Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔviŋutsu Rutherford le dutoƒonuƒo ƒom le takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, la me, ƒe 1919

1919—Ƒe Alafa Ðeka Ye Nye Esia

1919—Ƒe Alafa Ðeka Ye Nye Esia

KAKA ƒe 1919 naɖo la, Aʋa Gã la (si wova yɔ be Xexemeʋa Gbãtɔ), si xɔ ƒe ene sɔŋ kple ɣleti aɖewo la wu enu. Do ŋgɔ le ƒe 1918 ƒe nuwuwu lɔƒo la, dukɔwo dzudzɔ aʋaa wɔwɔ, eye le January 18, 1919 dzi la, wodze Paris Ƒe Ŋutifafa Takpekpea gɔme. Nu ɖedzesi siwo do tso takpekpe ma me la dometɔ ɖekae nye Versailles Ƒe Nubablaa, si he aʋa si nɔ edzi yim le Dukɔ Wɔɖekawo Ƒe Asrafowo kple Germany dome la va nuwuwui. Wode asi nubabla ma te le June 28, 1919 dzi.

Nubabla ma ke dzie woto ɖo habɔbɔ yeye si nye Dukɔwo Ƒe Nubabla la anyi. Habɔbɔ sia ƒe taɖodzinue nye be “wòana be dukɔwo nawɔ nu aduadu kple wo nɔewo eye wòahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ava xexea me godoo.” Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha geɖe da megbe na Dukɔwo Ƒe Nubabla la. Amerika Kristo Sɔlemehawo Ƒe Aɖaŋuɖohaa kafu habɔbɔ ma be enye “Mawu ƒe Fiaɖuƒe si va anyigba dzi to dunyahehe me.” Aɖaŋuɖoha sia dɔ amewo ɖo ɖe Paris Ƒe Ŋutifafa Takpekpea me tsɔ ɖee fia be yewoda megbe na Dukɔwo Ƒe Nubablaa. Amedɔdɔawo dometɔ ɖeka gblɔ be takpekpe ma “nye azã yeye aɖe ƒe gɔmedzedze le xexea ƒe ŋutinya me.”

Vavãe, azã yeye aɖe nɔ egɔme dzem ya, gake meku ɖe ame siwo de ŋutifafa ƒe takpekpe ma ŋu o. Le ƒe 1919 me la, azã yeye aɖe dze egɔme le gbeƒãɖeɖedɔa gome esime Yehowa de dzo yeye eƒe amewo me be woaɖe gbeƒã veviedodotɔe wu tsã. Gake hafi esia nadzɔ la, ehiã be Mawu ƒe amewo, siwo woyɔna ɣemaɣi be Biblia Nusrɔ̃viwo, nado le nɔnɔme sesẽ aɖe si me tom wonɔ la me.

NYAMETSOTSO SESẼ AÐE

Joseph F. Rutherford

Wowɔ ɖoɖo be woawɔ ƒe sia ƒe ƒe takpekpe si me woada akɔ atia Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe akametiwo le la le Memleɖa, January 4, 1919 dzi. Ɣemaɣi la, wode Nɔviŋutsu Joseph F. Rutherford, si nɔ ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe amewo dome la, kple nɔviŋutsu adre bubuwo gaxɔ me madzemadzee le Atlanta, Georgia, Amerika. Biabia si fɔ ɖe te ye nye, Ðe woagbugbɔ atia nɔviŋutsu siwo le gaxɔ me la be woayi edzi axɔ ŋgɔ le habɔbɔa me loo alo woatia nɔviŋutsu bubuwo ɖe wo teƒea?

