gbɔ la, aʋatsokalawo kple “ame siwo ƒe nuwɔnawo nyɔ ŋu le Mawu ŋkume” lae le ka ɖeka dzi.—Nyaɖ. 22:15, etenuŋɔŋlɔ.

13. Nu kae míenya tso Yehowa ŋu, eye nu kae esia nyanya ʋãa mí be míawɔ?

13 Míenyae be Yehowa ‘menye amegbetɔ, ne wòaka aʋatso o.’ Le nyateƒe me la, ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ (4 Mose 23:19; Heb. 6:18) Eye Biblia gblɔ hã be: ‘Yehowa lé fu aʋatsoɖe.’ (Lod. 6:16, 17) Hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míanye ame siwo toa nyateƒe ɣeawokatãɣi. Esia tae ‘míekaa aʋatso na mía nɔewo o.’—Kol. 3:9.

‘MÍETOA NYATEƑE’

14. (a) Mɔ ka nue míeto vovo na alakpasubɔsubɔhawo me nɔlawo le? (b) Ðe gɔmeɖose si dze le Luka 6:45 la me.

14 Mɔ aɖe si nu nyateƒe Kristotɔwo to vovo na alakpasubɔsubɔhawo me tɔwo le lae nye ka? Eyae nye be ‘míetoa nyateƒe.’ (Xlẽ Zakariya 8:16, 17.) Paulo ɖe eme be: “Míeɖea mía ɖokui fiana . . . be míenye Mawu ƒe subɔlawo . . . to nyateƒetoto me.” (2 Kor. 6:4, 7) Yesu gblɔ tso amegbetɔwo ŋu be: “Nu si yɔ ame ƒe dzi me lae eƒe nu gblɔna.” (Luka 6:45) Eya ta, ne ame nyui toa nyateƒe le eƒe dzi me la, nyateƒenyawoe wòagblɔ. Ato nyateƒe na amedzrowo, dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo kple eƒe ame lɔlɔ̃wo le nu suewo kple nu gãwo me. Bu go siwo me míate ŋu aɖee afia le be míele agbagba dzem be míanye anukwareɖilawo le nu sia nu me la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Ðe nèkpɔe be nane gblẽ le nɔvinyɔnu ɖetugbui sia ƒe agbenɔnɔ ŋua? (Kpɔ memama 15, 16 lia)

15. (a) Nu ka tae mesɔ kura be míanɔ agbe eve nɔm o? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woaƒo asa na hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

15 Ke ne sɔhɛe nènye eye nèdi be hawòtiwo nalɔ̃ yeƒe nya ya ɖe? Ðɔ ŋu ɖo be nàgava nɔ agbe eve nɔm abe ale si sɔhɛ aɖewo wɔnɛ ene o. Wodzena le ƒomea kple hamea me abe ame siwo nɔa agbe nyui ene, gake woƒe nuwɔnawo toa vovo kura ne wole sɔhɛ siwo mesubɔa Yehowa o la dome alo ne wole Internet hahoo kadomɔnuwo zãm. Wogblɔa nya madzetowo, wodoa awu siwo mesɔ o, wosea ha siwo mesɔ na Kristotɔwo o, womua aha alo zãa atike muamewo, wodea ŋutsuha alo nyɔnuha le adzame, alo wɔa nu siwo gavloe wu gɔ̃ hã. Wonye alakpanuwɔlawo, woflua wo dzilawo kple hamea me tɔwo, eye womewɔa nuteƒe na Mawu o. (Ps. 26:4, 5) Ne míele Yehowa ‘bum kple míaƒe nuyiwo, gake míaƒe dzi te ɖa xaa tso egbɔ’ la, enyana. (Marko 7:6) Eya ta, enyo sãsãsã wu be míawɔ lododo sia me nyawo dzi: “Wò dzi megaʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ vɔ̃ Yehowa ɣeawokatãɣi.”—Lod. 23:17. *

16. Ne míele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe dɔbiagbalẽvi kpem ɖo la, aleke wòle be míaɖo nyabiaseawo ŋui?

