Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Yra Ðe Nye Nyametsotsoa Dzi Ale Gbegbe

Yehowa Yra Ðe Nye Nyametsotsoa Dzi Ale Gbegbe

Esusɔ vie ŋu nake esi míetsɔ trakt susɔeawo de aƒe ʋɛ siwo susɔ le anyigbamama si wona mí ƒe ʋɔtruwo te. Ƒe 1939 mee; míefɔ le aba dzi le zãtiƒe heku ʋu gaƒoƒo ɖeka kple edzivɔ yi du sue si nye Joplin, si le Missouri, Amerika ƒe anyieheɣetoɖoƒe la me. Esi míewɔ míaƒe dɔa le ɖoɖoezizi me vɔ ko la, míege ɖe ʋua me eye míeyi afi si míeɖoe be míakpe ta le la henɔ nɔvi bubuawo lalam. Ðewohĩ, àbia be, nu ka tae míeyi gbeadzi fɔŋli ma hedzo le anyigbamamaa me kaba nenema mahã. Magblɔ nu si tae na wò emegbe.

DZIDZƆE wònye nam be dzinyelawo, Fred kple Edna Molohan, siwo nye Kristotɔwo la ƒã mawuvɔvɔ̃ ɖe menye tso nye ɖevime ke. Wonye Biblia Nusrɔ̃vi (alo Yehowa Ðasefo) dovevienuwo ƒe 20 hafi dzim le ƒe 1934 me. Míaƒe ƒomea nɔ Parsons, si nye du sue aɖe si le Kansas ƒe anyieheɣedzeƒe. Míenɔ hame si me tɔwo katã kloe nye Kristotɔ amesiaminawo la me. Míaƒe ƒomea dea hamea ƒe kpekpewo edziedzi eye míeɖea gbeƒã nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me na amewo. Zi geɖe le Memleɖagbe ŋdɔ me la, míewɔa ablɔdzi gbeƒãɖeɖedɔ, si míeyɔna fifia be dutoƒoɖaseɖiɖidɔa. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea mía ŋu, gake ne míewu enu la, Papa ƒlea numeɖenu fafɛ na mí tsɔ dea dzi ƒo na mí.

Anyigbamama gã aɖe si me du suesuesuewo kple agblenyigba geɖewo nɔ ye nɔ míaƒe hame suea si. Ne míeyi ɖaɖe gbeƒã na agbledelaawo la, wotsɔa agblemenu siwo tso woƒe abɔwo me, kokloziwo (esiwo woɖe tso koklokpo me tẽe), alo koklowo gɔ̃ hã nana mí ɖe míaƒe agbalẽ siwo míena wo teƒe. Esi wònye be Papa dzɔ nu ɖe agbalẽawo ta xoxo ta la, míeɖaa nu siawo ɖuna.

ÐASEÐIÐIDƆ TƆXƐWO

Dzinyelawo ƒle agbaƒomɔ̃ si wozãna le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyemetsi na ezazã o, gake edzɔa dzi nam be makpe asi ɖe Papa kple Dada ŋu ne wole ezãm tsɔ le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒowo ƒom na ɖetsɔlemetɔ siwo gbɔ wotrɔ yi kple woƒe Biblia nusrɔ̃viwo.

Nye kple Papa kple Dada míetɔ ɖe míaƒe ʋu si tame nuƒomɔ̃ le la gbɔ

Papa trɔ asi le míaƒe ʋua, si nye Ford si wowɔ le ƒe 1936 me la, ŋu wòva zu ʋu si tame nuƒomɔ̃ le. Ʋu sia wɔ akpa vevi aɖe le Fiaɖuƒegbedeasia kaka me. Zi geɖe la, míeƒoa ha si wolé ɖi la gbã tsɔ hea amewo ƒe susu, eyome míeƒoa Biblia me nuƒo aɖe. Ne nuƒoa wu enu la, míenaa míaƒe agbalẽwo ame siwo tsɔ ɖe le eme.