Evander J. Coward

Nɔviŋutsu Rutherford, si nɔ gaxɔ me ɣemaɣi la, tsi dzi ɖe ale si nuwo ava nɔ le habɔbɔa me la ŋu. Enyae be nɔvi aɖewo susui be anyo wu be woatia nɔviŋutsu bubu wòanye habɔbɔa ƒe zimenɔla. Esia ta, eŋlɔ lɛta ɖo ɖe takpekpea delawo; le eƒe lɛtaa me la, ekafu Nɔviŋutsu Evander J. Coward na nɔviawo be woatiae wòanye habɔbɔa ƒe zimenɔla. Nɔviŋutsu Rutherford gblɔ tso Nɔviŋutsu Coward ŋu be “efa tu,” “edze aɖaŋu,” eye wònye “ame si tsɔ eɖokui na Aƒetɔ la.” Ke hã, nɔvi geɖe ƒe susu to vovo; wosusu be anyo wu be yewoahe akɔa dada ɖe megbe ɣleti ade. Nɔvi siwo nye senyalawo, siwo ʋli nɔviŋutsu siwo le gaxɔ me ta le ʋɔnu, la lɔ̃ ɖe susu sia dzi. Esime wonɔ susu vovovoawo dam kpɔ la, nɔvi aɖewo va do dziku vevie.

Richard H. Barber

Kasia, nane dzɔ si Nɔviŋutsu Richard H. Barber va ɖɔ emegbe be ele ko abe ‘nyaŋuɖoɖo fafɛ si tsi dziku nu’ ene. Nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nyemebi ɖe senyawo me o, gake menya nu si wòfia be ame nawɔ nuteƒe. Nu si Mawu di tso mía si ye nye be míanye nuteƒewɔlawo. Eye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míewɔa nuteƒe na Mawu ye nye be míada akɔa eye míagbugbɔ atia Nɔviŋutsu Rutherford ake wòakpɔtɔ anye habɔbɔa ƒe zimenɔla.”—Ps. 18:25.

Alexander H. Macmillan

Nɔviŋutsu A. H. Macmillan, si hã nɔ gaxɔ me ɣemaɣi la, ɖo ŋku edzi emegbe be, le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford tsɔ asi ƒo glia hegblɔ na ye be, “Do asi ɖa.” Nɔviŋutsu Rutherford tsɔ agbalẽ kakɛ aɖe de asi nɛ. Esi Nɔviŋutsu Macmillan nya kpɔ gbedeasi kpui si le agbalẽa dzi ko la, enya nu si wòfia enumake. Nya si woŋlɔ ɖe edzi ye nye: “RUTHERFORD WISE VAN BARBER ANDERSON BULLY KPLE SPILL ZIMENƆLA AKAMETI ETƆ̃ GBÃTƆAWO MÍELƆ̃ MI KATÃ.” Esia fia be, wogbugbɔ tia habɔbɔa ƒe akametiawo katã ake, eye Nɔviŋutsu Joseph Rutherford kple Nɔviŋutsu William Van Amburgh ayi edzi anɔ akameti etɔ̃ siwo le ŋgɔ xɔm la dome. Esia fia be, Nɔviŋutsu Rutherford akpɔtɔ anye habɔbɔa ƒe zimenɔla.

WOÐE WO LE GAXƆ ME!

Esime nɔviŋutsu enyiawo nɔ gaxɔ me la, Biblia Nusrɔ̃viawo ŋlɔ lɛta aɖe na dziɖuɖua tsɔ bia be woaɖe asi le nɔviawo ŋu eye wona amewo de asi ete. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzinɔameƒotɔ siawo te ŋu kpɔ ame 700,000 kple edzivɔ siwo lɔ̃ de asi lɛtaa te. Hafi nɔviawo natsɔ lɛtaa ana dziɖuɖua la, woɖe asi le Nɔviŋutsu Rutherford kple nɔviŋutsu adre susɔeawo ŋu le Kuɖa, March 26, 1919 dzi.

Esi Nɔviŋutsu Rutherford nɔ nu ƒom na nɔvi siwo va eƒe me be yewoado wòezɔ nɛ la, egblɔ be: “Meka ɖe edzi be ɖeko nu si me mí katã míeto la le mía dzram ɖo ɖe ɣeyiɣi sesẽ siwo me míava to le etsɔme la ŋu . . . . Menye ɖe mieʋli be woaɖe mia nɔviawo le gaxɔ me o. Menye taɖodzinu vevitɔa ye nye ema o. . . . Ke boŋ, taɖodzinu si tae mieʋli vevie ɖoe nye be, miaɖi ɖase na Nyateƒe la, eye teƒeɖoɖo wɔnuku aɖe su ame siwo wɔ esia la si.”