16 Ðewohĩ èdi be yeanye gbesiagbe mɔɖela alo yeaƒo ye ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ƒe akpa aɖe me, abe subɔsubɔ le Betel ene. Ne èle dɔbiagbalẽvia kpem ɖo la, ele vevie ŋutɔ be nàɖi anukware ahato nyateƒe le nyabiase siwo katã ku ɖe wò lãmesẽnyawo, nu siwo nètsɔ ɖea modzakae kple wò agbenɔnɔ ŋu la ŋu ɖoɖo me. (Heb. 13:18) Ke ne èƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna makɔmakɔ aɖe me alo ènɔ agbe aɖe si medze Kristotɔwo o evɔ mègblɔe na hamemetsitsiwo o ya ɖe? Na hamemetsitsiwo nakpe ɖe ŋuwò ale be nàte ŋu atsɔ dzitsinya dzadzɛ asubɔ Yehowa.—Rom. 9:1; Gal. 6:1.

17. Ne mía yometilawo le gbe biam mí tso mía nɔviwo ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

17 Le kpɔɖeŋu me, ne dziɖuɖumegãwo xe mɔ ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu le miaƒe dukɔa me eye wolé wò hele gbe biam wò tso nɔviwò Kristotɔwo ŋu ɖe, nu kae wòle be nàwɔ? Ðe wòle be nàgblɔ nu siwo katã nènya na woa? Nu kae Yesu wɔ esime Roma nutodziɖulaa nɔ gbe biamee? Le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si nye “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li” la, Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ le go aɖewo me o! (Nyagb. 3:1, 7; Mat. 27:11-14) Le go siawo tɔgbi me la, enyo be míaɖɔ ŋu ɖo ahadze aye ale be míagade mía nɔviwo afɔku me o.—Lod. 10:19; 11:12.

Aleke nàwɔ anya ɣeyiɣi si me nàzi ɖoɖoe kple ɣeyiɣi si me nàgblɔ nyateƒe bliboa? (Kpɔ memama 17, 18 lia)

18. Ne hamemetsitsiwo bia nya mí tso mía nɔviwo ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

18 Ke ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ aɖe si nye ŋkubiãnya le hamea me eye nènya nu tso eŋu ɖe? Hamemetsitsiwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woakpɔ egbɔ be hamea le dzadzɛ, eya ta, ate ŋu ava hiã be woabia wò be nàgblɔ nu si nènya tso nyaa ŋu na yewo. Nu kae nàwɔ, vevietɔ ne nyaa ku ɖe xɔ̃wò vevi aɖe alo wò ƒometɔ aɖe ŋu? Biblia gblɔ be: “Ðasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe.” (Lod. 12:17; 21:28) Eya ta, agba le dziwò be nàgblɔ nyateƒe bliboa na hamemetsitsiawo, ke menye nyaa ƒe akpa aɖe ko alo abaɖa afɔ na nyaa o. Gome le wo si be woanya nyateƒea ale be woate ŋu anya mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu wòadzra woa kple Yehowa dome ɖo.—Yak. 5:14, 15.

19. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Hakpala David do gbe ɖa na Yehowa be: “Nyateƒetoto si tso dzi me kee nèdina.” (Ps. 51:6) David nyae be keke dzi me kee wòtsona be míato nyateƒe. Kristotɔ vavãwo ‘toa nyateƒe na wo nɔewo’ le nu sia nu me. Go bubu aɖe si me míate ŋu aɖee afia le be míeto vovo na alakpasubɔsubɔhawo me tɔwoe nye be míafia nyateƒea amewo le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míadzro ale si míawɔ esiae la me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 15 Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo, Nyabiase 6 lia, si ƒe tanyae nye, “Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Nu?,” kple nyati si nye, “Agbe Eve Nɔnɔ—Ame Kawoe Dze Be Woanya?,” si dze le March 8, 1994, ƒe Nyɔ! me, axa 18.