Le du sue si nye Cherryvale, si le Kansas me la, kpovitɔwo gblɔ na Papa be mɔɖeɖe meli be wòatsɔ ʋua ayi modzakaɖebɔa me o, elabena ame geɖewo ɖina ɖe eme le afi ma le Kwasiɖagbewo, gake ate ŋu atɔ ʋua ɖe abɔa godo. Eya ta, Papa mehe nya kpli wo o, ɖeko wòku ʋua yi ɖatɔ ɖe mɔ si dze ŋgɔ modzakaɖebɔa dzi eye wòyi agbaa ƒoƒo dzi ale be ameawo nate ŋu ase gbedeasia bɔbɔe. Ɣesiaɣi si meyi gbeadzi kple Papa kpakple fonye Jerry le ɣeyiɣi siawo tɔgbi me la, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.

Le ƒe 1930-awo me la, míewɔ ɖaseɖiɖidɔ tɔxɛ vovovowo be míakpe anyigbamama siwo me wotsia tsitre ɖe mía ŋu vevie le la ɖo kabakaba. Míefɔa fɔŋli (abe ale si míewɔe le Joplin, le Missouri ene) eye míewɔna dzadzadza dea míaƒe traktwo alo agbalẽviwo amewo ƒe ʋɔtruwo te. Eyome, míekpena le dua godo be míakpɔe ɖa be kpovitɔwo lé nɔvi aɖewo hã.

Le ƒe mawo me la, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa bubu aɖe si ŋu mekpɔa dzidzɔ ɖoe nye esi míeyɔna be gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔlɔlɔ. Míekplaa pepa siwo dzi woŋlɔ nu ɖo eye míenɔa fli me zɔna toa ablɔwo dzi le dua me tsɔ ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea. Meɖo ŋku gbɔlɔlɔ sia tɔgbi si nɔviwo wɔ le míaƒe dua me, si me nɔviawo kpla pepa siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃tetre Kple Ameflunu,” la dzi. Wozɔ azɔli abe kilometa ɖeka kple afã ene to dua ƒe teƒeteƒewo eye wotrɔ gbɔ va mía ƒe me. Dzidzɔtɔe la, womedo go tsitretsiɖeŋu aɖeke le gbɔlɔlɔa me o, ke boŋ wodo go nukpɔla geɖe siwo kpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe gbedeasia ŋu.

TAKPEKPE SIWO MEDE LE ÐEVIME

Zi geɖe la, míaƒe ƒomea zɔa mɔ tso Kansas yia Texas ɖadea takpekpewo. Papa wɔa dɔ le ketekedɔwɔƒea, eya ta míetea ŋu zãa dɔwɔlawo ƒe mɔɖegbalẽvi si le esi la tsɔ ɖoa keteke femaxee, eye esia wɔe be míetea ŋu yina ɖasrãa ƒometɔwo kpɔ hedea takpekpewo hã. Nyruinye, Fred Wismar, kple srɔ̃a, Eulalie, nɔ Temple, le Texas. Nyrui Fred srɔ̃ nyateƒea hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo esime wònye sɔhɛ, eye wògblɔ nu siwo wòsrɔ̃ ŋu nya na nɔvianyɔnuwo, siwo dome nɔnye hã le. Nɔvi siwo le Texas, afi si wòwɔ nutome subɔla (si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla) ƒe dɔa le kpɔ la dometɔ geɖe nyae nyuie. Enye dzidzɔme si nyoa dɔme eye egbɔnɔnɔ doa dzidzɔ na ame ɣesiaɣi. Dzo nɔ eme ɖe nyateƒea ŋu, eye le nyateƒe me la, ekpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye esime menye sɔhɛ.

Le ƒe 1941 me la, míaƒe ƒomea ɖo keteke yi ɖade takpekpe gã aɖe le St. Louis, le Missouri. Wobia tso sɔhɛwo katã si be woava nɔ anyi ɖe teƒe si woɖo ɖi na wo le takpekpewɔƒea be woase Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Fia La Ƒe Viwo.” Le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa ƒe nuwuwu la, míexɔ nunana nyui aɖe esi eya ŋutɔ kple eƒe kpeɖeŋutɔwo ma agbalẽ yeye si ƒe tanyae nye Children (alo Ðeviwo) la na mí ɖevi siwo katã nɔ anyi ɖe teƒea. Ðevi siwo wu 15,000 la dometɔ ɖe sia ɖe xɔ nunana nyui ma.