Nu siwo katã dzɔ le nyadɔdrɔ̃ na mía nɔviawo me kple emegbe siaa ɖee fia be Yehowa ƒe asi le nyaa me. Le May 14, 1919 dzi la, nyagbugbɔdrɔ̃ƒea tso nya me na mía nɔviawo be: “Womedrɔ̃ nyaa na ame siwo nu wotso la . . . nyuie ale si dze o, eye le susu sia ta la, míete fli ɖe afiatsotsoa me.” Le ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔa la, wotsɔ nya ɖe mía nɔviawo ŋu be wowɔ hlɔ̃donu siwo nye ŋkubiãnya, eya ta, ne ɖe nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gblɔ be wotsɔ woƒe vodadaa ke wo ko alo woɖiɖi woƒe tohehea dzi kpɔtɔ la, anye ne afiatsotso ma akpɔtɔ anɔ woƒe nuŋlɔɖiwo me. Gake fifia ya, wo ŋu kɔ keŋkeŋ. Esia wɔe be, Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford gakpɔtɔ dze le se nu be wòaʋli Yehowa ƒe amewo ta le Amerika ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, eye ewɔ esia zi gbɔ zi geɖe le eƒe dodo le gaxɔ me megbe.

WOÐOE KPLIKPAA BE YEWOAÐE GBEƑÃ

Esi Nɔviŋutsu Macmillan ɖo ŋku ale si nuwo yii dzi la, egblɔ be: “Míele anyi nɔ ge kpoo, ade asi asitɛ me ahanɔ lalam be Aƒetɔ la nava kɔ mí ayi dziƒo o. Míekpɔe be, ele be míawɔ nane si akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nu si tututu nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.”

Gake, nɔvi siwo nɔ míaƒe dɔwɔƒegã la kpɔe be yewomagate ŋu ayi dɔa dzi ko abe ale si yewonɔ ewɔm ƒe geɖe la ene o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, esime nɔviŋutsuawo nɔ gaxɔ me la, tsitretsiɖeŋulawo gblẽ agba siwo dzi woɖea nyawo ɖo tsɔ taa agbalẽwo la katã dome. Esia ɖe dzi le nɔvi geɖe ƒo, eye wo dometɔ aɖewo nɔ esusum nenye be gbeƒãɖeɖedɔa wu enu.

Ðe ame aɖewo gakpɔtɔ tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasi si Biblia Nusrɔ̃viawo ɖe gbeƒãe la mea? Be woate ŋu aɖo biabia ma ŋu la, Nɔviŋutsu Rutherford ɖoe be yeaƒo dutoƒonuƒo aɖe. Woakpe ame sia ame be wòava see. Nɔviŋutsu Macmillan gblɔ be: “Ne ame aɖeke meva kpekpe ma o la, ekema, míanyae be gbeƒãɖeɖedɔa wu enu.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si do boblo dutoƒonuƒo si Nɔviŋutsu Rutherford ƒo le Los Angeles, California, si ƒe tanyae nye “Amegbetɔƒomea si Le Xaxa Me la ƒe Mɔkpɔkpɔ,” ƒe 1919

Aleae wòdzɔe be, le Kwasiɖa, May 4, 1919 dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye, “Amegbetɔƒomea si Le Xaxa Me la ƒe Mɔkpɔkpɔ,” le Los Angeles, California, togbɔ be eƒe lãme gblẽ vevie hã. Ame siwo ade 3,500 ye va se dutoƒonuƒo sia, eye ehiã be vavala alafa geɖe natrɔ adzo le esi womekpɔ nɔƒe o ta. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ame 1,500 bubuwo hã va se nuƒoa. Nɔviawo kpɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiaa—eyae nye be, amewo gakpɔtɔ tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me!

