GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA October 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 2 va se ɖe 29, 2019, la le tata sia me.

1919—Ƒe Alafa Ðeka Ye Nye Esia

Le ƒe 1919 me la, Yehowa de dzo yeye eƒe amewo me be woaɖe gbeƒã veviedodotɔe wu tsã. Gake hafi esia nadzɔ la, ehiã be Mawu ƒe amewo, siwo woyɔna ɣemaɣi be Biblia Nusrɔ̃viwo, nado le nɔnɔme sesẽ aɖe si me tom wonɔ la me.

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo—Ðe Mawu Xlɔ̃a Nu Amewo Do Ŋgɔ Ale Si Dze Ɣesiaɣia?

Yehowa le nu xlɔ̃m anyigbadzinɔlawo katã fifia tso “ahomtugbe” aɖe si ƒe nugblẽƒe anyra wu ahom sesẽtɔ ƒe nugblẽƒe la ŋu. Agblẽ nu wu ahom ɖe sia ɖe si ŋu yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo xlɔ̃ nu amewo tsoe kpɔ. Aleke Yehowa le nu xlɔ̃m amewoe?

Tsɔ Dzo Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu Le “Ŋkeke Mamlɛawo” Ƒe Nuwuɣi La Me

Nu kawoe adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo” ƒe nuwuwu? Eye nu kae Yehowa di be míanɔ wɔwɔm esime míele nudzɔdzɔ mawo lalam?

Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Le “Xaxa Gã” La Me

Nu kawoe Yehowa adi tso mía si be míawɔ le “xaxa gã” la me? Aleke míate ŋu adzra mía ɖokui ɖo fifia be míayi edzi awɔ nuteƒe?

Ame Ka Ƒomevie Yehowa Ana Nàva Zu?

Le blema la, Yehowa na didia kple ŋusẽa esubɔlawo wote ŋu wɔ nu si dzea eŋu. Aleke Yehowa naa didia kple ŋusẽa mí egbea be míasubɔ ye?

Subɔ Yehowa Bliboe

De ŋugble le ale si tiatia siwo míewɔna le agbemenu eve aɖewo gome kple ale si esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míele Yehowa subɔm bliboe loo alo míele esubɔm bliboe o la ŋu.