Le April 1943 me la, míekpɔ dzidzɔ esime míede takpekpe sue aɖe si ƒe tanyae nye “Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Yɔyɔ,” si wowɔ le Coffeyville, le Kansas. Ɣemaɣie woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Suku yeye, si woawɔ le hamewo katã me la anyi, eye woɖe agbalẽvi si me nusɔsrɔ̃ 52 le, si woazã le sukua me la hã ɖe go. Emegbe le ƒe ma me la, meƒo nye nuƒo gbãtɔ le sukua me. Takpekpe ma le etɔxɛ nam, elabena takpekpe ma mee nye kple nɔviŋutsu eve bubu míexɔ nyɔnyrɔ le le ta si me tsi fa miamiamia la me, le agble aɖe si tsɔ takpekpewɔƒea gbɔ la me.

MEDI VEVIE BE MAWƆ DƆ LE BETEL

Mewu sekɛndrisuku nu le ƒe 1951 me, eye wòhiã be matso nya me le nu si matsɔ nye agbe awɔ ŋu. Nye didi vevie wònye be mawɔ dɔ le Betel, afi si Jerry wɔ dɔ le kpɔ, eya ta, eteƒe medidi o, metsɔ nye dɔbiagbalẽa ɖo ɖe Brooklyn dɔwɔƒea. Nyametsotso sia va ɖe vi nam le gbɔgbɔ me ale gbegbe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woda asi ɖe dzinye eye wokpem be madze Betel subɔsubɔdɔa gɔme le March 10, 1952 dzi.

Menɔ mɔ kpɔm be mawɔ dɔ le agbalẽtaƒea ale be makpɔ gome le magazinewo kple agbalẽwo tata me. Ke hã, wobia tso asinye be mawɔ kplɔ̃ŋutisubɔla ƒe dɔa eye emegbe wona mewɔ dɔ le dzodoƒea. Mekpɔ dzidzɔ le dɔ siawo wɔwɔ me eye mesrɔ̃ nu geɖe hã. Eya ta, mɔnukpɔkpɔ mesu asinye mewɔ dɔ le agbalẽtaƒea o. Ke hã, ale si wotrɔ asi le gaƒoƒoawo ŋu na nɔvi siwo wɔa dɔ le dzodoƒea la ɖe vi nam ŋutɔ, elabe esia wɔe be metea ŋu kpɔa tomefafaɣiwo le ŋkekea me eye mezãa agbalẽ siwo le Betel ƒe agbalẽdzraɖoƒea tsɔ wɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃e. Esia kpe ɖe ŋunye metsi le gbɔgbɔ me eye nye xɔse gasẽ ɖe edzi. Azɔ hã, ewɔe be megaɖoe kplikpaa wu tsã be mayi edzi asubɔ le Betel zi ale si mate ŋui. Jerry dzo le Betel le ƒe 1949 me eye wòɖe Patricia, gake wonɔ afi si medidi boo tso Betel gbɔ o, le Brooklyn. Eya ta, esi meva Betel yeyee la, wokpena ɖe ŋunye hedea dzi ƒo nam zi geɖe.

Le nye Betel yiyi ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo wɔ ɖoɖo henɔ nɔviŋutsuwo dom kpɔ kple susu be woakpɔ nɔviŋutsu geɖe akpe ɖe Betel dutoƒonuƒoƒolawo ŋu. Wobiana tso nɔvi siwo ƒe ŋkɔwo nɔ ɖoɖoa me la si be woayi aɖasrã hame vovovo siwo gbɔ medidi tso Brooklyn wu kilometa 322 o la kpɔ, eye woaƒo nuƒo ahade gbeadzi kpli wo ɖekae. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be menɔ nɔviŋutsu siwo wotia la dome. Ɣemaɣi la, nuƒoa xɔa gaƒoƒo ɖeka, eye menɔ vɔvɔ̃m esi medze nye nuƒo gbãtɔa gɔme. Zi geɖe la, ketekee meɖona yina ɖasrãa hameawo kpɔna. Meɖo ŋku edzi be le Kwasiɖagbe aɖe ƒe ŋdɔ me, le ƒe 1954 ƒe vuvɔŋɔli me la, meɖo keteke tso hame aɖe gbɔ trɔ yina ɖe New York, eye ele be maɖo Betel le ɣetrɔ me. Gake esime míenɔ mɔa dzi la, ahomya sesẽ aɖe si lɔ ya fafɛ kple sno ɖe nu la te tutu. Ketekea ƒe elektrikmɔ̃a dzudzɔ dɔwɔwɔ. Mlɔeba, míeva ɖo ketekedzeƒe si le New York City la Dzoɖagbe ŋdi ga atɔ̃ lɔƒo. Mezɔ to tomemɔ si tso afi ma yi Brooklyn eye meyi dzodoƒea tẽe. Metsi megbe vie eye ɖeɖi te ŋunye ale gbegbe, le esi menɔ ŋu henɔ anyinɔƒe zã bliboa le keteke si gblẽa me ta. Gake nudzɔdzɔ siawo tɔgbi meɖi naneke kura o ne metsɔ wo sɔ kple dzidzɔ si mekpɔna tso nɔviawo subɔsubɔ kple nɔvi gbogbo siwo medoa goe le kwasiɖanuwuwu ƒe subɔsubɔ tɔxɛ siawo me.