Nu si mía nɔviawo wɔ le esia megbe la ta mɔ na ale si Yehowa Ðasefowo wɔa gbeƒãɖeɖedɔae va de asi na egbe.

WOLE DZADZRAÐOÐI NA DƆ GEÐE WƆWƆ

Woɖe gbeƒãe le August 1, 1919 ƒe Gbetakpɔxɔ me be woawɔ takpekpe gã aɖe le September ƒe gɔmedzedze lɔƒo le Cedar Point, Ohio. Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Clarence B. Beaty, si tso Missouri la, gblɔ be: “Ame sia ame di vevie be yeade takpekpea.” Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe xexlẽme wu 6,000 ye de takpekpe sia; womenɔ mɔ kpɔm na ame agbɔsɔsɔ ma gbegbe o. Nu bubu aɖe si na nɔviawo kpɔ dzidzɔ le takpekpea me ŋutɔe nye be, ame 200 kple edzivɔ xɔ nyɔnyrɔ le Erie Ta si tsɔ ɖe takpekpewɔƒea gbɔ la me.

The Golden Age (Nunyonameɣi) magazinea ƒe tata gbãtɔ, si nye October 1, 1919 ƒe tataa, ƒe ŋgɔgbekpaa

Le September 5, 1919, si nye takpekpea ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ɖe gbeƒã le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Na Míaƒe Hadɔwɔlawo” la me be woadze magazine yeye aɖe si ŋkɔe nye The Golden Age (Nunyonameɣi) la tata gɔme. * Magazine sia aƒo nu “tso nu vevi siwo [nɔ] dzɔdzɔm le xexea me ŋu, eye ahe susu ayi nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nu si tae nu vevi siawo [nɔ] dzɔdzɔm ɖo ŋu la dzi.”

Wode dzi ƒo na Biblia Nusrɔ̃viawo katã be woazã magazine yeye sia atsɔ aɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe. Woŋlɔ lɛta aɖe na nɔviawo tsɔ ɖe ale si woawɔ gbeƒãɖeɖedɔae me na wo be: “Ele be ame sia ame si ɖe adzɔgbe [alo xɔ nyɔnyrɔ] la naɖo ŋku edzi be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na ye be ye hã yeakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me, eye wòawɔ mɔnukpɔkpɔ si le ʋuʋu ɖi la ŋu dɔ fifia ahaɖe gbeƒã ale si wòate ŋui le ɖaseɖiɖidɔ gã sia me.” Nɔvi geɖe wɔ ɖe amekpekpe sia dzi! Kaka December naɖo la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela dovevienuawo ku kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me ale gbegbe be ame 50,000 kple edzivɔ sɔŋ bia be woanɔ magazine yeyea ɖom ɖe yewo.

Nɔviŋutsu aɖewo siwo nɔ Brooklyn, New York, la tɔ ɖe agbatsɔʋu si wotsɔ Nunyonameɣi magazinea do agba na la gbɔ

Kaka ƒe 1919 ƒe nuwuwu naɖo la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu wogbugbɔ wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie, eye dzo yeye gaɖo wo me. Gakpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖi vevi geɖe siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la va eme. Mawu ƒe amewo dodo kpɔ kple wo ŋu kɔkɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi le Malaki 3:1-4 la wu enu. Woɖe Yehowa ƒe amewo tso “Babilon Gã la” ƒe aboyo me, eye Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. * (Nyaɖ. 18:2, 4; Mat. 24:45) Biblia Nusrɔ̃viawo su te nyuie azɔ be woawɔ dɔ si Yehowa di be woawɔ la.

^ mm. 22 Wotrɔ ŋkɔ na The Golden Age (Nunyonameɣi) magazinea le ƒe 1937 me wòzu Consolation (Akɔfafa) eye wogava trɔ ŋkɔa le ƒe 1946 me wòzu Awake! (Nyɔ!).