Míele dzadzram ɖo be míadze wɔnaa gɔme le WBBR radiodɔwɔƒea

Le nye Betel subɔsubɔdɔa ƒe ƒe gbãtɔwo me la, wobia tso asinye be makpɔ gome le Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe si míewɔna to WBBR radiodɔwɔƒea dzi la me. Ɣemaɣi la, radiodɔwɔƒea nɔ 124 Columbia Heights ƒe dzisasrã evelia dzi. Wode dɔ asi nam be manye ame siwo wɔa Biblia sɔsrɔ̃ ƒe wɔnaa kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ ɖeka. Nɔviŋutsu A. H. Macmillan, si nye Betel-ƒomea me tɔ ɣeyiɣi didi aɖe la kpɔa gome le radio dzi wɔna siawo me edziedzi. Nɔviwo yɔnɛ vividoɖeameŋutɔe be Nɔviŋutsu Mac. Eɖo kpɔɖeŋu nyui na mí Betel-ƒomea me tɔ siwo nye sɔhɛwo, elabe eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be eto nɔnɔme sesẽ geɖewo me hã.

Míemaa agbalẽviwo tsɔ doa boblo WBBR radiodɔwɔƒea

Wokpem le ƒe 1958 me be mava wɔ dɔ atsɔ akpe asi ɖe Gilead Sukua ŋu. Nye dɔdeasie nye be makpe ɖe sukuviawo ŋu woaxɔ visa eye mawɔ ɖoɖo ɖe nɔvi dovevienu siawo ƒe mɔzɔzɔwo ŋu. Le ƒe mawo me la, yameʋuɖoɖo xɔ asi ŋutɔ, eya ta, sukuviawo dometɔ ʋɛ aɖewo koe ɖoa yameʋu. Sukuvi siwo yi Afrika kple Asia la dometɔ akpa gãtɔ ɖoa agbatsɔmeliwo. Gake esi yameʋuɖofe va nɔ ɖiɖim la, dutanyanyuigblɔlawo dometɔ akpa gãtɔ ɖoa yameʋu yia dukɔ si me woɖo wo ɖo.

Mele Gilead Sukua ƒe ɖaseɖigbalẽwo ɖom ɖe ɖoɖo nu hafi sukunuwuwu wɔnaa nadze egɔme

MƆZƆZƆ YI TAKPEKPEWO

Nye dɔdeasia keke ta ɖe edzi le ƒe 1960 me, esime wòva hiã be mada yameʋuwo na takpekpeyila siwo atso Amerika ayi Europa hena ƒe 1961 dukɔwo dome takpekpewo. Nye hã meɖo yameʋuawo dometɔ ɖeka tso New York yi takpekpea le Hamburg, Germany. Le takpekpea megbe la, nye kple nɔviŋutsu siwo le Betel la dometɔ etɔ̃ míeda ʋu eye míeku ʋua tso Germany yi keke Italy heyi alɔdzedɔwɔƒe si le Roma. Tso afi ma la, míeto Pyrenees Tonutowo me yi France heyi ɖe Spain, afi si woɖo asi míaƒe dɔa dzi le ɣemaɣi. Míete ŋu tsɔ míaƒe agbalẽ aɖewo siwo ŋu míefa nu ɖo abe nunanawoe wonye ene la na nɔvi siwo nɔ Barcelona. Dzi dzɔ mí ŋutɔ esime míedo go wo! Míeyi mɔzɔzɔa dzi tso afi ma yi Amsterdam eye míeɖo yameʋu trɔ yi New York.

Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, nye dɔdeasi le Betel bia be mawɔ mɔzɔɖoɖowo na nɔvi siwo wotia be woade dukɔwo dome takpekpe tɔxɛ siwo wowɔ le xexea ƒe teƒeteƒewo. Esiae nye “Nya Nyui Mavɔ” Takpekpe siwo wowɔ le ƒe 1963 me. Míewɔ ɖoɖo na nɔvi 583 be woazɔ mɔ didiwo be woade takpekpea le Europa, Asia, kple Anyiehe Pasifik, eye mlɔeba, woayi Honolulu, Hawaii kple Pasadena, le California. Gakpe ɖe eŋu la, woaɖaɖi tsa le Lebanon kple Jordan, siwo nye dukɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la me. To vovo na ɖoɖowɔwɔ ɖe yameʋu siwo woaɖo kple amedzrodzeƒe siwo woanɔ ŋu la, míaƒe Betel dɔwɔƒea xɔ visa siwo woahiã le dukɔ vovovoawo me la hã na wo.

NYE MƆZƆHATI YEYE

Ƒe 1963 nye ƒe tɔxɛ aɖe nam le susu vevi bubu aɖe hã ta. Le June 29 dzi la, meɖe Lila Rogers, si tso Missouri, si va zu Betel-ƒomea me tɔ ƒe etɔ̃ do ŋgɔ. Kwasiɖa ɖeka le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe la, nye kple Lila míewɔ ɖeka kple nɔviawo yi Greece, Egypt kple Lebanon. Míeɖo yameʋu tso Beirut yi yameʋudzeƒe sue aɖe le Jordan. Esi wònye be woɖo asi míaƒe dɔa dzi le Jordan eye míese be womenaa visa Yehowa Ðasefowo be woava dukɔa me o ta la, míenya ale si tututu nuwo anɔ ne míeyi afi ma o. Gake esi míeva ɖo la, míaƒe nu ku esi míekpɔ ameha aɖe siwo lé avɔ gã aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be “Yehowa Ðasefowo, Miawɔe Zɔ” la ɖe asi le yameʋudzeƒea! Eye aleke gbegbe dzi dzɔ míi ye nye esi be míekpɔ anyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe kple ŋku! Míeyi teƒe siwo blemafofowo nɔ, afi si Yesu kple eƒe apostoloawo ɖe gbeƒã le, kple afi si Kristotɔnyenye dze egɔme tsoe hafi kaka va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.—Dɔw. 13:47.

Ƒe 55 ye nye esia Lila kpe asi ɖe ŋunye nuteƒewɔwɔtɔe le míaƒe dɔdeasi vovovoawo katã me. Míete ŋu zɔ mɔ yi Spain kple Portugal zi geɖe esime woɖo asi míaƒe dɔa dzi le dukɔ mawo me. Míedea dzi ƒo na nɔviawo eye míetsɔa agbalẽwo kple nu bubu siwo wohiã la yina na wo. Míete ŋu yi ɖasrã mía nɔvi siwo wolé de ga la dometɔ aɖewo kpɔ le asrafowo ƒe mɔ́ xoxo aɖe si le Cádiz, le Spain la me gɔ̃ hã. Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime mete ŋu ƒo nuƒo hezã Ŋɔŋlɔawo tsɔ de dzi ƒo na wo.

Mía kple Patricia kple Jerry Molohan esi míeyina ƒe 1969 “Ŋutifafa Le Anyigba Dzi” Takpekpea

Le ƒe siwo kplɔ ƒe 1963 ɖo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mekpe asi ɖe eŋu míewɔ ɖoɖo nɔviwo de dukɔwo dome takpekpe siwo wowɔ le Afrika, Australia, Titina Amerika kple Anyiehe Amerika, Europa, Asia dukɔ siwo le eƒe Ɣedzeƒe, Hawaii, New Zealand kple Puerto Rico. Nye kple Lila míede takpekpe siwo míaŋlɔ be akpɔ o, siwo dometɔ ɖekae nye esi wowɔ le Warsaw, le Poland, le ƒe 1989 me. Nɔvi gbogbo aɖewo te ŋu zɔ mɔ tso Russia de takpekpe gã ma—eyae nye takpekpe gã gbãtɔ si wode kpɔ! Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo míedo goe la dometɔ geɖe nɔ Soviet gaxɔwo me ƒe geɖe le woƒe xɔse ta.

Alɔdzedɔwɔƒewo sasrãkpɔ le xexea ƒe teƒeteƒewo be matu Betel-ƒomea me tɔwo kple dutanyanyuigblɔlawo ɖo ahade dzi ƒo na wo nye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe si na mekpɔ dzidzɔ geɖe. Le sasrãkpɔ mamlɛtɔ si míewɔ le South Korea me la, míete ŋu yi ɖasrã nɔviŋutsu 50 siwo nɔ gaxɔ me le Suwon la kpɔ. Wo katã woɖee fia be mɔkpɔkpɔ mebu ɖe yewo o, eye wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woagate ŋu asubɔ Yehowa le ablɔɖe me la vevie. Sasrãkpɔ ma de dzi ƒo na mí ale gbegbe!—Rom. 1:11, 12.

MÍAƑE DZIDZIÐEDZI NA MEKPƆ DZIDZƆ GEÐE

Le ƒe siwo va yi me la, mekpɔ ale si Yehowa yra eƒe amewo hena wodzi ɖe edzi la teƒe. Esime mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1943 me la, gbeƒãɖela siwo ade 100,000 ye nɔ anyi. Gake fifia, gbeƒãɖela siwo wu miliɔn 8 sɔŋ ye le Yehowa subɔm le dukɔ 240 me. Nɔvi siwo de Gilead Sukua ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔ akpa vevi aɖe le dzidziɖedzi sia me. Enye dzidzɔ nam be mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kple dutanyanyuigblɔla siawo dometɔ geɖe le ƒe siwo va yi me eye mekpe ɖe wo ŋu wote ŋu yi dukɔ siwo me woɖo wo ɖo la!

Mekpɔa dzidzɔ be metso nya me le nye sɔhɛme be mawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me eye mekpe dɔbiagbalẽ ɖo be mawɔ dɔ le Betel. Yehowa yram geɖe tso ɣemaɣi va de asi na fifia. Tsɔ kpe ɖe dzidzɔ si nye kple Lila míekpɔ le Betel subɔsubɔdɔa me ŋu la, míekpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa kple hame siwo le Brooklyn, afi si xɔlɔ̃ nyui geɖewo su mía si le la hã ŋu.

Megakpɔtɔ le subɔsubɔm le Betel eye Lila gale asi kpem ɖe ŋunye gbeawotsyogbe. Togbɔ be mexɔ ƒe 84 kple edzivɔ fifia hã la, megakpɔa dzidzɔ be mete ŋu le tɔnye sinua wɔm tsɔ le asi kpem ɖe alɔdzedɔwɔƒea ƒe lɛtawo gbɔ kpɔ dɔwɔƒea ŋu.

Nye kple Lila egbea

Enye dzidzɔ nam be mele Yehowa ƒe habɔbɔa me eye mekpɔ vovototo si le ame siwo subɔa Yehowa kple ame siwo mesubɔnɛ o la dome. Míekpɔ nya siwo le Malaki 3:18 ƒe nyateƒenyenye dze sii geɖe wu. Afi ma gblɔ be: “Ekema miagakpɔ vovototo si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovototo si le ame si subɔa Mawu kple ame si mesubɔnɛ o la dome.” Gbe sia gbe la, míekpɔa ale si Satana ƒe nuɖoanyia le gbegblẽm ɖe edzi kple ale si gbegbe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ bu ɖe amewoe. Gake ame siwo lɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ ya kpɔa dzidzɔ le agbe me, eye etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le wo si, togbɔ be nuwo le sesẽm le xexea me hã. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi su mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia na amewo! (Mat. 24:14) Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea atsrɔ̃ xexe xoxo sia eye wòahe xexe yeyea vɛ, esime míase vivi na yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do la, eye míanɔ lãmesẽ deblibo me ɖaa. Ekema, Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo le anyigba dzi la anɔ agbe le dzidzɔ me tegbee.